INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/15 axa 8-9
  • Petro Ðe Gbeƒã le Pentekoste Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Petro Ðe Gbeƒã le Pentekoste Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiame Se Eya Ŋutɔ Degbe
  • Nufiame Siwo Le Eme na Mí
  • “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Katã Taŋ”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Nu Kae Nye “Fiaɖuƒe La Ƒe Safuiwo”?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/15 axa 8-9

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Petro Ðe Gbeƒã le Pentekoste Dzi

ŊDI fafɛ aɖe mee le 33 M.Ŋ. me ƒe adame. Nutoa me tɔ zi ale gbegbe! Ameha siwo le ablaɖeɖe dzi eye wonye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo la ƒo ɖe Yerusalem-blɔwo dzi. Wotso teƒe vovovo abe Elam, Mesopotamia, Kapadokia, Egipte, kple Roma ene va. Aleke wonya le kpɔkpɔm le wo dewuwo me eye woƒe gbe vovovoawo gbɔgblɔ nya le sesem enye si! Wo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa akpe eve kloe hafi va ŋkeke tɔxɛ sia ɖuƒe. Ŋkeke kae? Pentekoste-ŋkekeae—Yudatɔwo ƒe dzidzɔzã aɖe si fiaa luŋeɣi ƒe nuwuwu.—Mose III, 23:15-21.

Dzudzɔ nɔ tutum kɔtɔɔ tso vɔsanuwo ŋu le gbedoxɔ me vɔsamlekpui dzi, eye Lewi-viwo nɔ Hallel-hawo dzim (Psalmowo 113 vaseɖe 118). Esi wòsusɔ vie ŋdi ga 9:00 naƒo la, nu dovoɖiname aɖe dzɔ. ‘Gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene.’ Eyɔ xɔ si me Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo ade ame 120 ƒo ƒu ɖo la taŋtaŋ. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Aɖe mamãwo do ɖe wo gbɔ le abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye [gbɔgbɔ] kɔkɔe la yɔ wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi [gbɔgbɔ] la na wo, be woaƒo nui ene.”—Dɔwɔwɔwo 2:1-4.

Amesiame Se Eya Ŋutɔ Degbe

Eteƒe medidi o nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso aƒea me. Nukutɔe la, wote ŋu nɔ ameha la me tɔwo ƒe gbe vovovoawo gblɔm! Kpɔ alesi wòawɔ nuku na amesi tso Persia, kple Egiptetɔ be woase be Galileatɔwo le yewo degbe gblɔme ɖa. Eme kɔ be ewɔ nuku na ameha la. Wobia be: “Esia gɔme ɖe?” Wo dometɔ aɖewo dze alɔmeɖeɖe gɔme le nusrɔ̃lawo ŋu, be: “Aha yeye le wo mum.”—Dɔwɔwɔwo 2:12, 13.

Emegbe apostolo Petro tsi tre ƒo nu na ameha la. Eɖe eme be gbegbɔgblɔ ƒe nukununana sia nye ŋugbe si Mawu do to nyagblɔɖila Yoel dzi ƒe emevava, be: “Matrɔ nye [gbɔgbɔ] la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi.” (Dɔwɔwɔwo 2:14-21; Yoel 3:1-5) Ẽ, ɖeko Mawu trɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi vɔ teti koe nye ma. Esia ɖo kpe edzi kɔte be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòle Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo azɔ. Petro gblɔ be: “Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.”—Dɔwɔwɔwo 2:22-36.

Aleke nyaselaawo wɔ nui? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamlɛawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?” Petro ɖo eŋu bena: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana [woanyrɔe, NW].” Amesiwo de abe 3,000 ene wɔ nu ma tututu! Tso ema dzi la, “wonɔ apostolowo ƒe nufiafia . . . me.”—Dɔwɔwɔwo 2:37-42.

Esi Petro xɔ ŋgɔ le ŋkeke vevi sia dzi la, ezã ‘dziƒofiaɖuƒea ƒe safui’ siwo Yesu do ŋugbe be yeanae la dometɔ gbãtɔ. (Mateo 16:19) Safui siawo ʋu mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo ɖi na ameha vovovowo. Safui gbãtɔ sia wɔe be Yudatɔwo te ŋu zu Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Emegbe la, safui evelia kple etɔ̃lia ʋu mɔnukpɔkpɔ siawo ke ɖi na Samariatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa.—Dɔwɔwɔwo 8:14-17; 10:44-48.

Nufiame Siwo Le Eme na Mí

Togbɔ be agba le Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo ƒe ha bliboa dzi le Mawu ƒe Vi ƒe ku ta hã la, Petro ƒo nu na wo bubutɔe, heyɔ wo be “nɔviwo.” (Dɔwɔwɔwo 2:29) Eƒe taɖodzinue nye be nuƒoa naʋã wo bene woatrɔ dzime, menye be yeabu fɔ wo o. Eyata, nukpɔsusu nyui ye wòtsɔ ƒo nu na woe. Eɖe nu me eye wòyɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzii.

Ele be amesiwo ɖea gbeƒã nyanyuia egbea nadze agbagba asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua. Ele be woadze agbagba ase nu gɔme na woƒe nyaselawo eye emegbe woatsɔ ŋuɖɔɖɔɖo adzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo. Ne wotsɔ nukpɔsusu nyui gblɔ Biblia me nyateƒea la, dzianukwaretɔwo axɔe.—Dɔwɔwɔwo 13:48.

Alesi Petro do vevie nu eye dzi nɔ eƒo le Pentekoste-ŋkekea dzi la to vovo sasasã na esime wògbe nu le Yesu gbɔ abe kwasiɖa adre do ŋgɔ ene. Amegbetɔvɔvɔ̃e gbã lãme na Petro gbemagbe. (Mateo 26:69-75) Gake Yesu ɖe kuku ɖe Petro ta. (Luka 22:31, 32) Ðikekemanɔmee la, Yesu ƒe eɖokui ɖeɖefia Petro le eƒe tsitretsitsi megbe la do ŋusẽ apostoloa. (Korintotɔwo I, 15:5) Ewɔe be Petro ƒe xɔse megbɔdzɔ o. Eteƒe medidi o, eva nɔ gbeƒã ɖem dzideƒotɔe. Eyata, menye Pentekoste-ŋkekea dzi koe wòɖe gbeƒã le o ke le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.

Ke ne míawo hã míeda vo le mɔ aɖe nu abe Petro ene ɖe? Mina míatrɔ dzime, ado gbe ɖa abia tsɔtsɔke, eye míana woakpe ɖe mía ŋu le gbɔgbɔ me. (Yakobo 5:14-16) Ekema míate ŋu ayi ŋgɔ kple kakaɖedzi be míaƒe subɔsubɔ kɔkɔe la adze míaƒe Dziƒofofo, Yehowa, nublanuikpɔla la ŋu.—Mose II, 34:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe