INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/1 axa 5-8
  • Kristotɔnyenye Gbãtɔ Kple Dziɖuɖua

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔnyenye Gbãtɔ Kple Dziɖuɖua
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Womenye Xexemetɔwo O Gake Womelé Fui O
  • ‘Womenɔ Amehawo Dome O’
  • ‘Nusiwo Dze’ na Kaisaro la Tsɔtsɔ Nɛ
  • Dadasɔ Nyuie le Nudidi Eve Siwo Le Ho Ʋlim Me
  • Ðekawɔwɔ Kple Dziɖuɖua
  • Mawu Kple Kaisaro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nukae Afia be Wonye Dumevi Nyui?
    Nyɔ!—1999
  • Nusiwo Nye Kaisaro Tɔ Tsɔtsɔ Na Kaisaro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ale Si Míaʋli Nya Nyuia Ta Le Dumegãwo Ŋkume
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/1 axa 5-8

Kristotɔnyenye Gbãtɔ Kple Dziɖuɖua

GAƑOƑO ʋee aɖewo hafi Yesu naku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esi mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o, eye metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:19, NW) Gake ɖe esia fia be Kristotɔwo ƒe nɔnɔme naɖee afia be wolé fu xexe sia me dziɖuɖuwoa?

Womenye Xexemetɔwo O Gake Womelé Fui O

Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) Nenema ke apostolo Petro ŋlɔe be: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amewo ƒe nuɖoanyi katã te le Aƒetɔ la ŋuti, eɖanye ɖe fia, si si ŋusẽ le la te o, eɖanye ɖe dziɖula, siwo wodɔ ɖe dɔgbe le hlɔ̃biabia vɔ̃wɔlawo kple nyuiwɔlawo kafukafu ta la te o.” (Petro I, 2:13, 14) Edze ƒã be enye gɔmeɖose si dzi woda asi ɖo le Kristotɔ gbãtɔwo dome be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Dziɖuɖua kple eteƒenɔlawo te. Wodze agbagba be yewoanye dumevi sedziwɔlawo ahanɔ anyi le ŋutifafa me kple amewo katã.—Romatɔwo 12:18.

The Encyclopedia of Religion gblɔ le tanya si nye “Sɔlemeha Kple Dziɖuɖu” te be: “Le Aƒetɔ ƒe Ƒeawo ƒe ƒe alafa gbãtɔ etɔ̃awo me la, Kristo-ha la

ɖe vovo tso Roma nuwɔna siwo dzi woda asi ɖo akpa gãtɔ gbɔ . . . Ke hã la, Kristotɔ ŋgɔnɔlawo . . . fia be woaɖo to Romatɔwo ƒe sewo awɔ nuteƒe na fiagã la vaseɖe afisi Kristotɔwo ƒe dzixɔse ɖe mɔ se ɖo.”

Bubu, Menye Tadedeagu O

Kristotɔwo melé fu Roma-fiagã la o. Wosia ŋusẽ si le esi la ɖa eye wodea bubu si dze eƒe ɖoƒe ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo le Fiagã Nero ƒe dziɖuɣi be: “Mibu amewo katã, . . . mibu fia la.” (Petro I, 2:17) Menye wo gbɔ fiawo koe wozãa nya “fia” na o ke wozãnɛ le Helagbe-dolawo katã dome na Romatɔwo ƒe fiagã la hã. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe fiadu me be: “Mitu fe na amesiame, alesi dze . . . amesi dze bubu la, mibui.” (Romatɔwo 13:7) Le nyateƒe me la, Roma-fiagã la dze bubu. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ebia be woade ta agu na ye gɔ̃ hã. Gake go sia mee Kristotɔwo ɖo seɖoƒe na wo ɖokuiwo le.

Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Polycarp le Roma-dziɖula aɖe gbɔ le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, woka nya ta be egblɔ be: “Kristotɔe menye. . . . Wofia mí be míatsɔ bubu ɖesiaɖe si dze ana . . . ŋusẽ kple dziɖuɖu siwo Mawu ɖo.” Gake Polycarp lɔ̃ be yeaku tsɔ wu be yeade ta agu na fiagã la. Ƒe alafa evelia me xɔsetaʋlila Theophilus si tso Antioxia ŋlɔ be: “Made bubu fiagã la ŋu boŋ, menye be made ta agu nɛ le nyateƒe me o, ke mado gbe ɖa ɖe eta. Gake Mawu si le agbe eye wònye Mawu vavã lae made ta agu na.”

Gbe si sɔ dodo ɖa ɖe fiagã la ta medo ƒome kple fiagã la subɔsubɔ alo kple dulɔlɔ̃ le mɔ aɖeke nu o. Apostolo Paulo gblɔ taɖodzinu si le wo ŋu be: “Azɔ mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔɖeametawo, akpedadawo le amewo katã ta, le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me le mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.”—Timoteo I, 2:1, 2.

‘Womenɔ Amehawo Dome O’

Kristotɔ gbãtɔwo ƒe agbe sia si wonɔ bubudeameŋutɔe mena be xexe si me wonɔ la lɔ̃ woƒe nya o. Franse-ŋutinyaŋlɔla A. Hamman gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo “menɔ amehawo dome o.” Womenɔ ameha eve siwo nye Yuda kple Roma tɔwo dome o nyateƒe, eye akpa evea siaa bu nazã ɖe wo ŋu eye womese nu gɔme na wo o.

Le kpɔɖeŋu me, esime Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo tso apostolo Paulo nu alakpatɔe la, eɖe eɖokui nu gblɔ le Roma mɔ̃mefia ŋkume be: “Nyemewɔ nuvɔ̃ aɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbedoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o. . . . Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!” (Dɔwɔwɔwo 25:8, 11) Esi Paulo dze sii nyuie be Yudatɔwo le aɖaŋu dem be yewoawu ye la, etsɔ eƒe nya de asi na Nero, eye eto esia wɔwɔ me fia be yedea bubu Roma-fiagã la ƒe ŋusẽ ŋu. Esia ta, edze abe woɖe asi le Paulo ŋu esi wodrɔ̃ ʋɔnui zi gbãtɔ le Roma. Gake emegbe wogadee xɔ ake, eye wogblɔe le xotutu me be Nero ye ɖe gbe wowui.

Hadomegbenɔnɔŋutinunyala kple mawunyaŋununyala Ernst Troeltsch ŋlɔ nu tso nɔnɔme sesẽ si me Kristotɔ gbãtɔwo nɔ le Romatɔwo dome ŋu be: “Wogbe ɖoƒe kple dɔwɔna siwo katã do ƒome kple legbasubɔsubɔ, alo kple Fiagã subɔsubɔ, alo esiwo do ƒome kple ʋukɔkɔɖeanyi alo kufiatsotso, alo esiwo ana be Kristotɔwo nakpɔ gome le trɔ̃subɔlawo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me.” Ðe esia wɔe be ƒomedodo si me ŋutifafa kple ame nɔewo sisi ɖa le la menɔ Kristotɔwo kple Dziɖuɖua dome oa?

‘Nusiwo Dze’ na Kaisaro la Tsɔtsɔ Nɛ

Yesu gblɔ gɔmeɖose si afia mɔ alesi Kristotɔ awɔ nu ɖe Roma Dziɖuɖua ŋui, alo ɖe dziɖuɖu bubu ɖesiaɖe ŋu fia, esime wògblɔ be: “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:21) Yesu ƒe aɖaŋu si wòɖo na eyomedzelawo la to vovo sasasã tso Yudatɔ dukɔmevinyahela geɖe siwo nyɔ ŋu Romatɔwo ƒe dziɖuɖua eye woʋlia nya be ɖe se ɖe mɔ be woaxe adzɔ na dutadziɖuɖuwo hã la tɔ gbɔ.

Emegbe Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ. Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo [“dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na”] wonye, amesiwo nɔ nenem nusia wɔwɔ dzi. Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, mina adzɔe.” (Romatɔwo 13:5-7) Togbɔ be Kristotɔwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o hã la, enye woƒe agbanɔamedzi be woanye dukɔmevi adzɔxela ɖianukwarewo, axe fe na Dziɖuɖua le dɔ siwo wòwɔna la ta.—Yohanes 17:16.

Gake adzɔxexe ŋu koe Yesu ƒe nyawo ku ɖoa? Esi Yesu megblɔ nusi nye Kaisaro tɔ kple nusi nye Mawu tɔ tẽ o ta la, nya aɖewo tsi vedomesi siwo wòle be míanɔ te ɖe nusiwo ŋu nya la ku ɖo alo alesi míese Biblia bliboa gɔmee dzi atsɔ atso nya me le wo ŋu. Ne míagblɔe bubui la, nyametsotso ɣeaɖewoɣi le nusi Kristotɔ atsɔ na Kaisaro ŋu la aku ɖe Kristotɔa ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo fia nui la ŋu.

Dadasɔ Nyuie le Nudidi Eve Siwo Le Ho Ʋlim Me

Ame geɖe ŋlɔnɛ be be esi Yesu gblɔ be woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ anae vɔ megbe la, egagblɔ kpee be: “Eye [mitsɔ] nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” Apostolo Petro fia nusi Kristotɔwo ƒe nu vevitɔ nye. Esi Petro xlɔ̃ nu le ɖokuibɔbɔ na “fia” la, alo fiagã la kple eƒe “dziɖulawo,” ŋuti vɔ teti la, eŋlɔ be: “[Minɔ] abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔ̃ɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene. Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.” (Petro I, 2:16, 17) Apostoloa ɖee fia be Kristotɔwo nye Mawu ƒe kluviwo, menye na amegbetɔ dziɖula aɖeke o. Esi wodea bubu Dziɖuɖua teƒenɔlawo ŋu hesia wo ɖa la, ele be woawɔ esia le vɔvɔ̃ na Mawu, amesi ƒe sewo ƒo ɖesiaɖe ta la me.

Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Petro na alesi Mawu ƒe sewo kɔ wu amegbetɔ tɔe dze ƒã. Yudatɔwo ƒe Sanhedrin la nye dukplɔha si si Romatɔwo tsɔ ŋusẽ dee be woakpɔ dukɔ me kple mawusubɔsubɔ nyawo siaa gbɔ. Esime wode se na Yesu yomedzelawo be woadzudzɔ nufiafia le Kristo ƒe ŋkɔ me la, Petro kple apostolo bubuawo ɖo eŋu ameŋkumesisitɔe gake kple dzideƒo be: “Ele be woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Edze ƒã be ele be Kristotɔ gbãtɔwo nayi edzi ada asɔ nyuie le toɖoɖo Mawu kple ɖokuibɔbɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo te si sɔ me. Aleae Tertullian gblɔe le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze mee nye si: “Ne nuwo katã nye Kaisaro tɔ la, ke kae agasusɔ na Mawu?”

Ðekawɔwɔ Kple Dziɖuɖua

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔa nu ɖe Dziɖuɖua ŋui me va nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ʋeʋeʋe. Megbedede si Yesu kple apostoloawo gblɔ ɖi la keke ta le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me. (Mateo 13:37, 38; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:3-12; Petro II, 2:1-3) Kristotɔnyenye si de megbe wɔ ɖeka kple Roma-xexea me, xɔ eƒe trɔ̃subɔsubɔ ŋkekenyuiwo kple xexemenunya, eye menye dumedɔwo koe wolɔ̃ wɔ o ke asrafodɔ hã.

Nufialagã Troeltsch ŋlɔ be: “Tso ƒe alafa etɔ̃lia dzi yina la, nɔnɔmea va sesẽ ɖe edzi ŋutɔ, elabena Kristotɔwo va sɔ gbɔ ɖe edzi le ɖoƒe kɔkɔwo le Amehawo dome kple le dɔwɔna siwo nye ŋkutawo wu me, le asrafowo kple amegã nɔƒewo me. Woŋlɔ nya geɖe dzikutɔe tsɔ tsi tre ɖe gomekpɔkpɔ le nusiawo me ŋu ɖe Kristotɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo [esiwo wometu ɖe Biblia dzi o] ƒe akpa geɖe; le go bubu me la, míekpɔ alesi wote kpɔ be yewoana woawɔ ɖeka hã—nyagbɔgblɔ siwo woatsɔ afa dzi na amesiwo ƒe dzitsinya mele mɔ ɖem na wo o . . . Tso Konstantino ƒe dziɖuɣi me la, kuxi siawo meganɔ anyi o; masɔmasɔ megava nɔ Kristotɔwo kple trɔ̃subɔlawo dome o, eye mɔnu ʋu ɖi be woawɔ dɔ le Dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒewo katã.”

Esi ƒe alafa enelia M.Ŋ. yina nuwuwu la, Kristotɔnyenye sia si wotɔ tsii, si na ta la va zu Dziɖuɖua ƒe mawusubɔsubɔha le Roma Fiaɖuƒea me.

Le Kristodukɔa—si me Katoliko, Orthodɔks, kple Protestant Sɔlemeha la le—ƒe ŋutinya katã me la, eyi edzi wɔ ɖeka kple Dziɖuɖua, eƒo eɖokui ɖe eƒe dunyahehe me vĩ eye wòkpe asi ɖe eƒe aʋawɔwɔwo ŋu. Ðikekemanɔmee la, adzɔ dzi na sɔlemedela anukwaretɔ geɖe siwo esia awɔ mo yaa na be woase be Kristotɔwo gali egbea siwo léa ƒomedodo si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kple Dziɖuɖua dome ɖe asi. Nyati eve siwo gbɔna la adzro nya la me tsitotsito ayi ŋgɔe.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Kaisaro Nero si ŋu Petro ŋlɔ le be: “Mibu fia la”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musei Capitolini, Roma

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Polycarp lɔ̃ be yeaku tsɔ wu be yeade ta agu na fiagã la

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kristotɔ gbãtɔwo nye dumevi siwo lɔ̃a ŋutifafa, ɖia anukware, hexea adzɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe