Kpekpeɖeŋu Nana Ne Afɔku dzɔ
AGBAGBA siwo amegbetɔ dzena be yeana kpekpeɖeŋu ne afɔku dzɔ la dze na kafukafu ŋutɔ. Kpekpeɖeŋunanaɖoɖo geɖe wɔe be wogbugbɔ xɔwo tu, ƒometɔwo gawɔ ɖeka, eye ƒo wo katã ta la, woɖe amewo ƒe agbe.
Ne afɔku dzɔ la, Yehowa Ðasefowo wɔa nunana ƒomevi ɖesiaɖe si wonaa wo to dukɔ ƒe kpekpeɖeŋunanaɖoɖowo me ŋudɔ—eye wodaa akpe ɖe wo ta. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Ŋɔŋlɔawo da agba ɖe wo dzi be ‘woawɔ nu nyui vevietɔ na woƒe haxɔsetɔwo.’ (Galatiatɔwo 6:10) Ẽ, Ðasefoawo sena le wo ɖokui me be yewodo ƒome kple yewo nɔewo; wobua wo nɔewo be yewonye “ƒometɔwo.” Susu ma tae woyɔa wo nɔewo be ‘nɔviŋutsu’ kple ‘nɔvinyɔnu’ ɖo.—Tsɔe sɔ kple Marko 3:31-35; Filemon 1, 2.
Eyata ne afɔku dzɔ ɖe nuto aɖe me tɔwo dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegãwo dzea agbagba kutrikukutɔe be yewoanya afisi hamea me tɔ ɖesiaɖe le kple nusiwo ahiã wo eye wowɔa ɖoɖo ɖesiaɖe si hiã be woakpe ɖe wo ŋu. Kpɔ alesi nya sia nye nyateƒee le Accra, Ghana; San Angelo, U.S.A.; kple Kobe, Japan la ɖa.
Accra—“Noa ƒe Ŋkekea ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖe”
Tsi la dze dzadza gɔme le zã ga 11 lɔƒo, eye edza makemakee gaƒoƒo geɖe. John Twumasi si nye Yehowa Ðasefo le Accra gblɔ be: “Tsia nɔ dzadzam sesĩe ale gbegbe be nye ƒomea me tɔwo katã tsi ŋu dɔ.” Daily Graphic yɔe be enye “Noa ƒe ŋkekea ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe.” John yi edzi be: “Míedze agbagba be míalɔ nunɔamesi aɖewo ayi xɔ siwo le dziƒoxɔa dzi me, gake esi míeʋu ʋɔ si yi atrakpuia gbɔ ko la, tsiɖɔɖɔa tsa hoo ge ɖe eme.”
Dziɖuɖumegãwo xlɔ̃ nu mí be míado go le xɔawo me, gake ame geɖe nɔ hehem ɖe megbe, elabe wovɔ̃ be ne aƒea tsi ƒuƒlu la,—ne tsi ɖɔ ɖe eme gɔ̃ hã—adzro amewo be woava ha nuwo. Ne edzro ame aɖewo be yewoadzo hã la, womate ŋu adzo o. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Paulina gblɔ be: “Mía kple danye míete ŋu ʋu míaƒe ʋɔ o. Tsia ganɔ ɖɔɖɔm kokoko, eyata míetsi tre ɖe atigowo dzi eye míeku ɖe xɔa ƒe daɖedzi aɖe ŋu. Míaƒe aƒelikawo va xɔ na mí mlɔeba le fɔfɔme ga atɔ̃ me lɔƒo.”
Yehowa Ðasefowo dze dɔ gɔme enumake alesi woate ŋui. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Beatrice gblɔ be: “Hamemegãwo nɔ mía dim eye wova ke ɖe mía ŋu le hati Ðasefo aɖe ƒeme, afisi míeva be ɖo. Ŋkeke etɔ̃ pɛ le tsiɖɔɖɔa megbe la, hamemegãwo kple hamea me sɔhɛwo wɔ ɖeka va mía gbɔ eye woha ba le míaƒe aƒea me kple egodo. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa na adzalẽwo, dɔlékuiwutikewo, aŋɔ, beliwo, kuntruwo, avɔwo, kple ɖeviwo ƒe nudodowo mí. Nɔviawo ɖo nuɖuɖu ɖe mí ŋkeke geɖe. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe!”
John Twumasi si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ be: “Megblɔ na xɔhayala bubuawo be míaƒe Habɔbɔ ɖo adzalẽwo kple dɔlékuiwutikewo ɖe mí—woade míatsɔ aklɔ aƒe bliboa mee. Xɔhayalawo ade ame 40 kpe asi ɖe dɔa ŋu míeklɔ aƒea me. Mena adzalẽ aɖewo nye aƒelikawo, siwo dometɔ aɖe nye afima sɔlemeha aɖe ƒe nunɔla. Nye dɔwɔhatiwo bui vodadatɔe be Yehowa Ðasefowo lɔ̃a woa ŋutɔwo ƒe amewo ko.”
Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔawo kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wona wo la ŋu blibo. Nɔviŋutsu Twumasi wu enu be: “Togbɔ be nusiwo bu nam le tsiɖɔɖɔa me ƒe home sɔ gbɔ sasasã wu kpekpeɖeŋununanaawo hã la, mía kple nye ƒomea míese le mía ɖokui me be nusiwo wowɔ na mí la ɖe vi na mí sasasã wu míaƒe nusiwo bu, le nunana wɔdɔɖeamedzi siwo tso Habɔbɔa gbɔ ta.”
San Angelo—“Ðeko Wòɖi abe ɖe Xexeame Nɔ Enu Wum Ene”
Ahom siwo gblẽ nu le San Angelo le May 28, 1995 dzi la ho atiwo, eŋe elɛktrikŋusẽtiwo, eye wòda elɛktrikka siwo me ŋusẽ ganɔ ɖe mɔwo dzi. Yaƒoƒoa te ŋu ƒua du kilometa 160 le gaƒoƒo ɖeka ɖesiaɖe me eye wògblẽ dugbadza nuzazãwo. Akaɖiwo tsi kplo le aƒe siwo wu 20,000 me. Emegbe tsikpea dze dzadza gɔme. Dziɖuɖu ƒe Yame ƒe Tɔtrɔ Dɔwɔƒe ka nya ta be “tsikpe siwo lolo abe golf bɔl ene” dza, emegbe “tsikpe siwo lolo abe softball ene” dza eye, “tsikpe siwo lolo wu aŋutitsetse” dza kplɔe ɖo mlɔeba. Eƒe dzadza ɖi sesĩe ŋutɔ. Afimatɔ aɖe gblɔ be: “Ðeko wòɖi abe ɖe xexeame nɔ enu wum ene.”
Ðoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ahom la megbe. Amewo do go ɖɔɖɔɖɔ tso woƒe xɔ gbagbãwo me be yewoalé ŋku ɖe nugbegblẽawo ŋu. Aŋgbawo lũ le ati siwo gakpɔtɔ nɔ tsitre dzi. Àsusu be ɖe wofo xɔ siwo tsi anyi la ŋu ene. Tsikpea li kɔ ɖe anyigba le teƒe aɖewo wòde afɔ etɔ̃. Aƒewo kple ʋuwo ƒe fesre akpe geɖewo kaka le ahom la me ale gbegbe be ahuhɔ̃e gbagbɛwo nɔ keklẽm le tsikpe si xɔ anyigba la dome. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Esi meɖo aƒeme la, ɖeko menɔ nye ʋu me le aƒea mɔ dzi, henɔ avi fam. Nuwo gblẽ ale gbegbe, ɖeko wòwu gbɔgblɔ nam.”
Enumake kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kple dɔnɔkɔdziwo na gakpekpeɖeŋu kple xɔtunuwo, wowɔ atike na amewo eye wona mɔfiame amewo. Edze kafukafu be ame geɖe siwo dometɔ aɖewo ŋu ahom gblẽ nu le hã wɔ nusi wote ŋui tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu.
Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo hã tso ɖe eŋu. Aubrey Conner si nye hamemegã le San Angelo gblɔ be: “Esi ahom la dzudzɔ ko la, míeƒo ka nɔ mía nɔewo ta biam se. Míekpe ɖe mía nɔviwo kple aƒelika siwo menye Ðasefowo o ŋu, míeklã ʋuƒowo ɖe fesrewo nu, míegba aŋe ɖe xɔwo tame, eye míede nusiwo akpɔ xɔwo ta tso yaƒoƒo nu alesi míate ŋui. Emegbe míeŋlɔ hamea me tɔ ɖesiaɖe si ƒe aƒe ŋu nu gblẽ le ƒe ŋkɔ da ɖi. Ehiã be míadzra aƒe siwo ade alafa ɖeka ɖo, eye nusiwo kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo na la made o. Eyata míeƒle nu bubuwo kpee eye míedzra ɖo ɖe dɔ ŋu. Ðasefo siwo katã tsɔ wo ɖokui na hena dɔa wɔwɔ ade ame 1,000, amesiwo wɔa dɔ kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe la ade 250. Woƒe tsoƒewo didi ɖewo ade kilometa 740 sɔŋ. Zi geɖe amesiame wɔa dɔ ɖeɖimateameŋutɔe le yame ƒe dzoxɔxɔ si de dzeside celsius 40 me. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 70 gɔ̃ hã wɔ dɔ kple mí kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe negbe zi ɖeka koe menɔ eme o, si nye esime wonɔ eƒe aƒe dzram ɖo. Eye le kwasiɖanuwuwu ma la, ede eya ŋutɔ ƒe xɔ ta va nɔ kpekpeɖeŋu nam le dɔa wɔwɔ me!
“Zi geɖe míesenɛ eteƒekpɔlawo nɔa gbɔgblɔm be, ‘Ne subɔsubɔha bubuwo awɔ nusia na wo tɔwo la, ɖe manyo oa?’ Ewɔ dɔ ɖe míaƒe aƒelikawo dzi ŋutɔ esi wokpɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla (nɔvinyɔnuwo hã nɔ wo dome) siwo de ame 10 va ɖo 12 wova do ɖe wo hati Ðasefo aɖe ƒeme le Fiɖa ŋdi be yewoadzra xɔa tame ɖo alo agbugbɔ xɔa agba femaxee. Zi geɖe la, wowua dɔa nu le kwasiɖanuwuwu ɖeka. Ɣeaɖewoɣi xɔtula si wohaya la anɔ xɔ gbam kple ŋkubiã hafi mía tɔwo va ɖoa aƒe si te ɖe eŋu gbɔ. Míekloa xɔa gagbugbɔ gbanɛ eye míedzraa aƒea me ɖo hafi wowua wo tɔ nu. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wodzudzɔa woƒe dɔ wɔwɔ va nɔa mía kpɔm!”
Nɔviŋutsu Conner wu enu be: “Nusiwo teƒe mí katã míekpɔ la atsi ŋku dzi na mí. Nɔvilɔlɔ̃ si míeɖe fia la wu gbɔgblɔ eye woɖee fia míawo hã, si wɔe be míeva nya mía nɔewo le mɔ bubu kura nu. Míekpɔe be alesi nuwo anɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me esime nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo anɔ kpekpem ɖe wo nɔewo ŋu le esi wodi vavã be yewoawɔe ta ƒe kpɔɖeŋu koe wònye.”—Petro II 3:13.
Kobe—“Ati Ŋeŋewo, Gli Gbagbãwo Kple Ame Kukuwo”
Wotsɔe be Kobetɔwo nɔ dzadzraɖoɖi hafi. Le nyateƒe me la, woɖua Mɔxexe na Afɔku ƒe Ŋkeke le September 1 ɖesiaɖe dzi. Sukuviwo srɔ̃a nusiwo woawɔ atsi agbe ne anyigba ʋuʋu, asrafowo gbugbɔ toa helikɔpta tsɔtsɔ ɖe amewoe ƒe wɔnawo me, eye dzotsitsidɔwɔƒewo ɖea woƒe mɔ̃ siwo ʋuʋua nu abe anyigbaʋuʋu ene la doa goe, eye amewo srɔ̃a nusiwo woawɔ atsi agbe le aɖakago si lolo abe xɔ ene, si ʋuʋuna sesĩe abe anyigbaʋuʋu ŋutɔŋutɔ ene me. Gake esi nua ŋutɔŋutɔ dzɔ le January 17, 1995 la, ɖeko wòdze abe woƒe dzadzraɖoa katã nye yaka ene. Xɔ akpe geɖe ƒe tame ŋe dze eme—medzɔ kpɔ le kpɔɖeŋumɔ̃awo gome o. Ketekewo mli to eme; mɔdodo gãwo ƒe akpa aɖewo gblẽ; ya kple tsi toƒewo gbã; xɔwo kaka abe agbalẽgo ene. Time magazine gblɔ le teƒea ŋu be ezu teƒe si “ati ŋeŋewo, gli gbagbãwo kple ame kukuwo” yɔ fũ.
Emegbe dzo te bibi. Xɔwo nɔ bibim vlavlavla esime dzotsilawo tsi ʋu gbogbo aɖewo dome le keke mɔ ta ke. Esi dua ƒe tsi toƒewo gblẽ ta la, zi geɖe amesiwo va ɖoa dzoa gbɔ kpɔnɛ be tsi meli woaku o. Dumegã aɖe gblɔ be: “Vɔvɔ̃ blibo lém ŋkeke gbãtɔa katã. Wɔna mevɔ le ŋunye le nye agbe me nenema kpɔ o, menya be xɔ mawo siwo le bibim mu dze ame geɖe dzi. Esi menya hã be naneke meli mawɔ tso eŋu o ta.”
Le wo katã me la, amesiwo ku ade 5,000, eye xɔ 50,000 kloe gbã. Nuɖuɖu si hiã Kobetɔwo ƒe memamã etɔ̃ ƒe akpa ɖeka koe le wo si. Tsi ƒoɖi siwo nɔ pɔmpi gbagbãwo tee amewo nɔ kpakpam hafi te ŋu kpɔ tsi. Sitsoƒegbadɔ siwo dometɔ aɖewo me womãa nuɖuɖu na amewo le eye amesiame xɔa mɔlĩkple goɖoe ɖeka gbesiagbe lae aƒemanɔsitɔ geɖe si yi. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi amewo ƒe dzi meva nɔ eme dzem o. Ŋutsu aɖe to nyatoƒoe be: “Dumegãwo mete ŋu wɔ naneke o. Ne míaganɔ wo sinu kpɔm kokoko la, dɔ koe awu mí míaku.”
Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Kobe kple nuto siwo te ɖe eŋu me wɔ ɖoɖo enumake. Helikɔptakula aɖe si ŋutɔ kpɔ alesi wowɔa dɔe la gblɔ be: “Meyi afɔkua teƒe le gbesigbe anyigbaa ʋuʋu eye menɔ afima kwasiɖa ɖeka. Nusianu nɔ nyamaa le sitsoƒegbadɔ aɖe me esi meɖo afima. Womenɔ kpekpeɖeŋunadɔ aɖeke koŋ wɔm o. Yehowa Ðasefowo koe ƒu du ɖo afima nɔ dɔ si kple ekemɛ wɔm.”
Le nyateƒe me la, dɔ geɖe nɔ anyi woawɔ. Fiaɖuƒe Akpata ewo meganyo woazã o, eye Ðasefo 430 zu aƒemanɔsitɔwo. Ehiã be woadzra aƒe 1,206 siwo me wonɔ hã ɖo. Menye ema koe o, ke Ðasefo 15 siwo ku le afɔkua me ƒe ƒomewo hã hiã akɔfafa vevie.
Ðasefo siwo ade 1,000 tso dukɔa me godoo zã woƒe ɣeyiɣi faa kpe asi ɖe nuwo dzadzraɖodɔa ŋu. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Ne míele dɔ wɔm le Biblia-nusrɔ̃vi maxɔnyɔnyrɔwo ƒe aƒewo ŋu la, wobiaa mí ɣesiaɣi be, ‘Ho nenie míaxe ɖe dɔ gbogbo sia ta?’ Esi míegblɔ na wo be hameawo ƒe kpekpeɖeŋu mee míele dɔa wɔm le la, wodaa akpe na mí, eye wogblɔna be, ‘Míele nusiwo míesrɔ̃ la teƒe kpɔm azɔ!’”
Alesi Ðasefoawo tso ɖe afɔkua ŋu bla eye wowɔ dɔ alesi dze la wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi ŋutɔ. Helikɔptakula si míeyɔ do ŋgɔ la gblɔ be, “Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Mieyɔa mia nɔewo be ‘nɔviŋutsu’ kple ‘nɔvinyɔnu.’ Mekpɔ alesi miekpena ɖe mia nɔewo ŋui; ƒometɔwo mienye vavã.”
Ðasefoawo ŋutɔ hã srɔ̃ nu vevi geɖe tso anyigbaʋuʋua me. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Tsã mebunɛ be ne habɔbɔ aɖe le lolom ɖe edzi ko la, ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo me sesẽna ɖe edzi.” Gake eƒe susu trɔ esi wotsɔ dɔmetɔtrɔ lé be nɛ ta. “Mekpɔe azɔ be Yehowa le be lém na mí ame ɖekaɖekawo hã ke menye le ha me ɖeɖeko o.” Gake gbɔdzɔe like kpɔkpɔ tso afɔku si me le ŋgɔ gbɔna.
Gbɔdzɔe Si Nɔa Anyi Ðaa Ava Kpuie!
Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me afɔkuwo magatso amegbetɔ ƒe agbe kple agbenɔnɔ dzi kpo o. Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, woafia amegbetɔ be wòanɔ agbe wòasɔ ɖe anyigba ƒe nutoa me ƒe nɔnɔme nu. Esi amegbetɔwo anɔ asi ɖem le ɖokuitɔdidinuwɔnawo ŋu la, maganɔ bɔbɔe be dzɔdzɔmefɔkuwo nadzɔ ɖe wo dzi o.
Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Mawu—dzɔdzɔmeŋusẽwo Wɔla—akpɔ egbɔ be dzɔdzɔmeŋusẽwo magagblẽ nu le eƒe amegbetɔƒomea kple anyigba dzi nuwɔwɔwo ŋu akpɔ gbeɖe o. Anyigba azu paradiso ŋutɔŋutɔ ɣemaɣi. (Yesaya 65:17, 21, 23; Luka 23:43) Nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia 21:4 ava eme le ŋutikɔkɔe me be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Beatrice Jones (miame) le alesi eya kple ame bubuwo lé wo nɔewo hafi te ŋu to tsiɖɔɖɔa me wɔm fia
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Kpekpeɖeŋudɔ wɔwɔ le ahom la megbe