Ðe Dzɔgbese Kpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?
“ALA NÒ DON.” Le Bambaragbe si wodona le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ Mali me la, nyagbɔgblɔ sia gɔmee nye, “Mawue wɔe.” Nyagbɔgblɔ siawo tɔgbe bɔ ɖe xexeame ƒe akpa ma ŋutɔ. Wogblɔna le Wolofgbe me be, “Yallah mo ko def” (Mawue wɔe). Eye le Dogon si wodona le dukɔ aɖe me ƒe gbegbɔgblɔ aɖe me la, wogblɔ be, “Ama biray” (Mawu gbɔe wòtso).
Wogblɔa nya siawo tɔgbe le dukɔ bubuwo me. Ne ku alo afɔku aɖe dzɔ la, wogblɔna zi geɖe be, “Eƒe ɣeyiɣie de” kple “Mawu ƒe lɔlɔ̃nue.” Le Ɣetoɖoƒe Afrika la, woŋlɔa nyagbɔgblɔ si nye “Amegbetɔ ɖoa nu, ke Mawue na wòvaa eme” la, ɖe dugbadzaʋu geɖe ŋu eye woklãnɛ ɖe fiasewo me hã. Le ame geɖe gome la, wonye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ dzro aɖe ko. Gake zi geɖe woɖea alesi amewo xɔ dzɔgbese dzi se vevie la fiana.
Nuka koŋue nye dzɔgbesedzixɔse? The World Book Encyclopedia ɖe eme be enye “dzixɔse si nye be ŋusẽ siwo dzi amegbetɔ mate ŋu aɖu o ye ɖoa alesi nuwo adzɔe.” “Ŋusẽ” kawoe nye esiawo? Ƒe akpe geɖe enye si va yi la, Babilontɔwo xɔe se be ɖoɖo si nu ɣletiviwo nɔna le ame aɖe dziɣi la kpɔa ŋusẽ ɖe amea ƒe dzɔgbese dzi vevie ŋutɔ. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 47:13.) Helatɔwo xɔe se be mawunɔ sẽŋu etɔ̃ siwo hea agbenɔnɔ ƒe ka, wodzidzenɛ, helãnɛ lae kpɔa ŋusẽ ɖe dzɔgbese dzi. Gake Kristodukɔa me mawunyaŋununyalawoe to susu sia vɛ be Mawu ŋutɔe ɖoa ame ƒe dzɔgbese!
Le kpɔɖeŋu me, Augustine “Kɔkɔe” gbe ɣletivimefakalawo ƒe “aʋatsonukpɔsusu vɔ̃ɖiawo.” Gake egblɔ be “ne woaʋu eme be Mawu li, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me woagbe be Eyama menya etsɔme nuwo o la, nye bometsitsi gãtɔ kekeake si dze gaglã.” Egblɔ be hafi Mawu nanye ŋusẽkatãtɔ nyateƒe la, ele be “wòanya nusianu hafi wòava dzɔ” eye “naneke” manɔ anyi si “womeɖo ɖi xoxo o.” Ke hã la, Augustine he nya dzonɔamemetɔe be togbɔ be Mawu nya nusianu hafi wòva dzɔna hã la, tiatiawɔblɔɖe gakpɔtɔ le amegbetɔwo si kokoko.—The City of God, Agbalẽ V, Ta 7-9.
Ƒe alafa geɖe megbe la, Protestanttɔ mawunyaŋununyala John Calvin ƒo nu le nya la ŋu yi ŋgɔ be togbɔ be “[Mawu] ɖoe” na ame aɖewo be “woanye dziƒofiaɖuƒea ƒe viwo kple domenyilawo” hã la, eɖoe na ame bubuwo be woanye “amesiwo dzi yeƒe dɔmedzoe ava”!
Egbea wolé dzɔgbesedzixɔse me ɖe asi sesĩe le xexeame ƒe akpa geɖe. Bu nusi dzɔ ɖe Ousmane si nye ɖekakpui le Ɣetoɖoƒe Afrika dzi ŋu kpɔ. Enye sukuvi agbalẽnyalawo dometɔ ɖeka le eƒe suku, gake esi wòwɔ eƒe dodokpɔ mamlɛtɔ la, ege! Menye ɖe esia fia be agbugbɔ sukua ade ƒe ɖeka ko o ke ŋukpe hã lée le eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ. Exɔlɔ̃ aɖe te kpɔ be yeafa akɔ nɛ hegblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue. Ousmane dada hã gblɔ be dzɔgbese gbɔe eƒe gegea tso.
Gbã la, edzɔ dzi na Ousmane be wose veve ɖe ye nu. Ne Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be wòdo kpo nu la, ke naneke meli wòate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ nɛ o. Gake fofoa bu nya la ŋu le mɔ bubu nu. Egblɔ na Ousmane be eya ŋutɔ ƒe vodadae wònye be wòge—menye Mawu gbɔe wòtso o. Ousmane ge le esi megasrɔ̃a nu o ta.
Esi Ousmane tɔtɔ le eƒe dzɔgbesedzixɔsea ŋu la, eɖoe be ye ŋutɔ yeaku nya la me akpɔe ɖa. Fifia míekpe wò be nàwɔe nenema ke to nyati si kplɔe ɖo me dzodzro me.