Wɔwɔ Ðe Wò Srɔ̃ɖeɖe Me Atamkaka Dzi!
SRƆ̃ÐEGBEA nye dzidzɔŋkeke. Enye wɔna vevi aɖe hã. Ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ la wɔa ŋugbedodo kɔkɔe aɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔɣi mamlewo dzi. Amesiwo wokpe va srɔ̃ɖeƒea nye ɖasefowo na ŋugbedodo kɔkɔe sia, gake Yehowa Mawue nye Ðasefo vevitɔ.
Biblia mebia be woawɔ kɔnu tɔxɛ aɖewo alo srɔ̃ɖenuwɔna tɔxɛ aɖe koŋ o. Gake esi wòle nyanya be Mawu gbɔe srɔ̃ɖeɖe tso ta la, wodea kɔkɔenyenye eŋu to srɔ̃ɖeɖe me atamkakawo wɔwɔ dzi le mawusubɔsubɔ ƒe wɔna aɖe me. Yehowa Ðasefowo zã srɔ̃ɖeɖe me atamkaka si gbɔna la ƒe geɖe: “Nye—— mexɔ wò—— be nànye (srɔ̃nyenyɔnu/srɔ̃nyeŋutsu) si meɖe, eye malɔ̃ wò ahalé be na wò (Ŋugbetɔ: eye matsɔ bubu deto na wò) abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me na (srɔ̃nyɔnu/srɔ̃ŋutsu) Kristotɔwo ene, zi alesi mí ame eve la míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.”a
Nane si Ŋu Wòle Be Woabu
Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, aɖe vi ŋutɔ be nàbu gɔmesese si le atamkaka sia ŋu kple alesi eme gogloe hafi srɔ̃ɖegbea naɖo. Salomo gblɔ be: “Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o.” (Nyagblɔla 5:1) Ke ne èɖe srɔ̃ xoxo ya ɖe? Ekema ŋugbledede le ŋugbedodo kɔkɔe sia si nèwɔ le Yehowa ŋku me ƒe vevienyenye ŋu aɖe vi na wò. Ðe nèle edzi wɔma? Kristotɔwo bua woƒe ŋugbedodowo nu vevii. Salomo yi edzi be: “Alesi nèɖe adzɔgbe la, wɔe. Ne mèɖe adzɔgbe kura o la, enyo wu esi naɖe adzɔgbe, eye màwɔ edzi o. Megaɖe mɔ na wò nu, ne wòahe wò ŋutilã ade nuvɔ̃ me o, eye megagblɔ le Mawu ƒe ame dɔdɔ ŋku me be, ɖe wòge le ye nu o.”—Nyagblɔla 5:3-5.
Ðikeke mele eme o be srɔ̃ɖeɖe me atamkaka la ƒe nyagbewo me dzodzro ɖekaɖeka adzi wò gɔmesese ɖe edzi le ŋugbedodo kɔkɔe sia ŋu.
“Nye—— mexɔ wò”: Atamkaka la ƒe gɔmedzenyawoe nye esiawo. Wona wòdze ƒã be wò nyametsotso be yeaɖe srɔ̃ nye wò ŋutɔ wò agbanɔamedzi.
Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, Ŋɔŋlɔ aɖeke mezi ame dzi be wòaɖe srɔ̃ o. Yesu Kristo ŋutɔ nɔ tre eye wòkafu trenɔnɔ na amesiwo ‘ate ŋu anɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee.’ (Mateo 19:10-12) Gake Yesu ƒe apostoloawo dometɔ geɖe nye ŋutsu srɔ̃tɔwo. (Luka 4:38; Korintotɔwo I, 9:5) Eme kɔ ƒã be srɔ̃ɖeɖe nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ŋɔŋlɔawo mena ŋusẽ ame aɖeke be wòazi ame bubu dzi be wòaɖe srɔ̃ o.
Eyata enye wò ŋutɔ wò agbanɔamedzi be nàtiae be yeaɖe srɔ̃. Anye be wò ŋutɔe tia amesi ɖem nèle. Esime nèwɔ srɔ̃ɖeɖe me atamkaka la hegblɔ be, ‘Mexɔ wò——’ la, èxɔ ame ma alo lɔ̃ ɖe eya kple eƒe nɔnɔme nyuiwo dzi—gake eƒe vodadawo hã kpe ɖe eŋuti.
Anɔ eme be àva kpɔ srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme siwo menɔ nyanya na wò tsã o la emegbe. Dzi aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi. Biblia gblɔ be “wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Eyata ahiã be nàwɔ tɔtrɔwo be nàte ŋu anɔ anyi kple srɔ̃wòa. Esia ate ŋu asesẽ, eye ɣeaɖewoɣi awɔ na wò be yeana ta. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa ŋkumee miewɔ srɔ̃ɖeɖe me atamkaka la le. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze.
“Be nànye (srɔ̃nyenyɔnu/srɔ̃nyeŋutsu)”: Esi wotsɔ Xawa na Adam wòɖe le srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me la, Yehowa Mawu gblɔ be “woanye ŋutilã ɖeka.” (Mose I, 2:24; Mateo 19:4-6) Eyata srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖekawɔwɔ lae nye ƒomedodo si le kplikplikpli wu si ate ŋu anɔ ame eve dome. Srɔ̃ɖeɖe kplɔ wò de ƒomedodo yeye aɖe me. Èxɔ ame aɖe be wòanye “srɔ̃wònyɔnu” alo “srɔ̃wòŋutsu.” Ƒomedodo aɖeke megasɔ kple esia o. Nuwɔna siwo magblẽ nu boo le ƒomedodo bubuwo me o la ate ŋu agblẽ nu vevie le srɔ̃ɖeɖoɖoa me.
Tsɔ Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si le Efesotɔwo 4:26 abe kpɔɖeŋu ene. Biblia gblɔ le afima be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” Ðewohĩ mèɖɔa kuxi siwo le mia kple wò ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo dome ɖo kaba alesi wòle be nàwɔe ɣesiaɣi o. Gake srɔ̃wò te ɖe ŋuwò wu ƒometɔ alo xɔlɔ̃ bubu ɖesiaɖe. Ne mèɖɔ kuxiawo ɖo kaba le mia kple srɔ̃wò dome o la, ate ŋu ade ƒomedodo tɔxɛ si le mia dome afɔku me.
Ðe nèɖea mɔ be masɔmasɔ aɖe si le mia kple srɔ̃wòa dome nado gã ɖe edzi ava zu dzikudodo alo veve helihelia? Ðe nugɔmemasemase na mia nɔewo kple nuwɔna ɖefunamewo yia edzi ŋkeke geɖea? Be nàwɔ ɖe wò atamkaka dzi la, ne kuxiwo do mo ɖa la, mègana ŋu nake ɖe nya la dzi eye màwɔ ŋutifafa kple srɔ̃wòa o. Esia fia be nàtsɔ ake ahaŋlɔe be eye nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo kple nuvɔ̃wo dzi.—Psalmo 51:7; Luka 17:3, 4.
“Malɔ̃ wò”: Ŋutsu si le srɔ̃ ɖem kaa atam be ‘yealɔ̃’ nyɔnua ‘ahalé be nɛ.’ Seselelãme ƒe lɔlɔ̃ si anye be eyae na woƒe nu lé dzi na wo nɔewo la kpe ɖe lɔlɔ̃ sia ŋu. Gake seselelãme ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Lɔlɔ̃ si ƒe atam Kristotɔ ka na srɔ̃a de to eye wòku ɖe nu geɖe wu ŋu.
Efesotɔwo 5:25 gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la . . . ene.” Menye seselelãme ƒe lɔlɔ̃ si ƒomevi nɔa ŋutsu kple nyɔnu domee nye lɔlɔ̃ si le Yesu si na hamea kura o. Woɖe nya siwo nye “mialɔ̃” kple “lɔ̃” si wozã le ŋɔŋlɔa me la tso nya a·gaʹpe me, si fia lɔlɔ̃ si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi. Biblia de se na srɔ̃ŋutsuwo le afisia be woaɖe lɔlɔ̃ like si metrɔna o afia wo srɔ̃wo ɣesiaɣi.
Menye esese le ame ɖokui me be “melɔ̃ wò le esi wò hã èlɔ̃m ta” ƒe nya dzro ko wònye o. Srɔ̃ŋutsu dia srɔ̃a ƒe nyui eye wòtsɔnɛ ɖoa ŋgɔ na eɖokui tɔ gɔ̃ hã, eye srɔ̃nyɔnua hã lɔ̃a srɔ̃a nenema ke. (Filipitɔwo 2:4) Lɔlɔ̃ deto si nàtsɔ na wò kpeɖeŋutɔ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe wò srɔ̃ɖeɖe me atamkaka dzi.
“Ahalé be na wò”: Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, ‘alé be na ame’ fia be ‘woade asixɔxɔ eŋu, woalɔ̃e alo woaɖe lɔlɔ̃ afiae.’ Ele be nàɖe wò lɔlɔ̃ afia le nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me! Ehiã be nyɔnua vevietɔ nakpɔe ɣesiaɣi be ŋutsua ɖea lɔlɔ̃ fiaa ye. Anye be srɔ̃a kpɔa eƒe ŋutilãmenudidiwo gbɔ nɛ nyuie, gake esia ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Srɔ̃nyɔnu aɖewo li siwo kpɔa nu ɖuna nyuie eye wole aƒe dzeani me gake womekpɔa dzidzɔ kura o elabena wo srɔ̃ gblẽa wo ɖi alo metsɔa ɖeke le eme na wo o.
Gake esɔ be nyɔnu si nya be wolɔ̃ ye eye woléa be na ye la nakpɔ dzidzɔ vavã. Nenema ke wòle le ŋutsua hã gome. Lɔlɔ̃ vavã dea to ɖe edzi ne wogblɔa lɔlɔ̃nyawo nyateƒetɔe. Le Salomo ƒe Hawo ƒe Ha me la, alẽkplɔla si lɔ̃ ame aɖe la gblɔ be: ‘Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃nyawo vivina loo! Wò lɔlɔ̃nyawo nyo wu wein, eye wò ami ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋẽewo ta.’—Hawo ƒe Ha 4:10.
“Eye matsɔ bubu deto na wò”: Ŋutsu aɖewo li siwo wɔ ŋlɔmi le nyɔnuwo ŋu eye woda wo ɖe anyi ƒe alafa geɖe enye sia. Egbea gɔ̃ hã, le magazine si nye World Health ƒe nya nu la, “nuvlowɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu yia edzi le dukɔ ɖesiaɖe me kple le ameƒomevi ɖesiaɖe me kpakple le hotɔwo kple ahetɔwo siaa dome. Le nuto geɖe me la, wobunɛ be ŋutsu kpɔ ŋusẽ be wòaƒo srɔ̃a faa.” Ŋutsu geɖe li siwo mewɔa esia ya o. Gake ewɔ abe ŋutsu geɖe meɖea ɖetsɔleme vavã fiana ɖe nusiwo ku ɖe nyɔnuwo ŋu me o ene. Esia wɔe be nukpɔsusu manyomanyowo le nyɔnu geɖe si ɖe ŋutsuwo ŋu. Wose srɔ̃nyɔnu aɖewo gblɔna be, “Melɔ̃ srɔ̃nye, gake nyemate ŋu atsɔ bubu nɛ kura o!”
Gake Yehowa Mawu dea asixɔxɔ nyɔnu si dzea agbagba be yeatsɔ bubu ana yesrɔ̃ ŋu—ne ɣeaɖewoɣi mewɔa nu alesi nyɔnua kpɔ mɔe o gɔ̃ hã. Nyɔnua dzea sii be dɔdasi alo ɖoƒe aɖe si tso Mawu gbɔe le esi. (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 5:23) Eyata bubu deto si wòatsɔ na ŋutsua nye eƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Yehowa kple toɖoɖo eyama ƒe akpa aɖe. Mawu meŋea aɖaba ƒua nyɔnu mawuvɔ̃lawo ƒe toɖoɖo dzi o.—Efesotɔwo 5:33; Petro I, 3:1-6; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 6:10.
Ele be bubudede ame ŋu le srɔ̃ɖeɖe me natso dzime, eye woawɔ nusi adze bubu tsɔ wu be woakpɔ mɔ nɛ alo woabiae tso ame si ko. Le kpɔɖeŋu me, mele be woada ame ɖe anyi alo azã dzugbe ɖe ame ŋu le srɔ̃ɖeɖoɖoa me kura o. Manye nusi me lɔlɔ̃ alo bubu le be woagblɔ nya atsɔ ada srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ɖe anyi o. Nu nyui aɖeke mado tso srɔ̃wòa ƒe vodadawo ɖeɖefia ame bubuwo alo nuƒoƒo tso wo ŋu le gota me o. Ame ate ŋu aɖe bubumadeameŋu afia le go sia me to aɖɔnyawo gbɔgblɔ gɔ̃ hã me. Nya siwo le Efesotɔwo 4:29, 32 ku ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa ŋu. Biblia gblɔ le afima be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la . . . mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu.”
“Abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me . . . ene”: Mawu na ablɔɖe mí be míawɔ tiatia si míelɔ̃ kple nusi míedi faa. Metsɔ se gbogbo aɖewo do agba na mí le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me o. Gake ena mɔfiame aɖewo hena mía ŋutɔwo ƒe nyonyo.
Egbea la, wota agbalẽ gbogbo aɖewo ŋutɔ siwo ƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye xexemenunya le ame geɖe si. Gake kpɔ nyuie! Le srɔ̃ɖenyawo gome la, nya geɖe siwo gblɔm wole la tsi tre ɖe Biblia ŋu.
Ele be nànya hã be atsu kple asi ɖeka ƒe nɔnɔmewo to vovo na bubu tɔ. Le mɔ aɖe nu la, srɔ̃tɔwo le abe snodzadza ene; woadze le adzɔge abe ɖe wosɔ kple wo nɔewo ene, gake le nyateƒe me la, wo dometɔ ɖesiaɖe le etɔxɛ, eto vovo na bubuawo katã. Wò nɔnɔme kple alesi srɔ̃wòa tɔ le ne wotsɔe ƒo ƒui la mesɔ kple atsu kple asi bubu aɖeke tɔ le xexeame o. Eyata mègatso ko axɔ ame bubuwo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu o. Mɔnu aɖeke meli si amegbetɔ to vɛ si awɔ dɔ le srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me o!
Gake Biblia ya ƒe sewo katã le eteƒe eye wosɔ. Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.” (Timoteo II, 3:16; Psalmo 119:151) Ne èxlẽa Biblia eye èxɔ eƒe nufiafiawo be woafia mɔ wò le wò gbesiagbegbenɔnɔ me la, àte ŋu awɔ ɖe wò srɔ̃ɖeɖe me atamkaka dzi.—Psalmo 119:105.
“Zi alesi mí ame eve la míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi”: Esia fia anyinɔnɔ ɖekae ɖaa. Mawu de se be “ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Mose I, 2:24) Yehowa di be mianɔ anyi ɖekae. Misubɔ Mawu ɖekae. Misrɔ̃ eƒe Nya la ɖekae. Migbɔ dzi ɖi miazɔ ɖekae, anɔ anyi ɖekae, aɖu nu ɖekae. Mikpɔ dzidzɔ le agbe me ɖekae!
Srɔ̃tɔ aɖewo dzea agbagba be yewoaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ gbesiagbe be yewoaɖo dze kple yewo nɔewo ko. Ne mieɖe srɔ̃ ƒe geɖe enye sia gɔ̃ hã la, nuwɔwɔ ɖekae alea hiã na srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔkpɔkpɔ.
“Le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu”: Srɔ̃ɖeɖe nye nunana tso Yehowa Mawu si ɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa anyi la gbɔ. (Lododowo 19:14) Menye ɖeko eƒe ɖoɖoa dzi mawɔmawɔ agblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔkpɔkpɔa me ko o ke agblẽ nu le mia kple Wɔla la dome ƒomedodo hã ŋu. Gake ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu tu ƒomedodo nyui ɖo kple Yehowa eye woɖee fia to eƒe ɖoɖoa dzi wɔwɔ me la, ŋutifafa anɔ woa kple ame bubuwo dome, kpakple woa ŋutɔwo hã dome.—Lododowo 16:7.
Mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowae nye Ðasefo vevitɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe me atamkaka la. Yi edzi nàwɔ ɖe ŋugbedodo kɔkɔe sia dzi, eye wò srɔ̃ɖeɖe anye esi ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa Mawu!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le teƒe aɖewo la, ahiã be woatrɔ asi le atamkaka sia ŋu ale be wòasɔ ɖe se siwo le afima nu. (Mateo 22:21) Gake atamkaka si le etame lae srɔ̃tɔ Kristotɔwo zãna le dukɔ geɖe me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Le mɔ aɖe nu la, srɔ̃tɔwo le abe snodzadza ene. Wo katã adze le adzɔge abe ɖe wosɔ kple wo nɔewo ene, gake le nyateƒe me la, srɔ̃tɔ ɖesiaɖe to vovo kura
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Snow Crystals/Dover