INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/1 axa 8
  • “Wò Seawo Katã Nye Nyateƒe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Wò Seawo Katã Nye Nyateƒe”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Woŋlɔe Le Míaƒe Nufiafia Ta”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Xlẽ Mawu Ƒe Nya La Eye Nàsubɔe Le Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/1 axa 8

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Wò Seawo Katã Nye Nyateƒe”

ƔEYIƔI kpui aɖe do ŋgɔ na Mose ƒe ku la, exlɔ̃ nu Israel-viwo be woalé Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖesiaɖe me ɖe asi. Egblɔ be: “Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, nade dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi. Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee.”—Mose V, 32:46, 47.

Le ƒe alafa geɖe megbe la, hakpala la te gbe ɖe Mawu ƒe nufiafiawo katã ƒe vevienyenye dzi esi wògblɔ be: “Yehowa, ètsɔ kpuiƒe, eye wò seawo katã nye nyateƒe.” (Psalmo 119:151) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu ŋutɔ hã ƒo nu tso asixɔxɔ si le “nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me” la ŋuti. (Mateo 4:4) Eye apostolo Paulo ŋlɔ le Mawu ƒe mɔfiafia te be ‘Ŋɔŋlɔa sia Ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la nyo.’—Timoteo II, 3:16.

Edze ƒã be Yehowa Mawu di tso esubɔlawo si be woade asixɔxɔ gbedasi siwo katã wòna mí si woŋlɔ ɖe eƒe Nya la me ŋu. Mawunyakpukpui aɖeke mele Biblia me si ŋu asixɔxɔ mele o. Aleae Yehowa Ðasefowo bua Mawu ƒe Nya lae, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna si tso Mauritius ɖee fia ene.

Aƒetɔ D—— le kɔƒe totroe aɖe me eye wònye zãdzɔla. Enɔ mɔ nyuitɔ si dzi wòato asubɔ Mawu dim anukwaretɔe ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Esi wònɔ zã dzɔm la, edze Biblia la xexlẽ gɔme. Mlɔeba exlẽe tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. Esrɔ̃e be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa—ŋkɔ si dze zi geɖe le eƒe Hindigbe Biblia me. Agbalẽ si do dzidzɔ nɛ vevie wu enye Nyaɖeɖefia.

Emegbe ebia eɖokui be ɖe subɔsubɔha aɖe li si wɔna ɖe Biblia bliboa dzi hã. Ede dzesii be le subɔsubɔha siwo katã yenya me la, ne wodze agbagba ʋuu la, ke Biblia ƒe akpa aɖewo ko dzie wowɔna ɖo. Subɔsubɔha aɖewo da asi ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo dzi eye wogbe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Subɔsubɔha bubuwo ŋe aɖaba ƒu Hebri Ŋɔŋlɔawo dzi hegblɔna be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ko ŋue asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le.

Gbeɖeka Aƒetɔ D—— kpɔ ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo tsi nɔ ƒoƒom eye wòkpe wo be woava be ɖe yeƒe aƒeme. Yehowa Ðasefowoe wonye. Nyɔnua lé agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ɖe asi.a Aƒetɔ D—— bia wo enumake be woatsɔ agbalẽa ana ye. Ðasefoawo bui be nya siwo ku ɖe Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖia ŋu la me goglo akpa nɛ, eyata wotsɔ agbalẽ bubu boŋ nɛ. Gake Aƒetɔ D—— gblɔ be Nyaɖeɖefia-gbalẽa ko dim yele.

Esi agbalẽa su esi la, exlẽe kabakaba. Elɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ekpɔe enumake be enye nyateƒe be Ðasefoawo dea asixɔxɔ Biblia bliboa ŋu vevie eye nusia dzɔ dzi nɛ. Edze kpekpewo dede gɔme edziedzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me, afisi wosrɔ̃a Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa le tsitotsito. Fifia enye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela eye enye Kristo-hamea me tɔ xɔnyɔnyrɔ̃.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe