INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 1/1 axa 3-5
  • Nukata Wòle Be Mí Katã Míakafu Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Wòle Be Mí Katã Míakafu Mawu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Yehowa Koe Te Ŋu Na Mɔkpɔkpɔm’
  • ‘Ŋkuagbãtɔe Menye, Gake Mekpɔa Nu’
  • Mina Mí Katã ‘Míakafu Yah’
  • Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Kafu Yah Kplim
    Midzi Ha Na Yehowa
  • Kafu Yah Kplim
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 1/1 axa 3-5

Nukata Wòle Be Mí Katã Míakafu Mawu?

HALLELUYA! Kristodukɔa ƒe sɔlemedela akpa gãtɔ nya nya sia nyuie. Wo dometɔ aɖewo gblɔnɛ sesĩe le woƒe Kwasiɖagbe sɔlemewo. Gake wo dometɔ nenie nya nusi nya la fia ŋutɔŋutɔ? Le nyateƒe me la, enye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Mikafu Yah!” Enye Wɔla si ƒe ŋkɔe nye Yehowa la kafukafu le dzidzɔ kple ŋusẽ me.a

Nya “Halleluya” dze zi geɖe le Biblia me. Nukatae? Elabena susu geɖe li siwo ta wòle be míakafu Mawu ɖo. Yah (Yehowa) enye xexe gã la Wɔla kple Amesi lénɛ ɖe te. (Psalmo 147:4, 5; 148:3-6) Eyae wɔ nugbagbenɔƒe siwo na míete ŋu nɔa agbe le anyigba dzi. (Psalmo 147:8, 9; 148:7-10) Eye etsɔ ɖe le ameƒomea me vevie. Ne míewɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eyraa mí hedoa alɔ mí le agbe sia me eye ena agbenɔnɔ si nyo wu sã si gbɔna ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le mí. (Psalmo 148:11-14) Yah (Yehowa) ƒe gbɔgbɔ mee nya siawo tso be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Eyata nuxlɔ̃mea yi na mí katã be: “Halleluya!” “Mikafu Yah!” (Psalmo 104:35, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Gake ewɔ nublanui be menye amesiamee senɛ le eɖokui me be yeawɔ ɖe edzi o. Amewo le fu kpem egbea. Dɔ le ame geɖe wum, wole dɔ lém, alo wote wo ɖe anyi. Ame geɖe xaa nu ŋutɔ le atikewo alo aha zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu alo agbegbegblẽnɔnɔ alo aglãdzedze me tsonuwo ta. Ðe susu aɖe li si ta wòle be amesiawo nakafu Mawua?

‘Yehowa Koe Te Ŋu Na Mɔkpɔkpɔm’

Ẽ, susu aɖe li. Yehowa le amesiame kpem be wòava nya ye, asrɔ̃ yeƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wòakpɔ yayra siwo na amewo dina be yewoakafu ye la. Eye ame geɖe le wɔwɔm ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, bu Adriana si le Guatemala ŋu kpɔ. Esime Adriana xɔ ƒe adre la, dadaa ku. Ema megbe kpuie la, fofoa dzo le egbɔ. Esime wòxɔ ƒe ewo la, edze dɔwɔwɔ gɔme be wòatsɔ kpɔ eɖokui dzii. Esi Adriana dada gblɔ nɛ be wòasubɔ Mawu kple sɔlemeha la ta la, enɔ Katoliko-ha me ƒuƒoƒo geɖe me, gake esime wòxɔ ƒe 12 la, dzi ɖe le eƒo eye wòva ge ɖe ablɔdzinuvlowɔha aɖe me. Edze atamanono, atikevɔ̃ɖiwo zazã, kple fififi gɔme. Nukata nyɔnuvi ma tɔgbe adi be yeakafu Mawu?

Adriana nɔvinyɔnu dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo, gake Adriana konɛ. Emegbe wo nɔɖi va ku. Le nɔɖia ƒe kuteƒe la, biabia ɖefuname aɖewo na Adriana tɔtɔ vevie. Afikae nɔɖia yi? Dziƒoe wòyia? Dzomavɔ aɖe mee wòyia? Adriana tɔtɔ ŋutɔ, eye eyi ɖe gbedoxɔ si le ameɖiƒea me va do gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu, eye wòzã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa si nɔvianyɔnu fiae la.

Eteƒe medidi o eva nɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo eye wòdea woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Esia na agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu yeye kura va su esi, eye edzudzɔ hadede kple ablɔdzinuvlowɔhaawo dzideƒotɔe. Adriana si le eƒe ƒe 20-awo domedome la gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Yehowa koe na mete ŋu ɖe asi le agbenɔnɔ vɔ̃ɖi sia ŋu. Yehowa koe te ŋu na agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔm le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã la me.” Togbɔ be nɔnɔmea sesẽ na Adriana le eƒe agbenɔnɔ ƒe gɔmedzedzea hã la, susu nyui ŋutɔwo le esi si ta wòakafu Mawu ɖo.

Woka nya ta le nɔnɔme bubu aɖe si ŋu kakaɖedzi menɔ kura o ŋu tso Ukraine. Ŋutsu aɖe le gaxɔ me le gbesigbe woawui lalam. Ðe eƒe nu wɔ nublanui na eɖokuia? Ðe nu te ɖe edzia? Ao, menye nenema kura o. Esi Yehowa Ðasefowo yi egbɔ nyitsɔ laa eye Yehowa ŋuti sidzedze aɖe su esi la, ebia tso wo si be woayi ye dada hã gbɔ. Fifia ele agbalẽ ŋlɔm na wo elabena ese be wowɔ nusi wòbia la nɛ. Egblɔ be: “Meda akpe na mi be mieyi ɖasrã danye kpɔ. Eyae nye dzidzɔnya si wu ɖesiaɖe si mese le ƒe si va yi me.”

Esi wònɔ nu ƒom tso eya ŋutɔ kple gaxɔmetɔ bubu siwo wòɖi ɖase na ŋu la, eŋlɔ bena: “Fifia míexɔ Mawu dzi se eye míedzea agbagba be míawɔ nu wòasɔ kple míaƒe xɔse.” Eƒo eƒe lɛta la ta be: “Míeda akpe na mi be miekpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ nusi lɔlɔ̃ nye eye xɔse su mía si. Ne metsi agbe la, nye hã makpe ɖe mia ŋu. Míeda akpe na Mawu be mieli eye miele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woalɔ̃ Mawu ahaxɔ edzi ase.” Ŋutsu sia ɖe kuku ɖe kufia si wotso nɛ la ta. Gake woɖawui alo anɔ gaxɔ me ƒe geɖe o, edze ƒã be ekpɔ nusita wòle be wòakafu Mawu.

‘Ŋkuagbãtɔe Menye, Gake Mekpɔa Nu’

Fifia bu nyɔnuvi ƒewuivi zazɛ̃ aɖe si ƒe ŋku tsi kpata la ŋu kpɔ. Nu mae dzɔ ɖe Gloria, amesi le Argentina la dzi. Gloria ƒe ŋku tsi kpata esime wòxɔ ƒe 19, eye megakpɔ nu kpɔ o. Esime wòxɔ ƒe 29 la, ŋutsu aɖe dze ahiãe eye eteƒe medidi o efɔ fu. Fifia ese le eɖokui me be gɔmesese va le yeƒe agbe ŋu. Gake esi via ku la, eva nɔ nya aɖewo biam. Ebia be, ‘Nukata nusia dzɔ ɖe dzinye? Nukae mewɔ? Ðe Mawu li nyateƒea?’

Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe Ðasefo eve va eƒeme. Edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye esrɔ̃ ŋugbe si wòdo be ŋkuagbãtɔwo agakpɔ nu le nuɖoanyi yeyea me. (Yesaya 35:5) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si wònye na Gloria! Dzi dzɔe ŋutɔ, vevietɔ esi srɔ̃a lɔ̃ be yeade woƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me. Emegbe srɔ̃a va dze afɔku eye wòzu nuwɔametɔ si tsi bunɔkeke me. Egbea nyɔnu ŋkuagbãtɔ sia wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ewɔa aƒemedɔwo katã, eye wògakpɔa srɔ̃a hã gbɔ. Gake Gloria kafua Yehowa! Nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu Kristotɔwo kpena ɖe eŋu wòsrɔ̃a Biblia si woŋlɔ na ŋkuagbãtɔwo, eye Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpataa me dea dzi ƒo nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: “Esesẽ be nàɖe eme, gake togbɔ be ŋkuagbãtɔe menye hã, ewɔ abe ɖe mele nu kpɔm ene.”

Ɣeaɖewoɣi la, wotia amewo yome ne wole Mawu kafum. Nyɔnu aɖe si le Croatia kpɔ dzidzɔ esime wòsrɔ̃ nu tso Mawu ŋu, gake srɔ̃a tsi tre ɖe xɔse yeye si ŋu wòke ɖo la ŋu eye wònyãe hexɔ wo vinyɔnuvi si xɔ ƒe ɖeka la le esi. Gbã la, etɔtɔ esi srɔ̃a kple ƒomea gblẽe ɖi, aƒe, dɔwɔɖui, alo via gɔ̃ hã megale esi o. Gake eƒe lɔlɔ̃ na Mawu lée ɖe te, togbɔ be megate ŋu kpɔa via edziedzi o vaseɖe esime ɖevia va tsi hã. Nyɔnu sia kpɔ “dzonu . . . si ƒe asi sẽ ŋutɔ” eye malɔ̃ aɖe asi le eŋu o. (Mateo 13:45, 46) Aleke wòwɔ nɔ dzidzɔ kpɔm le ɣeyiɣi sesẽ siawo me? Egblɔ be: “Dzidzɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kutsetse. Woate ŋu atui ɖo eɖanye nuka kee anɔ dzɔdzɔm le gotagome o, abe alesi numiemiewo te ŋu tsina le numiemiewo takpɔƒee eɖanye aleke ke yame ƒe nɔnɔme le le xexe o la ene.”

 Le Finland la, wokpɔ lãkusimedɔléle madamada aɖe le Markus si nye ƒe ade vi la ŋu. Eteƒe medidi o etsi bunɔkeke me. Ƒe ʋee aɖewo megbe la, dadaa kplɔe yi Pentekostetɔ aɖe si nɔ ŋkɔ xɔm le esi wòbe yete ŋu daa dɔ na amewo ta la gbɔ. Gake womeda dɔ nɛ nukutɔe o. Eyata megava tsɔ ɖeke le Mawu me o eye wòyi nusɔsrɔ̃ dzi le dzɔdzɔmeŋutinunya kple nu bubuwo ŋu. Anɔ ƒe atɔ̃ enye sia la, nyɔnu aɖe si le bunɔkeke me kple ɖekakpui aɖe va aƒe si me Markus le me. Wonye Yehowa Ðasefowo. Markus zu mawudzimaxɔsela fifia, gake megbena be womegadzro mawusubɔsubɔ me kple ye o eye ena woge ɖe eme.

Emegbe srɔ̃tɔ aɖewo va srãe kpɔ, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Mlɔeba la, Biblia me nyateƒea ƒe ŋusẽ trɔ Markus ƒe nukpɔsusu, eye ekpɔe be togbɔ be nuwɔametɔe yenye hã la, susu siwo ta wòle be yeakafu Mawu la le ye si nyateƒe. Egblɔ be: “Mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ elabena mekpɔ nyateƒea kple habɔbɔ si zãm Yehowa le la. Fifia nye agbenɔnɔ ɖo ta eye gɔmesese le eŋu. Wogake ɖe alẽ búbu aɖe ŋu eye medi be yeado le Yehowa ƒe alẽha la me o!”—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:6.

Mina Mí Katã ‘Míakafu Yah’

Esiawo nye nuteƒekpɔkpɔ gbogbo siwo míate ŋu agblɔ atsɔ afia be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ nusita wòle be woakafu Mawu, eɖanye nɔnɔme ka mee wole o, la dometɔ ʋee aɖewo ko. Apostolo Paulo ɖe eme ale: “Mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:8) Ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ nu la, ana “agbe, si li fifi . . . ƒe ŋugbedodo” la nava eme. Mana ame dahewo nanye kesinɔtɔwo alo dɔnɔwo ƒe lãme nasẽ le nuɖoanyi sia me ya o. Gake enaa eƒe gbɔgbɔ amesiwo subɔnɛ ale be woate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le gotagome nɔnɔme ɖesiaɖe me. Ẽ, le “agbe, si li fifi” me gɔ̃ hã la, dɔnɔwo, amesiwo wote ɖe anyi, kple ame dahewo ate ŋu akpɔ susu si ta woakafu Mawu.

Ke agbe “si le vava ge” ya ɖe? Ele be eŋu bubu ɖeɖe dzaa nana míatsɔ dzonɔameme gãtɔ kekeake akafu Mawui! Dzi dzɔa mí ne míebu ɣeyiɣi si me ahedada maganɔ anyi o ŋu; esime “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o”; kple esime Yehowa Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke meganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Psalmo 72:16) Aleke nèbua Mawu ƒe ŋugbedodo siawoe?

Ðekakpui aɖe si le El Salvador xɔ Biblia ƒe trakt aɖe si ɖe nusiawo dometɔ aɖewo me. Egblɔ na Ðasefo si tsɔe nɛ la be, “Aƒenɔ, nya si wogblɔ le trakt sia me nyo akpa be wòate ŋu ava eme.” Nenemae ame geɖe gblɔna. Gake Amesi wɔ xexeame, amesi na míaƒe anyigba la ƒe dzɔdzɔmenuwo le dɔwɔwɔ dzi, kple amesi kpena ɖe ame dahewo kple dɔnɔwo ŋu wokpɔa dzidzɔ la ƒe ŋugbedodowoe wonye. Míate ŋu axɔ nya siwo wògblɔ dzi ase. Ðekakpui si míeyɔ va yi la srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo eye ekpɔe be esia nye nyateƒe. Ne mèle esia wɔm haɖe o la, ke míede dzi ƒo na wò be nàwɔ nenema ke. Ekema ànɔ eteƒe ne fifi nuɖoanyia va yi, esime nuwɔwɔwo katã awɔ ɖeka ado ɣli sesĩe be: “Halleluya!” “Mikafu Yehowa!”—Psalmo 112:1; 135:1, NW.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ɣeaɖewoɣi la, woyɔa “Yehowa” kpuie le Biblia me be “Yah.”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Neva eme be nànɔ eteƒe esime nuwɔwɔwo katã awɔ ɖeka agblɔ sesĩe be: “Halleluya!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe