Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Aleke, Afika, Ɣekaɣi?
AMEGBETƆWƆLA kple Agbenala ŋutɔ ka ɖe edzi na mí be ne amegbetɔ ku la, mefia kokoko be agbe wu enu tegbee o. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ka ɖe edzi na mí be menye ɖeko míagava nɔ agbe ɣeyiɣi kpui aɖe ko evɔ o ke boŋ be míava nɔ agbe eye míagaku akpɔ o! Apostolo Paulo gblɔe eme kɔ, gake kple kakaɖedzi be: “[Mawu le] xɔse dom ɖe amewo katã, le esi [wòfɔ Kristo Yesu] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 17:31, míawoe te gbe ɖe edzi.
Le nyateƒe me la, esia na biabia etɔ̃ siwo ŋu womeɖo o la kpɔtɔ li: Aleke ame kuku agate ŋu agbɔ agbee? Ɣekaɣie nusia adzɔ? Afikae agbe yeye ma adzɔ ɖo? Le xexeame godoo la, woɖo nya siawo ŋu le mɔ vovovowo nu, gake nu vevi si ana míanya nyateƒea le nya sia ŋue nye be míanya nusi tututu dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi ne woku.
Makumakunyenyee Nye Ŋuɖoɖoa?
Dzixɔse si bɔe nye be amegbetɔwo katã ƒe akpa aɖe li si mekuna o eye be woƒe ŋutilã koe kuna. Godoo èsee kpɔ wogblɔ nya ma. Ame geɖe yɔa akpa si wobe mekuna o be enye “luʋɔ” alo “gbɔgbɔ.” Wobe ne ŋutilã la ku la, eya mekuna o eye eyia agbenɔnɔ dzi le teƒe aɖe. Le nyateƒe me la, dzixɔse ma metso Biblia me o. Nyateƒee, blema Hebritɔ siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me la kpɔ mɔ na agbenɔnɔ le ku megbe, gake menye to woƒe akpa aɖe si mekuna o ƒe agbenɔnɔ dzi o. Wotsɔ kakaɖedzi nɔ mɔ kpɔm vevie na agbe si woagava nɔ le anyigba dzi le etsɔme to nukunu si nye tsitretsitsi me.
Blemafofo Abraham nye amesiwo xɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi le etsɔme dzi se ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Esi Hebritɔwo 11:17-19 nɔ alesi Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe ŋu nya gblɔm na mí la, egblɔ be: “Le xɔse me Abraham tsɔ Isak na, esime wotee kpɔ, . . . elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta,” elabena Mawu medi be wòatsɔ Isak asa vɔe o. Nyagblɔɖila Hosea ŋlɔ nusi gaɖo kpe edzi be dzixɔse nɔ Israel-viwo me be yewoagagbɔ agbe gbaɖegbe (si menye be woayi agbenɔnɔ dzi enumake le gbɔgbɔ me nuto aɖe me o) be: “Mava aɖe wo le tsieƒe [ameƒomea ƒe yɔdo] si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me!”—Hosea 13:14.
Ekema ɣekaɣie Yudatɔwo va susui be amegbetɔ dzɔ kple makumakunyenye eye wòva zu woƒe dzixɔse? Agbalẽ si nye Encyclopaedia Judaica lɔ̃ ɖe edzi be “ewɔ abe Helatɔwoe na be luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la va ge ɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me ene.” Gake vaseɖe Kristo ŋɔli ke la, Yudatɔ akuakuawo gakpɔtɔ xɔ se be tsitretsitsi li le etsɔme eye wonɔ mɔ kpɔm nɛ. Míate ŋu akpɔ esia le dze si Yesu ɖo kple Marta esime nɔviaŋutsu Lazaro ku me: “Tete la Marta gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o. . . . Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔviwò la atsi tre. Marta gblɔ nɛ bena: Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.”—Yohanes 11:21-24.
Nɔnɔme si me Ame Kukuwo Le
Mehiã be míasusu nya aɖe ko agblɔ le afisia hã o. Nyateƒe si Biblia gblɔ eme kɔ enye be ame kukuwo le “alɔ̃ dɔm,” womele naneke nyam o, seselelãme alo sidzedze aɖeke mele wo me kura o. Womegblɔ nyateƒenya sia le Biblia me le mɔ si le nyama, eye egɔmesese sesẽ nu o. Xlẽ kpukpui siawo siwo gɔmesese le bɔbɔe la kpɔ: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.
Eyata eme kɔ be Yesu Kristo ƒo nu le ku ŋu be enye alɔ̃dɔdɔ. Apostolo Yohanes ŋlɔ dze si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo la ɖi be: “Egblɔ na wo bena: Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me. Tete nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ. Ke Yesu ƒo nu le eƒe ku ŋuti; ke woawo bu xa bena, eƒo nu le alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ ŋuti. Azɔ Yesu ʋu me na wo faa bena: Lazaro ku.”—Yohanes 11:11-14.
Ame Bliboa Ye Kuna
Ne amegbetɔ ku la, ame bliboae kuna, menye ŋutilã la ɖeɖeko o. Le nya siwo Biblia gblɔ eme kɔ ƒã ta la, ele be míaƒo nya ta be luʋɔ makumaku aɖeke mele amegbetɔ me si yia edzi nɔa agbe ne eƒe ŋutilã ku vɔ o. Ŋɔŋlɔawo gblɔe kɔte be luʋɔ ate ŋu aku. “Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) Womegblɔ nya aɖeke le nya siwo nye “makumaku” alo “makumakunyenye” ŋu si fia be ameƒomea dzɔ kplii o.
Agbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ nya nyui sia le Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe le Biblia me be “luʋɔ” ŋu be: “Woŋlɔ luʋɔ le [Nubabla Xoxoa] me be nepeš, le [Nubabla Yeyea] me la enye [psy·kheʹ]. . . . Woɖe nepeš tso nya si ate ŋu afia ya gbɔgbɔ me, eyata . . . esi ya gbɔgbɔe na agbagbeawo to vovo tso kukuawo gbɔ ta la, nepeš fia agbe alo ame alo kpuie ko la, agbe si ame aɖe le. . . . Ŋutilã kple luʋɔ me mamã [mamã ɖe akpa eve me] aɖeke mele Nubabla Xoxoa me o. Israel-vi kpɔa wo be wonye nusiwo ŋu woate ŋu aka asii, wonye nu blibo ɖeka, eyata ekpɔa amegbetɔwo be wonye amewo ke menye nusi mã vovovo o. Togbɔ be woɖe míaƒe nya luʋɔ gɔme be nepeš hã la, mefia gbeɖe be luʋɔ le vovo na ŋutilã la alo ameti bliboa o. . . . Nya si nye [psy·kheʹ] ye wozã le Nubabla Yeyea me si sɔ kple nepeš. Ate ŋu afia nusi na ame le agbe, agbe ŋutɔ, alo ame gbagbe.”
Eyata àte ŋu akpɔe be le ku me la, amesi nɔ agbe tsã, luʋɔ gbagbea, meganɔa agbe o. Ŋutilã la trɔna yia “anyi” me alo zua anyigbatume nuwo, to eɖiɖi kple eƒe ƒaƒã me loo alo to dzotɔtɔe bene wòagblẽ kaba me. Yehowa gblɔ na Adam be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Ekema aleke woagate ŋu anɔ agbe le ku megbee? Nusitae nye be amesi ku la gale Mawu ŋutɔ ƒe susu me. Ŋusẽ kple ŋutete wɔnuku le Yehowa si be wòte ŋu wɔ amegbetɔwo, eyata mele be wòawɔ nuku na mí be ate ŋu alé amea ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi ɖe eƒe susu me o. Ẽ, mɔnukpɔkpɔ siwo katã gali be ame ma nagava nɔ agbe la le Mawu si me.
Gɔmesese siae le nya “gbɔgbɔ” ŋu, si ŋu woƒo nu le be egayi Mawu vavã, amesi tsɔe na, la gbɔ. Esime amesi ŋlɔ Nyagblɔla ƒe agbalẽa nɔ nu ƒom le nusia si dzɔna ŋu la, eɖe eme be: “Hafi ne kewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.”—Nyagblɔla 12:7.
Mawu koe ate ŋu ana ame aɖe nanɔ agbe. Esime Mawu wɔ ame le Eden eye wògbɔ “agbegbɔgbɔ” ɖe ŋɔti me nɛ, tsɔ kpe ɖe alesi wòna ya ge ɖe Adam ƒe dzitodzito me ŋu la, Yehowa na agbeŋusẽ la de agbe lãmenugbagbeviwo katã me le eƒe lãme. (Mose I, 2:7) Le nyateƒe me la, esi wònye agbeŋusẽ sia ate ŋu atso dzilawo me age ɖe viwo me to fufɔfɔ kple vidzidzi me ta la, míate ŋu agblɔe wòasɔ be amegbetɔ ƒe agbe tso Mawu gbɔ togbɔ be dzilawo gbɔe woxɔe tsoe hã.
Tsitretsitsi—Dzidzɔkpɔɣie
Mele be míatɔtɔ tsitretsitsi kple gbugbɔgadzi, si mele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o. Woxɔ gbugbɔgadzɔ dzi se be ne ame ku la, egagbugbɔdzɔna henɔa agbe le nɔnɔme aɖe alo nɔnɔme bubu geɖe siwo kplɔa wo nɔewo ɖo me. Wogblɔna be le agbe si ƒomevi wosusu be amea nɔ le eƒe tsãgbenɔɣi nu la, egava nɔa agbe sia si de ŋgɔ wu alo esi bɔbɔ ɖe anyi wu ne wotsɔe sɔ kple agbe si amea nɔ tsã. Le dzixɔse sia nu la, woate ŋu ‘agagbugbɔ adzi’ ame wòanye amegbetɔ alo lã aɖe. Esia tsi tre ɖe nusi Biblia fia ŋu koŋ.
Woɖe nya “tsitretsitsi” gɔme tso Helagbe me nya a·naʹsta·sis me, si fia “tsotso anɔ tsitre ake” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. (Hebrigbe me nya siwo nye techi·yathʹ ham·me·thimʹ, siwo gɔmee nye “be woagbɔ agbe ame kukuwo” lae Hebrigbe-gɔmeɖela siwo ɖe Helagbe gɔme la zã na a·naʹsta·sis.) Tsitretsitsi fia be woagade agbe si ƒomevi ame aɖe nɔ kpɔ la eme ake, si nye agbenɔnɔ si Mawu lé ɖe susu me. Le alesi Mawu adi be ame ma nanɔe nu la, woagbɔ agbee ava amegbetɔŋutilã me loo alo gbɔgbɔŋutilã nanɔ esi; gake nusi woatsɔ adze sii akpɔtɔ anɔ eŋu, eye eƒe amenyenye kple nusiwo nɔ susu me nɛ hafi wòku la aganɔ esi.
Ẽ, Biblia ƒo nu le tsitretsitsi ƒomevi eve ŋu. Woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre gbɔgbɔŋutilã nanɔ wo si be woayi dziƒo; esia li na ame ʋee aɖewo ko, ne wotsɔ wo sɔ kple ame bubuwo. Wofɔ Yesu Kristo ɖe tsitre nenema. (Petro I, 3:18) Eye eɖee fia be nenemae wòanɔ na eyomedzelawo dometɔ tiatia aɖewo, siwo dze egɔme tso eƒe apostolo nuteƒewɔlawo dzi, amesiwo wòdo ŋugbe na be: “Meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. . . . Magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.” (Yohanes 14:2, 3) Biblia yɔ esia be “tsitretsitsi gbãtɔ,” elabena adzɔ gbã le ɖoɖoa nu. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu le amesiwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo alea la ŋu be woanye nunɔlawo na Mawu eye be woaɖu fia kple Kristo Yesu. (Nyaɖeɖefia 20:6) Ame xexlẽme aɖewo koe anɔ “tsitretsitsi gbãtɔ” sia me, eye Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ ɖee fia be woanye ame 144,000 ko, siwo woatia tso ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo dome. Woanye amesiwo wɔ nuteƒe na Yehowa Mawu kple Kristo Yesu vaseɖe woƒe ku me ke, eye woɖi ɖase ŋusẽtɔe tso woƒe xɔse ŋuti na ame bubuwo.—Nyaɖeɖefia 14:1, 3, 4.
Ðikeke mele eme o be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi anye dzidzɔkpɔɣi manyagblɔ aɖe na amesiwo woafɔ ɖe tsitre woanɔ agbe le dziƒo. Gake dzidzɔkpɔkpɔa mese ɖe afima o, elabena wodo ŋugbe be woafɔ amewo ɖe tsitre bene woanɔ agbe le anyigba dzi afisia hã. Amesiwo woafɔ ɖe tsitre la ava kpe ame gbogbo aɖewo siwo atsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu. Esi apostolo Yohanes kpɔ ame xexlẽme sue siwo dze na dziƒo tsitretsitsia vɔ la, wogana wòkpɔ ŋutega si nye “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Dzidzɔkpɔɣi ka gbegbee nye si wòanye ne ame miliɔn geɖe, woate ŋu anye biliɔn geɖe hã, agbɔ agbe ava anyigba dzi afisia!—Nyaɖeɖefia 7:9, 16, 17.
Ɣekaɣie Wòanye?
Ne ame kukuwo gbɔ agbe va anyigba dzi la, aseyetsotso kple dzidzɔ ka kee woakpɔ la nu atso ne dzre, ʋukɔkɔɖeanyi, ɖiƒoƒo nutoa me, kple ŋutasesẽ xɔ aƒe ɖi—abe alesi nɔnɔmea li egbea ene. Ao, ele be tsitretsitsia nalala woaɖo “anyigba yeye” aɖe anyi vɔ hafi. Bu ɣletinyigba si dzi woɖe amegbetɔwo kple nuɖoanyi siwo edze abe woɖoe koŋ le anyigba la gblẽm eye wole eƒe dzɔdzɔmenyonyo la dome gblẽm vaseɖe fifia, hekpe ɖe xaxa manyagblɔ siwo wohe va anyigbadzinɔlawo dzii la ɖa ŋu kpɔ.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 11:18.
Edze ƒã be ɣeyiɣi si me woafɔ ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ ɖe tsitre la gale ŋgɔ gbɔna. Gake nyanyui lae nye be eteƒe megadidi o. Nyateƒee, ele be wòalala woatsrɔ̃ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa vɔ hafi. Gake kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo fia be “xaxa gã” la ƒe dzɔdzɔ kpoyi tu aƒe, esi ado fievo ahe “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” vɛ—si woyɔna zi geɖe be Harmagedon. (Mateo 24:3-14, 21; Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Esiae aɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le Anyigba dodzidzɔname sia dzi. Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua akplɔe ɖo, esime woatrɔ anyigba la ʋeʋeʋe wòaɖo paradiso ƒe nɔnɔme me.
Biblia ɖee fia be Ƒe Akpe Ðeka dziɖuɖu sia mee woafɔ amegbetɔ kukuwo ɖe tsitre le. Ɣemaɣie ŋugbe si Yesu do esime wònɔ anyigba dzi la ava eme be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase eƒe gbe, eye woado go . . . hena . . . tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29, NW.
Dɔ si Tsitretsitsimɔkpɔkpɔ Wɔna Ðe Ame Dzi
Etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nye—ɣeyiɣi si me ame kukuwo agagbɔ agbe! Aleke wòdea dzi ƒo na míi enye si ne míedze ŋgɔ fukpekpe siwo tso tsitsi, dɔléle, afɔku kple nublanuinya ɖiɖeamewo, kple gbesiagbe nuteɖeamedziwo kpakple agbemekuxiwo gbɔ! Eɖea ku ƒe ti la ɖa—meɖea nuxaxa ɖa keŋkeŋ ya o gake ewɔe be míenɔna abe amesiwo si etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la ene o. Nya siwo apostolo Paulo gblɔ tsɔ ɖo kpe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ƒe akɔfanameŋusẽ dzii enye si be: “Nɔviwo, míele didim bena mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ le ku me la ŋuti o; bene miagaxa nu abe ame bubu siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o. Elabena ne míexɔe se be Yesu ku eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ le ku me la hã ayi kpakplii.”—Tesalonikatɔwo I, 4:13, 14, NW.
Ðewohĩ míekpɔ nya bubu si Titinaɣedzeƒetɔ Hiob gblɔ ƒe nyateƒenyenye dze sii xoxo, ebe: “Evɔ wònye menyunyɔ abe nu ŋɔɖua kple avɔ, si agbagblaʋui ɖu la, ene hafi. Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.” (Hiob 13:28–14:2) Míawo hã míenya be kakaɖedzi mele agbe ŋu o eye be enye nyateƒenya si tena ɖe ame dzi be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mía dometɔ ɖesiaɖe. (Nyagblɔla 9:11) Míeka ɖe edzi be mía dometɔ aɖeke medi be yeaku o. Gake kakaɖedzi si le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu la ɖea vɔvɔ̃ na ku si na dzidzi ƒoa ame la ɖa.
Ekema lé dzi ɖe ƒo! Kpɔ nu yi ŋgɔ wu alɔ̃dɔdɔ le ku me si ate ŋu adzɔ eye wò ŋku nanɔ agbenɔnɔ ake to nukunu si nye tsitretsitsi me la dzi boŋ. Tsɔ kakaɖedzi kpɔ mɔ na etsɔmegbenɔnɔ si nuwuwu meli na o, eye nàgakpɔ dzidzɔ hã be míenya be yayraɣeyiɣi ma gbɔna le etsɔme kpuie.