INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 2/15 axa 4-7
  • Ɣeyiɣi si me Fukpekpe Maganɔ Anyi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣi si me Fukpekpe Maganɔ Anyi O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Mena Eƒe Lɔlɔ̃nu Va Eme Enumake O?
  • Nukata Mana Amewo Nawɔ Nu Nyui O?
  • Ke Fukpela Maɖifɔ Gbogboawo Hã Ðe?
  • Akɔfafa Ŋutɔŋutɔe Wònye na Amesiwo Le Fu Kpema?
  • “Nuwo Katã ƒe Ðɔɖɔɖoɣi”
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Akɔfafa na Fukpelawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 2/15 axa 4-7

Ɣeyiɣi si me Fukpekpe Maganɔ Anyi O

FUKPEKPE menɔ tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔƒomea ŋu le gɔmedzedzea me la me o. Meɖo eƒe tame, alo dii o. Ðewohĩ àbia be, ‘Ne nenemae la, ke aleke wòwɔ dze egɔme, eye nukata Mawu ɖe mɔ wòyi edzi vaseɖe fifia?’—Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:13.

Míakpɔ ŋuɖoɖoa le amegbetɔ ƒe ŋutinya ŋuti nuŋlɔɖi gbãtɔ si nye Biblia me, vevietɔ le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Egblɔ be mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze Satana Abosam yome le aglã si wòdze ɖe Mawu ŋu me. Woƒe nuwɔnawo fɔ nya vevi aɖewo siwo tsi tre ɖe nusi dzi wotu xexeame katã ƒe se kple ɖoɖo ɖo ŋu tẽ. Wotɔ gbe Mawu ƒe fianyenye esi wotiae be yewoatso nya me na yewo ɖokui le nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋu. Wona nya va ku ɖe eƒe dzedze be wòaɖu dzi eye be eya ɖeka ko nanye “nyui kple vɔ̃” ƒe nyametsola la ŋu.—Mose I, 2:15-17; 3:1-5.

Nukata Mena Eƒe Lɔlɔ̃nu Va Eme Enumake O?

Ðewohĩ àbia be: ‘Ke nukatae Mawu mena eƒe lɔlɔ̃nu va eme enumake o?’ Nya la dze nya bɔbɔe ŋutɔ na ame geɖe. Wogblɔna be: ‘Ŋusẽ le Mawu si. Ele be wòazãe atsɔ atsrɔ̃ aglãdzelaawo hafi.’ (Psalmo 147:5) Gake bia nya sia ɖokuiwò be, ‘Ðe mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ wɔa woƒe lɔlɔ̃nu la ŋua? Ðe nye lãme meblea fu ne ŋutasẽdziɖula aɖe naa asrafowo wua eƒe futɔwo oa?’ Nusia medzɔa dzi na nugɔmesela akpa gãtɔ kura o.

Àgblɔ be: ‘Gake ne Mawue wɔ ŋusẽ ma ŋudɔ la, ame aɖeke matɔ gbe eƒe nuwɔnawo o ɖe.’ Èka ɖe edzia? Ðe menye nyateƒe be amewo tsia tre ɖe alesi Mawu zãa eƒe ŋusẽ ŋu oa? Wotɔa gbe nusita mezãe ɣeaɖewoɣi o, le kpɔɖeŋu me, le eƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ ŋu me. Eye wotɔa gbe nusita wòzãe le ɣeyiɣi bubuwo me. Nuteƒewɔla Abraham gɔ̃ hã mete ŋu se Mawu ƒe ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ɖe Eƒe futɔwo ŋu gɔme o. Ðo ŋku ɣeyiɣi si me Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ Sodom la dzi. Abraham wɔ vodada hevɔ̃ be ame nyuiwo aku akpe aɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu. Egblɔ be: “Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka.” (Mose I, 18:25) Ehiã be woaka ɖe edzi na amesiwo si susu nyui le abe Abraham ene gɔ̃ hã be womawɔ ŋusẽ gãtɔ kekeake ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu o.

Le nyateƒe me la, Mawu ate ŋu atsrɔ̃ Adam, Xawa, kple Satana ɖa hafi. Gake bu dɔ si wòawɔ ɖe mawudɔla bubuawo alo etsɔmenuwɔwɔ siwo ava nya nu tso eƒe nuwɔnawo ŋu emegbe la dzi hafi ŋu kpɔ. Ðe esia ana ɖikeke nanɔ wo me ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe dzedze ŋua? Ðe mana woatso Mawu nu be le nyateƒe me la, enye Mawu ŋutasẽdziɖula vɔ̃ɖi aɖe si ɖea amesiame si tsia tre ɖe eŋu ɖa nublanuimakpɔmakpɔtɔe, abe alesi Nietzsche ɖɔe ene oa?

Nukata Mana Amewo Nawɔ Nu Nyui O?

Ame aɖewo abia be: ‘Ðe Mawu mate ŋu ana amewo nawɔ nu nyui oa?’ Enyo, bu nya sia hã ŋu kpɔ. Le ŋutinya katã me la, dziɖuɖuwo te kpɔ be yewoana amewo nawɔ nu ɖe yewoƒe susu nu. Dziɖuɖu alo dziɖula ɖekaɖeka aɖewo wɔ susutrɔmɔnu vovovowo ŋudɔ, ɖewohĩ wozã atikewo alo wɔ dɔ na amewo gɔ̃ hã, eye woxɔ amesiwo ŋu wowɔe ɖo ƒe tiatiawɔblɔɖe wɔnuku la le wo si. Ðe medzɔ dzi na mí be míanye amegbetɔ siwo te ŋu wɔa tiatiawo faa, togbɔ be woate ŋu awɔ nunana ma ŋudɔ madzemadzee hã oa? Ðe míelɔ̃na ɖe agbagba siwo dziɖuɖu alo dziɖula adze be yeaxɔ wo le mía si dzia?

Ekema nukae gali Mawu awɔ tsɔ wu be wòazã ŋusẽ enumake atsɔ se akplɔ amee? Yehowa Mawu kpɔe be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ nya la gbɔ enye be yeana ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ablɔɖe amesiwo gbe yeƒe sewo la tso yeƒe dziɖuɖu te. Esia aɖe mɔ na amegbetɔƒome si dzɔ tso Adam kple Xawa me ɣeyiɣi aɖe be woakplɔ wo ɖokui Mawu ƒe se manɔmee. Nukata wòwɔ nusia? Elabena enya be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kpeɖodzi geɖe siwo ŋu ɖikeke mele o anɔ anyi si afia be alesi wòɖua ame dzie nye nyuitɔ kple dzɔdzɔetɔ, ne ezã eƒe ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la tsɔ zi eƒe lɔlɔ̃nu ɖe amewo dzi hã, eye be aglã ɖesiaɖe si woadze ɖe eŋu la ahe afɔku vɛ enumake alo emegbe.—Mose V, 32:4; Hiob 34:10-12; Yeremya 10:23.

Ke Fukpela Maɖifɔ Gbogboawo Hã Ðe?

Ðewohĩ abia be: ‘Ke fifia fukpela maɖifɔawo katã ya ɖe?’ ‘Ðe wòle be woase veve atsɔ aɖo kpe se ƒe akpa aɖe dzia?’ Mawu meɖe mɔ be vɔ̃ nanɔ anyi be yeatsɔ aɖo kpe se aɖe si mele nyanya gobii o dzi ko o. Ke boŋ eɖe mɔ kple susu be yeatsɔ ana nyateƒe vevi sia me nakɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be ye ɖeka koe nye dziɖula gãtɔ eye be ehiã be yeƒe nuwɔwɔwo nawɔ ɖe yeƒe sewo dzi hafi akpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ ɖaa.

Nu vevi aɖe si wòle be wòanɔ susu me na míe nye be Mawu nya be yeate ŋu aɖe nusianu si esia agblẽ le amegbetɔƒomea ŋu la ɖa keŋkeŋ. Enya be mlɔeba la, ɣeyiɣi kpui ƒe vevesese kple fukpekpea ava ɖe vi. Bu vidada aɖe si lé via sesĩe esime ɖɔkta le abui si vena dom nɛ be wòakpɔ eta tso dɔléle aɖe si ate ŋu awu ɖevia hafi si me ŋu kpɔ. Vidada aɖeke medi be ye vi nase veve o. Ðɔkta aɖeke medi be yeana yeƒe dɔnɔ nakpe fu o. Ɣemaɣi la, ɖevia mase nusita wòle vevea sem gɔme o, gake emegbe ava se nusita woɖe mɔ ɖe eŋu la gɔme.

Akɔfafa Ŋutɔŋutɔe Wònye na Amesiwo Le Fu Kpema?

Ame aɖewo abu be nusiawo nyanya ɖeɖeko mafa akɔ aɖeke na amesiwo le fu kpem o. Hans Küng gblɔ be nusita fukpekpe li la me ɖeɖe nyuie “maɖe vi na fukpela o abe alesi nuƒoƒo tso alesi nuɖuɖu wɔnae ŋu maɖe vi na dɔwuitɔ o ene.” Ebia be: “Ðe numeɖeɖe nyui gbogboawo ate ŋu ade dzi ƒo na amegbetɔ si fukpekpe na nu glo la nyateƒea?” Amesiwo ŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi la ƒe ‘numeɖeɖe nyuiawo’ mede dzi ƒo na amesiwo le fu kpem o. Ðeko amegbetɔ ƒe susu siawo dzi kuxia ɖe edzi boŋ esi wogblɔ be ɖe Mawu wɔ ame be wòakpe fu eye be ɖe wowɔ anyigba la be wòanye aɖatsibali alo afisi woado amesiwo ava nɔ agbe le dziƒo mlɔeba la kpɔ le. Busunya kae nye si!

Gake Biblia ŋutɔ naa akɔfafa vavãtɔ ame. Menye ɖeko woɖe nusita fukpekpe li me wòto mɔ ɖeka ko o ke ena míekana ɖe ŋugbe si Mawu do be yeaɖe nusiwo katã mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu ɣeyiɣi kpui sia he vɛ la katã ɖa hã dzi.

“Nuwo Katã ƒe Ðɔɖɔɖoɣi”

Eteƒe madidi o Mawu aɖɔ nuwo ɖo wòanɔ abe alesi wòɖoe hafi eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔ gbãtɔwo dze aglã ene. Ɣeyiɣi si wòɖo ɖi na amegbetɔ ƒe ɖokuisinɔdziɖuɖu la vɔ vɔ. Míele ɣeyiɣi si me wòadɔ “Yesu, . . . amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.”—Dɔwɔwɔwo 3:20, 21.

Nukae Yesu Kristo awɔ? Aɖe Mawu ƒe futɔwo katã ɖa le anyigba dzi. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Esia manye amewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kpatakpata, si tɔgbe amegbetɔ dzizizidziɖula aɖewo wɔna o. Afɔku siwo do tso amegbetɔdziɖuɖu gbegblẽ me ƒe kpeɖodzi gbogbo siwo li aɖee fia be Mawu tɔ dzɔ be eteƒe madidi o wòazã eƒe ŋusẽ triakɔ la atsɔ ana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. (Nyaɖeɖefia 11:17, 18) Gbã la, esia ahe “xaxa” si tɔgbe meva anyigba dzi kpɔ o, si sɔ kple Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa gake wòlolo wui sã la vɛ. (Mateo 24:21, 29-31, 36-39) “Gbɔɖemeɣi” ava na amesiwo atsi agbe le “xaxa gã” sia me ne wokpɔ ŋugbe siwo Mawu do “to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me” la katã me vava. (Dɔwɔwɔwo 3:20; Nyaɖeɖefia 7:14-17) Nukawo ƒe ŋugbee Mawu do?

Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema gblɔ be fukpekpe si aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi hena vɛ la nu ayi. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 46:10 gblɔ na mí be: “[Etsia] aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” Magadzɔ be fɔmaɖilawo natsi aʋa o eye amewo maganye sitsoƒedila siwo ƒe nu wɔ nublanui, amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe, nuwɔametɔwo, kple amesiwo wowu le ŋutasesẽ ƒe aʋawɔwɔwo me o! Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

Nyagblɔɖilaawo gblɔ hã be fukpekpe si nuvlowɔwɔ kple numadzɔmadzɔwɔwɔ hena vɛ nu ayi. Lododowo 2:21, 22 do ŋugbe be “nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi” eye be “woaho” amesiwo hea vevesese kple fukpekpe vɛ “ɖa le edzi.” ‘Amegbetɔ magaɖu nɔvia dzi hena eƒe dzɔgbevɔ̃e’ azɔ o. (Nyagblɔla 8:9) Woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa tegbee. (Psalmo 37:10, 38) Amesiame ate ŋu anɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ me fukpekpe manɔmee.—Mixa 4:4.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖilaawo do ŋugbe hã be fukpekpe si ŋutilã me kple seselelãme dɔlélewo hena vɛ nu ayi. (Yesaya 33:24) Yesaya do ŋugbe be woayɔ dɔ ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, nuwɔametɔwo, kple amesiwo katã lãmegbegblẽ kple dɔléle ɖe kpe na. (Yesaya 35:5, 6) Mawu ana gɔ̃ hã be nɔnɔme nyuiwo naxɔ ɖe nusi ku hena vɛ teƒe. Yesu gblɔ ɖi be “amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo, NW] me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Wogblɔ na apostolo Yohanes le ŋutega si wòkpɔ le “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu me be “Mawu ŋutɔ . . . latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Kpɔe ɖa le susu me! Vevesese megali o, avifafa megali o, ɣlidodo megali o, ku megali o—fukpekpe megali azɔ o!

Woaɖɔ nu gbegblẽ ɖesiaɖe si dzɔ le ɣeyiɣi kpui sia si me woɖe mɔ ɖe vɔ̃ ŋu la katã ɖo. Woaɖe amegbetɔ ƒe vevesese kple fukpekpe—si ƒe tame Mawu meɖo kpɔ gbeɖe o—ƒe ŋkuɖodzinuwo gɔ̃ hã ɖa keŋkeŋ. Yesaya gblɔe ɖi be: “Ŋku [adzo] le gbaɖegbe xaxawo dzi, . . . womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” (Yesaya 65:16, 17) Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be amegbetɔƒome deblibo nanɔ ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ blibo me le paradisonyigba dzi la ava eme bliboe. (Yesaya 45:18) Kakaɖedzi blibo anɔ eƒe fianyenye ŋu. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be míanɔ agbe le ɣeyiɣi si me Mawu aɖe amegbetɔ ƒe fukpekpewo katã ɖa, ɣeyiɣi si me wòaɖee afia be menye “ŋutasẽdziɖula, ameblela, ametafala, [alo] amewula” aɖee yenye abe alesi Nietzsche gblɔe ene o, ke boŋ be amesi lɔ̃a ame ɣesiaɣi, nunyala, kple amesi wɔa eƒe ŋusẽ triakɔ ŋudɔ le dzɔdzɔenyenye me ɣesiaɣie yenye!

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dziɖula aɖewo wɔ susutrɔmɔnuwo ŋudɔ, eye woxɔ amesiwo ŋu wozãe ɖo ƒe tiatiawɔblɔɖe le wo si

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UPI/Bettmann

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne fukpekpe megali o la, amesiame ase vivi le agbe me bliboe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe