Gilead Suku ɖo eƒe klass 100 lia ɖa
GBETAKPƆXƆ Gilead Biblia Sukua wɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea le xexeame katã me le egbeɣeyiɣiwo me. Gilead Sukua delawo subɔ le anyigba siwo wu 200 me tso esime wòdze hehenana dutanyanyuigblɔlawo gɔme le ƒe 1943 me. Klass 100 lia do le suku le March 2, 1996 dzi.
Sukuviawo nɔ suku dem le ɣeyiɣi si me sno dza kɔ ɖe anyi wòkɔkɔ wu meta eve le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York nutoa me. Mewɔ nuku o be sno ganɔ dzadzam le woƒe sukunuwugbe hã. Gake amewo yɔ takpexɔa, eye nyasela gbogboawo se nuƒoa le Patterson, Wallkill, kple Brooklyn—wo katã ƒe xexlẽme de 2,878.
Theodore Jaracz si nye Dziɖuha la ƒe Nufiafia Kɔmiti me tɔ ye nɔ zi me. Esi wòtsɔ vividoɖeameŋu do dzaa na vavala siwo tso dukɔ geɖe me vɔ la, ekpe wo katã be woatso eye woadzi hadzidzi 52 lia. Kafukafuha na Yehowa de dzi bobobo le takpexɔa me esi wonɔ hadzidzi si nye “Mía Fofo ƒe Ŋkɔ” dzim tso Midzi Kafukafuhawo na Yehowa ƒe agbalẽa me. Hadzidzi ma, kpakple zimenɔla ƒe nya siwo ku ɖe hehexɔxɔ tsɔtsɔ kafu Yehowae ŋu, ʋã amewo ƒe dzi ɖe wɔna si ayi edzi la ŋu.
Ŋɔŋlɔawo me Nuxlɔ̃ame Tso Ame Tsitsiwo Gbɔ
Wɔna la ƒe akpa gbãtɔ nye nuƒo kpuiwo tso amesiwo le Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖee nye sia la dometɔ aɖewo gbɔ na sukunuwulawo. Richard Abrahamson si le dɔ wɔm le habɔbɔa ƒe ta eye wòdze eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1940 me la xlɔ̃ nu sukunuwulawo be: “Mina Woayi Edzi Aɖɔ Mi Ðo.” Eɖo ŋku edzi na wo be woto ɣeyiɣi geɖe siwo me woɖɔ wo ɖo le woƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me, kple le woƒe ɣleti atɔ̃ siwo wotsɔ de suku le Gilead hã me. Ekema nukata wògahiã be woayi edzi aɖɔ wo ɖo?
Nuƒola la ɖe eme be nya si apostolo Paulo zã le Korintotɔwo II, 13:11 “fia nuwɔna si yia edzi ɖaa, alesi woayi edzi atsɔ wo ɖokui ade Yehowa ƒe asitɔtrɔ le ame ŋu alo ameŋukɔkɔ wòanyo wu te, ale be woaɖo Yehowa ƒe dzidzenuwo gbɔ bliboe wu.” Sukunuwulawo ado go nɔnɔme sesẽ yeye geɖe siwo ado woƒe xɔse kpɔ le woƒe dutadɔdasiwo me. Ahiã be woasrɔ̃ gbe yeye, woatrɔ ɖe nuwɔna siwo to vovo kple agbenɔnɔ bubuwo ŋu, eye woatrɔ ɖe anyigbamamã vovovowo ŋu. Woado go ameƒomevi vovovowo hã le woƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo me kple le woƒe hame yeyewo me. Ne woawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi nyuie le nɔnɔme siawo dometɔ ɖesiaɖe me, eye woalɔ̃ faa be woaɖɔ yewo ɖo la, ekema woawo hã woate ŋu ‘akpɔ dzidzɔ ɖaa’ abe alesi Paulo ŋlɔe ene.
John Barr si nye Dziɖuha la me tɔ atɔ̃ siwo kpɔ gome le wɔnaa me dometɔ ɖeka la tu eƒe nya la ɖe Korintotɔwo I, 4:9 dzi. Eɖo ŋku edzi na nyaselawo be mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa ƒe ŋku le Kristotɔwo ŋu. Egblɔ be: “Esia nyanya dzia vevienyenye si le Kristotɔ ƒe nuwɔna le agbe me ŋu ɖe edzi, vevietɔ ne ekpɔe dze sii be to yeƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me la, yeate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖedzesi aɖe ɖe amesiwo le ekpɔm, amesiwo eya mekpɔna o kple amesiwo wòkpɔna siaa dzi. Mexɔe se be esia nye nane si anyo ŋutɔ be mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo katã tso klass 100 lia me naɖo ŋkui esi mietso afisia yina anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi.”
Nɔviŋutsu Barr xlɔ̃ nu sukunuwula 48 la be woalée ɖe susu me ne wole kpekpem ɖe amesiwo si alẽ ƒe nɔnɔme le be woasrɔ̃ nyateƒea ŋu be, ‘enyea dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me be nuvɔ̃wɔla ɖeka natrɔ dzi me.’ (Luka 15:10) Esi wònɔ nu ƒom tso Korintotɔwo I, 11:10 ŋu la, eɖee fia be menye mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnu siwo míekpɔna dzi koe alesi míewɔa nu ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu kpɔa ŋusẽ ɖo o ke ekpɔa ŋusẽ ɖe mawudɔla siwo míekpɔna o hã dzi. Aleke gbegbe wòanyoe nye si be nukpɔsusu deto sia nanɔ ame si!
Gerrit Lösch si nye Dziɖuha la me tɔ bubu si hã de Gilead Sukua kpɔ la dzro ŋɔŋlɔwo abe Psalmo 125:1, 2; Zaxarya 2:8, 9; kple Psalmo 71:21 ene me tsɔ ɖee fia be Yehowa ‘ƒo xlã eƒe amewo.’ Ekpɔa wo ta le go sia go me. Ðe wòanye xaxa gã la me koe Mawu akpɔ ame ta le mɔ sia nua? Nuƒola la ɖo eŋu be: “Ao, elabena Yehowa nye ‘dzo ƒe gli’ xoxo hele eƒe amewo ta kpɔm. Tso aʋawɔwɔa megbe le ƒe 1919 la, gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo di vevie be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexeame katã be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã. Wonye kpɔɖeŋu dziƒo Yerusalem teƒenɔlawo. Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ ye teƒenɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sia ta le nuwuɣia me. Eyata amekae ate ŋu axe mɔ ɖe wo nu wòadze edzi? Ame aɖeke o.” Ŋusẽdoame ka gbegbee nye si wònye na wo kple amesiwo katã le ha dem kpli wo kplikplikpli le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me!
Ulysses Glass si nye nufialawo dometɔ tsitsitɔ de dzi ƒo na sukunuwulawo be ‘woawu woƒe dzesidenu wɔwɔ nu le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa me.’ Dzesidenu nye nɔnɔme alo nuwɔna aɖe si sɔ nyuie na ame ƒe ŋutete alo eƒe nɔnɔme. Egblɔ be: “Mi dutanyanyuigblɔla yeyewo miekpɔ miaƒe dzeside le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa me. Gake togbɔ be enye nu xɔasi fifia hã la, miaƒe agbenɔnɔ abe dutanyanyuigblɔlawo ene ƒe gɔmedzedze koe nye sia.” Ahiã be woaƒo wo ɖokui ɖe dɔa me nyuie be woazã woƒe ŋutetewo be wòasɔ ɖe dɔdasi tɔxɛ si Yehowa kple eƒe habɔbɔa le wo nam la nu.
Wallace Liverance si nye Gilead-nufialawo dometɔ ɖeka si subɔ ƒe 17 le Bolivia ye ƒo nuƒo mamlea le wɔna la ƒe akpa sia. Ebia sukuviwo ƒe ƒuƒoƒoa be: “Ðe miado Mawu kpɔa.” Aleke woawɔ esiae? Israel-dukɔa do Mawu kpɔ le mɔ madzemadze nu. (Mose V, 6:16) Nuƒolaa gblɔ be: “Edze ƒã be menyo be woado Mawu kpɔ to nyatoƒoetoto alo liʋĩliʋĩlili alo ɖewohĩ to makamaka ɖe mɔ siwo dzi wòtona kpɔa nyawo gbɔe dzi o.” Exlɔ̃ nu wo be: “Ne mieɖo miaƒe anyigbamamã yeyewo me la, mitsri nɔnɔme mawo.” Ke nukae nye mɔ nyuitɔ si dzi woato ado Mawu kpɔ? Nɔviŋutsu Liverance ɖe eme be: “To eƒe nyawo dzixɔxɔse dzi, to nya si wògblɔ dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ, kple emetsonua gbegblẽ ɖe eƒe asi me dzi.” Abe alesi míekpɔe le Maleaxi 3:10 ene la, Yehowa kpe eƒe amewo be: “Mitsɔ esia dom kpɔ.” Edo ŋugbe be ne wotsɔ woƒe nuwo ƒe ewoliawo va yeƒe nudzraɖoƒe nuteƒewɔwɔtɔe la, yeayra wo. Nuƒolaa do ŋusẽ wo be: “Nukata miabu miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔdasia le mɔ sia ke nu o? Yehowa di be miakpɔ dzidzedze le ewɔwɔ me, eyata midoe kpɔ. Milé ɖe miaƒe dɔdasia ŋu. Miwɔ ɖɔɖɔɖo siwo wòdi be miawɔ. Mido dzi. Mikpɔe ɖa be mayra mi o hã.” Nuxlɔ̃ame nyui kae nye si wònye na amesiwo katã le Yehowa subɔm!
Le hadzidzi megbe la, wɔna la trɔ tso nuƒowo dzi va ɖo gbebiame dodzidzɔnamewo dzi.
Gbeadzi Nuteƒekpɔkpɔ Siwo Aɖe Vi
Mark Noumair si nye Gilead-nufiala yeye kpe sukunuwulawo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le gbeadzi esime wonɔ sukua dem. Esiawo ɖe asixɔxɔ si le ŋgɔxɔxɔ ate ɖe amewo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu fia eye wòna nyaselawo kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo woate ŋu azã.
Le Gilead-sukuvi siawo ƒe nusrɔ̃ɣi la, eɖe vi na wo ŋutɔ be woade ha kple Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ siwo tso dukɔ 42 me, siwo hã nɔ hehe tɔxɛ xɔm le Patterson Hehenaƒea. Wo dometɔ geɖe do le Gilead ƒe geɖe enye sia. Le wɔnaa me la, wobia gbe amesiwo de klass 3 lia, 5 lia, 51 lia, kple 92 lia, kpakple amesiwo de Gilead Suku ƒe Kekeɖenu si le Germania hã. Woƒe nyawo ɖe vi ale gbegbe!
Wogblɔ alesi dutanyanyuigblɔlawo se le wo ɖokui me esi wokpɔ Yehowa kafulawo ƒe dzidziɖedzi le woƒe anyigbawo me tso ame ʋee aɖewo dzi va ɖo ame akpe geɖe. Wogblɔ alesi wokpɔ gome le nyanyuia kaka me tso aƒe tsoabo siwo le Andes Towo dzi va ɖo kɔƒe siwo le Amazon Tɔsisia ƒe tsidzɔƒewo me. Woƒo nu tso alesi woɖe gbeƒã na ame manyagbalẽwoe ŋu. Wogblɔ alesi woawo ŋutɔ woʋli sesĩe le gbegbɔgblɔ yeyewo sɔsrɔ̃ me kple mɔkpɔkpɔ si wòle be wòanɔ sukunuwulawo si be ɣeyiɣi kpui aɖe ko wòaxɔ be woate ŋu aɖe gbeƒã eye woana nuƒowo le gbegbɔgblɔwo abe Chinagbe ene me. Wowɔ nyanyuia gbɔgblɔ le Spaniagbe kple Chinagbe me ƒe wɔwɔfiawo gɔ̃ hã. Wote gbe ɖe edzi be dutanyanyuigblɔlawo kpɔa dzidzedze wu ne menye gbegbɔgblɔa koe wosrɔ̃ o ke wosrɔ̃ alesi ameawo bua tamee hã. Woƒo nu tso nɔnɔme sesẽ siwo le dukɔ dahewo me zi geɖe ŋu eye wogblɔ be: “Ele be dutanyanyuigblɔlawo nakpɔe dze sii be ameteteɖeanyie he nɔnɔme sia vɛ. Dutanyanyuigblɔla awɔ geɖe wu ne ese le eɖokui me abe alesi Yesu se le eɖokui mee ene—eƒe dɔme trɔ ɖe ameawo ŋu, elabena wole abe alẽ siwo kplɔla meli na o ene.”
Le hadzidzi megbe la, wɔna la yi edzi kple A. D. Schroeder si nye Dziɖuha la me tɔ ƒe nuƒo. Mɔnukpɔkpɔ su esi be wònye Gilead Suku nufiala gbãtɔawo dometɔ ɖeka esime wodze egɔme le ƒe 1943 me. Edzro nuƒo si ƒe tanyae nye “Dzaadodo Na Yehowa si Nye Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ” me wònye wɔna la taƒoƒo si sɔ. Nɔviŋutsu Schroeder ƒe nuƒo si wòtu ɖe Psalmo 24 lia dzi si amewo nɔ to dzi vevie se la wɔ dɔ ɖe vavalawo katã dzi le alesi wònye mɔnukpɔkpɔ gãe be woado dzaa na Yehowa si nye Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ lae ŋu.
Esi womã ɖaseɖigbalẽ na wo eye wodzi hadzidzi mamlea vɔ la, Karl Klein si nye Dziɖuha la me tɔ tsɔ gbedodoɖa wɔdɔɖeamedzi aɖe wu enui. Wɔna nyui si ado ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me ka gbegbee nye si wònye!
Le sukunuwugbe ƒe ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, sukunuwula 48 siwo nɔ klass 100 lia me dze mɔzɔzɔ gɔme yi woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔdasiwo me le dukɔ 17 me. Gake menye azɔ̃e woadze woƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme o. Wobi ɖe Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me xoxo. Esi woŋlɔ ŋkɔ le Gilead la, le mamã dedie nu woxɔ ƒe 33 eye wotsɔ ƒe 12 kple edzivɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Wo dometɔ aɖewo nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe Betel-ƒomea me tɔwo tsã. Bubuwo nye dzikpɔla mɔzɔlawo. Sukuviawo dometɔ aɖewo wɔ subɔsubɔdɔa le duta kpɔ—le Afrika, Europa, Anyigbe Amerika, ƒukpowo dzi, kple le gbe bubu dolawo dome le wode dukɔwo me. Gake fifia wova kpe ɖe dutanyanyuigblɔla bubu geɖe siwo wònye dzidzɔ na be woagblɔ be, ‘Míasubɔ le xexeame ƒe afisiafi si míehiã le’ la ŋu. Woƒe dzimedidie nye be woatsɔ woƒe agbe ado Yehowa ɖe dzi.
[Aɖaka si le axa 27]
Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka:
Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 8
Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 17
Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48
Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.75
Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.31
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo ƒe mama dedie: 12.06
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Suku ƒe Klass 100 Lia
Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.
(1) Shirley, M.; Grundström, M.; Genardini, D.; Giaimo, J.; Shood, W.; Phair, P.; Buchanan, C.; Robinson, D. (2) Pine, C.; Kraus, B.; Racicot, T.; Hansen, A.; Beets, T.; Berg, J.; Garcia, N.; Fleming, K. (3) Whinery, L.; Whinery, L.; Harps, C.; Giaimo, C.; Berg, T.; Mann, C.; Berrios, V.; Pfeifer, C. (4) Randall, L.; Genardini, S.; Kraus, H.; Fleming, R.; D’Abadie, S.; Shirley, T.; Stevenson, G.; Buchanan, B. (5) Robinson, T.; Garcia, J.; Harps, P.; Racicot, D.; D’Abadie, F.; Phair, M.; Stevenson, G.; Shood, D. (6) Beets, L.; Pfeifer, A.; Berrios, M.; Pine, J.; Mann, L.; Randall, P.; Grundström, J.; Hansen, G.