INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 1/15 axa 29-31
  • Henox—Nɔnɔme Sesẽwo Mena Wòvɔ̃ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Henox—Nɔnɔme Sesẽwo Mena Wòvɔ̃ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Henox Kple Xexeame Katã ƒe Nya La
  • Mawu Kplɔ Henox Dzoe—Alekee?
  • Nyagblɔɖia Va Eme
  • Henox Zɔ Kple Mawu le Xexe Mavɔ̃mawu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • “Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 1/15 axa 29-31

Henox—Nɔnɔme Sesẽwo Mena Wòvɔ̃ O

ENYE ɣeyiɣi vɔ̃ɖitɔ kekeake na ame nyui. Mawumavɔ̃mavɔ̃ xɔ anyigba bliboa dzi. Ameƒomea ƒe agbenɔnɔ nɔ gbegblẽm. Le nyateƒe me la, eteƒe madidi o woagblɔ be: “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.”—Mose I, 6:5.

Henox, amesi nye adrelia tso Adam dzi la lé dzi ɖe ƒo wɔ nusi to vovo. Enɔ te sesĩe na dzɔdzɔenyenye eɖanye nukae ado tso eme o. Henox ƒe gbedasia ve dzi na nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo ale gbegbe be woɖe ŋku tɔe be woawui, eye Yehowa ɖeka koe te ŋu xɔ nɛ.—Yuda 14, 15.

Henox Kple Xexeame Katã ƒe Nya La

Wofɔ xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la ɖe te ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova dzi Henox. Ðe gome le Mawu si be wòaɖu dzia? Satana Abosam ƒe nyawo fia be gome mele esi o. Egblɔ be ne nuwɔwɔ nyanuwo mexɔ mɔfiafia tso Mawu gbɔ o la, eme anyo na wo wu. Satana dze agbagba be yeaɖo kpe yeƒe nya dzi ɖe Yehowa Mawu ŋu esi wòto ayemɔwo dzi ble amewo be woade ye dzi. Wonya Adam, srɔ̃a Xawa, kple woƒe ŋgɔgbevi Kain be wode Satana dzi esi wotiae be yewoaɖu yewo ɖokui dzi ɖe Mawu teƒe. Ame eve gbãtɔwo de edzi esi woɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo, eye Kain hã de edzi esi wòwu nɔvia Habel dzɔdzɔe la.—Mose I, 3:4-6; 4:8.

Habel de Yehowa dzi dzideƒotɔe. Esi Habel ƒe nuteƒewɔwɔ do tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ ta la, ɖikeke mele eme o be Satana kpɔ dzidzɔ be Kain bi dzi ɖe eŋu vevie hewui. Tso ɣemaɣi la, Satana tsɔa “vɔvɔ̃ na ku” doa ŋɔdzi na amewo. Edi be yeado vɔvɔ̃ na amesiame si di be yeasubɔ Mawu vavã la.—Hebritɔwo 2:14, 15; Yohanes 8:44; Yohanes I, 3:12.

Kaka Henox dziɣi naɖo la, edze abe ɖe kpeɖodzi nɔ susu si le Satana si be amegbetɔwo made Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi o la ŋu ene. Habel ku, gake amewo menɔ nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo la srɔ̃m o. Gake Henox wɔ nu wòto vovo. Etu eƒe xɔse ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ aɖe dzi elabena enya nusi dzɔ le Eden-bɔa me nyuie.a Kpɔ alesi gbegbe Yehowa ƒe nyagblɔɖi si gblɔ be Ŋugbedodovi aɖe ava ɖe Satana kple eƒe ayemɔwo ɖa ado dzidzɔ nɛ ɖa!—Mose I, 3:15.

Esi mɔkpɔkpɔ sia nɔ Henox si ɣesiaɣi ta la, Habel si Abosam na wowu wònye ŋutinya me nudzɔdzɔ vevi aɖe la mena wòvɔ̃ o. Ke eyi edzi zɔ kple Yehowa eye wònɔ agbe dzɔdzɔe le eƒe agbe me katã. Henox ɖe eɖokui ɖa tso xexeame gbɔ, eye wòtsri eƒe ɖokuisinɔgbɔgbɔ.—Mose I, 5:23, 24.

Hekpe ɖe eŋu la, Henox ƒo nu dzideƒotɔe eye wòna eme kɔ be Abosam ƒe dɔwɔnawo madze edzi o. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo dɔwɔŋusẽ ʋã Henox wògblɔ nya ɖi ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu be: “Kpɔ ɖa, [Yehowa, NW] kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.”—Yuda 14, 15.

Henox ƒe gbeƒãɖeɖe vɔvɔ̃manɔmee wɔe be esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebri Kristotɔwo la, eyɔe kpe ɖe “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo” gã siwo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi la ŋu.b (Hebritɔwo 11:5; 12:1) Henox do dzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ƒe 300 kple edzivɔ sɔŋ elabena xɔse nɔ esi. (Mose I, 5:22) Aleke gbegbe Henox ƒe nuteƒewɔwɔ ave dzi na Mawu ƒe futɔwo le dziƒo kple anyigba dzi enye si! Henox ƒe nyagblɔɖi sesẽa na Satana ƒe fuléle ho, gake ena Yehowa kpɔ eta.

Mawu Kplɔ Henox Dzoe—Alekee?

Yehowa meɖe mɔ Satana alo esubɔla siwo le anyigba dzi wu Henox o. Ke boŋ nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Mawu kplɔe dzoe.” (Mose I, 5:24) Ale apostolo Paulo ƒo nu tso eŋu enye si: “Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, woɖi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.”—Hebritɔwo 11:5.

Aleke “wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o”? Alo le alesi R. A. Knox ƒe gɔmeɖeɖea gblɔe nu la, ‘aleke wokplɔ Henox yii eye mekpɔ ku o’? Mawu ɖe Henox ƒe agbe ɖa kpoo, si na meto ku ƒe vevesese me eɖanye le dɔléle alo le eƒe futɔwo ƒe ŋutasesẽ ta o. Ẽ, Yehowa tso Henox ƒe agbe dzi esime wòxɔ ƒe 365—ne wotsɔe sɔ kple eŋɔlimetɔwo la, metsi kura o.

Aleke woɖi ɖase le Henox ŋu be “edze Mawu ŋu nyuie”? Ðaseɖiɖi kae nɔ esi? Anɔ eme be ɖe Mawu kplɔe yi le ŋutega me abe alesi ‘wokplɔ Paulo dzoe’ ene, alo kplɔe yi teƒe bubu si dze ƒã be Kristo-hamea ƒe etsɔme gbɔgbɔmeparadiso ŋue wòkpɔ ŋutega le. (Korintotɔwo II, 12:3, 4) Anye be ɖaseɖiɖi alo kpeɖodzi si li be Henox dze Mawu ŋu nyuie la nye etsɔme Paradisonyigba si dzi nɔlawo katã ade Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi ŋuti ŋutega aɖe. Ðewohĩ esime Henox nɔ ŋutega nyui aɖe kpɔm ye Mawu na wòku vevemasemasee be wòadɔ alɔ̃ vaseɖe esime woafɔe ɖe tsitre. Edze be Yehowa ɖi Henox ƒe kukua abe alesi wòwɔ Mose ene, elabena “womegakpɔe o.”—Hebritɔwo 11:5; Mose V, 34:5, 6; Yuda 9.

Nyagblɔɖia Va Eme

Egbea Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã nusi Henox ƒe nyagblɔɖia fia. Wogblɔnɛ tsoa Ŋɔŋlɔawo me alesi wòava eme ne Mawu tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo le etsɔme kpuie. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Woƒe gbedasia na womelɔ̃a woƒe nya o elabena eto vovo na xexe sia ƒe nukpɔsusuwo kple taɖodzinuwo sã. Yometiti si wodoa goe la mewɔa nuku na wo o, elabena Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “[Amewo] katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti.”—Mateo 10:22; Yohanes 17:14.

Gake abe Henox ene la, woka ɖe dzi na egbe Kristotɔwo be woaɖe wo le woƒe futɔwo si me gbaɖegbe. Apostolo Petro ŋlɔ be: “[Yehowa, NW] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo.” (Petro II, 2:9) Ate ŋu adze Mawu ŋu be yeaɖe kuxi alo nɔnɔme sesẽ aɖe ɖa. Ðewohĩ yometitia nu atso. Gake ne megayi nenema o hã la, enya alesi wòawɔ eƒe amewo ‘nado le eme’ ale be woate ŋu ado dzi le dodokpɔwo me dzidzedzetɔe. Yehowa naa ‘ŋusẽ si wu dzɔdzɔmetɔ’ hã ame ne ehiã.—Korintotɔwo I, 10:13; Korintotɔwo II, 4:7.

Esi Yehowa nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie” ta la, ana esubɔla nuteƒewɔlawo nakpɔ agbe mavɔ hã. (Hebritɔwo 11:6) Wo dometɔ akpa gãtɔ akpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. Eyata mina míaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedasia vɔvɔ̃manɔmee abe Henox ene. Mina míawɔ esia le xɔse me togbɔ be nɔnɔme sesẽwo li gake.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Adam xɔ ƒe 622 esime wodzi Henox. Henox ganɔ agbe abe ƒe 57 ene le Adam ƒe ku megbe. Eyata woƒe agbenɔɣiwo do go ɖe wo nɔewo nu ɣeyiɣi didi aɖe.

b Nyagbɔgblɔ si nye “ɖaseɖilawo” le Hebritɔwo 12:1 tso Helagbe me nya marʹtys me. Wuest’s Word Studies From the Greek New Testament gblɔ be nya sia fia “amesi ɖia ɖase, alo amesi ate ŋu aɖi ɖase, le nusi wòkpɔ alo se alo nya la ŋu le mɔ bubu ɖesiaɖe nu.” Christian Words si Nigel Turner ta la gblɔ be nya la fia amesi ƒoa nu tso “eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ . . . , kple kakaɖedzi le nyateƒewo kpakple nukpɔsusuwo ŋu” me.

[Aɖaka si le axa 30]

Wodo Gu Mawu ƒe Ŋkɔ

Wodzi Adam tɔgbuiyɔvi Enos anye ƒe alafa ene do ŋgɔ na Henox. 1 Mose 4:26 gblɔ be: “Ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.” Hebrigbenyalagã aɖewo ka ɖe edzi be ɖe wòle be woaxlẽ kpukpui sia be “wode asi gudodo” Mawu ŋkɔa le eyɔyɔ me, alo “gudodo dze egɔme ɣemaɣi.” Yerusalem ƒe Targum gblɔ le ŋutinya me ɣeyiɣi ma ŋu be: “Emae nye dzidzime si ŋɔli wodze nuvɔ̃wɔwɔ gɔme, wowɔ legbawo na wo ɖokui, eye wotsɔ ŋkɔ si le Aƒetɔ ƒe Nya la me na woƒe legbawo.”

Wozã Yehowa ƒe ŋkɔ yakayaka ŋutɔ le Enos ƒe ɣeyiɣia me. Anye be amewo tsɔ Mawu ƒe ŋkɔ na wo ɖokui alo na amesiwo dzi tom wobe yewole ate ɖe Yehowa Mawu ŋu le tadedeagu me. Alo ɖewohĩ wotsɔ Mawu ƒe ŋkɔ na legbawo. Kae wowɔ o, Satana Abosam tsɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe mɔ̃ ɖe amegbetɔƒomea vevie. Kaka woadzi Henox la, tadedeagu vavãtɔ megabɔ o. Ne ame aɖe nɔ agbe ɖe nyateƒea nu heɖe gbeƒãe abe Henox ene la, womelɔ̃a eƒe nya o, eyata wotia eyome vevie.—Tsɔe sɔ kple Mateo 5:11, 12.

[Aɖaka si le axa 31]

Ðe Henox Yi Dziƒoa?

“Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o.” Esi Biblia-gɔmeɖela aɖewo nɔ Hebritɔwo 11:5 ƒe akpa sia gɔme ɖem la, wofia be Henox meku ŋutɔŋutɔ o. Le kpɔɖeŋu me, A New Translation of the Bible si James Moffatt ta la gblɔ be: “Le xɔse me wotsɔ Henox yi dziƒo ale be meku kpɔ o.”

Gake anye 3,000 le Henox megbe la, Yesu Kristo gblɔ be: “Ame aɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi” la. (Yohanes 3:13) The New English Bible xlẽ be: “Ame aɖeke meyi dziƒo ɣeaɖekeɣi kpɔ o, negbe amegbetɔvi si tso dziƒo va la koe.” Esime Yesu gblɔ nya ma la, eya gɔ̃ hã meyi dziƒo o.—Tsɔe sɔ kple Luka 7:28.

Apostolo Paulo gblɔ be Henox kple ame bubu siwo nye ɖasefowo do ŋgɔ na Kristotɔwo eye wonye alẽha gã me tɔwo la ‘katã ku’ eye “woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o.” (Hebritɔwo 11:13, 39) Nukata? Elabena amegbetɔwo katã, kple Henox hã wonyi nuvɔ̃ dome tso Adam gbɔ. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Kristo Yesu ƒe tafevɔsa ɖeka hɔ̃ dzi koe woato akpɔ ɖeɖe. (Dɔwɔwɔwo 4:12; 1 Yohanes 2:1, 2) Womexe tafea haɖe le Henox ƒe ŋkekea me o. Eyata Henox meyi dziƒo o, ke boŋ ele alɔ̃ dɔm le ku me hele lalam be woafɔ ye ɖe tsitre va anyigba dzi.—Yohanes 5:28, 29.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Illustrirte Pracht - Bibel/Heilige Schrift des Alten und Neuen Testaments, nach der deutschen Uebersetzung D. Martin Luther’s me wokpɔe le gbugbɔ wɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe