Nya Siwo Agbalẽnyalawo Gblɔ le Nyanyuia Ŋu
“AMEKA amehawo gblɔna bena, menye mahã?” (Luka 9:18) Yesue bia nya sia eƒe nusrɔ̃lawo anɔ ƒe akpe eve kloe enye sia. Wonɔ ɖi kem le biabia sia ŋu ɣemaɣi. Edze abe wole ɖi kemee vevie wu fifia ene, vevietɔ le Kristmas ŋɔli si wobu be eku ɖe Yesu ŋu. Ame geɖe xɔ se be dziƒoe woɖo Yesu ɖa tsoe be wòava xɔ na ameƒomea. Nenemae nèsusua?
Agbalẽnyala aɖewo le susu bubu dom ɖa. Mawusubɔsubɔ kple dekɔnu ŋuti nufialagã Marcus J. Borg gblɔ be: “Nusi wosusu le Yesu ŋu be enye amesi fia nu be yenye Mawu ƒe Vi si aku ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ ta la menye nyateƒe o.”
Agbalẽnyala bubuwo gblɔna be menye Yesu ŋutɔŋutɔ ŋue míexlẽa nu le le Biblia me o. Ame bubuwo hã gblɔna be ƒe blaene kple edzivɔ le Yesu ƒe ku megbee woŋlɔ Nyanyuigbalẽawo katã eye be ɣemaɣi la, wokpa nya kpe amesi Yesu nye ŋutɔŋutɔ la. Agbalẽnyalaawo be menye Nyanyuiŋlɔlaawo ƒe ŋkuɖoɖonudzi gbɔe kuxia tso o ke alesi woɖe nya siwo woŋlɔ mee gbɔe wòtso. Yesu ƒe ku megbee nusrɔ̃lawo va nɔ ebum ame bubui kura—be enye Mawu ƒe Vi, Ðela, kple Mesia. Wo dometɔ aɖewo gblɔna dzideƒotɔe be nunyala tsatsala, hadomegbenɔnɔfiala koe Yesu nye. Agbalẽnyalawo be emae nye nyateƒe nyanyui la.
“Agbalẽnyanya” ƒe Nukpɔsusu le Yesu Ŋuti
Ðikelawo dzea agbagba gbea nusianu si gbɔ dzɔdzɔme ŋu si wogblɔ le Yesu ŋu tsɔ ʋlia woƒe “agbalẽnyanya” ƒe nukpɔsusuwo tae. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo gblɔna be ɖe wokpa ɖetugbi nɔaƒe ƒe vidzidzi la be woatsɔ aɣla Yesu ƒe ahasivinyenyee. Ame bubuwo melɔ̃ ɖe nya siwo Yesu gblɔ ɖi le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu dzi o, wotea tɔ ɖe edzi be “wova eme” vɔ hafi woŋlɔ wo tsɔ tra ɖe Nyanyuigbalẽawo me. Wo dometɔ aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be susuŋugbedada—nukpɔsusu tɔtrɔ na ame—koŋ ye Yesu ƒe dɔdadawo nye. Ðe nya mawo ɖi nyateƒe na wòa alo woɖi susumanɔmenyawo na wò?
Agbalẽnyala aɖewo gɔ̃ hã gblɔna be ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpa tsitretsitsi ŋuti nya la bene woƒe ha la nagagbã o. Agbalẽnyalaawo susunɛ be, ne èbu eŋu kpɔ la, ŋusẽ gobii aɖeke mele nusrɔ̃lawo ŋu Yesu manɔmee o, eyata wogbugbɔ kpa woƒe Aƒetɔ ŋu nya de ŋutinya la me. Wofia be, Kristotɔnyenye ye wofɔ ɖe tsitre, ke menye Kristoe o. Ne nya ma dze abe ɖe agbalẽnyalawo le nya la trom ene la, ke nya si mawunyaŋununyala Barbara Thiering gblɔ be womewu Yesu koŋ o ya ɖe? Nyɔnu sia xɔ se be Yesu tsi agbe le ekaklã ɖe ati ŋu me eye eganɔ agbe ɖe srɔ̃ zi gbɔ zi eve hedzi vi etɔ̃.
Ðoƒe si agbalẽnyala geɖe di be Yesu nanɔ wòadze yewo ŋu koe nyagbɔgblɔ siawo katã dae ɖo: be enye nunyala, Yudatɔ tsɛ, hadomegbenɔnɔɖɔɖola—ate ŋu anye nusianu negbe Mawu ƒe Vi si va be “yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta” koe menye o.—Mateo 20:28.
Ðewohĩ le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia lɔƒo la, èxlẽ Nyanyuigbalẽawo ƒe akpa aɖewo abe akpa si ƒo nu le Yesu dzidzi le lãnuɖunu me ene ŋu. Alo ɖewohĩ èse nya mawo le sɔleme. Ðe nèda asi ɖe Nyanyuia me nuŋlɔɖiwo dzi be woxɔ asi eye wodze be woaxɔ wo dzi asea? Ke se nya wɔmoyaa sia ɖa. Tso ƒe 1985 me la, agbalẽnyalawo ƒe ha aɖe kpea ta zi eve ƒe sia ƒe si woa ŋutɔwo yɔna be Yesu Ŋuti Numedzrokpekpe bene yewoadzro Yesu ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye me. Ðe Yesu gblɔ nya siwo Biblia gblɔ be egblɔ la vavãa? Takpekpea wɔlawo tsɔ dzonu siwo wode amae dzidzea nu ɖe eƒe nya ɖesiaɖe dzi. Dzonu dzĩ fia be Yesu gblɔ nya la nyateƒe; dzonu hɛ̃tɔ fia be ɖewohĩ Yesu gblɔ nya la; dzonu si fu kpii fia be ɖikeke le nya la ŋu; eye dzonu yibɔɔ fia alakpadada.
Ate ɖe dziwò be nànya be Yesu Ŋuti Numedzrokpekpea gblɔ be ɖewohĩ menye Yesue gblɔ nya siwo wobe egblɔ la ƒe alafa memamã 82 o. Nyayɔyɔ ɖeka pɛ si tso Marko ƒe Nyanyuia me koe wobu be kakaɖedzi le eŋu. Wobe aflui sɔ gbɔ le Luka ƒe Nyanyuia me ale gbegbe be “womenya afisi wotso o.” Dzonu yibɔ si fia alakpadada ye wotia na Yohanes ƒe Nyanyuia katã negbe fli etɔ̃ pɛ koe mele eme o, eye dzonu si fu kpii si fia ɖikeke ye wotia na sue si susɔ la.
Menye Agbalẽnyalawo Ko ƒe Nyae O
Ðe nèwɔ ɖeka kple agbalẽnyalaawoa? Ðe wole Yesu ŋutinya si nye nyateƒe wu Biblia tɔ gblɔm na mía? Biabia siawo menye agbalẽnyalawo ko ƒe nya si ŋu woanɔ glãka hem le o. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, abe alesi Biblia gblɔe ene, be Mawu dɔ Yesu ɖa “bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
Ne Yesu nye nunyala tsatsala aɖe ko si ŋu míate ŋu anya nu boo aɖeke le o la, ekema nunya manɔ eme be ‘míaxɔ edzi ase’ o. Gake ne nya si Biblia gblɔ le Yesu ŋu nye nyateƒe la, ke míaƒe xɔxɔ mavɔ le nyaa me. Eyata ehiã be míanya—ɖe nya si Biblia gblɔ le Yesu ŋu nye nyateƒea?