“Midze Agbagba, Menye Ðe Nuɖuɖu, Si Gblẽna Ta o”
ABE ALESI DAVID LUNSTRUM GBLƆE NE
Mía kple nɔvinyeŋutsu Elwood míelia yi dzi wu meta 9 henɔ dzesi yeye aɖe ŋlɔm ɖe xɔ si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽtaƒe ŋu. Ƒe 40 kple edzivɔe nye si va yi, ekpɔtɔ le dzedzem, hele nu xlɔ̃m be: “XLẼ MAWU ƑE NYA BIBLIA KƆKƆE LA GBESIAGBE.” Kwasiɖa ɖesiaɖe la, ame akpe geɖe kpɔa nuŋlɔɖi sia ne woto Brooklyn Tɔdzisasrã xɔŋkɔ la dzi va yina.
NUSIWO dzi meɖoa ŋkui tso ɖevime dometɔ ɖekae nye ŋkeke si dzi míaƒe ƒomea nyãa nu. Dada fɔ̃na ŋdi abe ga 5:00 ene, henɔa míaƒe ƒome gã la ƒe awuwo nyãm, eye Papa nɔa dzadzram ɖo na dɔmeyiyi. Wogahea nya vevie abe alesi wowɔnɛ ɣesiaɣi ene, Papa nɔa nya hem be amegbetɔ dzɔ le mɔ aɖe nu to nɔnɔmetɔtrɔ ƒe miliɔn geɖe me, eye Dada nɔa nya yɔm tso Biblia me tsɔ ɖoa kpe edzi be amegbetɔwo nye nuwɔwɔ siwo Mawu wɔ tẽ.
Esime mexɔ ƒe adre pɛ ko gɔ̃ la, mekpɔe dze sii be Dadae nɔ nyateƒea gblɔm. Togbɔ be melɔ̃ Papa vevie hã la, mekpɔ be etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke mele dzixɔsea me o. Aleke gbegbe dzi adzɔ Dada enye si ne ɖe wònya be le ƒe geɖe megbe la, yeviŋutsu eve ŋlɔ nuŋɔŋlɔ si le dzi dem ƒo na amewo be woaxlẽ Biblia, si nye agbalẽ si wòlɔ vevie!
Gake nyemele nya la gblɔm tso gɔmedzedzea o. Aleke wòdzɔe hafi mɔnukpɔkpɔ su asinye na dɔ sia wɔwɔ? Ele be mayi megbe le ƒe 1906 me, si nye ƒe etɔ̃ hafi woava dzim.
Dada ƒe Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu
Ɣemaɣie Dada kple Papa ɖe srɔ̃ teti eye wònɔ avɔgbadɔ aɖe me le Arizona. Biblia Nusrɔ̃vi aɖe, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi, va eye wòtsɔ agbalẽ aɖewo siwo Charles Taze Russell ŋlɔ, si nye Studies in the Scriptures na Dada. Enɔ zã dzi nɔ agbalẽawo xlẽm eye wòkpɔe enumake be nyateƒe si dim yenɔ lae nye sia. Papa ƒe gbɔgbɔ tso dɔdiƒe menɔ tsɔtsɔm nɛ o.
Nusi fiam subɔsubɔhawo le medzɔ dzi na Papa ha o, eyata elɔ̃ ɖe Biblia me nyateƒe siawo dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Gake emegbe la, elé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ le mawusubɔsubɔ me eye wòna nuwo sesẽ na Dada gɔ̃ hã. Gake medzudzɔ viawo ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ gbeɖe o.
Alesi Dada ɖina vaa anyi zã ɖesiaɖe, le dɔsesẽwɔwɔ ŋkekea katã vɔ megbe, be wòava xlẽ Biblia ƒe akpa aɖe na mí alo be wòadzro gbɔgbɔ me nu xɔasi aɖe me kpli mí la nye nusi nyemaŋlɔ be akpɔ o. Papa hã nye dɔsesẽwɔla, eye esi menɔ tsitsim la, efiam aŋɔsisidɔ. Ẽ, Papa fia dɔ wɔwɔm, gake Dada fiam nusi madze agbagba na, abe alesi Yesu de see ene, ‘ɖe nuɖuɖu si megblẽna o ta.’—Yohanes 6:27.
Mlɔeba la, míaƒe ƒomea va nɔ du sue si nye Ellensburg me, si le Washington-nutoa me, eye wòdidi abe kilomita 180 ene tso Seattle ƒe ɣedzeƒe gome. Amewo ƒemee míekpena le ɣeyiɣi si me mí ɖeviawo míekplɔ Dada ɖo dze Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo dede gɔme. Ŋutsuawo katã do le míaƒe nusɔsrɔ̃ƒuƒoƒoa me esime wote gbe ɖe edzi be ehiã be woaƒo wo ɖokui ɖe aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. Gake esia meɖe dzi le Dada ƒo kura o. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ɣeyiɣi didi aɖe be maɖo dzi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafia ŋu ɣesiaɣi.
Mlɔeba vi asieke ye Papa kple Dada dzi. Wodzim le October 1, 1909 dzi menye woƒe etɔ̃lia. Mí ame ade ye srɔ̃ Dada ƒe kpɔɖeŋua nyui la va zu Yehowa Ðasefo veviedolawo.
Adzɔgbeɖeɖe Kple Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ
Le nye ƒewuiwo xɔxɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, meɖe adzɔgbe na Yehowa, eye metsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzii le ƒe 1927 me. Wona nyɔnyrɔ̃a le Seattle le xɔ xoxo aɖe si nye Baptist-sɔlemexɔ tsã la me. Edzɔ dzi nam be woɖe eƒe tame tsutsuẽ xoxoe la ɖa. Wokplɔ mí yi tsiƒuƒe sue si le xɔa ƒe gɔmetɔa me eye wona awu ʋlaya yibɔ aɖe mí míedo. Awɔ na wò abe kuteƒe yim míele ene.
Megatrɔ yi Seattle le ɣleti ʋee aɖewo megbe, eye azɔ mewɔ aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa zi gbãtɔ. Amesi nɔ ŋgɔ xɔm la gblɔ nam be, “To afii nàyi aƒe siwo le akpa sia me, nye hã mayi esiwo le akpa kemɛ me.” Togbɔ be nye dzi nɔ tsotsom hã la, mena agbalẽvi siwo le ƒuƒoƒo eve me nyɔnu aɖe si xɔm nyuie. Meyi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu subɔsubɔdɔa dzi esi metrɔ yi Ellensburg, eye vaseɖe fifia, ƒe 70 kloe megbe la, subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ kpɔtɔ dzɔa dzi nam ŋutɔ.
Subɔsubɔ le Xexeame Katã ƒe Dɔwɔƒegã
Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe si subɔ le Brooklyn Betel, le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã, de dzi ƒo nam be matsɔ ɖokuinye ana be masubɔ le afima. Le míaƒe dzeɖoɖoa megbe kpuie la, gbeƒãɖeɖe aɖe dze le Gbetakpɔxɔ magazine me si na nyanya be wole kpekpeɖeŋu dim le Betel. Le esia ta meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖa. Nyemaŋlɔ dzidzɔ si gbegbe mekpɔ esi mexɔ agbalẽ be mava wɔ Betel subɔsubɔdɔ le Brooklyn, New York, le March 10, 1930 dzi la be akpɔ o. Aleae medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖe ‘nuɖuɖu si megblẽna o’ ŋu gɔmee enye si.
Ðewohĩ àbui be esi menye aŋɔsila ta la, woade aŋɔsisidɔ asi nam. Gake dɔ gbãtɔ si wode asi nam enye be mawɔ dɔ le mɔ̃ si dea gavi agbalẽviwo me tsɔ léa wo ƒoa ƒui gbɔ le agbalẽtaƒea. Togbɔ be esia nye dɔ ɖeka tɔgbe wɔwɔ hã la, mekpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me wu ƒe ade sɔŋ. Agbalẽtamɔ gã si míetsɔ ŋkɔ na be aʋawɔʋu xoxo la taa agbalẽvi siwo toa ka aɖe dzi vaa mía gbɔ le xɔ si le ete me. Enyea dzidzɔ na mí be míakpɔe ɖa be míate ŋu alé agbalẽviawo ƒoƒui kabakaba abe alesi wole dodom tso aʋawɔʋua me ene hã.
Le ema megbe mewɔ dɔ le dɔwɔƒe vovovowo, hekpe ɖe afisi wowɔa agbaƒomɔ̃wo le hã ŋu. Míetsɔa mɔ̃ siawo ƒoa Biblia me gbedeasia siwo wolé ɖe agba dzi le aƒemenɔlawo ƒe ʋɔtruwo nu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo siwo le míaƒe dɔwɔƒea wɔ agbaƒomɔ̃ aɖe si le tsitrenu. Menye nya siwo wolé ɖi koe agbaƒomɔ̃ sia te ŋu ƒona o ke wowɔ teƒe ɖe eŋu na agbalẽviwo tsɔtsɔ kple ɖewohĩ abolo hã. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ alesi woawɔ dɔwɔnu yeye sia ŋudɔe ƒe wɔwɔfia le takpekpe aɖe me le Detroit, Michigan, le ƒe 1940 me.
Gake menye aɖaŋumɔ̃wo ko wɔmee míenɔ o. míenɔ ɖɔɖɔɖo veviwo hã wɔm le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, tsã la Yehowa Ðasefowo dea fiakuku sue si ŋu atitsoga le woƒe awuwo ŋu. Gake míeva se egɔme be ati dzɔdzɔe ŋue wohe Yesu ɖo, ke menye ɖe atitsoga ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 5:30) Eyata míedzudzɔ nu mawo dede awu ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be maɖe gavi si léa awua ɖa le wo ŋu. Emegbe wolólo sika si le wo me eye wodzrae.
Togbɔ be míewɔa dɔ ŋkeke atɔ̃ kple afa kwasiɖa ɖesiaɖe eye vovo menɔa mía ŋu kura o hã la, míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le kwasiɖanuwuwuwo. Gbeɖeka la, wolé mí ame 16 eye wode mí gaxɔ me le Brooklyn. Nukatae? Eyae nye be le ŋkeke mawo me míebu subɔsubɔha ɖesiaɖe be enye alakpasubɔsubɔha. Eyata míekpla dzesi siwo ƒe akpa ɖeka woŋlɔ ɖo be “Subɔsubɔha Nye Mɔ̃tetre Kple Ameblenu” eye woŋlɔ ɖe akpa kemɛ be “Misubɔ Mawu Kple Kristo si Nye Fia La.”
Wode mí gaxɔ me le esi míekpla dzesi siawo ta, gake Hayden Covington si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe senyala da megbe na mí eye wona míeyi aƒeme. Le ɣeyiɣi ma me la, wonɔ nya geɖe siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu la drɔ̃m le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, eye enye dzidzɔ be míenɔ Betel eye míenye ame gbãtɔ siwo sea nyatakaka tso alesi míele dziɖuɖu kpɔmee ŋu.
Mlɔeba wode dɔ siwo ana mawɔ aŋɔsisi si menya la ŋuti dɔ asi nam. Míaƒe radio-dɔwɔƒe WBBR nɔ Staten Ƒukpo, si nye New York City nuto atɔ̃awo dometɔ ɖeka dzi. Gakpo siwo ɖoa radio dzi nyawo ɖa la yi dzi wu meta 60 tso anyigba, eye gakpo etɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowoe wotsɔ bla woe. Menɔ anyi ɖe ʋuƒo aɖe si didi meta 9 eye wòkeke sentimeta 20 dzi esime nye dɔwɔhati aɖe hem yi yamee. Menɔ zikpui sue ma dzi nɔ yame ʋĩ henɔ aŋɔ sim na gakpoawo. Ame aɖewo biam be míedo gbe ɖa zi geɖe esime míenɔ dɔ ma wɔm o ha!
Dzomeŋɔlidɔ aɖe si nyemaŋlɔ be gbeɖe o enye fesrewo kɔklɔ kple aŋɔ sisi na fesremetiwo le agbalẽtaƒea. Míeyɔe be míaƒe dzomeŋɔli me mɔkeke. Míekpe míaƒe ametsɔtia ɖe enu eye míetsi ka ɖe eŋu henɔ dziƒoxɔ dzisasrã enyi la liam nɔ ɖiɖim.
Ƒome si Na Kpekpeɖeŋu
Fofonye ku le ƒe 1932 me eye menɔ eŋu bum nenye ɖe mayi aƒeme aɖakpe asi ɖe Dada dzi kpɔkpɔ ŋu. Eyata gbeɖeka hafi míaɖu ŋdɔ nu la, meda agbalẽ sue aɖe ɖe kplɔ̃ta afisi Nɔviŋutsu Rutherford, si nye Habɔbɔa ƒe zimenɔla nɔna. Meŋlɔ ɖe eme be medi be makpɔe. Esi wòse nya si ŋu metsi dzi ɖo eye wòse be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubuwo le asinye siwo kpɔtɔ le aƒeme la, ebia be, “Ðe nèdi be yeanɔ Betel awɔ Aƒetɔ la ƒe dɔa?”
Meɖo eŋu be: “Ẽ, medi.”
Eyata eɖo aɖaŋu nam be maŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Dada akpɔe ɖa be alɔ̃ ɖe nye nyametsotso be manɔ afima dzi hã. Mewɔe nenema pɛpɛpɛ, eye eɖo eŋu gblɔ be yelɔ̃ ɖe nye nyametsotsoa dzi bliboe. Mekpɔ ŋudzedze ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe dɔmenyo kple aɖaŋuɖoɖoa ŋu vevie.
Le ƒe geɖe siwo me menɔ Betel la, meŋlɔa agbalẽ na nye ƒomea edziedzi dea dzi ƒo na wo, abe alesi Dada de dzi ƒo nam ene, be woasubɔ Yehowa. Dada ku le July 1937 me. Enye amesi do ŋusẽ míaƒe ƒomea ale gbegbe! Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsitɔ siwo nye Paul kple Esther, kpakple nɔvinyenyɔnu sue Lois koe mezu Ðasefowo o. Gake Paul kpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe dɔa ŋu eye wòna anyigba si dzi míetu míaƒe Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ ɖo la mí.
Nɔvinyenyɔnu sue Eva zu gbesiagbe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela, le ƒe 1936 me. Ƒe ma me kee wòɖe Ralph Thomas, eye wode dɔ asi na wo le ƒe 1939 me be woawɔ mɔzɔzɔdɔa aɖasubɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo. Woʋu yi Mexico emegbe eye wotsɔ ƒe 25 kpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu le afima.
Nɔvinyenyɔnu Alice kple Frances dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1939 me. Edo dzidzɔ nam ale gbegbe esi mekpɔ Alice wònɔ kplɔ̃ aɖe megbe nɔ agbaƒomɔ̃ si ŋu mekpe asi ɖo wowɔ la zazã ƒe wɔwɔfia wɔm le takpekpe aɖe si wowɔ le St. Louis me le ƒe 1941 me! Togbɔ be ele be Alice nadzudzɔ mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi le ƒomegbanɔamedziwo ta hã la, le ye katã me la, ezã ƒe 40 kple vɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Frances wɔ ŋgɔyiyi eye wòde Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua le ƒe 1944 me eye wòwɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Puerto Rico hena ɣeyiɣi aɖe.
Joel kple Elwood, siwo nye ƒomea me tɔ suetɔwo, zu gbesiagbe mɔɖelawo le Montana le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze. Joel kpɔtɔ nye Ðasefo nuteƒewɔla eye fifia enye subɔsubɔdɔwɔla. Elwood va kpe ɖe ŋunye le Betel le ƒe 1944 me eye esia do dzidzɔ geɖe na nye dzi. Mexɔ ƒe atɔ̃ gɔ̃ hã hafi medzo le aƒeme o. Abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene la, nye kplii ye ŋlɔ dzesi ma si le agbalẽtaƒea ƒe xɔ ŋu si xlẽ be, “Xlẽ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la Gbesiagbe.” Menɔa amesiwo gbegbe nuŋlɔɖi ma de dziƒo na be woxlẽ woƒe Biblia ŋu bum zi geɖe.
Elwood subɔ le Betel vaseɖe esime wòɖe Emma Flyte le ƒe 1956 me. Elwood kple Emma wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ɖekae, eye wosubɔ hena ɣeyiɣi aɖe le Kenya, Afrika, kpakple le Spania. Elwood xɔ dɔdzẽ eye wòku le Spania le ƒe 1978 me. Emma gakpɔtɔ le Spania eye egale gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm vaseɖe egbe.
Srɔ̃ɖeɖe Kple Ƒomeɖoɖoanyi
Medzo le Betel le September 1953 me eye meɖe Alice Rivera, si nye mɔɖela le Brooklyn Center Hame si me menɔ la me. Mena Alice nya be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le asinye, gake elɔ̃ kokoko be yeaɖem.—Filipitɔwo 3:14.
Esi menɔ Betel ƒe 23 ta la, ehiã tɔtrɔwɔwɔ gã aɖe ŋutɔ be madze dɔwɔɖui aɖe gɔme anye aŋɔsila be makpɔ mía kple Alice dzi le mɔɖeɖedɔa me. Alice na kpekpeɖeŋum ɣesiaɣi, le ɣeyiɣi si me wòhiã be wòadzudzɔ mɔɖeɖedɔa le eƒe lãmegbegblẽ ta gɔ̃ hã. Míenɔ mɔ kpɔm na mía vi gbãtɔ le ƒe 1954 me. Via dzidzi meyi nyuie o, togbɔ be mía viŋutsuvi, John, ya ƒe lãme sẽ hã. Ʋu dudu le Alice ŋu esime wonɔ dɔ wɔm nɛ na via dzidzi ale gbegbe be ɖɔktawo meganɔ mɔ kpɔm be anɔ agbe o. Hena ɣeyiɣi aɖe la, womete ŋu se eƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ gɔ̃ hã o. Gake etsi agbe le zã ma me eye eƒe lãme sẽ keŋkeŋ le ɣeyiɣi aɖe megbe.
Le ƒe ʋee aɖewo megbe esi Alice fofo ku la, míeʋu yi Long Ƒukpoa dzi be míanɔ dadaa gbɔ. Esi ʋu menɔ mía si o ta la, mezɔna alo ɖoa bɔs alo keteke. Esia wɔe be mete ŋu yi mɔɖeɖedɔa dzi eye mewɔ dɔ kpɔ nye ƒomea dzi. Dzidzɔ siwo mekpɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la sɔ gbɔ boo wu nusianu si metsɔ sa vɔe. Kpekpe ɖe amewo ŋu—abe Joe Natale ene, amesi ɖe asi le baseball-ƒoƒo ŋu va zu Ðasefo—nye yayra geɖe siwo mekpɔ la dometɔ ɖeka ko.
Esi nɔnɔmea nɔ sesẽm le New York nutoa me le ƒe 1967 me la, meɖoe be makplɔ Alice kple John agbugbɔ ayi mía de le Ellensburg. Fifia mekpɔe be enye viɖe geɖe be danye ƒe mamayɔviwo kple mama-mamayɔviwo dometɔ geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã le dɔ wɔm le Betel. John kple srɔ̃a kpakple viawo hã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.
Nublanuitɔe la, mebu srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Alice le ku me le ƒe 1989 me. Kutrikuku le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me kpe ɖe ŋunye be mete ŋu nɔ te ɖe esia nu. Mía kple nɔvinyenyɔnu Alice míele dzidzɔ kpɔm le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖekae me. Aleke gbegbe wònyoe nye si be míegale aƒe ɖeka me ake eye míeƒo mía ɖokui ɖe dɔ vevitɔ kekeake wɔwɔ me!
Le ƒe 1994 me adame la, meɖi tsa yi Betel zi gbãtɔ le abe 25 ene megbe. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be megakpɔ ame geɖe siwo mía kpli wo míewɔ dɔ ƒe 40 kple edzivɔ siwo va yi! Esi meyi Betel le ƒe 1930 me la, ame 250 koe nɔ ƒomea me, gake fifia Betel-ƒome si le Brooklyn la me tɔwo sɔ gbɔ wu ame 3,500!
Gbɔgbɔ me Nuɖuɖu Lém Ðe Te
Zi geɖe le ŋdikanya la, mezɔna toa Yakima Tɔsisi si te ɖe míaƒe aƒe ŋu la to. Mete ŋu kpɔa Rainier To gã si tame yɔ kple sno, si kɔkɔ yi yame ʋĩ wu meta 4,300. Gbemelãwo bɔ ɖe afima. Mekpɔa zi ɣeaɖewoɣi, eye mekpɔ atuŋgba gɔ̃ hã kpɔ.
Ɣeyiɣi siawo si nye ɖeka mezɔna le ɖoɖoezizi me na medea ŋugble le Yehowa ƒe nunana wɔnukuwo ŋu. Mele gbe dom ɖa be mía Mawu Yehowa nana ŋusẽm mayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Melɔ̃a hadzidzi hã ne mele zɔzɔm, vevietɔ hadzidzi si nye “Dzidzɔ Dodo Na Yehowa ƒe Dzi,” si me nyagbewo yi ale: “Mawu Gã, míawɔ wò lɔlɔ̃nu; nunya me míawu dɔ la nu. Ekema gome li na mí be míado dzidzɔ na wò dzi.”
Edzɔ dzi nam be metiae be mawɔ dɔ si doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Nye gbedodoɖa enye be mayi dɔ sia wɔwɔ dzi vaseɖe esime maxɔ nye dziƒofetu si ŋugbe wodo la. Nye didi enye be ŋutinya sia aʋã ame bubuwo hã be woatsɔ woƒe agbe ‘awɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o ta.’—Yohanes 6:27.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Elwood, esime wònɔ XLẼ MAWU ƑE NYA BIBLIA KƆKƆE LA GBESIAGBE ŋlɔm
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Mía kple Grant Suiter kpakple John Kurzen, esi míenɔ agbaƒomɔ̃ yeyea zazã ƒe wɔwɔfia wɔm le takpekpe me le ƒe 1940 me
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mí katã míenɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le ƒe 1944 me. Tso miame: David, Alice, Joel, Eva, Elwood, kple Frances
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Vi siwo mía dzilawo gblẽ ɖi tso miame: Alice, Eva, Joel, David, kple Frances