Ðe Subɔsubɔ Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?
MAWU tsɔ gbɔgbɔ me didi aɖe wɔ amee—didi be yeasubɔ. Menye nusi dzɔ le eɖokui sie wònye o. Ele amegbetɔ me tso gɔmedzedzea me ke.
Gake nublanuitɔe la, amegbetɔ to subɔsubɔmɔnu ƒomevi vovovo geɖe vɛ, eye wo dometɔ akpa gãtɔ mena ameƒomea zu ƒome si wɔ ɖeka hele dzidzɔ kpɔm o. Ke boŋ wogale aʋa siwo me wokɔa ʋu gbogbo ɖi le la wɔm kokoko le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me. Esia fɔ biabia vevi aɖe ɖe te: Ðe alesi ame aɖe subɔa Mawui le veviea?
Subɔsubɔ si Ŋu Nya Ku Ðo le Blema Ɣeyiɣiwo Me
Blemadukɔ siwo nɔ Titina Ɣedzeƒe nye ŋutinya me kpɔɖeŋu aɖe si akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia ma ŋu. Wo dometɔ geɖe subɔ mawu si ŋkɔe nye Baal. Wosubɔ mawunɔ siwo kpe ɖe Baal ŋu hã, abe Asera ene. Wozãa ati kɔkɔe aɖe si wosusu be enye vidzinu ƒe dzesi le Asera subɔsubɔ me. Blematomenukula siwo wɔ dɔ le nuto ma me ke ɖe kpememe gbogbo aɖewo siwo nye nyɔnu siwo le amama ŋu. The Encyclopedia of Religion gblɔ be kpememe siawo dometɔ ɖeka “nye mawunɔ si ƒe vidzinu wona wòdze gaglãa, helé eƒe no ɖe dzi,” eye “ɖewohĩ etsi tre ɖi na . . . Asera.” Nu ɖeka si ŋu kakaɖedzi le enye be zi geɖe la, wonɔa agbe gbegblẽ le Baal subɔsubɔ me ŋutɔ.
Eyata mewɔ nuku o be wonɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe blibaa le Baal subɔsubɔ me. (Mose IV, 25:1-3) Sixem si nye Kanaanitɔ, dɔ Dina ɖetugbi nɔaƒe gbɔ sesẽe. Ewɔ esia gake wogabunɛ amesi dze bubu le eƒe ƒomea me. (Mose I, 34:1, 2, 19) Ƒometɔ kplikplikpli gbɔdɔdɔ, vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ, kple lã gbɔdɔdɔ bɔ. (Mose III, 18:6, 22-24, 27) Eŋlisigbe me nya “sodomy,” si nye vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔnuwɔna la dzɔ tso du si nɔ xexeame ƒe akpa ma tsã la ƒe ŋkɔ me. (Mose I, 19:4, 5, 28) Wokɔa ʋu hã ɖi le Baal subɔsubɔ me. Ã, Baal subɔlawo daa wo viwo agbagbee ɖe dzobibi vlavlavla me tsɔ saa vɔe na woƒe mawuwo! (Yeremya 19:5) Nuwɔna siawo katã do ƒome kple mawusubɔsubɔ nufiafiawo. Le mɔ ka nu?
Ðk. Merrill Unger ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Archaeology and the Old Testament me be: “Ŋutasesẽ, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ kple ameɖokuiƒoƒoɖenume megbemakpɔmakpɔtɔe si nɔ Kanaanitɔwo ƒe mawuwo subɔsubɔ me la vloe wu ɖesiaɖe le afisiafi le Ɣedzeƒenutowo me ɣemaɣi. Eye nɔnɔme wɔmoyaa si le Kanaanitɔwo ƒe mawuwo si si nye be agbe nyui aɖeke menɔ wo si o la kokokoe anya na wo subɔlawo nɔa agbe vloetɔ kekeake eye wowɔa nu ɖigbɔ̃tɔwo kekeake abe gbolowɔwɔ kɔkɔe, [kple] ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe ene ɣemaɣi.”
Ðe Kanaanitɔwo ƒe subɔsubɔa dze Mawu ŋua? Gbeɖe. Efia alesi Israel-viwo asubɔe le mɔ dzadzɛtɔ nui la wo. Egblɔ le nuwɔna siwo míeyɔ do ŋgɔ ŋu be: “Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nya ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo hedo ŋunyɔ wo ɖokui, eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.”—Mose III, 18:24, 25.
Wova Ƒo Ði Subɔsubɔ Dzadzɛtɔ
Alesi Mawu bua subɔsubɔ dzadzɛe la medze Israel-vi geɖe ŋu o. Ke boŋ woɖe mɔ Baal subɔsubɔ yi edzi le woƒe anyigba dzi. Eteƒe medidi o, woble Israel-viwo wodze agbagba be yewoatsɔ Baal subɔsubɔ atɔtɔ Yehowa tɔe. Ðe Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ tsakatsaka sia tɔgbe ŋua? De ŋugble le nusi dzɔ le Fia Manase ƒe dziɖuɣi ŋu kpɔ. Eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, etsɔ eya ŋutɔ viŋutsu sa vɔe le dzo me, eye wòwɔ akunya. “Eye wòtsɔ Asera [ʼashe·rahʹ le Hebrigbe me] ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le . . . be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me . . . tegbee” la me.—Fiawo II, 21:3-7.
Manase teviwo dze woƒe fia la ƒe kpɔɖeŋu yome. Le nyateƒe me la, “[eble] wo wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.” (Fiawo II, 21:9) Le esi Manase naɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃ame teƒe la, ewu ame vaseɖe esime Yerusalem yɔ fũ kple ame maɖifɔwo ƒe ʋu. Togbɔ be Manase va trɔ eƒe agbenɔnɔ hã la, Fia Amon si nye via si va zu fia ɖe eteƒe gbugbɔ fɔ Baal subɔsubɔ ɖe te.—Fiawo II, 21:16, 19, 20.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutsu gbolowo va nɔ gbolo wɔm le gbedoxɔa me. Aleke Mawu bu Baal subɔsubɔ me nuwɔna siae? Exlɔ̃ nu to Mose dzi do ŋgɔ be: “Megaɖe adzɔgbe atsɔ nyɔnu alo ŋutsu [si anye ŋutsuviwo gbɔdɔla] ƒe ahasiho aɖeke ava Yehowa, wò Mawu la, ƒe me o, elabena ŋunyɔnu woa kple eve la siaa nye na Yehowa, wò Mawu la.”—Mose V, 23:17, 18, NW, etenuŋɔŋlɔ.
Fia Yosia si nye Manase ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Baal subɔsubɔ gbegblẽ la ɖa le gbedoxɔa me. (Fiawo II, 23:6, 7) Gake nuwo gblẽ tso eme akpa. Le Fia Yosia ƒe ku megbe kpuie la, wogava nɔ trɔ̃ subɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔa me. (Xezekiel 8:3, 5-17) Eyata Yehowa na Babilon-fia va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. Ŋutinya me nudzɔdzɔ wɔnublanui sia ɖo kpe edzi be tadedeagu ƒomevi aɖewo medzea Mawu ŋu o. Ke míaƒe egbeŋkekea hã ɖe?