Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
Yesu gblɔ be: “Amesiwo ke ƒe nuvɔ̃wo mietsɔ ke wo la, wotsɔ wo ke wo, eye amesiwo ke tɔ mietsɔ dzra ɖo la, wotsɔ wo dzra ɖo.” Ðe nya siawo fia be Kristotɔwo ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo akea?
Kpeɖodzi aɖeke mele Ŋɔŋlɔawo me si fia be Mawu na ŋusẽ Kristotɔwo katã, alo hamemegã siwo wotia le hamea me gɔ̃ hã, be woatsɔ nuvɔ̃wo ake o. Gake nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Yohanes 20:23, si me nyawo míeŋlɔ ɖe etame la fia be Mawu na ŋusẽ tɔxɛ apostoloawo le go sia me. Eye Yesu ƒe nya siwo le afima ate ŋu awɔ ɖeka kple nya siwo wògblɔ ku ɖe Mawu ƒe nyametsotsowo ŋu le Mateo 18:18.
Kristotɔwo ate ŋu atsɔ vodada aɖewo ake le ɖekawɔwɔ me kple apostolo Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Efesotɔwo 4:32 me be: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” Nya siwo le Kristotɔ aɖewo dome, abe nuƒoƒo madzemadzee ene, ye Paulo wɔnɛ le afisia. Ele be woadze agbagba akpɔ nya siawo gbɔ, atsɔ ake wo nɔewo faa. Ðo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.”—Mateo 5:23, 24; Petro I, 4:8.
Gake nya siwo ƒo xlã nya siwo le Yohanes 20:23 la fia be nuvɔ̃ siwo lolo wu ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le, abe alesi wòdze le nya bubu siwo wògagblɔ na eƒe nyasela siawo tututu me ene. Mina míakpɔ nusitae la ɖa.
Le ŋkeke si dzi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le xɔa aɖe si ƒe ʋɔtru nɔ dodo me le Yerusalem. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dɔm ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa. Eye esi wògblɔ esia la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo bena: Mixɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe! Amesiwo ke ƒe nuvɔ̃wo mietsɔ ke wo la, wotsɔ wo ke wo, eye amesiwo ke tɔ mietsɔ dzra ɖo la, wotsɔ wo dzra ɖo.”—Yohanes 20:21-23.
Anɔ eme be nusrɔ̃la siwo woyɔ le afisia la nye apostolo nuteƒewɔlawo koŋ. (Tsɔe sɔ kple kpukpui 24.) Esi Yesu gbɔ ɖe wo dzi eye wògblɔ be “Mixɔ gbɔgbɔ kɔkɔe” la, etsɔ kpɔɖeŋu sia le nyanya nam wo be woakɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi kpuie. Yesu yi edzi gblɔ be woana ŋusẽ wo le nuvɔ̃wo tsɔtsɔ ke gome. Eme kɔ be ƒomedodo le eƒe nyagbɔgblɔ eveawo dome, eye ɖeka kplɔ evelia ɖo.
Yesu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖi le eƒe tsitretsitsi ƒe ŋkeke 50 megbe, le Pentekoste ŋkekea dzi. Nukae ema wɔ? Ðekae nye be wogbugbɔ amesiwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi wova zu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo si mɔkpɔkpɔ le be woanye hatidziɖulawo kple Kristo le dziƒo. (Yohanes 3:3-5; Romatɔwo 8:15-17; Korintotɔwo II, 1:22) Gake gbɔgbɔa kɔkɔ ɖi wɔ nu geɖe wu. Amesiwo xɔe dometɔ aɖewo kpɔ nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽwo. To esia me ame aɖewo te ŋu gblɔ dutagbe siwo womenya tsã o. Bubuwo te ŋu gblɔ nya ɖi. Eye bubuwo hã te ŋu da dɔ na dɔnɔwo alo fɔ ame kukuwo ɖe tsitre.—Korintotɔwo I, 12:4-11.
Esi Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 20:22 nɔ asi fiam gbɔgbɔ kɔkɔe la kɔkɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi ta la, edze abe eƒe nya siwo wɔ ɖeka kplii si ku ɖe nuvɔ̃wo tsɔtsɔ ke ŋu fia be Mawu na ŋusẽ tɔxɛ aɖe wo to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ dzi be woatsɔ nuvɔ̃ ake alo womatsɔ ake o.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, March 1, 1949, axa 78.
Biblia megblɔ ɣeyiɣi siwo katã me apostoloawo wɔ ŋusẽ sia ŋudɔ na mí o, eye nenema ke meƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖesiaɖe si me wowɔ aɖe yeye gbɔgblɔ, nyagbɔgblɔɖi, alo dɔdada ƒe nukununana la ŋudɔ le na mí o.—Korintotɔwo II, 12:12; Galatiatɔwo 3:5; Hebritɔwo 2:4.
Nudzɔdzɔ ɖeka si me apostoloawo wɔ woƒe ŋusẽ ŋudɔ be woatsɔ nuvɔ̃ ake alo womatsɔ ake o la ku ɖe Anania kple Safira, siwo da alakpa na gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu. Petro, amesi se Yesu ƒe nya siwo míexlẽ le Yohanes 20:22, 23 la, klo nu le Anania kple Safira ƒe nuwɔna dzi. Petro ƒo nu na Anania gbã, eye wòku enumake. Esi Safira va emegbe eye eya hã da alakpa nenema ke la, Petro bu fɔe. Petro metsɔ eƒe nuvɔ̃a kee o boŋ egblɔ be: “Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.” Eya hã ku enumake.—Dɔwɔwɔwo 5:1-11.
Apostolo Petro wɔ ŋusẽ tɔxɛ ŋudɔ le go sia me tsɔ ɖe nuvɔ̃ si edze ƒã be womatsɔ ake o fia, si nye enyanya nukutɔe be Mawu matsɔ Anania kple Safira ƒe nuvɔ̃ ake wo o. Edze abe nunya si kɔ wu amegbetɔwo tɔ hã nɔ apostoloawo si ene ku ɖe nudzɔdzɔ siwo me woka ɖe edzi be woatsɔ nuvɔ̃wo ake le Kristo ƒe vɔsa la ta ŋu. Eyata apostolo siwo gbɔgbɔ do ŋusẽe la te ŋu gblɔna be wotsɔ nuvɔ̃ ke ame alo wometsɔe kee o.a
Esia mefia be ŋusẽ wɔnuku sia nɔ hamemegã siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ɣemaɣi la si o. Míate ŋu akpɔ esia le nya si apostolo Paulo gblɔ tso ŋutsu si woɖe le Korinto-hamea me ŋu me. Paulo megblɔ be, ‘Metsɔ ŋutsua ƒe nuvɔ̃wo kee’ alo be, ‘Menya be wotsɔ ŋutsua ƒe nuvɔ̃ kee le dziƒo, eyata mixɔe’ o. Ke boŋ Paulo xlɔ̃ nu hame bliboa katã be woatsɔ Kristotɔ sia si wogbugbɔ xɔ la ƒe vodada akee eye woaɖe lɔlɔ̃ afiae. Paulo gblɔ kpee be: “Amesi ke mietsɔ nane ke la, nye hã metsɔe kee.”—Korintotɔwo II, 2:5-11.
Esi wogbugbɔ ŋutsua xɔ ɖe hamea me ko la, Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnuwo katã ate ŋu atsɔe akee le susua nu be womalé nusi wòwɔ la ɖe dɔme o. Gake gbã la, ele be wòatrɔ dzi me eye woagbugbɔe axɔ. Aleke ema anya wɔe?
Nuvɔ̃ gãwo li siwo gbɔ wòle be hamemegã siwo le hamea me nakpɔ, abe fififi, aʋatsokaka, alo agbegbegblẽnɔnɔ ene. Wodzea agbagba be woaɖɔ nuvɔ̃wɔla siawo ɖo, eye esia ʋãa wo wotrɔa dzime. Gake ne ame aɖe yia edzi wɔa nuvɔ̃ gã aɖe dzimematrɔmatrɔe la, hamemegã siawo wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi be woaɖe nuvɔ̃wɔla la le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:1-5, 11-13) Nya si Yesu gblɔ le Yohanes 20:23 meku ɖe nya siawo ŋu o. Womena gbɔgbɔa ƒe nukununana, abe ŋutete be woada dɔ na amesiwo ƒe lãme gblẽ alo afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ene, hamemegã siawo o; tameɖoɖo si le nunana siawo ŋu va eme le ƒe alafa gbãtɔ me eye wo nu va yi. (Korintotɔwo I, 13:8-10) Hekpe ɖe eŋu la, Mawu mena ŋusẽ hamemegã siwo li egbea be woatsɔ nuvɔ̃ gãwo ake kple susua be woagblɔ be amesi wɔ nuvɔ̃ gã la ŋuti kɔ le Yehowa ŋkume o. Tafevɔsa la dzie nuvɔ̃tsɔtsɔke sia tɔgbe nɔ te ɖo, eye Yehowa koe ate ŋu anɔ te ɖe ema dzi atsɔe ake.—Psalmo 32:5; Mateo 6:9, 12; Yohanes I, 1:9.
Abe alesi wònɔ le ŋutsua gome le blema Korinto ene la, ne nuvɔ̃ gã wɔla aɖe gbe dzimetɔtrɔ la, ele be woaɖee le hamea me. Ne etrɔ dzime emegbe eye wòɖe dɔwɔwɔ siwo dze dzimetɔtrɔ fia la, Mawu ate ŋu atsɔe akee. (Dɔwɔwɔwo 26:20) Le nɔnɔme siawo me la, Ŋɔŋlɔawo na kpeɖodzi hamemegãwo be woaxɔe ase be Yehowa tsɔ nuvɔ̃wɔla la ƒe nuvɔ̃wo kee vavã. Ekema ne wonya xɔ amea ɖe hamea me ko la, hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me be wòasẽ ŋu le xɔse me. Ame bubu siwo le hamea me la hã ate ŋu atsɔe ake abe alesi Korinto Kristotɔwo tsɔe ke amesi woɖe le hamea me eye wogbugbɔ xɔe ɣemaɣi la ene.
Ne hamemegãwo to mɔ sia dzi kpɔ nyawo gbɔ la, womatsɔ woa ŋutɔwo ƒe dzidzenu adrɔ̃ ʋɔnui o. Wowɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye wozɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo Yehowa na la dzi pɛpɛpɛ. Eyata ne hamemegãwo atsɔ ake alo womatsɔ ake o la awɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya siwo le Mateo 18:18 be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si ke miabla le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nusianu, si ke miatu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒo.” Woƒe nuwɔnawo awɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nukpɔsusu si wòɖe fia le Biblia me.
Le esia ta la, nya si Yesu gblɔ woŋlɔ ɖe Yohanes 20:23 metsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuawo ŋu o, ke boŋ eɖee fia be wona ŋusẽ tɔxɛ apostoloawo le nuvɔ̃ tsɔtsɔ ke me, le akpa vevi si wowɔ le Kristo-hamea ɖoɖo anyi le eƒe gɔmedzedzea me ta.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hafi Yesu naku eye wòatsɔ tafea ana gɔ̃ hã la, ŋusẽ nɔ esi wògblɔ be wotsɔ ame aɖe ƒe nuvɔ̃ kee.—Mateo 9:2-6; tsɔe sɔ kple “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le June 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ me.