Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta
‘Dɔwɔwɔ ƒe Ʋɔtru Gã aɖe Ʋu Ði’ le Cuba
APOSTOLO PAULO nye Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui gbeƒãɖela si ɖe dzesi. Ezã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ƒo nu na amewo tso Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeana agbe mavɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo la ŋu. Esi Paulo ɖi tsa yi blema Efeso la, ekpɔ be nɔnɔme yeye aɖe ʋu mɔ na ye be yeakpe ɖe ame geɖe wu ŋu. Egblɔ be: “Matsi Efeso . . . Elabena woʋu ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe la nam.”—Korintotɔwo I, 16:8, 9.
Yehowa Ðasefo siwo le Cuba hã kpɔ wo ɖokui le nɔnɔme yeye aɖe me. Togbɔ be dziɖuɖua meɖe mɔ na wo haɖe o hã la, fifia Ðasefoawo te ŋu gblɔa woƒe Biblia me mɔkpɔkpɔa na wo detɔwo le gaglãgbe. Nyitsɔ laa Cuba-dziɖuɖua ɖee fia be yedi vevie be woaɖe mɔ na subɔsubɔhawo be woawɔ dɔ faa. Dukplɔla Castro yɔ Yehowa Ðasefowo ŋkɔ le gaglãgbe be wonye subɔsubɔha si kple Cuba-dziɖuɖua dome ƒomedodo nyo ɖe edzi azɔ.
Nɔnɔme yeye sia na ‘dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe ʋu ɖi’ na Ðasefoawo be woawɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Cuba nyitsɔ laa, si le kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le dukɔa me. Ðasefo siwo wu 65,000 le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ahase egɔme. Wozãa Biblia-srɔ̃gbalẽwo, abe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ene. Cubatɔ dzianukwaretɔ geɖe le viɖe kpɔm tso Biblia si Yehowa Ðasefowo le sɔsrɔ̃m kpli wo me.
Ðasefoawo wɔa kpekpewo hã edziedzi le ƒuƒoƒo suewo me le ƒukpoa dzi godoo. Mɔnukpɔkpɔ sua wo si ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã be woawɔ takpekpe gãwo le amesiwo ade 150 ƒe ƒuƒoƒowo me. Nyateƒee, wokpɔa ŋudzedze ɖe mɔ si Cuba-dziɖuɖua ɖe na wo ŋu, si ʋu mɔ ɖe ƒu ƒoƒo kple wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, kafukafuhawo dzidzi na Mawu, kple gbedodoɖa ɖekae ŋu na wo.
Nyitsɔ laa wowɔ “Mawuvɔ̃lawo” Nutome Gã Takpekpe siwo wu 1,000 le kwasiɖa nuwuwu etɔ̃ ko me. Nyatakaka aɖe gblɔ be “ɖoɖowɔwɔ, ʋuɖɔɖɔ, kple ŋutifafa” nɔ wo dome le takpekpe ɖesiaɖe me. Dziɖuɖua kafu Ðasefoawo ɖe esia ta.
Le xexeame katã la, Kristotɔ vavãwo ʋlina vevie be yewoawɔ ɖe se si Mawu de na wo be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia la dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodzea agbagba be yewoanɔ ŋutifafa me kple dziɖulawo. (Tito 3:1) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi, amesi ŋlɔ bena: “Azɔ mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔɖeametawo, akpedadawo le amewo katã ta, le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me le mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.”—Timoteo I, 2:1, 2.