INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/1 axa 4-7
  • Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Blema Kpɔɖeŋu Aɖe
  • Yehowa He Wò Vɛ
  • Yesu ƒe Nukunuwo
  • Yehowa Nye Teƒeɖola
  • Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yehowa Léa Be Na Mi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Yehowae Nye “Teƒeɖola Na Amesiwo Dinɛ Vevie”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/1 axa 4-7

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò

MARY si nye nyɔnu Kristotɔ si le eƒe ƒe 40 mamleawo me la kpe fu geɖe ŋutɔ le eƒe agbe me. Srɔ̃a ƒe ahasiwɔwɔ na be wogbe wo nɔewo wu ƒe ewo enye sia. Ema megbee Mary zu dzila ɖeka si nɔ ʋiʋlim vevie be yeakpɔ yevi eneawo dzi. Gake etsi akogo kokoko, eye ɣeaɖewoɣi la ewɔ abe akogotsitsia wua tsɔtsɔ nɛ ene. Mary bu tame be, ‘Ðe esia fia be Mawu metsɔa ɖeke le eme nam alo na vinye siwo si fofo mele o la oa?’

Ne èto fukpekpe sia tɔgbe me kpɔ alo mètoe kpɔ o hã la, Mary ƒe seselelãmewo awɔ nublanui na wò. Mí katã míeto nɔnɔme sesẽwo me kpɔ, eye míanya bu tame be ɣekaɣi kple aleke Yehowa axɔ na míi. Esi míelé Mawu ƒe sewo me ɖe asi gbɔe dodokpɔ siawo dometɔ aɖewo tso tẽ. (Mateo 10:16-18; Dɔwɔwɔwo 5:29) Wo dometɔ aɖewo tso esi míenye ame madeblibo siwo le xexe si dzi ɖum Satana le la gbɔ. (Yohanes I, 5:19) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum.”—Romatɔwo 8:22.

Gake esi nèdze ŋgɔ dodokpɔ sesẽ la mefia be Yehowa gblẽ wò ɖi alo be metsɔ ɖeke le wò nyonyo me o. Aleke nàte ŋu aka ɖe esia dzii? Nukae fia be Mawu tsɔ ɖe le eme na wò?

Blema Kpɔɖeŋu Aɖe

Biblia ɖo kpe edzi kɔte be Yehowa tsɔa ɖe le amewo me ɖekaɖekae. Bu Dawid ŋu kpɔ. Yehowa tsɔ ɖe le ɖekakpui lãkplɔvi sia me etɔxɛ, ekpɔe be enye “[amesi] dze eŋu.” (Samuel I, 13:14) Emegbe, esime Dawid nɔ fia ɖum la, Yehowa do ŋugbe nɛ be: “[Manɔ] anyi kpli wò le afisiafi, si [nàto].”—Samuel II, 7:9.

Ðe esia fia be Dawid nɔ agbe si “nyo ame ŋu,” si me fukpekpe aɖeke menɔ oa? Ao, Dawid dze ŋgɔ dodokpɔ sesẽwo do ŋgɔ na eƒe fiaɖuɖu kple le emegbe siaa. Ƒe geɖe hafi wòva zu fia la, Fia Saul amewula la ti eyome madzudzɔmadzudzɔe. Dawid ƒe agbe me ɣeyiɣi siae wòŋlɔ bena: “Nye luʋɔ le dzatawo dome . . . amesiwo ƒe aɖuwo nye akplɔ kple aŋutrɔ.”—Psalmo 57:5.

Le fukpekpe sia katã me la, Dawid gakpɔtɔ ka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye. Dawid gblɔ le gbedodoɖa me na Yehowa be: “Wòe xlẽ nye sisiƒewo.” Ẽ, le Dawid gome la, ewɔ nɛ abe ɖe Yehowa ŋlɔ fukpekpea katã da ɖi ene. Eye Dawid gblɔ kpee be: “Ède nye aɖatsiwo wò [lãgbalẽgoe] me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?”a (Psalmo 56:9) Dawid tsɔ kpɔɖeŋu sia ɖe alesi wòka ɖe edzii be menye nɔnɔmea koe Yehowa nya o, ke enya nu tso ŋusẽ si wòkpɔ ɖe yeƒe seselelãmewo dzi hã ŋu.

Esi Dawid ƒe agbe yina eƒe nuwuwu lɔƒo la, ete ŋu tsɔ nusi teƒe wòkpɔ la ŋlɔe be: “Yehowa lia ke ŋutsu ƒe afɔɖeɖe, nenye be, eƒe mɔwo dze eŋu. Ne edze anyi la, maɖo baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.” (Psalmo 37:23, 24) Wò hã ate ŋu aka ɖe edzi be ne yeƒe dodokpɔwo nu mele yiyim o alo wodzina ɖe edzi hã la, Yehowa léa ŋku ɖe yeƒe dzidodo ŋu eye wòdea asixɔxɔ eŋu. Paulo ŋlɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ate ŋu axɔ na wò to ŋusẽ dodo wò me be nàte ŋu ado dzi le mɔxenu ɖesiaɖe si anɔ mɔ me nawò la me. Dawid ŋlɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:20) Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ na mí be Yehowa ƒe ŋku “kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—Kronika II, 16:9.

Yehowa He Wò Vɛ

Míate ŋu akpɔ kpeɖodzi bubu si fia be Yehowa tsɔa ɖe le ame me la tso Yesu ƒe nyawo me. Egblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Nyateƒe, Yehowa kpena ɖe amewo ŋu ɖekaɖekae be woakpɔ Yesu ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo. Alekee? Ne míagblɔe gbadza la, to Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzie. Nyateƒe, dɔ sia nye “ɖaseɖiɖi na dukɔwo,” gake eɖoa ame ɖekaɖekawo gbɔ. Esi nèɖoa to nyanyuia eye nèwɔna ɖe edzi la nye kpeɖodzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme nawò.—Mateo 24:14.

Yehowa toa gbɔgbɔ kɔkɔea dzi hea amewo vaa Via kple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa gbɔe. Esia kpena ɖe amesiame ŋu be wòte ŋu sea gbɔgbɔ me nyateƒeawo gɔme hewɔa wo ŋudɔ togbɔ be mɔxenu kple blibomademade siwo dome míenyi le mía ŋu gake. Le nyateƒe me la, ame mate ŋu ase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. (Korintotɔwo I, 2:11, 12) Abe alesi Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ene la, “menye amewo katã si xɔse la le o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Yehowa naa eƒe gbɔgbɔa amesiwo lɔ̃ faa bene wòahe yewo ava eɖokui gbɔe la ko.

Yehowa hea amewo elabena elɔ̃ wo dometɔ ɖesiaɖe eye edi be woakpɔ xɔxɔ. Kpeɖodzi sẽŋu kae nye si be Yehowa ŋutɔ tsɔa ɖe le eme na ame! Yesu gblɔ be: “Menye [Fofonye, NW], si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.” (Mateo 18:14) Ẽ, le Mawu ƒe ŋkume la, amesiame nye ame vevi tɔxɛ aɖe. Ema tae Paulo te ŋu ŋlɔ bena: “Aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Romatɔwo 2:6) Eye apostolo Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi [ame ɖeka si] ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Yesu ƒe Nukunuwo

Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le amewo me dze le nukunu wɔdɔɖeamedzi siwo Via, Yesu wɔ la me. Seselelãme detoe wòtsɔ da dɔ siawoe. (Marko 1:40, 41) Esi Yesu “mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o” ta la, eƒe veveseseɖeameti ɖe Yehowa ƒe ɖetsɔtsɔ le eƒe subɔlawo dometɔ ɖesiaɖe me fia le mɔ si wɔa dɔ ɖe ame dzi nu.—Yohanes 5:19.

De ŋugble le nukunu aɖe si Yesu wɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Marko 7:31-37 la ŋu kpɔ. Le afisia la, Yesu da dɔ na ŋutsu aɖe si nye tokunɔ eye wòganye aɖetututɔ. Biblia la gblɔ be “[etsɔ ŋutsua] heƒo asae tso ameha la gbɔ . . . eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ nɛ bena: ‘Hefata’ si gɔme enye: Ʋua!”

Nukatae Yesu ɖe ŋutsua ɖe aga tso amehawo gbɔ? Anya nɔ eme be tokunɔ si mete ŋu ƒoa nu o la anɔ ŋu kpem le nukpɔlawo ŋkume. Yesu anya kpɔ alesi ŋutsu sia tsi mavomavoe, eye ema tae wòadi be yeada dɔ nɛ le ɣaɣlaƒe. Biblia-ŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ŋutinya bliboa ɖee fia kɔte be Yesu mebu ŋutsua be enye dɔléla ko o; ebui be enye ame tɔxɛ. Hiahiã kple kuxi tɔxɛ aɖe le ŋutsu sia ŋu, eye Yesu tsɔ ameŋububu deto wɔ nu kplii ale be eƒe seselelãmewo maɖe fu nɛ o eye wòase egɔme.”

Nuŋlɔɖi sia fia be Yesu tsɔ ɖe le amewo me ɖekaɖekae. Àte ŋu aka ɖe edzi be etsɔ ɖe le eme na ye hã nenema ke. Nyateƒe, eƒe vɔsakua nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia amesiwo dze na ɖeɖekpɔkpɔ ƒe xexe bliboa. Gake àte ŋu atsɔ nuwɔna ma awɔ tɔwòe abe alesi Paulo hã wɔe eye wòŋlɔe ene be: “Mawuvi [la] lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye.” (Galatiatɔwo 2:20, Míawoe te gbe ɖe edzi.) Eye esi Yesu gblɔ be ‘amesi ke kpɔ ye la, ekpɔ Fofo la’ ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ɖetsɔleme ma ke le Yehowa me na esubɔla ɖesiaɖe.—Yohanes 14:9.

Yehowa Nye Teƒeɖola

Enye sidzedze Mawu ƒe akpa aɖe be woanya nu tso eƒe amenyenye ƒe akpa sia akpa ŋu abe alesi wòle Biblia me ene. Ŋkɔ Yehowa ŋutɔ gɔme enye “Amesi na Wòvaa Eme,” si fia be Yehowa ate ŋu awɔ eɖokui alesi wòdii be wòate ŋu awɔ eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu. Le ŋutinya katã me la, ewɔ dɔ le ɖoƒe si dometɔ aɖewoe nye Wɔla, Fofo, Aƒetɔ Fiagã, Kplɔla, Yehowa Zebaot, Gbedodoɖasela, Ʋɔnudrɔ̃la, Nufiala Gãtɔ, kple Xɔnametɔ.b

Be míase Mawu ƒe ŋkɔa gɔme bliboe la, ele be míanyae hã be Yehowa nye Teƒeɖola. Paulo ŋlɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

Yehowa do agbenɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe na amesiwo tiae egbea be yewoasubɔe tso dzi blibo me. Menye ɖokuitɔdidi wònye be míanɔ mɔ kpɔm na ŋugbedodo gã ma ƒe emevava o, eye menye ameɖokuidodoɖedzi be ame nabui le susu me be yele agbe le afima o. Mose “tsɔ eƒe susu katã kpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.” (Hebritɔwo 11:26, NW.) Nenema ke Paulo hã kpɔ mɔ na Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo la ƒe emevava vevie. Eŋlɔe be: “Mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 3:14.

Wò hã àte ŋu akpɔ mɔ na fetu si ŋugbe Yehowa do na amesiwo doa dzi la. Mɔ kpɔkpɔ na fetu ma nye Mawu ŋuti sidzedze si le asiwò kple wò dzidodo le eƒe subɔsubɔa me ƒe akpa vevi aɖe. Eyata de ŋugble le yayra siwo Yehowa dzra ɖo ɖi nawò la ŋu gbesiagbe. Mary si míeyɔ le gɔmedzedzea me la dze agbagba etɔxɛ le esia wɔwɔ me. Egblɔ be: “Nyitsɔ laae nye zi gbãtɔ le nye agbe me si mexɔe se be Yesu ƒe tafevɔsa la wɔa dɔ le gonye me. Meva le esem le ɖokuinye me azɔ be Yehowa tsɔ ɖe le nye amea me. Ƒe si wu 20 enye sia si menye Kristotɔ gake nyitsɔ laa koe meva xɔ esia dzi se ŋutɔŋutɔ.”

To nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede tso Biblia la ŋu tso dzime me la, Mary kple ame miliɔn bubu geɖewo va le sidzemee be Yehowa tsɔa ɖe le eƒe amewo me, menye abe ƒuƒoƒo ene ko o ke abe ame ɖekaɖekawo ene hã. Apostolo Petro ka ɖe esia dzi ale gbegbe be wòŋlɔe be: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Mawu] dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Nyateƒe, Mawu tsɔa ɖe le eme na wò!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Lãgbalẽgoe nye goe si wotsɔ lã ƒe ayi wɔe si me wotsɔa nuwo abe tsi, ami, nyinotsi, wein, bɔta, kple nyinotsibabla denae. Blema goewo ƒe lolome kple nɔnɔme le vovovo, wo dometɔ aɖewo nye lãgbalẽgolowo eye ɖewo nye goe siwo ƒe kɔme le bii eye nutuvi le wo nu.

b Kpɔ Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:27; Psalmo 23:1; 65:2, NW; 73:28, NW; 89:27; Yesaya 8:13; 30:20, NW; 40:28; 41:14; kpɔ New World Translation of the Holy Scriptures—With References, Appendix 1J, axa 1568, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta hã.

[Aɖaka si le axa 6]

Tsitretsitsia—Kpeɖodzi Be Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Ame

KPEÐODZI si ŋu kakaɖedzi le be Mawu tsɔa ɖe le eme na amesiame la le Biblia me le Yohanes 5:28, 29, (NW) be: “Gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase [Yesu] ƒe gbe, eye woado go.”

Nukutɔe la, Helagbe me nya mne·meiʹon (ŋkuɖodziyɔdo) ye wozã le afisia ɖe taʹphos (yɔdo) teƒe. Nya taʹphos nye nya si gɔme wosena ku ɖe ameɖiɖi ŋu. Gake mne·meiʹon ɖenɛ fiana be wogaɖoa ŋku amesi ku la ƒe agbenɔnɔ dzi.

Le susu sia nu la, wò ya bu tame le nusi tsitretsitsia abia tso Yehowa Mawu si la ŋu kpɔ. Be wòagbɔ agbe ame aɖe la, ele be wòanya nusianu tso ame ma ŋu—hekpe ɖe amea ƒe agbemenuwɔna siwo ƒe dome wònyi kple nusiwo katã le eƒe susu me ŋu. Ema ko hafi nusiwo de dzesi ame ma la ate ŋu agaɖo esi.

Le nyateƒe me la, womate ŋu awɔ esia le amegbetɔwo gome o, gake “woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.” (Marko 10:27) Ate ŋu anya nusi le ame aɖe ƒe dzi me gɔ̃ hã. Ne ame aɖe ku ƒe alafa geɖe gɔ̃ hã la, Mawu medoa kpo ŋkuɖoɖo edzi o; mebuna le susu me nɛ o. (Hiob 14:13-15) Eyata esime Yesu nɔ nu ƒom tso Abraham, Isak, kple Yakob ŋu esi wo ku ƒe alafawo vɔ megbe gɔ̃ hã la, ete ŋu gblɔ be Yehowa “menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe; elabena wo katã wole agbe nɛ.”—Luka 20:38, Míawoe te gbe ɖe edzi.

Eyata, Yehowa Mawu ɖoa ŋku ame biliɔn siwo katã ku la ƒe nusianu dzi. Kpeɖodzi wɔnuku ka enye si be Mawu tsɔa ɖe le eme na amewo katã ɖekaɖekae!

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu tsɔ ɖe le eme na amesiwo wòda dɔ na la ŋutɔŋutɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe