INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 3/15 axa 3
  • Xɔlɔ̃ Vavãwo Hiã Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔlɔ̃ Vavãwo Hiã Mí
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Xɔlɔ̃ Vavãwo Hiã Mí
  • Ale Si Míayi Edzi Anye Xɔlɔ̃wo Le Xexe Malɔ̃ame Sia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Àte Ŋu Adze Xɔ̃ Siwo Nɔa Anyi Ðaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 3/15 axa 3

Xɔlɔ̃ Vavãwo Hiã Mí

JENNY kple Sue wole dze vivi aɖe ɖom. Woɖo nukomo, woklẽ ŋku—woƒe nuwɔna ɖesiaɖe ɖee fia be amesiame tsɔ ɖe le nusi nɔvia agblɔ me vevie. Togbɔ be wotso nɔnɔme vovovowo me hã la, edze ƒã be woƒe nudidi geɖe sɔ kple wo nɔewo tɔ eye wodea bubu wo nɔewo ŋu ŋutɔ.

Le afi bubu la, Eric kple Dennis le dɔ wɔm ɖekae le dɔ aɖe si nye dɔ mawo dometɔ geɖe siwo wowɔ le ƒe siwo va yi me la dometɔ ɖeka ŋu. Woɖe dzi ɖi eye wokoa nu faa. Ne dzeɖoɖoa trɔ ɖe nya veviwo ŋu la, wokɔa dzime gblɔa woƒe nukpɔsusu faa. Wodea bubu wo nɔewo ŋu. Eric kple Dennis nye xɔlɔ̃ vavãwo abe Jenny kple Sue ene.

Nuɖɔɖɔ sia ado dzidzɔ na wò, eye wòana nàbu tame le wò ŋutɔ xɔ̃wòwo ŋu. Le mɔ bubu nu la, woate ŋu ana xɔlɔ̃dzedze ma tɔgbe nadzro wò vevie. Woate ŋu anɔ wò hã asiwò!

Nusita Xɔlɔ̃ Vavãwo Hiã Mí

Xɔlɔ̃ ɖɔʋuwo dzedze hiã hena míaƒe susu kple ŋutilã me lãmesẽ. Gake ne míetsi akogo la, mefia be nanee gblẽ le mía ŋu o. Numekula aɖewo gblɔ be akogotsitsi nye dɔwuame ƒomevi aɖe, enye dzɔdzɔmedzesi si fia be zɔhɛ hiã mí. Le go sia go me la, alesi nuɖuɖu naa dɔwuame nu ka fana alo wòfana kura la, nenemae xɔlɔ̃dzedze nyuitɔ ate ŋu ana akogotsitsi dzi naka aɖe akpɔtɔ alo wòaɖee ɖa kura. Gakpe ɖe eŋu la, xɔlɔ̃ nyui siwo dea asixɔxɔ mía ŋu ƒe amesinɔnɔ menye nu xɔasi si mate ŋu aka ame si o.

Wowɔ amegbetɔ kple didi be zɔhɛ nanɔ esi. (Mose I, 2:18) Biblia gblɔ be xɔlɔ̃, alo zɔhɛ vavã “[trɔna] dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Eyata ele be xɔlɔ̃ akuakuawo nate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso wo nɔewo gbɔ le hiã me. Gake xɔlɔ̃dzedze bia nu geɖe wu kpekpeɖeŋu xɔxɔ tso ame gbɔ alo zɔhɛnyenye le dɔwɔwɔ alo fefewɔwɔ me. Xɔlɔ̃ nyuiwo tua wo nɔewo ɖo. Lododowo 27:17 gblɔ be: “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.” Abe alesi woate ŋu atsɔ ga anyre nulãnu siwo katã wotsɔ ga ɖeka ƒomevi wɔe ene la, nenema ke xɔlɔ̃ ɖeka ate ŋu anyre nɔvia ƒe nunya kple gbɔgbɔmemenyenyee. Ne numadzedzinamewo na míelé blanui la, alesi xɔlɔ̃ atsɔ veveseseɖeameti akpɔ mía ŋkumee kple Ŋɔŋlɔawo me dzideƒonya si wòagblɔ na mí la ate ŋu atu mí ɖo.

Le Biblia me la, wozãa xɔlɔ̃wɔwɔ wòdoa ƒome kple lɔlɔ̃, ame nɔewo nyanya nyuie, kakaɖeamedzi kple, zɔhɛnyenye. Xɔlɔ̃wɔwɔ ate ŋu anɔ aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple ame bubuwo dome. Ƒometɔ aɖewo nye ame aɖewo hã ƒe xɔlɔ̃ veviwo. Gake egbea la, esesẽ na ame aɖewo be woakpɔ xɔlɔ̃ vavãwo eye woanɔ wo si ɖaa. Nukatae wòle alea? Ðe nàte ŋu adze xɔ̃ vavã siwo nɔa anyi ɖaa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe