INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 7/1 axa 19-24
  • Tadedeagu Vavãtɔ Ƒe Dziɖuɖukpɔkpɔ Tu aƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tadedeagu Vavãtɔ Ƒe Dziɖuɖukpɔkpɔ Tu aƒe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amedzrowo le Mawu ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔ Me
  • Kɔkɔeƒea Kple Emenuwo
  • Tadedeagu Vavãtɔ ƒe Dziɖuɖukpɔkpɔ Bliboe
  • Anyigba Dzi Tsitretsitsi La
  • Egbegbe Agbadɔŋkekenyui
  • Ŋkekenyui Ðedzesiwo Le Israel Ƒe Ŋutinya Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • ‘Dzidzɔ Sɔŋ Koe Nàkpɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ameha Gã Nyadri Aɖe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Yehowa Ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔ Gã la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 7/1 axa 19-24

Tadedeagu Vavãtɔ Ƒe Dziɖuɖukpɔkpɔ Tu aƒe

“Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu.”—ZAXARYA 14:9.

1. Nuka teƒee Kristotɔ amesiaminawo kpɔ le Xexemeʋa I me, eye aleke wogblɔ esia ɖii?

LE XEXEMEƲA gbãtɔ wɔɣi la, Kristotɔ amesiaminawo kpe fu geɖe le nɔnɔme sesẽwo kple gaxɔmenɔnɔwo me le dukɔ siwo nɔ aʋa wɔm la si me. Woxe mɔ ɖe woƒe kafukafuvɔsa tsɔtsɔ na Yehowa nu vevie, eye woyi ɖe gbɔgbɔmeboyo aɖe me. Wogblɔ esia katã ɖi le Zaxarya 14:2, si ƒo nu tso alesi dukɔwo katã aho ɖe Yerusalem ŋu la ŋu. Du si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi sia mee nye “dziƒo Yerusalem,” Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe kple afisi “Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la” le. (Hebritɔwo 12:22, 28; 13:14; Nyaɖeɖefia 22:3) Mawu ƒe amesiamina siwo le anyigba dzie tsi tre ɖi na du ma. Wo dometɔ nuteƒewɔlawo to amedzidzedze la me, eye womeɖe mɔ le wo ɖokui ŋu be woaɖe aboyo yewo “le dua me” o.a

2, 3. (a) Aleke Yehowa ƒe tadedeagu kpɔ dziɖuɖu tso ƒe 1919 mee? (b) Nukae yi edzi tso ƒe 1935 me?

2 Le ƒe 1919 me la, wona ablɔɖe amesiamina nuteƒewɔlawo tso woƒe aboyomenɔnɔ ƒe nɔnɔmea me, eye wowɔ ŋutifafaɣi si kplɔ aʋa la ɖo ŋudɔ enumake. Esi wonye dziƒo Yerusalem ƒe ame dɔdɔwo ta la, wowɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si nye be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia eye woana kpekpeɖeŋu le ame 144,000 me tɔ susɔeawo nu ƒoƒo ƒu me la ŋudɔ. (Mateo 24:14; Korintotɔwo II, 5:20) Le ƒe 1931 me la, woxɔ ŋkɔ si tso Ŋɔŋlɔawo me si nye Yehowa Ðasefowo wòsɔ.—Yesaya 43:10, 12.

3 Tso ɣemaɣi la, Mawu ƒe Ðasefo amesiaminawo megatrɔ kpɔ megbe kpɔ o. Hitler kple eƒe Nazi-habɔbɔa gɔ̃ hã mete ŋu de ga nu na wo o. Togbɔ be wotia wo yome le xexeame katã hã la, woƒe dɔa tse ku le anyigba dzi katã. Vevietɔ tso ƒe 1935 me la, “ameha gã” siwo tso dukɔwo katã me siwo ƒe nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la va wɔ ɖeka kpli wo. Amesiawo hã nye Kristotɔ adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ siwo “[nya] woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi” Yesu Kristo “ƒe ʋu la me.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake womenye amesiamina siwo si dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la me tɔwo o. Woƒe mɔkpɔkpɔe nye be woanyi nusi Adam kple Xawa bu, si nye amegbetɔ ƒe agbe deblibo la, dome le paradisonyigba dzi. (Psalmo 37:29; Mateo 25:34) Egbea ameha gã la sɔ gbɔ wu luʋɔ miliɔn atɔ̃. Yehowa ƒe tadedeagu vavã la le dziɖuɖu kpɔm, gake eƒe dziɖuɖukpɔkpɔ mamlɛtɔ le ŋgɔ gbɔna.

Amedzrowo le Mawu ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔ Me

4, 5. (a) Afikae ameha gã dea ta agu na Yehowa le? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawoe su wo si, eye nyagblɔɖi ka me vavae wònye?

4 Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, ameha gã la ‘le Mawu subɔm zã kple keli le eƒe gbedoxɔ la me.’ (Nyaɖeɖefia 7:15, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Esi womenye gbɔgbɔ me Israel-vi nunɔlawo o ta la, anɔ eme be Yohanes kpɔ wo wotsi tre ɖe gbedoxɔa me le Dukɔwo Me Tɔwo ƒe xɔxɔnu si le egodo la me. (Petro I, 2:5) Aleke gbegbe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ lae nye si, esi wotsɔ ameha gã sia kple gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe ame susɔe siwo le ekafum la le eƒe akpa aɖewo yɔmee!

5 Menye nɔnɔme si ƒe kpɔɖeŋu nunɔlawo ƒe xɔxɔnu ememetɔ la nye mee ameha gã la subɔa Mawu le o. Womebu dzɔdzɔenyenye na wo be Mawu naxɔ wo woanye eƒe gbɔgbɔmeviwo o. (Romatɔwo 8:1, 15) Gake to Yesu ƒe tafea dzixɔxɔse me la, tenɔnɔ nyui le wo si le Yehowa ŋkume. Wobui dzɔdzɔenyenye na wo be woava nye eƒe xɔlɔ̃wo. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 2:21, 23.) Mɔnukpɔkpɔ su woawo hã si be woasa vɔ siwo dze le Mawu ƒe gbɔgbɔmevɔsamlekpuia dzi. Eyata nyagblɔɖi si le Yesaya 56:6, 7 la le eme vam le ŋutikɔkɔe me le ameha gã sia gome be: “Amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, . . . mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”

6. (a) Vɔsa kawo ƒomevie amedzroviwo tsɔ nana? (b) Nuka dzie tsileze si le nunɔlawo ƒe xɔxɔnu la ɖoa ŋkui na wo?

6 Vɔsa siwo amedzrovi siawo tsɔ nana la ƒe ɖee nye “nuyi, siwo ʋua [Mawu ƒe ŋkɔ] me la, ƒe kutsetse [siwo le abe lu si ŋu wotrɔ asi le nyui tsɔtsɔ na ene]” kpakple “dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana.” (Hebritɔwo 13:15, 16) Tsileze si wòle be nunɔlawo nazã ale tsi hã nye ŋkuɖodzinu vevi aɖe na amedzrovi siawo. Ele be woawo hã woakɔ wo ɖokui ŋu le gbɔgbɔ kple agbenyuinɔnɔ gome esi wona Mawu ƒe Nya la me le kɔkɔm na wo vivivi.

Kɔkɔeƒea Kple Emenuwo

7. (a) Aleke ameha gã la bua nunɔlanyenye kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔwoe? (b) Mɔnukpɔkpɔ bubu kawoe su amedzrovi aɖewo si?

7 Ðe gɔmesese aɖe le Kɔkɔeƒea kple emenuwo ŋu na amedzroviwo ƒe ameha gã sia? Womanɔ nɔnɔme si Kɔkɔƒea nye kpɔɖeŋu na la me gbeɖe o. Womegbugbɔ wo dzi wozu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo ava nɔ dziƒo o. Ðe esia na woʋãa ŋu alo biãa ŋua? Ao. Ke boŋ dzi dzɔa wo le mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woado alɔ ame 144,000 ƒe ame susɔeawo la ta, eye wokpɔa ŋudzedze deto ɖe tameɖoɖo si ta Mawu xɔ gbɔgbɔmevi siawo siwo akpɔ gome kple Kristo le ameƒomea kpɔkplɔ aɖo blibodede gbɔ la ŋu. Azɔ hã, amedzroviwo ƒe ameha gã la kpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe amenuveve gã le anyigbadzimɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me si wòtsɔ na wo la ŋu. Wona mɔnukpɔkpɔ amedzrovi siawo dometɔ aɖewo be woana kpekpeɖeŋu le nunɔladɔ kɔkɔe la wɔwɔ me, abe alesi wònɔ le blema Netinimwo gome ene.b (Yesaya 61:5) Amesiawo domee Yesu atia ‘amegãwo ɖe anyigba blibo la dzi’ tsoe.—Psalmo 45:17.

8, 9. Viɖe kae ameha gã la kpɔna tso Kɔkɔeƒea me nuwo ŋu bubu me?

8 Togbɔ be amedzroviwo ƒe ameha gã la mage ɖe egbegbe Kɔkɔeƒea gbeɖe o hã la, wosrɔ̃a nu veviwo tso emenuwo ŋu. Abe alesi wòhiã be woade ami akaɖitia me ɣesiaɣi ene la, nenema ke amedzroviawo hiã na gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu be wòakpe ɖe wo ŋu to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi be woase nyateƒe siwo me le kɔkɔm ɖe edzi tso Mawu ƒe Nya me la gɔme. (Mateo 24:45-47) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kpena ɖe wo ŋu wowɔna ɖe ameyɔyɔ sia dzi be: “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ [amesiamina susɔeawo] le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Eyata akaɖiti la ɖoa ŋku agba si le ameha gã la dzi be woaklẽ abe Kristotɔwo ene eye be woatsri nɔnɔme, tamesusu, nyagbɔgblɔ, alo nuwɔna ɖesiaɖe si ana Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe naxa nu la dzi na wo.—Efesotɔwo 4:30.

9 Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la ɖoa ŋku edzi na ameha gã la be hafi woanɔ sesĩe le gbɔgbɔ me la, ele be woaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu si tso Biblia kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo me edziedzi. (Mateo 4:4) Dzudzɔdovɔsamlekpuia ɖoa ŋku alesi wòhiã be woado gbe ɖa veviedodotɔe na Yehowa abia kpekpeɖeŋu ale be woalé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la dzi na wo. (Luka 21:36) Ele be woatsɔ kafukafu kple akpedada siwo tso dzime akpe ɖe woƒe gbedodoɖawo ŋu. (Psalmo 106:1) Dzudzɔdovɔsamlekpui la gaɖoa ŋku alesi wòhiã be woakafu Mawu le mɔ bubuwo nu la dzi na wo, si ƒe ɖewoe nye to Fiaɖuƒehawo dzidzi tso dzime le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple woƒe dzadzraɖo nyuie be ‘woaɖe gbeƒã nyanyuia le gaglãgbe hena agbexɔxɔ’ me.—Romatɔwo 10:10.

Tadedeagu Vavãtɔ ƒe Dziɖuɖukpɔkpɔ Bliboe

10. (a) Nu wɔnuku kae míate ŋu akpɔ mɔ na? (b) Nukae adzɔ gbã?

10 Egbea ‘ame geɖe’ siwo tso dukɔwo katã me le zi nyẽm va Yehowa ƒe tadedeagu ƒe aƒea me. (Yesaya 2:2, 3) Nyaɖeɖefia 15:4 gblɔ tsɔ ɖo kpe edzi be: “Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔewɔwɔwo ɖe go fia.” Zaxarya ta 14 ƒo nu tso nusi kplɔe ɖo ŋu. Eteƒe madidi o, amesiwo le anyigba dzi ƒe akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme agavɔ̃ɖi wu esi wole wo ɖokui nu ƒom ƒu be yeawoakpe aʋa zi mamlɛtɔ kple Yerusalem—si nye dziƒo Yerusalem teƒenɔla siwo le anyigba dzi. Ekema Yehowa atso awɔ nu. Esi wònye Mawu Aʋawɔla ta la, “aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo” siwo ate kpɔ aho aʋa sia la ŋu.—Zaxarya 14:2, 3.

11, 12. (a) Aleke Yehowa awɔ nu ɖe alesi wogbɔna tadeagula siwo le eƒe gbedoxɔ me le xexeame katã dzi dze gee la nui? (b) Nukae ado tso Mawu ƒe aʋa la me?

11 “Hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi la, enye si: Lã aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo. Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.”—Zaxarya 14:12, 13.

12 Ne nu ŋutɔŋutɔe hiãkame sia anye alo kpɔɖeŋue o, ele be míalala akpɔ alesi wòadzɔe ɖa. Gake kakaɖedzi le nya ɖeka ya ŋu. Ne Mawu ƒe futɔwo ho le anyigba katã dzi ɖe Yehowa subɔlawo ŋu la, Mawu ŋusẽkatãtɔ ƒe ŋusẽ dziŋɔ ɖeɖefia atɔ te wo. Woade ga nu na wo. Anɔ abe ɖe woƒe aɖe siwo wotsɔ doa vlo ame la ƒaƒã ene. Taɖodzinu si woƒo ƒu le minyaminyãm la abu ɖe wo, abe ɖe woƒe ŋkuwo ƒaƒã ene. Woƒe ŋutilãmeŋusẽ, si ŋu woɖo ŋu ɖo ho aʋa la, nu ayi. Esi woatɔtɔ ta la, woatrɔ awu wo nɔewo le agbɔsɔsɔ gã me. Woato ema me aɖe Mawu ƒe tadedeagu ƒe futɔ siwo katã le anyigba dzi la ɖa. Mlɔeba la, afia be wozi dukɔwo katã dzi wokpɔ Yehowa ƒe xexeame katã ƒe fianyenye dze sii. Nyagblɔɖi sia ava eme be: “Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu.” (Zaxarya 14:9) Ema megbe woabla Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ne Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si ahe yayra geɖe vɛ na ameƒomea la dze egɔme.—Nyaɖeɖefia 20:1, 2; 21:3, 4.

Anyigba Dzi Tsitretsitsi La

13. Amekawoe nye ‘dukɔwo katã me tɔ susɔeawo’?

13 Zaxarya ƒe nyagblɔɖia yi edzi le ta 14 kpukpui 16 be: “Ava me be, dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoade ta agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbadɔŋkekenyuie la.” Biblia gblɔ be amesiwo katã le agbe egbea siwo ayi edzi anɔ agbe vaseɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu siwo woadrɔ̃ ʋɔnu be wonye tadedeagu vavãtɔ ƒe futɔwo la akpɔ “fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ.” (Tesalonikatɔwo II, 1:7-9; kpɔ Mateo 25:31-33, 46 hã.) Womafɔ wo ɖe tsitre o. Ekema anɔ eme be ame “susɔeawo” dometɔ aɖewo anye dukɔwo me tɔ siwo ku do ŋgɔ na Mawu ƒe aʋa mamlɛa siwo si tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi le. Yesu do ŋugbe be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.

14. (a) Nukae wòle be amesiwo woafɔ ɖe tsitre nawɔ be woakpɔ agbe mavɔ? (b) Nukae adzɔ ɖe amesiwo katã matsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ahakpɔ gome le tadedeagu vavã me o dzi?

14 Ele be amesiawo siwo katã woafɔ ɖe tsitre la nawɔ nane ale be woƒe tsitretsitsi nanye agbe tɔ ke menye ʋɔnudɔdrɔ̃ tɔ o. Ele be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi eye woade ta agu le adzɔgbeɖeɖe na Mawu to Yesu Kristo me. Fukpekpe si ava egbegbe dukɔwo dzi la kee ava amesiwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖesiaɖe si agbe esia wɔwɔ la dzi. (Zaxarya 14:18) Amekae nya amesiwo woafɔ ɖe tsitre dometɔ nenie atsɔ dzidzɔ awɔ ɖeka kple ameha gã la le egbegbe Agbadɔŋkekenyui la ɖuɖu me? Ðikeke mele eme o be ame geɖe awɔ ɖeka kpli wo, eye esia ana ŋutikɔkɔe nayɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la wu tsã!

Egbegbe Agbadɔŋkekenyui

15. (a) Nukae nye nu ɖedzesi siwo wowɔna le blema Israel ƒe Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi la dometɔ aɖewo? (b) Nukata wotsɔa nyitsu 70 saa vɔ le azã la ɖuɣi?

15 Wobia tso blema Israel-viwo si be woaɖu Agbadɔŋkekenyui ƒe sia ƒe. Kwasiɖa ɖeka wotsɔ ɖunɛ le nuxaxa le woƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu. Akpedaɣi dodzidzɔname aɖee wònyena. Kwasiɖa la katã me la, wonɔa agbadɔ siwo wotu ɖe azãa ŋu si wotsɔ atiwo ƒe aŋgbawo, vevietɔ deʋayawo, gba la me. Azã sia na Israel-viwo ɖoa ŋku alesi Mawu ɖe wo tɔgbuiwo tso Egipte kple alesi wòlé be na wo esime wonɔ agbadɔwo me nɔ tsatsam le gbeadzi hena ƒe 40 vaseɖe esime woɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi. (Mose III, 23:39-43) Le azã la ɖuɣi la, wotsɔa nyitsu 70 saa vɔe le gbedoxɔa ƒe vɔsamlekpuia dzi. Edze ƒã be azã la ƒe akpa sia nye agbeɖeɖedɔ deblibo si sɔ pɛpɛpɛ si Yesu Kristo va wɔ la ŋuti nyagblɔɖi. Eƒe tafevɔsa aɖe vi na ameƒomea ƒe ƒome 70 siwo dzɔ tso Noa me la ƒe dzidzimevi manyaxlẽawo.—Mose I, 10:1-29; Mose IV, 29:12-34; Mateo 20:28.

16, 17. (a) Ɣekaɣie egbegbe Agbadɔŋkekenyuia dze egɔme, eye aleke wòyi edzii? (b) Aleke ameha gã la kpɔa gome le azã la ɖuɖu me?

16 Eyata Agbadɔŋkekenyui si woɖu le blema la fia asi nuvɔ̃wɔla siwo woɖe la nu ƒoƒo ƒu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me ƒe dɔ dodzidzɔname la. Azã sia ƒe egbegbe tɔ dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi esi wodze gbɔgbɔ me Israel-viwo nu ƒoƒo ƒu ɖe Kristo-hamea me gɔme dzidzɔtɔe. (Dɔwɔwɔwo 2:41, 46, 47) Amesiamina siawo kpɔe be “amedzrowo” yewonye le Satana ƒe xexeame elabena ‘dziƒoe woƒe dumetɔnyenye ŋutɔŋutɔ le.’ (Petro I, 2:11; Filipitɔwo 3:20) Xɔsegbegbe si do tso Kristodukɔa ɖoɖo anyi me la bu mo na dzidzɔzã la ɣeyiɣi kpui aɖe. (Tesalonikatɔwo II, 2:1-3) Gake wogadze azã la ɖuɖu gɔme le ƒe 1919 me esime wogaƒo gbɔgbɔ me Israel-vi 144,000 la me tɔ susɔeawo nu ƒu le dzidzɔ me, eye ameha gã siwo tso dukɔwo katã me siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9 la tɔ kplɔe ɖo.

17 Wogblɔ be ameha gã la lé deʋayawo ɖe asi, si fia be woawo hã nye egbegbe Agbadɔŋkekenyuia ɖula kpɔdzidzɔwo. Esi wonye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ta la, wotsɔa dzidzɔ kpɔa gome le tadeagula bubuwo nu ƒoƒo ƒu ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me ƒe dɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wonye nuvɔ̃mewo ta la, wokpɔe be anyigbadzinɔnɔ ɖaa ƒe gome mele yewo si o. Ele be wo kple amesiwo woafɔ ɖe tsitre le etsɔme la nayi edzi axɔ Kristo ƒe tafevɔsa la dzi ase vaseɖe esime woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 20:5.

18. (a) Nukae adzɔ le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? (b) Aleke Yehowa ƒe tadedeagu vavã la aɖu aʋa dzi mlɔebae?

18 Ɣemaɣi la, Mawu ƒe tadeagula siwo le anyigba dzi atsi tre ɖe eŋkume le amegbetɔ ƒe blibodede me esi womahiã na dziƒonunɔlanyenye aɖeke o. Ɣeyiɣia ade ɣemaɣi esime Yesu Kristo “[atsɔ] fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa.” (Korintotɔwo I, 15:24) Woatu Satana “ɣeyiɣi vi aɖe” be wòado ameƒome si wokplɔ ɖo blibodede gbɔe la akpɔ. Woatsrɔ̃ nuteƒemawɔla ɖesiaɖe tegbee akpe ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Woana agbe mavɔ amesiwo awɔ nuteƒe. Woanye amesiwo anɔ anyigba dzi Paradiso me ɖaa. Esia ana be egbegbe Agbadɔŋkekenyui la awu enu nyuie le ŋutikɔkɔe me. Tadedeagu vavã akpɔ dziɖuɖu wòanye ŋutikɔkɔe mavɔ na Yehowa kple dzidzɔ mavɔ na ameƒomea.—Nyaɖeɖefia 20:3, 7-10, 14, 15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ agbalẽ si nye Paradise Restored to Mankind—By Theocracy! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1972 me ƒe ta 21 kple 22 hena Zaxarya ta 14 ƒe kpukpuiawo me dzodzro ɖekaɖeka.

b Kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 15, 1992, axa 16 hena nyatakaka bubuwo le egbegbe Netinimwo ŋu.

Numetoto ƒe Biabiawo

◻ Aleke wodze “Yerusalem” dzii le xexemeʋã gbãtɔ me?—Zaxarya 14:2.

◻ Nukae dzɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tso ƒe 1919 me?

◻ Amekawoe kpɔa gome le egbegbe Agbadɔŋkekenyuia ɖuɖu me?

◻ Aleke tadedeagu vavã akpɔ dziɖuɖu bliboe?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wozã deʋayawo le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɖu me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe