INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 4/15 axa 16-21
  • Nusita Mawu Ƒe Yayra Nɔa Tadedeagu Vavãtɔ dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Mawu Ƒe Yayra Nɔa Tadedeagu Vavãtɔ dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Kawoe Wòle Be Subɔsubɔha Vavãtɔ Natse?
  • Subɔsubɔha si me Lɔlɔ̃ Le, Menye Fuléle O
  • Mawu Yraa Agbenɔnɔ Kple Nufiafia Dzadzɛwo
  • “Nyateƒe la Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”
  • Ŋkɔ si To Vovo
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðe Subɔsubɔha Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mawu Vavã la Kple Wò Etsɔ Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 4/15 axa 16-21

Nusita Mawu Ƒe Yayra Nɔa Tadedeagu Vavãtɔ dzi

“Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ.”—NYAÐEÐEFIA 19:1, 2.

1. Aleke Babilon Gã la ava eƒe nuwuwui?

“BABILON GÃ LA” mu le Mawu ƒe ŋkume eye edze ŋgɔ tsɔtsrɔ̃ fifia. Biblia ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be eteƒe madidi o xexeame katã ƒe mawusubɔsubɔ ƒe gbolo sia ƒe dunyahehe ƒe ahiãviwo atsrɔ̃e ɖa; eƒe nuwuwu ava kpata eye wòadzɔ kabakaba. Nyagblɔɖinya siawo nɔ nya si Yesu ɖe fia Yohanes me be: “Mawudɔla sesẽ aɖe tsɔ kpe aɖe, si le abe té gã aɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 18:2, 21.

2. Aleke Yehowa subɔlawo awɔ nu ɖe Babilon ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋui?

2 Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖewo afa konyi ɖe Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ta gake edze ƒã be Mawu subɔla siwo le dziƒo alo anyigba dzi ya mafa nɛ o. Woado dzidzɔɣli na Mawu be: “Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.”—Nyaɖeɖefia 18:9, 10; 19:1, 2.

Ku Kawoe Wòle Be Subɔsubɔha Vavãtɔ Natse?

3. Nyabiabia kawo ŋue wòhiã be míaɖo?

3 Esi woatutu alakpasubɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi ta la, tadedeagu ka tɔgbe ye asusɔ? Aleke míawɔ anya subɔsubɔha si atsi anyi ato Satana ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ƒe tsɔtsrɔ̃ me egbea? Nukae nye dzɔdzɔenyenyeku si wòle be subɔsubɔha sia natse? Dzidzenu siwo ade ewo ya teti li si míatsɔ ade dzesi Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ.—Maleaxi 3:18; Mateo 13:43.

4. Nukae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi gbãtɔ, eye aleke Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋui?

4 Gbãtɔ kple vevietɔ la, ele be nyateƒe Kristotɔwo nado dziɖulanyenye si ta Yesu ku ɖo la ɖe dzi—si nye Fofoa ƒe dziɖulanyenye. Yesu metsɔ eƒe agbe na ɖe dunyahehe, to, gbegbɔgblɔ, alo hadomenuwɔna aɖeke ta o. Etsɔ Fofoa ƒe Fiaɖuƒea ɖo ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe dunyahehe alo dunyahehemetɔtrɔ ƒe didiwo. Esi Satana gblɔ be yeatsɔ xexemeŋusẽ na eyama la, eɖo eŋu kple nya siawo be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ [Yehowa, NW], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’” Enya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me be Yehowae nye Dziɖula nyateƒetɔ ɖe anyigba katã dzi. Subɔsubɔha kae nɔa Yehowa ƒe dziɖulanyenye yome ɖikekemanɔmee tsɔ wu be wòanɔ xexe sia me dunyahenuɖoanyiwo yome?—Mateo 4:10; Psalmo 83:19.

5. (a) Aleke wòle be tadeagula vavãwo nabu Mawu ŋkɔe? (b) Nukae fia be Yehowa Ðasefowo dea bubu ŋkɔ ma ŋu?

5 Nudidi eveliae nye be ele be tadedeagu vavãtɔ nado kɔkɔ Mawu ƒe ŋkɔ ahakɔ eŋu. Ŋusẽkatãtɔ la ɖe eƒe ŋkɔ Yehowa (si Biblia-gɔmeɖeɖe aɖewo ŋlɔ be Yahweh) fia eƒe dukɔ Israel, eye wozãe zi akpe geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã la, Adam, Xawa, kple ame bubuwo nya ŋkɔ ma, togbɔ be menye ɣesiaɣie wode bubu eŋu o hã. (Mose I, 4:1; 9:26; 22:14; Mose II, 6:2) Togbɔ be Kristodukɔa kple Yudatɔ Biblia-gɔmeɖelawo ɖe ŋkɔ kɔkɔea ɖa le woƒe Bibliawo me zi geɖe hã la, Yehowa Ðasefowo tsɔ ŋkɔ ma ƒe nɔƒe kple bubu si le eŋu ɖo eteƒe le New World Translation of the Holy Scriptures me. Wodea bubu ŋkɔ ma ŋu, abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ene. Yakobo ɖo kpe edzi be: “Simeon xlẽ fia, alesi Mawu kpɔ trɔ̃subɔlawo ɖa gbã, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena eƒe ŋkɔ la. Eye esia sɔ kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, . . . bena amewo ƒe susɔe kple dukɔ, siwo katã dzi woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, nadi Aƒetɔ [Yehowa, NW] yome mɔ, Aƒetɔ [Yehowa ye, NW] gblɔe, amesi le nusiawo . . . wɔm.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Dɔwɔwɔwo 15:14-18; Amos 9:11, 12.

6. (a) Nukae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi etɔ̃lia? (b) Aleke Yesu kple Daniel te gbe ɖe Fiaɖuƒedziɖuɖua dzii? (Luka 17:20, 21)

6 Tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi etɔ̃liae nye be ele be wòado Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖe dzi be eyae nye ameƒomea ƒe dziɖuɖumekuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia si le se nu eye be ate ŋu awɔ dɔ nyuie. Yesu fia eyomedzelawo eme kɔ ƒã be woado gbe ɖa abia Fiaɖuƒe ma ƒe vava, be Mawu ƒe dziɖuɖu nakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi. Gbɔgbɔ ʋã Daniel wògblɔ ɖi le ŋkeke mamleawo ŋu be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . agbã [xexeame ƒe dunyahehe ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Amekawoe to woƒe nuwɔna me le ƒe alafa 20 lia sia me ɖee fia be Fiaɖuƒe ma yome ko yewoanɔ—Babilon Gã la ƒe subɔsubɔhawoe loo alo Yehowa Ðasefowoe?—Daniel 2:44; Mateo 6:10; 24:14.

7. Aleke tadeagula vavãwo bua Biblia lae?

7 Nudidi enelia si ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋue nye be ele be Mawu subɔla vavãwo nado kɔkɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. Eyata Biblia me kuku tsitotsito be woate kpɔ aɖi gbɔe be enye agbalẽ tsɛ aɖe si wotsɔ amegbetɔwo ƒe agbalẽnyanya ŋlɔe si afia be nuwo mede le eme o la makpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Yehowa Ðasefowo xɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, abe alesi Paulo ŋlɔ na Timoteo ene be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ, NW] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”a Eyata Yehowa Ðasefowo bua Biblia be enye yewoƒe mɔfianu, gbesiagbegbenɔnɔ ƒe mɔfiagbalẽ, kple yewoƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ tsoƒe.—Timoteo II, 3:16, 17.

Subɔsubɔha si me Lɔlɔ̃ Le, Menye Fuléle O

8. Nukae nye tadedeagu vavãtɔ nudidi atɔ̃lia?

8 Aleke Yesu de dzesi eyomedzela vavãwoe? Eƒe ŋuɖoɖoa na tadedeagu vavãtɔ ƒe dzeside vevi si nye atɔ̃lia la mí. Yesu gblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35, míawoe te gbe ɖe edzi.) Aleke Yesu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fiae? To eƒe agbe si wòtsɔ na wònye tafevɔsa me. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Nukata lɔlɔ̃ vavãtɔ nye nɔnɔme vevi na nyateƒe Kristotɔwo? Yohanes ɖe eme be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me . . . Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:7, 8.

9. Amekawoe ɖea lɔlɔ̃ vavãtɔ fiana, eye alekee?

9 Amekawoe ɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbe fia le míaƒe ɣeyiɣiawo me togbɔ be fuléle le ameƒomeviwo, dukɔwo, alo gbevovodolawo dome hã? Amekawoe to dodokpɔ sesẽtɔwo me, yi ɖe ku me gɔ̃ hã, ale be woƒe lɔlɔ̃ naɖu dzi? Ðe míate ŋu agblɔ be woawoe nye Katoliko nunɔlawo kple nyɔnusaɖagaxɔmenɔla siwo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa si yi edzi le Rwanda le ƒe 1994 me ƒe fɔbubu aɖe le yewo dzi laa? Ðe wòanye Serbia Orthodɔks-hawo alo Croatia Katolikotɔ siwo kpɔ gome le “gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa” kple nuwɔna bubu siwo medze Kristotɔwo o le dukɔmeviʋa ma me le Balkan-nutowo me yea? Alo ɖe wòanye Katoliko alo Protestant-sɔfo siwo ƒlɔ dzo ɖe nazãbubu kple fuléle te le Anyiehe Ireland le ƒe bla nane siwo va yi nyitsɔ laa me yea? Edze ƒã be womate ŋu atso Yehowa Ðasefowo nu be wokpɔ gome le aʋawɔwɔ siawo dometɔ aɖeke me o. Wokpe fu le gaxɔwo kple fuwɔamesaɖawo me, yi ɖe ku me gɔ̃ hã, tsɔ wu be woagblẽ woƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ dome.—Yohanes 15:17.

10. Nukata Kristotɔ vavãtɔwo medea akpa aɖeke dzi o?

10 Nudidi adelia si ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe tadedeagu ŋue nye akpaɖekedzimademade le xexe sia me dunyahehe me. Nukata mele be Kristotɔ nade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o? Paulo, Yakobo, kple Yohanes na susu vevi si ta woawɔ nenema la mí. Apostolo Paulo ŋlɔ bena Satanae nye “xexe sia me mawu,” amesi le ŋku gbãm na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu to mɔ sia mɔ si anya wɔ nɛ nu, eye dunyahehe si hea mamã vɛ hã le eme. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be “xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu,” eye apostolo Yohanes gblɔ be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Eyata Kristotɔ vavã mate ŋu agblẽ eɖokui tsɔtsɔ na Mawu me to gomekpɔkpɔ le Satana ƒe xexe gblẽku la ƒe dunyahehe kple dziɖuŋusẽ me o.—Korintotɔwo II, 4:4; Yakobo 4:4; Yohanes I, 5:19.

11. (a) Aleke Kristotɔwo bua aʋawɔwɔe? (b) Ŋɔŋlɔawo me nya kae ɖo kpe tenɔnɔ sia dzi? (Korintotɔwo II, 10:3-5)

11 Nudidi eve siwo míeyɔ va yi la na adrelia va dze ƒã, si nye be mele be Kristotɔ tadeagula vavãwo nakpɔ gome le aʋawɔwɔ me o. Esi subɔsubɔha vavãtɔ nye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi ta la, naneke mate ŋu amã “nɔvi, siwo [katã, NW] le xexeame” la me alo agblẽ wo dome o. Lɔlɔ̃e Yesu fia, ke menye fuléle o; ŋutifafa, ke menye aʋawɔwɔ o. (Petro I, 5:9; Mateo 26:51, 52) “Vɔ̃ɖitɔ” ma ke si nye Satana, amesi na Kain wu Habel la yia edzi ƒãa fuléle ɖe ameƒomea me eye ena amewo wɔa aʋa hekɔa ʋu ɖi le mamã siwo le dunyahehe, mawusubɔsubɔ, kple gbevovodolawo dome ta. Kristotɔ vavãwo ‘megasrɔ̃a aʋawɔwɔ azɔ o,’ eɖanye nuka kee ado tso eme na wo o. Wotsɔ ‘woƒe yiwo tu kodziwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe’ xoxo le kpɔɖeŋumɔ nu. Woɖea ŋutifafa si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse fiana.—Yohanes I, 3:10-12; Yesaya 2:2-4; Galatiatɔwo 5:22, 23.

Mawu Yraa Agbenɔnɔ Kple Nufiafia Dzadzɛwo

12. (a) Nukae nye nudidi enyilia, gake mawusubɔsubɔ me mamã kawoe nàte ŋu agblɔ? (b) Aleke Paulo te gbe ɖe nudidi enyilia sia dzii?

12 Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔe nye tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi enyilia. Gake Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha siwo me mã la mete ŋu wɔ esia o. Subɔsubɔha geɖe siwo wogblɔna be woawo mee bubuwo dzɔ tso la me mã kakɛkakɛ ɖe kɔmamãwo me, eye wohe tɔtɔ vɛ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Baptist-subɔsubɔha si le United States, si me mã zu Anyiehe Baptisttɔwo (Amerika Baptist Ha siwo le United States, Amerika) kple Dziehe Baptisttɔwo (Anyiehe Baptist Ha), kpakple Baptist-ha gbogbo bubu siwo woɖo le ɖekamawɔmawɔ ta. (World Christian Encyclopedia, axa 714) Mamãwo dometɔ geɖe tso nufiafiawo alo sɔlemehadzikpɔɖoɖo ƒe vovototowo gbɔ (eƒe kpɔɖeŋuwoe nye Osɔfoha, Bisiɔp-ha, Hameviwo ƒe Ha). Mamã siwo le Kristodukɔa me sɔ kple subɔsubɔha siwo mele Kristodukɔa me o tɔ—eɖanye Buddha, Moslem, alo Hindu tɔ nyenye o. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ gbãtɔwo? “Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi kata miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.”—Korintotɔwo I, 1:10; Korintotɔwo II, 13:11.

13, 14. (a) Nukae wòfia be ‘míanɔ kɔkɔe’? (b) Aleke wona tadedeagu vavãtɔ nɔa dzadzɛ?

13 Nukae nye nudidi asiekelia na subɔsubɔha si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo? Wogblɔ Biblia me gɔmeɖose aɖe ɖe Mose III, 11:45 be: “Minɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.” Apostolo Petro gagbugbɔ nudidi sia gblɔ esime wòŋlɔ bena: “Abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Petro I, 1:15.

14 Nukae kɔkɔenɔnɔ ƒe hiahiã sia fia? Efia be ele be Yehowa ƒe tadeagulawo nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ gome. (Petro II, 3:14) Womeɖea mɔ na amesiwo ɖonɛ koŋ wɔa nuvɔ̃ dzimematrɔmatrɔe, amesiwo toa woƒe agbenɔnɔ me doa vlo Kristo ƒe tafevɔsa la o. (Hebritɔwo 6:4-6) Yehowa di be Kristo-hamea nanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe. Aleke wowɔa emae? Eƒe akpa aɖee nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si me wotona ɖea amesiwo ƒoa ɖi hamea la le hamea me.—Korintotɔwo I, 5:9-13.

15, 16. Tɔtrɔ kawoe Kristotɔ geɖe wɔ le woƒe agbe me?

15 Ame geɖe nye agbeblibanɔlawo, agbeɖulawo, kple ɖokuitɔdilawo hafi wova dze si Kristotɔwo ƒe nyateƒea. Gake Kristo ŋuti nya la trɔ wo, eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo. Paulo ɖe eme ŋusẽtɔe esime wòŋlɔ bena: “Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Korintotɔwo I, 6:9-11.

16 Edze ƒã be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo trɔa dzime tso woƒe agbenɔnɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me, woɖea asi le wo ŋu, eye wova zua Kristo kple eƒe nufiafiawo yomedzela vavãwo la ŋu. Wolɔ̃ wo haviwo abe wo ɖokui ene vavã eye woɖenɛ fiana le mɔ geɖe nu, si ƒe ɖee nye kutrikuku le subɔsubɔdɔ si naa agbe ƒe gbedasi amesiwo katã asee la me.—Timoteo II, 4:5.

“Nyateƒe la Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”

17. Nukae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi ewolia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

17 Nudidi ewolia aɖe le Yehowa si na amesiwo dea ta agu nɛ le gbɔgbɔ kple nyateƒe me—eyae nye nufiafia dzadzɛ. (Yohanes 4:23, 24) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Biblia me nyateƒea na míevona tso nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o me, siwo ƒe ɖewoe nye luʋɔ makumaku, dzomavɔ, kple ŋutiklɔdzo ene. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10; Xezekiel 18:4, 20) Ena míevo tso Kristodukɔa ƒe “Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔetɔ” si nye Babilontɔwo ƒe nufiafia si gɔme menya sena o me. (Mose V, 4:35; 6:4; Korintotɔwo I, 15:27, 28) Wɔwɔ ɖe Biblia me nyateƒea dzi wɔa amewo amelɔ̃lawo, amesiwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo, dɔmenyotɔwo, kple nublanuikpɔlawo. Kristotɔnyenye vavãtɔ mede ŋutasẽʋɔnudrɔ̃la hlɔ̃biala siwo ƒe nya me sẽ, abe Tomás de Torquemada ene, alo aʋadɔla fulélawo, abe papa siwo do Krusade-ʋawo ɖe ŋgɔ ene dzi kpɔ o. Gake Babilon Gã la tse ku sia tɔgbe le ŋutinya katã me, tso keke Nimrod ƒe ɣeyiɣia me ke vaseɖe fifia.—Mose I, 10:8, 9.

Ŋkɔ si To Vovo

18. (a) Amekawoe wɔa nu wòsɔna ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi ewoawo nu eye alekee? (b) Nukae wòle be mí ame ɖekaɖekawo míawɔ be míakpɔ yayra siwo le mía ŋgɔ la?

18 Amekawo wɔa tadedeagu vavãtɔ ƒe nudidi ewo siawo dzi ŋutɔŋutɔ egbea? Amekawoe ame bubuwo nya hedea dzesi wo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ kple ŋutifafa ƒe nɔnɔmewo ta? Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã be womenye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:19; 17:14, 16; 18:36) Bubu wònye na Yehowa ƒe amewo be eƒe ŋkɔ le wo dzi eye be wonye eƒe Ðasefowo, abe alesi Yesu Kristo nye ɖasefo nuteƒewɔla na Fofoa ene. Ŋkɔ kɔkɔe ma le mía ŋu, eye míenya be agba le mía dzi be míanɔ agbe wòasɔ ɖe nusi wòfia nu. Eye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ kae nye si le mí amesiwo nye eƒe Ðasefowo ŋgɔ! Eyae nye be míanye amegbetɔ toɖolawo ƒe ƒome wɔɖeka, si le ta dem agu na Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la le paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi le anyigba dzi afisia la me. Mina míayi edzi aɖee fia wòadze ƒã be míele tadedeagu vavãtɔ me be míakpɔ yayra siawo eye míana ŋkɔ Yehowa Ðasefowo nanɔ mía ŋu dadatɔe “elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ”!—Nyaɖeɖefia 19:2; Yesaya 43:10-12; Xezekiel 3:11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Biblia-gɔmeɖeɖewo ŋutɔ metso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o. Alesi wose gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gɔme vovovoe la ate ŋu adze le gɔmeɖeɖeawo ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke Yehowa subɔlawo bua Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃e?

◻ Nu vevi kawoe wodi tso tadedeagu vavãtɔ si?

◻ Aleke nyateƒea na ablɔɖe wòe?

◻ Bubu tɔxɛ kae wode mí Yehowa Ðasefowo ŋu?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia hele nu fiam le eŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Kristotɔ vavãwo medea akpa aɖeke dzi ɣeaɖekeɣi le xexeme dunyahehe kple aʋawɔwɔ me o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Yameʋu: Le Ministry of Defense, London, ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe