Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Ameƒomeviwo Katã
APOSTOLO Paulo nye Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖela aɖe si me dzo nɔ. Meɖe mɔ tsitretsiɖeŋu do kplamatse dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã ‘nyanyuia’ o. (Korintotɔwo I, 9:16; Dɔwɔwɔwo 13:50-52) Paulo de dzi ƒo na ame bubuwo be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋu.—Korintotɔwo I, 11:1.
Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo ɖe woƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖe me ta. Le nyateƒe me la, woƒoa nu na amewo ne “vovoɣi li” alo “vovoɣi meli o,” bene woawɔ ‘nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ’ si Mawu de wo si. (Timoteo II, 4:2; Mateo 28:19, 20) Wotsɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbedasi vevitɔ kekeake sia yina na dzianukwaretɔwo le dukɔ siwo me wotsia tre ɖe wo ŋu le gɔ̃ hã, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la fia ene.
◻ Le ɣetoɖoƒe Pacific ƒukpo aɖe si dzi woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le la, ŋutsuvi ƒe-12-vi aɖe kpɔe be hati baɖawo domee yele le suku. Eƒe sukuxɔmehatiwo dometɔ geɖe noa sigaret ɖaa, woxlẽa amamaɖeɖegbalẽwo, woɖea fu na nufialawo, eye wodaa kɔ. Nuwo va gblẽ ale gbegbe be ŋutsuvia bia fofoa be mana yeayi suku bubu o hã. Esi fofoa kpɔe be sukuvi siwo le suku bubu siwo te ɖe wo ŋu me ƒe agbenɔnɔ mato vovo o la, eɖe nu me na viaŋutsua tsɔ tsi tre ɖe susu ma ŋui. Gake aleke wòawɔ akpe ɖe viaŋutsua ŋu?
Fofoa ɖo ŋku edzi be sɔhɛwo ƒe agbalẽ aɖe le ye si le aƒea me. Eƒe ƒometɔ aɖe si nye Yehowa Ðasefoe tsɔe nɛ. Eyata edi agbalẽa, eye esi wòkpɔe la, etsɔe na via. Agbalẽa ŋkɔe nye Questions Young People Ask—Answers That Work.a Ta si ŋutsuvia kpɔ be ekpe ɖe ye ŋu ŋutɔ enye “Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatinyewo ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Nu?” Menye alesi wòle vevie be wòade bubu eɖokui ŋu koe wòfiae o ke efia alesi wòagbe aɖaŋutɔe ne ame bubuwo di be yewoazi edzi bene wòawɔ nu gbegblẽ hãe. To Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo le agbalẽa me zazã me la, ɖekakpuia nya alesi wòate ŋu anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu dzidzedzetɔe.
Esi vifofoa kpɔ tɔtrɔ nyui siawo kple bubuwo le viaŋutsua ŋu la, eɖoe be yeaxlẽ agbalẽa. Esi aɖaŋu nyui siwo woɖo le agbalẽa me wɔ dɔ ɖe vifofoa dzi la, eyɔ Yehowa Ðasefowo be woava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye. Emegbe eƒe ƒometɔ bubuwo wɔ ɖeka kplii le nua sɔsrɔ̃ me. Nukae va dzɔ? Fifia la, ŋutsuvia, tsɛa, fofoa, kple ŋutsuvia tɔgbuia eve wonye Yehowa Ðasefowo.
◻ Le dukɔ ma ke me la, wode Yehowa Ðasefo eve gaxɔ me le esi woku ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu goŋgoŋ ta. Gake womena nɔnɔme si me wole do vɔvɔ̃ na wo be wodzudzɔ nuƒoƒo dzideƒotɔe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu o. Wobia gaxɔdzikpɔla aɖe be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le afima eye wòɖe mɔ na wo. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wokpɔ esime gamenɔla 14 ɖee fia be yewotsɔ ɖe le Biblia me eye wova wɔ ɖeka kple Ðasefoawo woɖu azã vevi sia! Esi woɖe asi le wo ŋu vɔ la, wo dometɔ aɖewo yi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi hede ha kple Yehowa Ðasefowo.
Yehowa Ðasefowo le fu kpem le dukɔ 25 kple edzivɔ me le mɔxexe ɖe wo nu loo alo tsitretsiɖeŋu ƒomevi vovovo alo yometiti ta. Gake abe apostoloawo ene la, “womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti . . . o.”—Dɔwɔwɔwo 5:42.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.