“Fia Gbedodoɖa Mí”
“Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae bia nu mae. (Luka 11:1) Edze ƒã be nusrɔ̃la ma si ŋkɔ womeyɔ o la nye ame si nya alesi gbedodoɖa le vevie ŋutɔ. Egbegbe subɔla vavãwo hã nya eƒe vevienyenye nenema ke. Ne èbu eŋu kpɔ la, gbedodoɖa nye nusi dzi míato ana Amesi le Ðoƒe Kɔkɔtɔ Kekeake le xexeame katã la nase míaƒe nya! Eye bu eŋu kpɔ ko! ‘Gbedodoɖasela’ la ŋutɔ bua míaƒe nuteɖeamedziwo kple dzimaɖitsitsiwo ŋu. (Psalmo 65:3) Vevietɔ wu la, míetoa gbedodoɖa dzi daa akpe na Mawu hekafunɛ.—Filipitɔwo 4:6.
Gake nya siwo nye “fia gbedodoɖa mí” la fɔ nyabiabia vevi aɖewo ɖe te. Le xexeame godoo la, subɔsubɔha vovovowo toa mɔ vovovo dzi be yewoate ɖe Mawu ŋu. Gake ɖe gbedodoɖamɔnu nyuitɔ alo gbegblẽa lia? Hafi míaɖo eŋu la, mina míalé ŋku ɖe subɔsubɔkɔnu nyanyɛ siwo wowɔna le gbedodoɖa me dometɔ aɖewo ŋu gbã. Míalé ŋku ɖe esiwo wowɔna le Latin Amerika ŋu.
Nɔnɔmewɔwɔwo kple “Takpɔla Kɔkɔewo”
Ame geɖe le Latin Amerika dukɔwo me lɔ̃a mawusubɔsubɔ vevie. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu akpɔ wɔna nyanyɛ si nye gbedodoɖa na “takpɔla kɔkɔewo” le Mexico godoo. Le nyateƒe me la, ebɔ ɖe Mexico-duwo me be “takpɔla kɔkɔe” nanɔ wo si si woɖua azã na le ŋkeke aɖewo dzi. Mexico Katolikotɔwo doa gbe ɖa na nɔnɔmewɔwɔ hamehame gbogbo aɖewo hã. Gake “ame kɔkɔe” si tadeagula la le gbe dom ɖa na la nɔ te ɖe nusi ƒomevi wòdi be yeabia la dzi. Ne ame aɖe le srɔ̃ dim be yeaɖe la ate ŋu asi bosomikaɖi na Antonio “Kɔkɔe.” Amesi di be yeaɖo ʋu azɔ mɔ la, ate ŋu atsɔ eɖokui ade asi na Christopher “Kɔkɔe,” mɔzɔlawo takpɔla, vevietɔ ʋumɔzɔlawo.
Gake afikae kɔnu mawo dzɔ tso? Edze le ŋutinya me be esime Spaniatɔwo va ɖo Mexico la, wova ke ɖe ameha siwo subɔa trɔ̃wo ŋu. Victor Wolfgang von Hagen gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Los Aztecas, Hombre y Tribu (Aztektɔwo, Amea Kple To La) me be: “Amewo ŋutɔwo ƒe mawuwo li, numiemie ɖesiaɖe ƒe mawu li, dɔwɔna ɖesiaɖe kple eƒe mawu alo mawunɔ, ameɖokuiwuwu gɔ̃ hã ƒe mawu li. Yacatecuhtli ye nye asitsalawo ƒe mawu. Le mawugeɖesubɔla siawo dome la, mawuawo katã ƒe nɔnɔme kple dɔwɔna ɖe dzesi kɔte.”
Mawu siawo ɖi Katolikotɔwo ƒe “ame kɔkɔewo” ale gbegbe be esime Spaniatɔwo di be “Yewoatrɔ Dzime na” afimatɔwo “Woazu Kristotɔwo” la, ɖeko amesiame trɔ bubu si wodea woƒe trɔ̃wo ŋui la tsɔ na sɔlemeha la ƒe “ame kɔkɔewo.” Nyati aɖe si le The Wall Street Journal me la lɔ̃ ɖe edzi be Katolikokɔnu siwo yia edzi le Mexico ƒe akpa geɖe la dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me. Ede dzesii be le nuto aɖe me la, “ame kɔkɔewo” dometɔ siwo ŋu afimatɔwo dea bubui la akpa gãtɔ sɔ kple “Mayatɔwo ƒe mawu aɖewo koŋ.”
New Catholic Encyclopedia gblɔ be “kakaɖeamedzi ƒe ƒomedodo kplikplikpli ɖoa ame kɔkɔe la kple amesiwo le anyigba dzi dome, . . . ɖekawɔwɔ si le esi teƒe be woagblẽ ƒomedodo si le ame kple Kristo kpakple Mawu dome la, etunɛ ɖo boŋ henaa wòdea to ɖe edzi.<u22> Gake aleke ƒomedodo si dze ƒã be enye trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna la ate ŋu ana ƒomedodo si le ame kple Mawu vavã la dome la nade to ɖe edzii? Ðe gbe siwo wodona ɖa na “ame kɔkɔe” mawo la adze Mawu ŋua?
Afisi Rosario Dzɔ Tso
Kɔnu nyanyɛ bubu aɖee nye rosario zazã. Diccionario Enciclopédico Hispano-Americano (Amerika Spaniagbe me Numekunyagɔmeɖegbalẽ) ɖɔ rosario la be enye “ka si ŋu wotɔ dzonu blatɔ̃ alo alafa ɖeka blatɔ̃ ɖo, siwo dome wotsɔ dzonu siwo lolo wu la tsoe ɖe ewo me, si ƒe nugbɔ atitsoga si ŋu woklã Kristo ƒe nɔnɔme ɖo la le, dzonu etɔ̃ va do ŋgɔ na atitsoga la le egbegbetɔwo ŋu.”
Katolikotɔwo ƒe agbalẽ aɖe ɖe alesi wozãa rasario mee be: “Rosario Kɔkɔe la nye míaƒe xɔxɔ ƒe Nya Ɣaɣla la ŋuti gbedodoɖa ƒomevi aɖe si wodona ɖa sesĩe kple le susu me. Memamã wuiatɔ̃e le eŋu. Le memamã ɖesiaɖe me la, wogblɔa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la, Medo Gbe na Wò Maria zi ewo, kple Gloria Patri zi ɖeka. Wodea ŋugble le nya ɣaɣla aɖe ŋu le memamã ɖesiaɖe me.” Nya ɣaɣlaawo nye subɔsubɔnufiafiawo, alo nufiafia siwo wòle be Katolikotɔwo nanya, le go sia me la, eku ɖe Kristo Yesu ƒe agbenɔnɔ, fukpekpe, kple eƒe ku ŋu.
The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Kristotɔwo dze rosario zazã le gbedodoɖa me gɔme le Titinaɣeyiɣiwo me, gake ƒe 1400 ƒeawo kple 1500 ƒeawo me hafi wòva bɔ.” Katolikotɔwo ɖeɖekoe zãa rosarioa? Ao. Diccionario Enciclopédico Hispano-Americano gblɔ be: “Wozãa dzonu mawo tɔgbe le Islamtɔwo, Lamatɔwo, kple Buddhatɔwo ƒe subɔsubɔ me.” Le nyateƒe me la, Diccionario de Religiones (Subɔsubɔhawo ƒe Nyagɔmeɖegbalẽ) gblɔ be: “Wosusui be anye Buddhatɔwo gbɔe Muhammadtɔwo xɔ rosario la tsoe, eye Kristotɔwo hã xɔe tso Muhammadtɔwo gbɔ le Atitsogaʋawo wɔɣi.”
Ame aɖewo gblɔna be rosario la nye ŋkuɖodzinu ko ne wòhiã be woagbugbɔ anɔ gbe gbogbo aɖewo dom ɖa. Gake ɖe ezazã dzea Mawu ŋua?
Mehiã be míasusu nane ko agblɔ alo ahe glãka le kɔnu mawo ƒe nyonyo ale dzedze ŋu o. Esime wobia Yesu be wòafia gbedodoɖa eyomedzelawo la, ena ŋuɖoɖo si dze be míasrɔ̃. Nusi wògblɔ la akɔ nu me eye ɖewohĩ awɔ nuku na nuxlẽla aɖewo.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]
Katolikotɔwo lɔ̃a rosario dzonuwo zazã. Afika wodzɔ tso?