Ðe Ðekawɔwɔ Va Le Greece “Mawuxɔ” Kple Trɔ̃wo Domea?
LE DZOMEŊƆLI ƒe ŋkeke xɔdzo sia dzi la, ɣe klẽ ɖe kpe dadzoawo dzi. Gake ewɔ abe dzoxɔxɔ gã la mena Hela Orthodɔks tsaɖila veviedola siwo ɖo ta gbedoxɔ si le togbɛa tame gbɔ la ƒe dzonɔameme kple tameɖoɖo kplikpaa nu fa o ene.
Àkpɔ nyɔnu tsitsi si ŋu ɖeɖi te, si zɔ mɔ tso dukɔa ƒe akpa kemɛ, eye wòle agbagba dzem be yeayi azɔlia dzi togbɔ be ɖeɖi te eŋu hã. Ne èɖe ŋku ɖe togbɛa dzi yi ŋgɔ vie la, àkpɔ ŋutsu aɖe si fifia te vevie wòle agbagba dzem be yeato ameha gbogboawo dome. Eye nyɔnuvi aɖe si edze ƒã be ele veve sem eye eƒe moɖoɖo fia be etsi dzodzodzoe la le tatam le klo siwo le ʋu ɖuɖum vevie la dzi. Nuka minyãm wole? Be woaɖo ɖe game dzi, woado gbe ɖa na “ame kɔkɔe” xɔŋkɔ la ƒe nɔnɔmewɔwɔ, eye ne anya wɔ la, woaka asi eŋu agbugbɔ nu nɛ.
Nusiawo tɔgbe yia edzi le xexeame katã le teƒe siwo wodea mawusubɔsubɔ ƒe bubu “ame kɔkɔewo” ŋu le. Edze ƒã be tsaɖila siawo katã ka ɖe edzi be ewɔwɔ alea fia be yewole tetem ɖe Mawu ŋu le mɔ si dzea eŋu nu, eye wònye yewoƒe ɖokuitsɔtsɔna kple xɔse ɖeɖefia. Agbalẽ si nye Our Orthodox Christian Faith gblɔ be: “Míeɖoa ŋku [“ame kɔkɔeawo”] dzi, eye míedoa ŋutikɔkɔe wo hedea bubu woƒe kɔkɔenyenye ŋu . . . , eye míebiana be woado gbe ɖa na Mawu ɖe mía ta eye woaɖe kuku ahakpe ɖe mía ŋu le míaƒe agbemenuhiahiã geɖeawo me. . . . Míebiaa Ame Kɔkɔe nukunuwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu . . . be woakpɔ míaƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ.” Roma Katoliko Ha la ƒe nunɔlaha ƒe sededewo hã gblɔ be ele be woabia nu “ame kɔkɔewo” le esi wonye nyaxɔɖeakɔlawo le Mawu gbɔ ta, eye ele be woade mawusubɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ “ame kɔkɔewo” ƒe ŋkuɖodzinuwo kple nɔnɔmewɔwɔwo ŋu.
Nu vevitɔ si ŋu wòle be Kristotɔ vavãwo natsi dzi ɖoe nye be woade ta agu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Le esia ta mina míadzro alesi wòdzɔe be mawusubɔsubɔ ƒe bubu dede “ame kɔkɔewo” ŋu va zu Kristodukɔa ƒe subɔsubɔnuwɔnawo ƒe akpa aɖe la ŋuti nya aɖewo me akpɔ. Ele be numedzodzro sia nakɔ nu me na amesiame si di be yeate ɖe Mawu ŋu le mɔ si dzea Eŋu nu.
Alesi Wova Xɔ “Ame Kɔkɔewo” Dzi See
Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo yɔ Kristotɔ gbãtɔ siwo katã ŋuti wotsɔ Kristo ƒe ʋu kɔ eye wozã wo le Mawu subɔsubɔ me be woava nye hadomenyilawo kple Kristo la be “ame kɔkɔewo.” (Dɔwɔwɔwo 9:32; Korintotɔwo II, 1:1; 13:13)a Woyɔ ŋutsu kple nyɔnuwo, ame ŋkutawo kple ame tsɛ siwo nɔ hamea me la katã be “ame kɔkɔewo” esime wonɔ anyigba dzi afisia. Edze ƒã be menye le woƒe ku megbe hafi Ŋɔŋlɔawo va yɔ wo ame kɔkɔewo o.
Gake le ƒe alafa evelia M.Ŋ. megbe, esime xɔsegbegbe ƒe Kristotɔnyenye nɔ mo dom ɖa la, wodze agbagba be woana Kristotɔnyenye naxɔ ŋkɔ, wòanye subɔsubɔha si adze trɔ̃subɔlawo ŋu eye woalɔ̃ axɔe bɔbɔe. Trɔ̃subɔla siawo dea ta agu na mawu geɖe, gake mawu ɖeka koe subɔsubɔha yeyea ya subɔna. Eyata nusi ana woaxɔe ye nye be woasubɔ “ame kɔkɔe,” siwo ava xɔ ɖe blemamawuwo, gbɔgbɔwo, kple glimeme xɔŋkɔwo teƒe. Esi agbalẽ si nye Ekklisiastiki Istoria (Sɔlemehawo ƒe Ŋutinya) nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be: “Enɔ bɔbɔe na amesiwo wotrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me va Kristotɔnyenye me be woatsɔ xɔsetakukulawo aɖo woƒe ame xɔŋkɔwo teƒe eye woadze egɔme atsɔ bubu si wode tsãtɔwo ŋu la ana wo. . . . Gake zi geɖe la, bubu sia dede ame kɔkɔeawo ŋu zua trɔ̃subɔsubɔ ŋutɔŋutɔ.”
Numekugbalẽ bubu ɖe alesi woxɔ “ame kɔkɔewo” va de Kristodukɔa mee me be: “Míekpɔe be trɔ̃subɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gã la dze ƒã le bubudede Hela Orthodɔks Ha la ƒe ame kɔkɔewo ŋu me. Fifia wotsɔ nɔnɔme siwo wobuna ɖe Olympia-mawu ŋu tsã hafi wotrɔ [amewo] va Kristotɔnyenye me la na ame kɔkɔewo. . . . Le subɔsubɔha yeye la ƒe ƒe gbãtɔwo me la, míekpɔe be emenɔlawo tsɔ Nyagblɔɖila Eliya ɖo ɣemawu (Phoebus Apollo) teƒe, eye wotu gbedoxɔwo ɖe teƒe siwo mawu sia ƒe blema gbedoxɔwo alo vɔsaxɔwo nɔ kpɔ, alo wotunɛ ɖe egbɔ, vevietɔ le togbɛwo kple towo tame, le teƒe ɖesiaɖe si blema Helatɔwo de bubu keklẽnala Phoebus Apollo ŋu le. . . . Wogblɔ gɔ̃ hã be mawunɔ Ðetugbi Nɔaƒe Athena ye nye Maria Ðetugbi Nɔaƒe la ŋutɔŋutɔ. Esia ɖe dzitsitsi si nɔ trɔ̃subɔla siwo wotrɔ me be wogbã Athena ƒe legba la ƒu anyi la ɖa.”—Neoteron Enkyklopaidikon Lexikon (Numekugbalẽ ƒe Nyagɔmeɖegbalẽ Yeye), Babla 1, axa 270-1.
Le kpɔɖeŋu me, bu nɔnɔme siwo nɔ Athens le keke ƒe alafa enelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu ke la ŋu kpɔ. Dugã ma me nɔlawo ƒe akpa gãtɔ gakpɔtɔ nye trɔ̃subɔlawo ɣemaɣi. Woƒe kɔnu kɔkɔetɔ kekeakewo dometɔ ɖekae nye Eleusis ƒe kɔnu ɣaɣlɛ, si nye nuwɔna eve ƒokpli,b si woɖuna ƒe sia ƒe le February me le Eleusis-du si didi kilometa 23 tso Athens ƒe dzieheɣetoɖoƒe la me. Hafi Athens-trɔ̃subɔlawo nayi kɔnu ɣaɣlɛ siawo wɔƒe la, ele be woazɔ Mɔ Kɔkɔe (Hi·e·raʹ Ho·dosʹ) la dzi. Dugã la ƒe ame tsitsiwo zã aɖaŋu tsɔ dze agbagba be yewoana amewo nade ta agu le teƒe bubu. Wotu Daphni-saɖagaxɔ la ɖe afisi didi tso Athens kilometa 10 le mɔ ma ke dzi be wòadzro trɔ̃subɔlawo eye wòawɔe be womagade kɔnu ɣaɣlɛawo wɔƒe o. Wotu saɖagaxɔa ƒe gbedoxɔ ɖe blemavɔsaxɔ si wotu na Hela-mawu Daphnaios, alo Pythios Apollo la dzi.
Míagate ŋu akpɔ trɔ̃wo kple mawusubɔsubɔ ƒe bubu dede “ame kɔkɔewo” ŋu si wotsɔ wɔ ɖeka ƒe kpeɖodzi hã le Kithira-ƒukpo dzi le Greece. Byzantium-gbedoxɔ sue eve le ƒukpoa ƒe to aɖe tame—ɖeka nye George “Kɔkɔe” tɔ, eye evelia nye Ðetugbi Nɔaƒe Maria tɔ. Tomenuwo kuku ɖee fia be afisiae Cretatɔwo ƒe totamevɔsaƒe aɖe si nye woƒe tadeaguƒe ƒe 3,500 kloe enye si va yi la nɔ. Le ƒe alafa ade alo adre M.Ŋ. me la, “Kristotɔwo” tu woƒe gbedoxɔ na George “Kɔkɔe” ɖe afisi tututu totamevɔsaxɔ la nɔ. Nu vevi aɖe tae wowɔ tɔtrɔ sia; Cretatɔwo ƒe subɔsubɔnɔƒe deŋgɔ sia ye dzena nyuie le Aegea Ƒua dzi mɔwo dzi. Wotu gbedoxɔ eveawo ɖe afima be wòana Míaƒe Aƒenɔ la kple George “Kɔkɔe” nave yewo nu, eye woɖua ame evelia sia ƒe azã le ŋkeke si dzi woɖua Nicholas “Kɔkɔe” si nye “ƒudzidelawo ta kpɔla” tɔ la ke dzi. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso nusia si ŋu woke ɖo ŋu la, egblɔ be: “Egbea [Hela Orthodɔks Ha] ƒe osɔfo alia to ma abe alesi tututu Creta-trɔ̃nua aliae ene,” be wòava wɔ subɔsubɔdɔwo!
Ŋutinyamekula aɖe gblɔ alesi gbegbe Helatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe xɔsegbegbe ƒe Kristotɔnyenye dzii kpuie be: “Zi geɖe la, trɔ̃subɔsubɔ si dzi wotu Kristotɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖo metrɔna le dzixɔse veviwo gome o, si ɖo kpe alesi gbegbe kɔnu si dome wonyi te ŋu nɔa anyi didinae dzi.”
‘Tadedeagu na Nusi Míenya’
Yesu gblɔ na Samaria-nyɔnua be: “Míawo la míedoa gbe ɖa na nusi míenya; . . . Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbedoɖala siawo tɔgbe.” (Yohanes 4:22, 23) De dzesii be wobia tso mía si be míade ta agu le nyateƒe me! Eyata manya wɔ be woade ta agu na Mawu wòadze eŋu ne nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu ame si eye wolɔ̃e vevie o. Ele be woatu Kristotɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖe nyateƒe dzi, ke menye ɖe blemakɔnuwo kple nuwɔna siwo woxɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me dzi o. Míenya alesi Yehowa sena le eɖokui me ne amewo te kpɔ be yewoade ta agu nɛ le mɔ madzemadze nu. Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ blema Hela du Korinto me be: “Aleke Kristo kple Belial asɔa? . . . Ðekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea?” (Korintotɔwo II, 6:15, 16) Agbagba ɖesiaɖe si woadze be woana Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo nawɔ ɖeka la nyɔa ŋu nɛ.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edze ƒã be Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe edzi be woado gbe ɖa na “ame kɔkɔewo” be woanye mía kple Mawu dome nɔlawo o. Yesu fia le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la me be Fofo la koe wòle be míado gbe ɖa na, elabena efia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Yesu yi edzi gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. Ne miabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la mawɔe.” Eye apostolo Paulo gblɔ be: “Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li.”—Yohanes 14:6, 14; Timoteo I, 2:5.
Ne míedi ŋutɔŋutɔ be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ke ele vevie be míado ɖe eŋkume le mɔ si eƒe Nya la fia dzi. Paulo hã ŋlɔ tsɔ te gbe ɖe mɔ nyuitɔ ɖeka kolia si dzi woato ado ɖe Yehowa ŋkume dzi be: “Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xɔ mí ɖe akɔ hã.” “Ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.”—Romatɔwo 8:34; Hebritɔwo 7:25.
‘Tadedeagu le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me’
Xɔsegbegbe ƒe Kristotɔnyenye mekpɔ gbɔgbɔmeŋusẽ kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu ne woatsɔ aʋã trɔ̃subɔlawo be woaɖe asi le woƒe alakpatadedeagu ŋu eye woawɔ ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafia siwo nye nyateƒe la dzi o. Exɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo le dzimetrɔlawo, ŋusẽ, kple ŋkɔxɔxɔ didi ta. Le esia ta la, mete ŋu wɔ amewo wozu Kristotɔ like siwo ƒe nu dzea Mawu kple Kristo ŋu o, ke alakpaxɔsetɔ siwo nye “gbe wuwlui” siwo medze na Fiaɖuƒe la o boŋ wowɔ woe.—Mateo 13:24-30.
Gake le nuwuɣi sia me la, wogbugbɔ tadedeagu vavãtɔ ɖo anyi wòle ŋgɔyiyi kpɔm le Yehowa ƒe mɔfiafia te. Yehowa ƒe ame siwo le xexeame katã dzea agbagba be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ kple dzixɔsewo wòasɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu, eɖanye afika ke wotso, ameka ƒomevi wonye le hadome, alo subɔsubɔha ka mee wodzi wo ɖo o. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu anyi ŋgɔe le alesi nàde ta agu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la, ke taflatse kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ. Dzi adzɔ wo ŋutɔ be woakpe ɖe ŋuwò nàtsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Mawu, si anɔ te ɖe wò tamebubuŋutete kple eƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ dzi. Paulo ŋlɔ bena: “Mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ƒe ŋutete. Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi nuɖoanyi sia tɔ o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” Eye egblɔ na Kolosetɔwo be: “Míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miatsi le sidzedze Mawu me.”—Romatɔwo 12:1, 2, NW; Kolosetɔwo 1:9-11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Biblia-gɔmeɖeɖe aɖewo ɖea Helagbe me nya haʹgi·os gɔme be “ame kɔkɔe,” eye bubuwo ɖea egɔme be “amesi yi dziƒo ƒe gbɔgbɔ.”
b Woɖua Eleusis ƒe Azã Gãtɔ la ƒe sia ƒe le September le Athens kple Eleusis.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]
Parthenon la Zazã si Wɔ Mo Yaa
“Kristotɔ” Fiagã Theodosius II de se le Athens (ƒe 438 M.Ŋ.) tsɔ te fli ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo kple vivimenuwɔwɔwo me, eye wòxe mɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsaxɔwo zazã nu. Emegbe wote ŋu trɔ wo wozu Kristotɔwo ƒe sɔlemexɔwo. Nusi woawɔ atrɔ vɔsaxɔ wòadze edzi nyuie koe nye be woatu atitsoga ɖe eme atsɔ akɔ eŋu!
Vɔsaxɔ gbãtɔ siwo wotrɔ dometɔ ɖeka enye Parthenon. Wogbugbɔ asi trɔ le Parthenon la ŋu geɖe ale be wòasɔ anye “Kristotɔwo” ƒe gbedoxɔ. Tso ƒe 869 M.Ŋ. me la, ezu Athens ƒe gbedoxɔgã. Gbã la, wode bubu eŋu be enye “Nunya Kɔkɔe” ƒe gbedoxɔ. Esia ate ŋu anye ŋkɔ si woɖo koŋ tsɔ nɛ be woatsɔ aɖo ŋku nyateƒe si wònye be nunya ƒe mawunɔe Athena nye, amesi “tɔ” gbedoxɔa nye tsã la dzi. Emegbe wokɔ eŋu na “Mía Ƒenɔ Athenstɔ La.” Esi Orthodɔks-hawo zã gbedoxɔa ƒe alafa enyi megbe la, wotrɔe wòzu Maria Kɔkɔe si le Athens ƒe Katoliko gbedoxɔ. Subɔsubɔhawo ƒe Parthenon “zazã” alea yi edzi esime Ottoman Turktɔwo trɔe wòzu Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔ le ƒe alafa 15 lia me.
Egbea modzakaɖetsaɖila geɖe va kpɔa Parthenon si nye Athena Parthenos (“Ðetugbi Nɔaƒe”) Doristɔwo ƒe gbedoxɔ la ɖa le esi Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu nyui dze le eŋu ta.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Daphni-saɖagaxɔ—enye tadeaguƒe bubu na blema Athens trɔ̃subɔlawo