INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/15 axa 20-24
  • Vifofo Kple Hamemegã—Alesi Woawɔ Dɔ Eve Siawoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vifofo Kple Hamemegã—Alesi Woawɔ Dɔ Eve Siawoe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vifofo Kple Hamemegã
  • ‘Amesi Si Vi Xɔsetɔwo Le’
  • Amesi Ðe “Nyɔnu, si Mexɔ Se O”
  • ‘Eƒe Aƒe Dzi Kpɔkpɔ Nyuie’
  • Dzikpɔkpɔ si Da Sɔ
  • Vifofo Nyuiwo Kple Hamemegã Nyuiwo
  • Ele Be Míalɔ̃ Míaƒe Hamemegãwo
  • Srɔ̃ŋutsu Kple Hamemegã—Agbaawo Tsɔtsɔ Wòada Asɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • ‘Mide Bubu Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe Le Mia Dome La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Dzilawo Kple Ðeviwo: Mitsɔ Mawu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/15 axa 20-24

Vifofo Kple Hamemegã—Alesi Woawɔ Dɔ Eve Siawoe

“Ne ame aɖe menya alesi wòakpɔ ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi o la, aleke wòakpɔ Mawu ƒe hame la dzi mahã?”—TIMOTEO I, 3:5.

1, 2. (a) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, aleke dzikpɔla trewo kple dzikpɔla srɔ̃tɔ siwo si vi mele o te ŋu subɔ wo nɔviwoe? (b) Aleke Akwila kple Priskila nye kpɔɖeŋu na srɔ̃tɔ geɖe egbeae?

DZIKPƆLA siwo nɔ Kristo-hame gbãtɔa me ate ŋu anye ŋutsu trewo, alo ŋutsu siwo ɖe srɔ̃ gake womedzi vi o, alo ŋutsu srɔ̃tɔ siwo si viwo nɔ. Ðikeke mele eme o be Kristotɔ mawo dometɔ aɖewo te ŋu wɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na wo le lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo la ƒe ta 7 me dzi, eye wonɔ tre. Yesu gblɔ xoxo be: “Ame tata aɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti.” (Mateo 19:12) Ŋutsu tre siawo, siwo nɔ abe Paulo kple ɖewohĩ eƒe mɔzɔhati aɖewo ene la, avo azɔ mɔ ava kpe ɖe wo nɔviwo ŋu.

2 Biblia megblɔe ne ŋutsu trewoe Barnaba, Marko, Sila, Luka, Timoteo, kple Tito nye o. Edze ƒã be ne srɔ̃tɔwoe wonye la, ekema wovo nyuie tso ƒomegbanɔamedziwo me be wote ŋu zɔ mɔ didiwo yi dɔdasi vovovowo gbe. (Dɔwɔwɔwo 13:2; 15:39-41; Korintotɔwo II, 8:16, 17; Timoteo II, 4:9-11; Tito 1:5) Wo srɔ̃wo ate ŋu anɔ wo ŋu, abe Petro kple “apostolo bubuawo” ene, amesiwo edze ƒã be wokplɔ wo srɔ̃wo ɖe asi esime wonɔ tsatsam le teƒeteƒewo. (Korintotɔwo I, 9:5) Akwila kple Priskila nye srɔ̃tɔ siwo lɔ̃ faa ʋu yi teƒe bubu ƒe kpɔɖeŋu ɖeka, wokplɔ Paulo ɖo tso Korinto yi Efeso, eye woʋu yi Roma, eye wogatrɔ va Efeso. Biblia megblɔe ne vi nɔ wo si o. Woƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe subɔsubɔ ɖe wo nɔviwo ta wɔe be “hame, siwo katã le [dukɔwo, NW] dome” kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Romatɔwo 16:3-5; Dɔwɔwɔwo 18:2, 18; Timoteo II, 4:19) Egbea atsu kple asi geɖe li siwo ate ŋu anɔ abe Akwila kple Priskila ene asubɔ hame bubuwo, ɖewohĩ to ʋuʋu ayi afisi hiahiã lolo le wu me.

Vifofo Kple Hamemegã

3. Nukae fia be ɖewohĩ ƒe alafa gbãtɔ me hamemegã geɖe nye ŋutsu srɔ̃tɔ siwo si ƒomewo nɔ?

3 Adze abe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Kristotɔ hamemegãwo ƒe akpa gãtɔ nye ŋutsu srɔ̃tɔ siwo si viwo nɔ ene. Esime Paulo gblɔ nusiwo wodi tso ŋutsu si “le dzikpɔladɔ dim” si la, egblɔ be ele be Kristotɔ sia nanye “amesi kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, amesi si vi ɖotowo le.”—Timoteo I, 3:1, 4.

4. Nukae wodi tso hamemegã siwo si viwo nɔ si?

4 Abe alesi míekpɔe ene la, womedi tso dzikpɔla si be viwo nanɔ esi, alo be wòaɖe srɔ̃ kokoko o. Gake ne srɔ̃tɔe Kristotɔ nye la, ele be wòawɔ tanyenye ɖe srɔ̃a dzi ŋudɔ nyuie le lɔlɔ̃ me eye wòaɖee afia be yete ŋu naa ye viwo bɔbɔa wo ɖokui nyuie hafi wòadze anye hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla. (Korintotɔwo I, 11:3; Timoteo I, 3:12, 13) Gbɔdzɔgbɔdzɔ gã ɖesiaɖe si anɔ nɔviŋutsu ƒe aƒedzikpɔkpɔ me ana madze na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo le hamea me o. Nukatae? Paulo ɖe eme be: “Ne ame aɖe menya alesi wòakpɔ ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi o la, aleke wòakpɔ Mawu ƒe hame la dzi mahã?” (Timoteo I, 3:5) Ne amesiwo nye ye ŋutɔ ƒe ŋutilã mele lɔlɔ̃m be yewoabɔbɔ ɖe eƒe dzikpɔkpɔ te o la, aleke ame bubuwo awɔ nu ɖe eŋui?

‘Amesi Si Vi Xɔsetɔwo Le’

5, 6. (a) Nudidi kae Paulo gblɔ na Tito le ɖeviwo ŋu? (b) Nukae wodi tso hamemegã siwo si viwo le la si?

5 Esime Paulo nɔ mɔ fiam Tito be wòatia dzikpɔlawo le Kreta-hamewo me la, egblɔ be: “Amesi ke nye mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wowɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le. Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene.” Nuka koŋ nudidi sia si nye ‘amesi si vi xɔsetɔwo le’ la fia?—Tito 1:6, 7.

6 Nyagbɔgblɔ ‘vi xɔsetɔwo’ fia sɔhɛ siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ, alo ɖevi siwo le ŋgɔ yim ɖo ta adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Hamea me tɔwo kpɔa mɔ be hamemegãwo ƒe viwo katã naɖe nɔnɔme nyuiwo afia ahanye vi ɖotowo. Ele be wòadze ƒã be hamemegã le eƒe ŋutete katã wɔm be yeatu xɔse ɖo ɖe viawo me. Fia Salomo ŋlɔe bena: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Ke ne ɖevi si wona hehee alea gbe be yemasubɔ Yehowa o alo wòwɔ vodada gã aɖe ya ɖe?

7. (a) Nukata wòdze ƒã be menye se sesẽ wode le Lododowo 22:6 o? (b) Ne hamemegã ƒe vi metiae be yeasubɔ Yehowa o la, nukata mawɔe be mɔnukpɔkpɔwo nage le hamemegã la si kokoko o?

7 Edze ƒã be menye se sesẽ matrɔmatrɔ wode le lododo si míeyɔ va yi me o. Mete fli ɖe tiatiawɔblɔɖe ƒe gɔmeɖosea me o. (Mose V, 30:15, 16, 19) Ne viŋutsua alo vinyɔnua tsi atsɔ agbanɔamedzi la, ele be eya ŋutɔ natso nya me le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Ne edze ƒã be hamemegã la na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu, mɔfiafia, kple amehehe si hiã eye gake ɖevia metiae be yeasubɔ Yehowa o la, mawɔe be vifofoa madze anye dzikpɔla kokoko o. Gake ne ɖevi sue geɖe le hamemegã si le aƒeme, siwo dzea dɔ le gbɔgbɔ me hegena ɖe afɔku me ɖe wo nɔewo yome la, ke womagabui “amesi kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie” o. (Timoteo I, 3:4) Nya lae nye be, ele be wòadze ƒã be dzikpɔla le eƒe ŋutete katã wɔm be ye viwo nanye “vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wowɔa nu vlo alo womeɖoa to o.”a

Amesi Ðe “Nyɔnu, si Mexɔ Se O”

8. Aleke wòle be hamemegã nawɔ nu ɖe srɔ̃a dzimaxɔsetɔ ŋui?

8 Paulo ŋlɔ le Kristotɔ ŋutsu siwo ɖe dzimaxɔsetɔwo ŋu be: “Ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvi aɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeanɔ egbɔ la, negagbee o. . . . Elabena . . . nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenema o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe. Elabena . . . wò ŋutsu, aleke nènyae bena, àte ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã?” (Korintotɔwo I, 7:12-14, 16) Nya si wogblɔ le afisia be “mexɔ se o” la mefia srɔ̃nyɔnu si si mawusubɔsubɔdzixɔsewo mele o ke boŋ efia nyɔnu si meɖe adzɔgbe na Yehowa o. Ate ŋu anye Yudatɔ, alo amesi xɔ dukɔwo ƒe mawuwo dzi se. Egbea hamemegã srɔ̃ ate ŋu anye nyɔnu si le subɔsubɔha bubu me, anye mawudzimaxɔsela, alo amesi mexɔ se be Mawu li o. Ne nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, mele be wòagbee le esi eƒe dzixɔsewo to vovo ta ko o. Ele be wòayi edzi ‘anɔ anyi kplii le nunya me, esi wònye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ wu la ŋuti, eye wòatsɔ bubu nɛ,’ eye wòakpɔ mɔ be yeaɖe eƒe agbe.—Petro I, 3:7; Kolosetɔwo 3:19.

9. Le dukɔ siwo me se ɖe mɔ na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa be woafia woƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo wo viwo le la, aleke wòle be hamemegã nawɔ nui, eye aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe mɔnukpɔkpɔwo dzii?

9 Ne viwo le dzikpɔla si la, awɔ srɔ̃ŋutsu kple vifofo ƒe tanyenye ŋudɔ nyuie le wo nyinyi me “le [Yehowa, NW] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Le dukɔ geɖe me la, se ɖe mɔ na srɔ̃tɔ eveawo siaa be woana mawusubɔsubɔ me nufiame wo viwo. Le go sia me la, srɔ̃nyɔnua adi be yeawɔ yeƒe gomenɔamesi ŋudɔ atsɔ afia yeƒe mawusubɔsubɔ dzixɔse kple nuwɔnawo ɖeviawo, eye ɖewohĩ akplɔ wo ayi eƒe sɔleme hã.b Le nyateƒe me la, ele be ɖeviawo nazã woƒe dzitsinya si Biblia na hehee la le gome si womakpɔ le alakpasubɔsubɔnuwɔnawo me o me. Esi vifofoae nye ta na ƒomea ta la, awɔ eya ŋutɔ ƒe gomenɔamesi ŋudɔ asrɔ̃ nu kple viawo eye wòakplɔ wo ayi kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me ne anya wɔ. Ne wotsi ɖo afisi woate ŋu awɔ woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso la, woatso nya me na wo ɖokui le mɔ si woato ŋu. (Yosua 24:15) Ne ehati hamemegãwo kple hamea me tɔwo te ŋu kpɔnɛ be ele nusianu si se ɖe mɔ nɛ be wòawɔ atsɔ afia nu viawo nyuie le nyateƒemɔa ŋu wɔm la, womagblɔ be medze anye dzikpɔla o.

‘Eƒe Aƒe Dzi Kpɔkpɔ Nyuie’

10. Ne amesi si ƒome le ye hamemegã nye la, nukae anye eƒe dɔdasi vevitɔ?

10 Le hamemegã si nye vifofo eye srɔ̃a nye hati Kristotɔ gɔ̃ hã gome la, mele bɔbɔe be wòamã eƒe ɣeyiɣi kple susu ɖe srɔ̃a, viawo, kple hamea me agbanɔamedziwo ŋu pɛpɛpɛ o. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒã be agba le vifofo Kristotɔ dzi be wòalé be na srɔ̃a kple viawo. Paulo ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Paulo gblɔ le lɛta ma ke me be ŋutsu srɔ̃tɔ siwo ɖee fia xoxo be yewonye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyuiwo koe woakafu woazu dzikpɔlawo.—Timoteo I, 3:1-5.

11. (a) Mɔ kawo nue wòle be hamemegã ‘nalé be na ye ŋutɔ tɔwo’ le? (b) Aleke esia ate ŋu akpe ɖe hamemegã ŋu be wòatsɔ eƒe hamea me agbanɔamedziwo nyuie?

11 Ele be hamemegã ‘nalé be’ na ye ŋutɔ tɔwo menye le ŋutilã gome ko o ke le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome hã. Fia Salomo nunyala la ŋlɔ bena: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble, emegbe hafi natu xɔ.” (Lododowo 24:27) Eyata ne dzikpɔla le srɔ̃a kple viawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm le ŋutilã me, seselelãme, kple modzakaɖeɖe gome la, ele be woatu wo ɖo le gbɔgbɔ me hã. Esia xɔa ɣeyiɣi—ɣeyiɣi si mate ŋu atsɔ akpɔ hamea me nyawo gbɔ o. Gake enye ɣeyiɣi si ate ŋu aɖe vi geɖe le ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple gbɔgbɔmeŋgɔyiyi me. Nusi ado tso emee nye be ne ƒomea sẽ ŋu le gbɔgbɔ me la, ɖewohĩ hamemegã la magazã ɣeyiɣi boo aɖeke ɖe ƒomekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me o. Esia ana wòakpɔ vovo wu ɖe hamea me nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Srɔ̃ŋutsu nyui kple vifofo nyui ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo la aɖe vi na hamea le gbɔgbɔ me.—Petro I, 5:1-3.

12. Ƒomenya ka mee wòle be vifofo siwo nye hamemegãwo naɖo kpɔɖeŋu nyui le?

12 Aƒemetɔwo dzi kpɔkpɔ nyuie bia hã be woawɔ ɖoɖo akpɔ ƒomenusɔsrɔ̃ dzi. Ele vevie ŋutɔ be hamemegãwo naɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia me, elabena ƒome likewoe na hamewo lia ke. Mele be dzikpɔla navu ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo ŋu ɣesiaɣi ale gbegbe be ɣeyiɣi manɔ esi wòasrɔ̃ nu kple srɔ̃a kpakple viawo o. Ne aleae wòle la, ke ele be wòagbugbɔ eƒe ɖoɖowɔɖi me adzro. Ðewohĩ ahiã be wòagbugbɔ ɖoɖo awɔ ɖe ɣeyiɣi si wòtsɔ kpɔa nya bubuwo gbɔe ŋu alo aɖe edzi akpɔtɔ, eye wòaɖe asi le mɔnukpɔkpɔ aɖewo gɔ̃ hã ŋu ɣeaɖewoɣi.

Dzikpɔkpɔ si Da Sɔ

13, 14. Aɖaŋu kae “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖo na hamemegã siwo si ƒome le?

13 Menye egbee wole aɖaŋu ɖom be woada asɔ le ƒome kple hamea me agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me o. Ƒe geɖe enye sia si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” le aɖaŋu ɖom na hamemegãwo le nya siawo ŋu. (Mateo 24:45) Ƒe 37 kple edzivɔe nye sia la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, September 15, 1959 ƒe axa 553 kple 554 ɖo aɖaŋu be: “Le nyateƒe me la, ɖe mele be míada asɔ le nusiawo katã siwo xɔa míaƒe ɣeyiɣi la me oa? Be nàda asɔ le esia me la, ele be nàlé fɔ ɖe wò ŋutɔ wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu wu. Nyateƒee wònye be Yehowa Mawu madi be ŋutsu nazã eƒe ɣeyiɣi katã ɖe hamea me dɔwɔnawo ŋu, ana kpekpeɖeŋu nɔviawo kple aƒelikawo be woakpɔ ɖeɖe, gake madze agbagba le eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ya ŋu o. Srɔ̃nyɔnu kple ɖeviwo dzi kpɔkpɔe nye ŋutsu ƒe agbanɔamedzi vevitɔ.”

14 April 1, 1987 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22 ɖo aɖaŋu be: “Ne ƒomea ƒo ƒu yi gbeadzi la ate mi aƒo ƒu ɖekae gake ɖeviwo ƒe nuhiahiã tɔxɛwo hiã na mia ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣi kple seselelãme ƒe ŋusẽ tsɔtsɔ sa vɔe. Eyata ahiã be miada asɔ nyuie le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si miate ŋu azã na hamea ƒe dɔwɔnawo aganɔ ‘amesiwo nye mia ŋutɔ mia tɔwo’ la ƒe gbɔgbɔmenuwo, seselelãme, kple ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔm la me. Ele be [Kristotɔ] ‘nasrɔ̃ alesi wòawɔ nusi adze Mawu ŋu la le [eya ŋutɔ ƒe] aƒe me gbã.’ (Timoteo I, 5:4, 8)”

15. Nukata hamemegã si si srɔ̃ kple viwo le hiã na nunya kple gɔmesese?

15 Ŋɔŋlɔawo me lododo aɖe gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.” (Lododowo 24:3) Ẽ, edze ƒã be nusi dzikpɔla hiã wue nye nunya kple gɔmesese ale be wòate ŋu awɔ eƒe teokrasidɔwo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòatu eƒe aƒemetɔwo ɖo. Le Ŋɔŋlɔawo nu la, dzikpɔkpɔdɔ si wu ɖekae le edzi. Eƒe ƒomea kple eƒe agbanɔamedziwo le hamea ŋue wòku ɖo. Ehiã nugɔmesese be wòada asɔ le dɔ siawo me. (Filipitɔwo 1:9, 10) Ehiã nunya be wòaɖo nusiwo gbɔ wòakpɔ gbã la ɖi. (Lododowo 2:10, 11) Gake togbɔ be akpɔe be ele be yeakpɔ yeƒe dɔwo gbɔ le hamea me hã la, ele be wòade dzesii be esi wònye srɔ̃ŋutsu kple vifofo ta la, eƒe agbanɔamedzi vevitɔ si tso Mawu gbɔe nye beléle na eƒe ƒomea kple woƒe ɖeɖekpɔkpɔ.

Vifofo Nyuiwo Kple Hamemegã Nyuiwo

16. Viɖe kae wònye na hamemegã ne vifofo hãe wòganye?

16 Ate ŋu aɖe vi geɖe ne vi siwo ƒe agbenɔnɔ nyo le hamemegã si. Ne enya alesi wòalé be na eƒe ƒomea nyuie la, asu te akpe ɖe ƒome bubuwo ŋu le hamea me. Esea woƒe kuxiwo gɔme nyuie wu eye ate ŋu aɖo aɖaŋu tso eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me. Dzidzɔtɔe la, hamemegã akpe geɖe siwo le xexeame katã nye srɔ̃ŋutsuwo, vifofowo, kple dzikpɔla siwo le agbagba dzem nyuie.

17. (a) Nukae mele be ŋutsu si nye vifofo ganye hamemegã naŋlɔ be gbeɖe o? (b) Aleke wòle be hamea me tɔ bubuwo naɖe veveseseɖeameti afia?

17 Hafi ŋutsu si si ƒome le nazu hamemegã la, ele be wòanye Kristotɔ tsitsi si te ŋu trɔa asi le eƒe ɖoɖowo ŋu ale be wòkpɔa ɣeyiɣi ɖe hamea me tɔ bubuwo ŋu hekpɔa woƒe nyawo gbɔ, esime wòle be lém na srɔ̃a kple viawo. Mele be wòaŋlɔ be o be aƒemee yeƒe alẽkpɔkplɔdɔa dzea egɔme tsona. Esi hamea me tɔwo nya be ƒomea kple hamea me dɔwo siaa ƒe agba le hamemegã siwo si srɔ̃ kple viwo le dzi ta la, woadze agbagba be womaxɔ woƒe ɣeyiɣi madzemadzee o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ hamemegã siwo si viwo le eye woayi suku le ŋufɔke la mate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi le fiẽsi me kpekpewo megbe o. Ele be hamea me tɔ bubuwo nase esia gɔme eye woaɖe nublanuikpɔkpɔ afia.—Filipitɔwo 4:5.

Ele Be Míalɔ̃ Míaƒe Hamemegãwo

18, 19. (a) Nukae Korintotɔwo I, ta 7 si me míedzro la na míekpɔ dze sii? (b) Aleke wòle be míabu Kristotɔ ŋutsu siawo tɔgbe?

18 Lɛta gbãtɔ si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo la ƒe ta 7 lia me dzodzro na míekpɔe be ŋutsu geɖe wɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi henɔ tre, eye wole woƒe ablɔɖe zãm tsɔ le Fiaɖuƒedɔwo wɔm. Nɔviŋutsu srɔ̃tɔ akpe geɖe hã li siwo medzi vi o eye togbɔ be wokpɔa vovo ɖe wo srɔ̃wo ŋu nyuie hã la, wonye dzikpɔlawo le nutome gãwo, nutome suewo, kple hamewo me, kpakple le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, eye wo srɔ̃wo wɔa nu aduadu kpli wo si dze na kafukafu. Mlɔeba la, le Yehowa ƒe amewo ƒe hame siwo de 80,000 kloe me la, vifofo geɖe li siwo menye ɖeko woléa be na wo srɔ̃wo kple wo viwo ko o ke wokpɔa ɣeyiɣi tsɔ subɔa wo nɔviwo esi wonye alẽkplɔla siwo léa be na ame ta.—Dɔwɔwɔwo 20:28.

19 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.” (Timoteo I, 5:17) Ẽ, hamemegã siwo wɔa dzikpɔkpɔdɔ nyuie le woƒe aƒewo kple hamea me dze na míaƒe lɔlɔ̃ kple bubu. Le nyateƒe me la, ele be ‘míabu amesiawo tɔgbe.’—Filipitɔwo 2:29.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 1, 1978, axa 31-2.

b Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1960, axa 735-6.

Numetoto

◻ Aleke míewɔ nya be srɔ̃ kple viwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me hamemegã geɖe si?

◻ Nukae wobia tso hamemegã srɔ̃tɔ siwo si viwo le si, eye nukatae?

◻ Nukae ‘vi xɔsetɔwo’ ƒe amesinɔnɔ fia, gake aleke wòanɔ ne hamemegã ƒe vi metiae be yeasubɔ Yehowa o?

◻ Go kawo mee wòle be hamemegã ‘nalé be na ye ŋutɔ tɔwo’ le?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒome likewoe na hamewo lia ke

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe