INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 8/1 axa 15-20
  • “Minɔ Kɔkɔe Le Miaƒe Anyinɔnɔ Katã me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Kɔkɔe Le Miaƒe Anyinɔnɔ Katã me”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ Kɔkɔe, Fexexeɖeta Kɔkɔe
  • Agbe Dzadzɛ Nɔnɔ le Ƒomea Me
  • Kɔkɔenyenye Kple Míaƒe Ƒometɔ Dzimaxɔsetɔwo
  • Aleke Míate Ŋu Anɔ Dzadzɛ le Hamea Me?
  • Ðe Míaƒe Kɔkɔenyenye Dzena le Míaƒe Nutoa Mea?
  • Kɔkɔenyenye le Dɔ Me Kple le Suku
  • ‘Minɔ Kɔkɔe Elabena Mele Kɔkɔe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Nye Yehowa’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • “Minɔ Kɔkɔe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Miti ‘Kɔkɔenyenye Yome Le Mawuvɔvɔ̃ Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 8/1 axa 15-20

“Minɔ Kɔkɔe Le Miaƒe Anyinɔnɔ Katã me”

“Abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’”—PETRO I, 1:15, 16.

1. Nukata Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ kɔkɔe?

NUKATA apostolo Petro ɖo aɖaŋu si le etame la? Elabena ekpɔe be ehiã be Kristotɔ ɖesiaɖe nadzɔ eƒe susuwo kple nuwɔnawo ŋu ale be wòana woawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe kɔkɔenyenye. Eyata egblɔ nya siawo tsɔ do ŋgɔ na nya siwo le etame la be: “Mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, minɔ mo xexi, . . . abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o.”—Petro I, 1:13, 14.

2. Nukata míaƒe dzodzrowo nye nu makɔmakɔwo hafi míeva srɔ̃ nyateƒea?

2 Dzodzro siwo nɔ mía me tsã la mekɔ o. Nukatae? Elabena mía dometɔ geɖe nɔ agbe ɖe xexeame ƒe mɔ aɖe nu hafi va xɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea. Petro nya esia esi wòŋlɔ eme kɔ be: “Agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me.” Le nyateƒe me la, Petro meyɔ nu makɔmakɔ siwo bɔ ɖe míaƒe egbexexeame la o, elabena womenya wo ɣemaɣi o.—Petro I, 4:3, 4.

3, 4. (a) Aleke míate ŋu atsi tre ɖe dzodzro vɔ̃wo nui? (b) Ðe mele be seselelãmewo nanɔ Kristotɔwo me oa? Ðe eme.

3 Ède dzesii be dzodzro siawoe míaƒe ŋutilã, tamesusuwo, kple seselelãmewo lɔ̃naa? Ne míeɖe mɔ nusiawo ɖu mía dzi la, ekema enɔa bɔbɔe be míaƒe tamesusuwo kple nuwɔna ŋu megava kɔna o. Esia ɖe alesi wòhiã be míana tamebubu ƒe ŋutete nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzii la fia. Paulo gblɔe ale: “Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye [subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ƒe ŋutete, NW].”—Romatɔwo 12:1, 2.

4 Be míatsɔ vɔsa kɔkɔe ana Mawu la, ele be míana míaƒe tamebubu ƒe ŋutete nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi, ke menye míaƒe seselelãmewo o. Aleke ame geɖe mehege ɖe agbegbegblẽnɔnɔ mee nye si esi woɖe mɔ woƒe seselelãmewo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi ta! Ema mefia be ele be míate míaƒe seselelãmewo ɖe to o; anye ne aleke míawɔ aɖe dzidzɔ afia le Yehowa subɔsubɔ me? Gake ne míedi be míatse gbɔgbɔ ƒe kuwo ke menye ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo o la, ke ele be míatrɔ míaƒe susu ɖe alesi Kristo bua tamee ŋu.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Filipitɔwo 2:5.

Agbenɔnɔ Kɔkɔe, Fexexeɖeta Kɔkɔe

5. Nukata Petro tsi dzi ɖe kɔkɔenyenye ƒe hiahiã ŋu?

5 Nukata Petro tsi dzi ɖe Kristotɔwo ƒe kɔkɔenyenye ŋu nenema gbegbe? Elabena enya nyuie be fe kɔkɔe ye woxe tsɔ ɖe ameƒomea me tɔ toɖolawoe. Eŋlɔ bena: “Mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene.” (Petro I, 1:18, 19) Ẽ, kɔkɔenyenye Dzɔtsoƒe, Yehowa Mawu, dɔ eƒe Tenuvi, “kɔkɔetɔ la,” ɖe anyigba dzi be wòava xe tafe si ana ƒomedodo nyui nanɔ amewo kple Mawu dome.—Yohanes 3:16; 6:69; Mose II, 28:36; Mateo 20:28.

6. (a) Nukata mele bɔbɔe na mí be míati agbenɔnɔ kɔkɔe yome o? (b) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana míaƒe agbenɔnɔ nanɔ kɔkɔe?

6 Gake ele be míade dzesii be mele bɔbɔe be woanɔ agbe dzadzɛ le Satana ƒe xexe gblẽkua me o. Eɖoa mɔ̃ na Kristotɔ vavãwo, amesiwo le agbagba dzem be yewoatsi agbe le eƒe nuɖoanyia me. (Efesotɔwo 6:12; Timoteo I, 6:9, 10) Ŋutilãmedɔwɔɖui, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, fewuɖuleameŋu le suku, kple zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo bia be ame nasẽ ŋu le gbɔgbɔ me be wòate ŋu anɔ kɔkɔe. Ema te gbe ɖe akpa vevi si míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi wɔna la dzi. Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be: “Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo II, 1:13) Míesea nya mawo siwo doa ŋusẽ ame la le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me kple ne mía ŋutɔwo míele Biblia srɔ̃m le mía ɖokui si. Woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe agbenɔnɔ nanɔ kɔkɔe gbesiagbe le nɔnɔme vovovowo me.

Agbe Dzadzɛ Nɔnɔ le Ƒomea Me

7. Aleke wòle be kɔkɔenyenye nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomegbenɔnɔ dzii?

7 Esime Petro yɔ nya tso Mose III, 11:44 la, ezã Helagbe me nya haʹgi·os si gɔmee nye “nusi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃ me eye eyata wokɔ eŋu na Mawu, nu dzadzɛ.” (An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ) Ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe mía dzi le míaƒe Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ me? Edze ƒã be ele be wòafia be míatu míaƒe ƒomegbenɔnɔ ɖe lɔlɔ̃ dzi, elabena “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃e nye nusi naa srɔ̃tɔwo kple dzilawo kpakple ɖeviwo dome nɔna nyuie.—Korintotɔwo I, 13:4-8; Efesotɔwo 5:28, 29, 33; 6:4; Kolosetɔwo 3:18, 21.

8, 9. (a) Nɔnɔme kae doa mo ɖa le Kristotɔwo ƒe aƒeme ɣeaɖewoɣi? (b) Aɖaŋu nyui kae Biblia ɖo le nya sia ŋu?

8 Ðewohĩ míasusu be lɔlɔ̃ sia ɖeɖefia le Kristotɔwo ƒe ƒome me ava le eɖokui si ko. Gake ele be míanyae be lɔlɔ̃ mekpɔa ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe ƒome aɖewo dzi wòdea alesi wòle be wòanɔ nu o. Ðewohĩ adze nenema le Fiaɖuƒe Akpata me, gake aleke wòanɔ bɔbɔe enye si be míaƒe kɔkɔenyenye dzi naɖe akpɔtɔ ne míele aƒeme. Ðewohĩ míaŋlɔe be enumake be mía nɔvinyɔnu Kristotɔe srɔ̃nyɔnua kpɔtɔ nye alo be nɔviŋutsu (kple ɖewohĩ subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegã) ma si ŋu bubu le le Fiaɖuƒe Akpata me la kee srɔ̃ŋutsua kpɔtɔ nye. Míedoa dziku, eye glãka sesẽwo hehe ate ŋu ado mo ɖa. Dzidzenu eve ate ŋu ava ge ɖe míaƒe agbenɔnɔ me gɔ̃ hã. Meganye srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a dome ƒomedodo si ɖi Kristo tɔ o ke boŋ ezu ŋutsu kple nyɔnu dzro ko siwo dome masɔmasɔ le. Woŋlɔnɛ be be ele be nɔnɔme kɔkɔe nanɔ aƒea me. Ðewohĩ wova nɔa nu ƒom abe xexemetɔwo ene. Aleke gbegbe wòanɔ bɔbɔe be nya ƒaƒã tɔame nado tso woƒe nu me enye si!—Lododowo 12:18; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:37-39.

9 Gake Paulo ɖo aɖaŋu be: “Migana nya vlo [Helagbe me, loʹgos sa·prosʹ, “nya si doa vlo ame,” si ta wòanye nu makɔmakɔ] aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.” Eye ema fia amesiwo katã asee le aƒea me, ɖeviwo hã le eme.—Efesotɔwo 4:29; Yakobo 3:8-10.

10. Aleke kɔkɔenyenye ŋuti ɖaŋuɖoɖo la ku ɖe ɖeviwo ŋui?

10 Kɔkɔenyenye ŋuti mɔfiame siawo ku ɖe ɖevi siwo le Kristotɔwo ƒe ƒome me hã ŋu nenema ke. Aleke wòle bɔbɔe enye si be woagbɔ tso suku eye woadze egɔme anɔ wo hati xexemetɔwo ƒe aglãdzedze kple amemabumabu nyawo srɔ̃m! Ðeviwo, migasrɔ̃ ŋutsuvi dzimakpla siwo dzu Yehowa ƒe nyagblɔɖila kple amesiwo le abe woawo ene siwo nye vlodolawo kple busunyagblɔla siwo li egbea la ƒe nɔnɔmewo o. (Fiawo II, 2:23, 24) Mele be miatsɔ kuviatɔ gãwo alo ameŋumabula siwo mete ŋu zãa nya ɖɔʋuwo o ƒe gbɔmeyakanyagbɔgblɔwo agblẽ miaƒe nuƒo o. Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míaƒe nuƒo nanɔ kɔkɔe, wòavivi, wòatu ame ɖo, wòafa tu, eye ‘dze nanɔ eme.’ Ele be wòana míato vovo tso ame bubuwo gbɔ.—Kolosetɔwo 3:8-10; 4:6.

Kɔkɔenyenye Kple Míaƒe Ƒometɔ Dzimaxɔsetɔwo

11. Nukata kɔkɔenɔnɔ mefia be míanye ɖokuiŋudzelawo o?

11 Esi míele agbagba dzem be míanɔ kɔkɔe le dzitsinya nyui me la, mele be míadze abe ɖe míekɔ wu ame bubuwo ene eye míadze mía ɖokui ŋu o, vevietɔ ne míele nu wɔm kple ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo. Ele be míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui nakpe ɖe wo ŋu woakpɔe teti be míeto vovo le mɔ nyui aɖe nu, eye be míenya alesi míaɖe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ afia, abe Samariatɔ nyui si le Yesu ƒe lododoa me ene.—Luka 10:30-37.

12. Aleke srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu ana nyateƒea nadzro wo srɔ̃wo wui?

12 Petro te gbe ɖe alesi wòle be míawɔ nu ɖe míaƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ŋu nyuie ƒe vevienyenye dzi esime wòŋlɔ na Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo be: “Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.” Kristotɔ srɔ̃nyɔnu (alo srɔ̃ŋutsu si le nɔnɔme ma me la) ate ŋu ana nyateƒea nadzro srɔ̃a dzimaxɔsetɔ la geɖe wu ne eƒe agbenɔnɔ dza, ebua ame ŋu, eye wòdea bubu ame ŋu. Esia fia be ele be teokrasiɖoɖowo me nabɔbɔ ale be womaŋe aɖaba aƒu srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ la dzi o.a—Petro I, 3:1, 2.

13. Kpekpeɖeŋu kae hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu ana srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔwo ɣeaɖewoɣi be woakpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu?

13 Hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi to xɔlɔ̃wɔwɔ kple srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ la me. Esia akpe ɖe eŋu wòakpɔe be Ðasefowo le abe ame bubuwo ke ko ene, eye wonye ame nyui siwo tsɔa ɖe le nu geɖe me, kple nya siwo menye Biblia me nyawo o hã. Ɣeaɖeɣi la, hamemegã aɖe va tsɔ ɖe le srɔ̃ŋutsu aɖe ƒe lãɖeɖe atsɔ aɖe modzakae me. Ema ko dzi wòto dze xɔ̃e. Srɔ̃ŋutsu ma va zu nɔvi xɔnyɔnyrɔ mlɔeba. Le teƒe bubu la, atsutsurɔe ƒomevi aɖewo ƒe nu dzɔa dzi na srɔ̃ŋutsu aɖe. Hamemegãwo mena ta o. Wo dometɔ ɖeka srɔ̃ nu tso xeviawo ŋu ale be esi wògado go ŋutsua la, ete ŋu dze dzeɖoɖo gɔme le xevi ma si ƒe nu dzɔa dzi na srɔ̃ŋutsu ma la ŋu! Eyata be woanɔ kɔkɔe mefia be míaƒe nya me nasesẽ kpaɖii alo agbe ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo o.—Korintotɔwo I, 9:20-23.

Aleke Míate Ŋu Anɔ Dzadzɛ le Hamea Me?

14. (a) Mɔ siwo dzi Satana tona gblẽa nu le hamea ŋu dometɔ ɖeka ɖe? (b) Aleke míate ŋu atsi tre ɖe Satana ƒe mɔtetrea ŋui?

14 Amegɔmezɔlae Satana Abosam nye, elabena Helagbe me nya di·aʹbo·los si wozãna na Abosam la gɔmee nye “amenutsola” alo “amegɔmezɔla.” Amegɔmezɔzɔe nye nusiwo me wòbi ɖo dometɔ ɖeka, eye etena kpɔna zãnɛ le hamea me. Mɔnu si wòlɔ̃na zazãe nye amenyagbɔgblɔ. Ðe míeɖea mɔ wòdoa lã mí le nu makɔmakɔ sia mea? Aleke ema ate ŋu adzɔe? To nya la gɔme dzedze, egbugbɔgagblɔ, alo esese me. Lododo si me nunya le la gblɔ be: “Alakpatɔ dea dzre aƒe, eye sakplitɔ mãa xɔlɔ̃wo dome.” (Lododowo 16:28) Nukae woatsɔ axe mɔ ɖe amenyagbɔgblɔ kple amegɔmezɔzɔ nu? Ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe nuƒo tua ame ɖo eye míetui ɖe lɔlɔ̃ dzi ɣesiaɣi. Ne míedia mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ke menye gbegblẽ siwo míesusu o la, míaƒe dzeɖoɖo avivi ahaku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ɣesiaɣi. Ðo ŋku edzi be ɖeklemiɖeɖe le bɔbɔe. Eye amesi lia ame bubu ŋu na wò la ali ŋuwò na ame bubuwo hã!—Timoteo I, 5:13; Tito 2:3.

15. Kristo ƒe nɔnɔme kae ana hamea me tɔwo katã nanɔ kɔkɔe?

15 Hafi míana hamea nanɔ dzadzɛ la, ele be míana Kristo ƒe susu nanɔ mí katã mía si, eye míenya be lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Eyata Paulo ɖo aɖaŋu na Kolosetɔwo be woƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu abe Kristo ene be: “Eyata esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, . . . mitsɔ ke mia nɔewo . . . Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be: “Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me.” Nyateƒee, ne tsɔtsɔke ƒe gbɔgbɔ sia le mía me la, míate ŋu ana ɖekawɔwɔ kple kɔkɔenyenye nanɔ hamea me.—Kolosetɔwo 3:12-15.

Ðe Míaƒe Kɔkɔenyenye Dzena le Míaƒe Nutoa Mea?

16. Nukata wòle be míaƒe tadedeagu kɔkɔe nanye tadedeagu si me dzidzɔ le?

16 Ke míaƒe aƒelikawo ya ɖe? Aleke wobua míi? Ðe míeɖea nyateƒe ŋuti dzidzɔ fiana, alo ɖe míena wòdzena abe agba wònye enea? Ne míele kɔkɔe abe alesi Yehowa le kɔkɔe ene la, ekema ele be wòadze le míaƒe nuƒo kple nuwɔna me. Ele be wòadze ƒã be míaƒe tadedeagu dzadzɛ la nye tadedeagu si me dzidzɔ le. Nukatae wòle nenema? Elabena Yehowa, mía Mawu la, nye Mawu dzidzɔtɔ, amesi di be yeƒe tadeagulawo nakpɔ dzidzɔ. Eyata hakpala la te ŋu gblɔ le Yehowa ƒe ame siwo nɔ anyi le blemaɣeyiɣiwo me ŋu be: “[Dzidzɔtɔwoe nye, NW] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” Ðe míeɖea dzidzɔ ma fiana? Ðe mía viwo hã ƒe dzi dzea eme be yewole Yehowa ƒe amewo dome le Fiaɖuƒe Akpata me kple le míaƒe takpekpewo mea?—Psalmo 89:16, 17; 144:15b.

17. Nukae míate ŋu awɔ le mɔ nyui aɖe nu atsɔ aɖe kɔkɔenyenye si da sɔ afia?

17 Míate ŋu aɖe míaƒe kɔkɔenyenye si da sɔ hã afia to nuwɔwɔ aduadu ƒe gbɔgbɔ kple dɔmenyonyo na míaƒe nutoa me tɔwo me. Ehiãna ɣeaɖewoɣi be nutoa me tɔwo naƒo ƒu, ɖewohĩ be woadzra nutoa me ɖo, alo be woadzra lɔrimɔ dzi ɖo, abe alesi wòle le dukɔ aɖewo me ene. Le go sia me la, míaƒe kɔkɔenyenye ate ŋu adze le alesi míeléa be na míaƒe abɔwo, xɔxɔnuwo, kple nunɔamesi bubuwoe me. Ne míegblẽa gbeɖuɖɔwo ɖe anyigba alo míaƒe xɔxɔnu ƒo ɖi alo tɔ ŋku, eye ʋu xoxo siwo kaka le afima amewo katã le kpɔkpɔm la, ɖe míate ŋu agblɔ be míele nu wɔm ɖe míaƒe nutoa me tɔwo ŋu bubutɔea?—Nyaɖeɖefia 11:18.

Kɔkɔenyenye le Dɔ Me Kple le Suku

18. (a) Nukae nye afɔku na Kristotɔwo egbea? (b) Aleke míawɔ ato vovo tso xexeame gbɔe?

18 Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto-du makɔmakɔ la me be: “Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migade ha kple ahasiwɔlawo o. Ke menye xexe sia me ahasiwɔlawo alo ŋubiãlawo alo adzodalawo alo trɔ̃subɔlawo mewɔnɛ kura o, anye ne ɖeko miadzo le xexeame.” (Korintotɔwo I, 5:9, 10) Esia nye afɔku na Kristotɔwo, amesiwo wɔa nu kple agbegbegblẽnɔlawo alo amesiwo menɔa agbe gbegblẽ o gake womenɔa agbe nyui hã o la gbesiagbe. Nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ gã aɖee wònye, vevietɔ le teƒe siwo wodea gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame, nufitifitiwɔwɔ, kple anukwaremaɖimaɖi ƒe dzi ƒo alo daa asi ɖe wo dzi le. Le nɔnɔme sia me la, mele be míagblo míaƒe dzidzenuwo me ale be míadze “abe ame bubuwo ke ene” na amesiwo dome míele la o. Ke boŋ ele be míana míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui si to vovo la nana míaɖe dzesi le amesiwo léa ŋku ɖe nu ŋu, amesiwo kpɔa woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã dzea sii hele nusi nyo wu dim la ƒe ŋkume.—Mateo 5:3; Petro I, 3:16, 17.

19. (a) Dodokpɔ kawoe dzea ŋgɔ mi ɖeviwo le suku? (b) Nukae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ ado alɔ wo viwo kple woƒe agbenɔnɔ kɔkɔe?

19 Nenema ke dodokpɔ geɖe dze ŋgɔ mía viwoe le suku. Ðe mi dzilawo mieɖia tsa yia suku si mia viwo dena? Mienya nuwɔna siwo yia edzi le afima? Ðe mieɖoa dze kple nufialawoa? Nukata biabia siawo le vevie? Elabena le xexemedugã geɖe me la, sukuwo va zu afisi ʋunyaʋunyawɔwɔ, atike vɔ̃ɖiwo, kple gbɔdɔdɔ bɔ ɖo. Aleke mia viwo ate ŋu alé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ahana woƒe agbenɔnɔ nanɔ kɔkɔe ne wo dzilawo medoa alɔ wo bliboe le veveseseɖeamenu me o? Esɔ be Paulo ɖo aɖaŋu na dzilawo be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Mɔ ɖeka si nu miado dziku na ɖeviwo le enye be míagbe kuxi kple dodokpɔ siwo wodzea ŋgɔe gbesiagbe la gɔmesese na wo. Dzadzraɖo ɖe tetekpɔ siwo wodzea ŋgɔe le suku ŋu dzea egɔme le gbɔgbɔmenɔnɔme si nɔa Kristotɔwo ƒe aƒeme la me.—Mose V, 6:6-9; Lododowo 22:6.

20. Nukata kɔkɔenyenye le vevie na mí katã ɖo?

20 Le etaƒoƒo me la, nukata kɔkɔenyenye le vevie na mí katã? Elabena ekpɔa ame ta be Satana ƒe xexea kple eƒe nukpɔsusuwo nagagblẽ nu le mía ŋu o. Enye yayra fifia eye anye nenema le etsɔme hã. Ena agbe si anye agbe vavãtɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me ƒe kakaɖedzi sua mía si. Ekpena ɖe mía ŋu míezua Kristotɔ siwo dana sɔna, amesiwo ŋu amewo te ŋu tena ɖo heɖoa dze kpli—ke menye zazɛ̃nyahela siwo ƒe nya me sẽ kpaɖii o. Kpuie ko la, ena míeɖia Kristo.—Timoteo I, 6:19.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ Gbetakpɔxɔ August 15, 1990 ƒe nyati si nye “Mègaŋe Aɖaba Ƒu Srɔ̃wò Dzi O!” si le axa 20-2 kple Eŋlisigbe me tɔ November 1, 1988 ƒe axa 24-5, memamã 20-2 hena alesi woaɖɔ ŋu ɖo le ƒomedodo kple srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔwoe me ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukata Petro kpɔe be ehiã be yeaɖo aɖaŋu na Kristotɔwo le kɔkɔenyenye ŋu?

◻ Nukata mele bɔbɔe be woanɔ agbe kɔkɔe o?

◻ Nukae mí katã míate ŋu awɔ adzi kɔkɔenyenye ɖe edzi le ƒomea me?

◻ Nuwɔna makɔmakɔ kae wòle be míatsri ale be hamea nanɔ kɔkɔe ɣesiaɣi?

◻ Aleke míayi edzi anɔ kɔkɔe le dɔwɔƒe kple le suku?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Ele be dzi nadzɔ mí Yehowa Ðasefowo le Mawu subɔsubɔ kple nu bubuwo wɔwɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe