‘Ƒomedzikpɔkpɔ’—Tenɔnɔ Ðe Kuxia Nu le Dukɔ Madeŋgɔwo Me
“NE AME aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” Nya mae apostolo Paulo gblɔ. (Timoteo I, 5:8) Togbɔ be vidzikpɔkpɔ le sesẽm ɖe edzi le dukɔ deŋgɔwo me hã la, esesẽna le dukɔ madeŋgɔwo me wu zi geɖe.
Le kpɔɖeŋu me, le Afrika la, ganyawo ƒe sesẽ li ɣesiaɣi, menye nu yeye o. Dɔ meli o, eye ne dɔ li hã la, ɖewohĩ ahiã be ŋutsu kple srɔ̃a siaa nawɔ dɔ be woakpɔ nuɖuɖu ɖeɖeko. Ðewohĩ ahiã be ƒomewo ƒe tawo nazɔ mɔ ayi didiƒe ava wɔ dɔ, ahagblẽ wo srɔ̃wo kple wo viwo ɖi ɣleti geɖe—alo ƒe geɖe. Aƒe nyui hã kpɔkpɔ zu agba. Ƒome geɖe lolo le Afrika; eyata wotena ɖe xɔwo me, eye nuhiahiã veviwo menɔa eŋu o. Zi geɖe la, teƒeawo menɔa dzadzɛ o.
Hekpe ɖe eŋu la, dekɔnuwo, blemakɔnuwo, kple amewo ƒe nukpɔsusu ate ŋu atsi tre ɖe nusi Mawu ƒe Nya, Biblia, fia ŋu. De ŋugble le nɔnɔme aɖewo siwo bɔ le srɔ̃ɖeɖe kple ɖeviwo ŋuti ŋu kpɔ. Ƒomewo ƒe ta aɖewo tsɔe be xɔfe kple sukufe si wòle be yewoaxe godoo koe nye yewo tɔ. Wo srɔ̃wo—kple vi tsitsiwo gɔ̃ hã—dzie wogblẽnɛ ɖo ɣeaɖewoɣi be woakpɔ nuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu kple nudodo ene gbɔ.
Azɔ hã srɔ̃ŋutsu aɖewo ƒe susue nye be “ga si mekpɔ la, tɔnyee, gake ga si nèkpɔ la hã ganye tɔnye.” Esia na srɔ̃nyɔnu siwo le dɔ wɔm doa dziku zi geɖe. Nyɔnu Tanzaniatɔ aɖe xa nu be: “Aha ko wòtsɔa ga nonɛ, mezãnɛ ɖe mí alo ɖeviawo ŋu o. Mía kpliie wɔa dɔa, alo míewɔnɛ wui, gake exɔa gaa katã eye wògblɔna na mí be ye tɔe—be yee wɔ dɔ kpɔe.”
Gake Kristotɔwo ya tsɔa Mawu ƒe Nya ɖoa ŋgɔ na dekɔnuwo alo amewo ƒe nukpɔsusu. Biblia na mɔfiame nyui aɖewo le ƒomedzikpɔkpɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be “medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.” (Korintotɔwo II, 12:14) Eyata ŋutsu mawuvɔ̃la siwo ate ŋu awɔ dɔ la, metsɔa kuviawɔwɔ gblẽnɛ ɖe wo srɔ̃wo alo wo vi tsitsiwo dzi be woadi ƒomea ƒe nuɖuɖu kple nudodo o; ƒomea ƒe ta dzie agba ma le.—Korintotɔwo I, 11:3.
Nyateƒee, ɖewohĩ ga si srɔ̃ŋutsua kpɔna made ƒomea ƒe nuhiahiãwo katã nu o. Gake ne srɔ̃a hã wɔa dɔ kpɔa ga la, mave ŋutsu Kristotɔ o. Ke boŋ awɔ nu ɖe eŋu abe “zɔhɛ” si dze bubu ene. (Maleaxi 2:14) Eyata matsɔ tagbɔsesẽ axɔ ga si nyɔnua kpe fu kpɔ la le esi azã gbodogbodo eƒe seselelãmewo ŋu mabumabui o. Ke boŋ eya kple srɔ̃a ‘woade aɖaŋu’ akpɔ alesi woazã woƒe gae nyuie be wòaɖe vi na ƒome bliboa. (Lododowo 13:10) Le afisi wòanya wɔ le la, srɔ̃ŋutsua ate ŋu ana ablɔɖe aɖe srɔ̃a le ganyawo gome, abe alesi wonae “nyɔnu zazɛ̃” la le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ene. (Lododowo 31:10, 11, 16) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dziwɔwɔ le nya siawo me doa ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme ɖe ŋgɔ.
Tenɔnɔ Ðe Dɔmakpɔwɔe ƒe Kuxia Nu
Bu dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia ŋu kpɔ. Ne dɔ meli o eye fetua le sue la, Afrika-ƒome geɖewo ƒe tawo yi ɖadia dɔ le afi aɖe ke—le sikakuƒewo, adzɔnuwɔƒewo, lãnyiƒewo, kple agblewo dzi. Ne edzɔ be ŋutsu Kristotɔ ge ɖe nɔnɔme sia me la, akpɔe be yeɖe aga le hatitadeagulawo ŋu eye hadede vɔ̃wo ƒo xlã ye. (Lododowo 18:1; Korintotɔwo I, 15:33) Togbɔ be eƒe ƒomea awɔ wo tɔ sinua le nɔnɔmea ŋu hã la, anɔ eme be woakpe fu le esi wo fofo meli axɔ ŋgɔ le gbɔgbɔmenuwo me alo akpe ɖe wo ŋu le seselelãme gome o ta. Nublanuitɔe la, ɖewohĩ nusi tututu womedi be nedzɔ o la, eyae dzodzo le aƒe ɣeyiɣi didi ahe vɛ—ganyawo ƒe sesẽ.
Vidada aɖe gblɔ be: “Srɔ̃nye yi sika ku ge. Eɖoe be yeagbɔ le ɣleti ɖeka alo ne edidi ƒã la, ɣleti eve megbe. Etrɔ zu ƒe ɖeka blibo! Vi ade tsi dzinye be makpɔ wo dzi. Xɔfe hã li maxe. Esi nye lãme menɔ kɔkɔm o ta la, ele be maxe kɔdzifewo hã. Míehiã awu, eye ele be míaɖu nu gbesiagbe. Nyemenɔ dɔ aɖeke wɔm o. Esesẽ ŋutɔ. Akpa si sesẽ wue nye ɖeviawo hehe le gbɔgbɔ me—ƒomenusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeƒãɖeɖedɔa. Magblɔ be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeto eme do ɖewoɖewoe.”
Vidada aɖewo gɔ̃ hã kpɔe be ehiã be yewoadzo le yewoƒe ƒomewo gbɔ ɣleti geɖe be yewoava wɔ dɔ. Ðewo ɖoa asigbe hafi kpɔa nu ɖuna eye ƒã hafi wonɔa aƒeme. Esia zinɛ ɖe vi tsitsiwo dzi be woawɔ dzilawo ƒe ɖoƒe le nuɖuɖu didi, aƒemedɔwo wɔwɔ, kple tohehe na wo nɔvi suetɔwo gɔ̃ hã me. Gbɔgbɔ me dɔwo wɔwɔ yia to. Ẽ, nu ate ɖe ƒomea dzi ŋutɔ!
Nyateƒee, ne ganyawo sesẽ la, ɖewohĩ nu bubu aɖeke meli dzila nawɔ atsɔ akpɔ eƒe ƒomea dzi wu be wòadi dɔ le didiƒe awɔ o. Edze ƒã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me be ehiã be Yakob viwo nadzo le woƒe ƒomewo gbɔ aɖadi nuɖuɖu le Egipte. (Mose I, 42:1-5) Eyata ne nɔnɔme mawo tɔgbe do mo ɖa egbea la, ele be ƒome ƒe tawo natsɔ ŋutilã me viɖe siwo katã dɔwɔwɔ le didiƒe ate ŋu ana wo la asɔ kple nusi woƒe dzodzo ɣeyiɣi didi agblẽ le wo ŋu le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome. Ƒome geɖe dina be yewoado dzi le ganyawo ƒe sesẽ me tsɔ wu be yewoadzo ɣeyiɣi didi. Woɖoa ŋku nya siwo Paulo gblɔ le Timoteo I, 6:8 dzi be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:17.
Zi geɖe la, nu bubuwo nɔa anyi woawɔ ɖe mɔzɔzɔ teƒe. Ame aɖewo tsɔ moveviɖoɖo kple aɖaŋudzedze to dɔwɔɖui vɛ to dɔ veviwo wɔwɔ na amewo me.a (Tsɔe sɔ kple Lododowo 31:24.) Ðewohĩ nusi ahiã enye be woalɔ̃ awɔ dɔ tsɛ siwo amewo mebuna o. (Efesotɔwo 4:28) Apostolo Paulo ŋutɔ hã tsɔ “agbagbadzedze kple kutrikuku wɔ dɔ zã kple keli” bena magazu agba na ame bubuwo o. (Tesalonikatɔwo II, 3:8) Ŋutsu Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu ma.
Sukudede ƒe Kuxiwo
Kuxi bubue nye sukudede. Le saɖagateƒe aɖewo la, dzilawo te ŋu ɖoa wo viwo ɖe ƒometɔwo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe be ɖeviawo nakpɔ suku nyui ade. Ne ɖevi siawo dzo le wo dzilawo gbɔ la, kpekpewo dede kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ sesẽna na wo. Esi womeganaa hehe si dze la wo o ta la, hadede vɔ̃wo ɖua wo dzi bɔbɔe. Esia wɔe be wo dometɔ geɖe dzudzɔ agbenɔnɔ abe Kristotɔwo ene.
Ðikeke mele eme o be viɖe le ŋutilã me sukudede ŋu. Gake Biblia de asixɔxɔ gbɔgbɔ me hehexɔxɔ ŋu wu, eye Mawu dee dzilawo si be woana hehe ma. (Mose V, 11:18, 19; Lododowo 3:13, 14) Gake ɖevi ɖoɖo ɖe didiƒe ɣeyiɣi didi ate ŋu agblẽ agbagba siwo dzila adze be yeahee le “[Yehowa, NW] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ . . . me” la me.—Efesotɔwo 6:4.b
Ne edze abe sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo li mede edeƒe o ene la, ɖewohĩ naneke manɔ anyi dzilawo nawɔ tsɔ wu be woawɔ nusianu si woawo ŋutɔ ate ŋui afia aɖaŋudɔ veviwo wo viwo o. Míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ,’ Yehowa, hã kpena ɖe ame ŋu. (Yesaya 30:20) Hehexɔɖoɖo vovovowo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Wofiaa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le hame geɖe me. Teokrasi Subɔsubɔ Sukua hã nye ɖoɖo nyui aɖe si ate ŋu adzi ɖevi ƒe nuxexlẽ kple nuƒoƒo nyuie ƒe ŋutete ɖe edzi.
Vidzidzi Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ
Vidzikpɔkpɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ vevietɔ ne wosɔ gbɔ. Zi geɖe la, dzila Afrikatɔwo gblɔna be yewolɔ̃ ɖeviwo; eyata wodzia vi alesinu woate ŋui! Togbɔ be ɖeviwo ate ŋu ava kpɔ ame dzi hã la, ne wosɔ gbɔ la, dzila geɖe mete ŋu kpɔa wo dzi nyuie o.
Biblia gblɔ be “ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ” baa. (Psalmo 127:3) Gake de dzesii be ɣeyiɣi si me nuwo nyo nyuie le Israel ye woŋlɔ nya mawo. Emegbe la, dɔtoto sesẽ kple aʋawɔwɔ wɔe be vidzidzi va zu nu sesẽ. (Konyifahawo 2:11, 20; 4:10) Le alesi nuwo sesẽe le dukɔ madeŋgɔ geɖewo me ta la, ele be Kristotɔwo nabu vi xexlẽme si dzi woate ŋu akpɔ, ana nudodo, dɔƒe, kple hehee nyuie la ŋu vevie. Esi srɔ̃tɔ geɖe bu nuwo ƒe sesẽ ŋu la, wotso nya me be yewomazɔ ɖe dekɔnu dzi o eye wotso vi xexlẽme si woadzi dzi.c—Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.
Edze ƒã be ‘ɣeyiɣi siawo me nɔnɔ sesẽ.’ (Timoteo II, 3:1-5) Esi nuɖoanyi sia ɖo ta eƒe nuwuwu keŋkeŋ la, nɔnɔmea agasesẽ ɖe edzi na ƒome siwo le dukɔ madeŋgɔwo me godoo. Gake ne ƒomewo ƒe tawo lé ɖe Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖosewo ŋu goŋgoŋ la, woate ŋu akpɔ woƒe ƒomewo ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ, elabena Yehowa do ŋugbe sia na amesiwo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Ẽ, le dukɔ dahewo me gɔ̃ hã la, Kristotɔwo ate ŋu akpɔ woƒe ƒomewo dzi dzidzedzetɔe!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Dɔwɔɖuiwo Toto Vɛ le Dukɔ Madeŋgɔwo Me” le Nyɔ!, November 8, 1994, ƒe tata me.
b Kpɔ “Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ” le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, August 15, 1982, tɔ me hena numeɖeɖe bubuwo.
c Wona nyatakaka nyuiwo le nyati siwo nye “Ðoɖo Wɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu—Zu Xexeame Katã ƒe Nya,” si dze le May 8, 1993 ƒe Nyɔ! me.