Ðe Nèvɔ̃na be Yeaka Ðe Amewo Dzia?
‘AME aɖeke meli magblɔe na o. Amewo mase egɔme nam o. Wobiã ŋku ɖe woawo ŋutɔ ƒe kuxiwo ŋu wu. Womevo ɖe tɔnye ŋu o.’ Nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me, eyata nya tsia dzime na wo. Zi geɖe ne amewo bia woƒe agbe ta se la, wodina be yewoagblɔe, gake womegblɔnɛ o. Womete ŋu kɔa nu le edzi o.
Enye nyateƒe be ame aɖewo mehiã kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ o. Gake ame geɖe ya hiã kpekpeɖeŋu vevie, gake wole vɔvɔ̃m na woƒe nukpɔsusu, seselelãme, kple nusiwo me tom wole la gbɔgblɔ. Wo dometɔ ɖekae nènyea? Ðe ame aɖeke kura meli si dzi nàka ɖo oa?
Vɔvɔ̃a Gɔmesese
Amewo mekana ɖe wo nɔewo dzi le egbe xexeame o. Sɔhɛwo megblɔa nya na wo dzilawo o. Dzilawo mete ŋu ƒoa nu kple wo nɔewo o. Ame ʋee aɖewo koe lɔ̃na ƒoa nu kple amegãwo. Esi ame aɖewo mete ŋu le kakam ɖe amewo dzi o ta la, wotrɔ ɖe ahanono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo ɖe agbe bliba aɖe nɔnɔ ŋu kple susu be yewoasi le yewoƒe kuxiwo nu.—Lododowo 23:29-35; Yesaya 56:12.
Anukwaremaɖimaɖi kple agbegbegblẽnɔnɔ gbogbo siwo va dze gaglã la wɔe be womegakana ɖe amegãwo abe sɔlemehakplɔlawo, ɖɔktawo, dɔdalawo, kple nufialawo dzi o. Le kpɔɖeŋu me, akɔntabubu aɖe fia be sɔlemehakplɔla 10 kple edzivɔ le alafa me nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Kakaɖeamedzi domegblẽla siawo ɖe agado globowo, ʋewo kple gbagbãƒewo ɖe amegbetɔ ƒe ƒomedodowo me.” Nukae nusia gblẽna le woƒe hameviwo ŋu? Womegakana ɖe ame dzi o.
Agbenyuimanɔmanɔ hã he kuxi va ƒomea me ale gbegbe be ƒome gbagbãwo va zu nusi bɔ kloe, meganye nusi to vo o. Hehexɔƒee aƒeme nye tsã. Egbea la, ɖeko wòzu abe ʋumemidzeƒe ene ne nuɖuɣi ɖo. Ne ɖevi tsi le aƒe si me ‘womelɔ̃a ame ƒe nya le o’ la, nusi dzɔna zi geɖe enye be mete ŋu kana ɖe ame dzi le tsitsime o.—Timoteo II, 3:3.
Gakpe ɖe eŋu la, esi nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexeame ta la, nusiwo ate ŋu anye dzigbãnyawo dzea ŋgɔ mí enuenu. Nyagblɔɖila Mixa ŋlɔ tso nɔnɔme ma ŋu be: “Migaxɔ miaƒe zɔhɛ dzi se o.” (Mixa 7:5) Àse le ɖokuiwò me nenema ne ame aɖe ble wò le nu sue aɖe me, ne egblɔ wò nya ɣaɣla na ame bubu, alo ne nya gã aɖe dzɔ si do vɔvɔ̃ na wò agbe. Asesẽ na wò be nàgaka ɖe amewo dzi eye màgatsɔ dzo ɖe wo ŋu o, eye wò seselelãmewo anɔ mɔ xem na wò gbesiagbe. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 102:2-8.) Nyateƒe, ɖewohĩ nɔnɔme ma akpe ɖe ŋuwò le agbe me ya, gake wò ‘dzi si le nu xam la’ mana dzi nadzɔ wò ŋutɔŋutɔ le agbe me o. (Lododowo 15:13) Nya lae nye be, hafi ŋusẽ nanɔ ŋuwò le gbɔgbɔ me, seselelãme gome, susu me, kple le ŋutilãme la, ele be nàɖe mɔxenu ma ɖa ahasrɔ̃ alesi nàka ɖe amewo dzi. Anya wɔa? Ẽ.
Nukatae Wòle Be Nàɖe Mɔxenua Ða?
Dzi si le nu xam kpɔa gbɔdzɔe ne wogblɔ nusi le fu ɖem la na ame aɖe. Nusiae dzɔ ɖe Xana dzi. Eƒe srɔ̃ɖeɖe me nyo, enɔ aƒe si nɔ dedie me, gake enɔ nu xam vevie. Togbɔ be ‘enɔ nu xam vevie’ hã la, “[edo] gbe ɖa na Yehowa” vevie nunyatɔe ale gbegbe be eƒe nuyi siwo menɔ nya gblɔm sesĩe o la nɔ ʋaʋãm butubutu. Ẽ, eka ɖe Yehowa dzi. Emegbe egblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu teƒenɔla Eli. Nukae va dzɔ? “[Xana] lé eƒe mɔ, eye wòɖu nu, eye megato mo azɔ o.”—Samuel I, 1:1-18.
Ame geɖe va nya viɖe si le dzimenyawo gbɔgblɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame ƒe susu kple nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ na amesiwo to nɔnɔme ma tɔgbe me la aɖe vi. Numekulawo ƒo nya ta be: “Zizi kpi ɖe nya dzi ɖe wòdea dɔ lãme na ame—ele be míagblɔ míaƒe dzimenyawo bene míaƒe susu me nakɔ.” Dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku gbogbo siwo wɔm wole la ɖo kpe lododo si tso gbɔgbɔ me ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”—Lododowo 18:1.
Ne mègblɔ nya aɖeke na amewo o la, aleke woawɔ akpe ɖe ŋuwò? Togbɔ be Yehowa Mawu nye dzimekpɔla hã la, ƒowòmetɔwo kple xɔ̃wòwo ya menya wò dzimesusuwo kple seselelãmewo o—ɖeko nàgblɔe na wo hafi. (Kronika I, 28:9) Ne Mawu ƒe se dzie nèda la, ɖeko nya la agblẽ ɖe edzi ne èhe eme ʋuʋu ɖe megbe.—Lododowo 28:13.
Vavãe, viɖe geɖe le wò nuxaxawo gbɔgblɔ na ame bubuwo me ŋu wu veve siwo nèsusu be ana yease. Gake mefia be ele be míaʋu go míaƒe nya ɣaɣlawo na amesiame ko o. (Tsɔe sɔ kple Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:18; Yeremya 9:3; Luka 21:16.) Lododowo 18:24, (NW) gblɔ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo li siwo gblẽa wo havi ŋu petepete,” gake egagblɔ kpee be: “Ke xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Afikae nàte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ ma tɔgbe le?
Ka Ðe Wò Ƒomea Dzi
Ne kuxi aɖe le ŋuwò la, èdze agbagba kpɔ be yeadzro eme kple ye srɔ̃ alo dziwòlawoa? Aɖaŋuɖola bibi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Le kuxi geɖe gome la, dzeɖoɖo tso eŋu tsitotsito koe hiã.” (Lododowo 27:9) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ siwo ‘lɔ̃a wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokui ene,’ srɔ̃nyɔnu siwo ‘bɔbɔa wo ɖokui na wo srɔ̃wo,’ kple dzila siwo bua Mawu ƒe dɔ si wòde wo si be ‘woanyi wo viwo le Yehowa ƒe nuxɔxlɔ̃ me’ agbanɔamedzi vevii la, aku kutri be yewoanye toɖola siwo sea veve ɖe ame nu kple aɖaŋuɖola kpekpeɖeŋunalawo. (Efesotɔwo 5:22, 33; 6:4) Togbɔ be srɔ̃ kple viwo menɔ Yesu si le ŋutilãme ƒe gɔmesese nu o hã la, aleke wòɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia me enye si!—Marko 10:13-16; Efesotɔwo 5:25-27.
Ke ne ƒomea me tɔwo mate ŋu akpɔ kuxia gbɔ o ya ɖe? Mehiã be míatsi akogo le Kristo-hamea me gbeɖe o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa?” (Korintotɔwo II, 11:29) Eɖo aɖaŋu be: “Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo.” (Galatiatɔwo 6:2; Romatɔwo 15:1) Ðikeke mele eme o be míate ŋu akpɔ ame wòawu ɖeka si “[trɔna] dzɔa ame nɔvi le hiã me” le míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dome.—Lododowo 17:17.
Ka Ðe Hamea Dzi
Ŋutsu ɖokuibɔbɔla siwo nye “hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ” la le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 80,000 kple edzivɔ siwo le xexeame godoo la me. (Korintotɔwo II, 1:24) Amesiawoe nye hamemegãwo. Yesaya gblɔ be: “Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” Nenemae hamemegãwo dzea agbagba be yewoanɔ.—Yesaya 32:2; 50:4; Tesalonikatɔwo I, 5:14.
Hamemegãwo ɖoa Ŋɔŋlɔa ƒe nudidiwo gbɔ hafi ‘gbɔgbɔ la ɖoa wo.’ Nusia nyanya ado ŋusẽ wò be nàka ɖe wo dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Timoteo I, 3:2-7; Tito 1:5-9) Nya si nàgblɔ na hamemegã la anye nya ɣaɣla ɖaa. Enye nudidiawo dometɔ ɖeka be wòanye amesi dzi woaka ɖo.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 18:21; Nexemya 7:2.
Hamemegãwo ‘dzɔa mia luʋɔwo ŋu abe amesiwo ana akɔnta le wo ŋuti ene.’ (Hebritɔwo 13:17) Ðe esia meʋãa wò be nàka ɖe ŋutsu siawo dzi oa? Dzɔdzɔmenue wònye be hamemegãwo katã mebi sɔ le nɔnɔme ɖeka me o. Edze abe woate ŋu ate ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu bɔbɔe wu, wonyoa dɔme, alo wosea nu gɔme na ame wu ene. (Korintotɔwo II, 12:15; Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8, 11) Nukata màgblɔ wò dzimenyawo na hamemegã si ŋu nète ŋu tena ɖo faa o?
Ŋutsu siawo mewɔa dɔ sia xɔa fetu o. Ke boŋ wonye “nunana siwo nye amewo” (NW), tso Yehowa gbɔ be woakpe ɖe ŋuwò. (Efesotɔwo 4:8, 11-13; Galatiatɔwo 6:1) Alekee? Woawɔ Biblia la ŋudɔ aɖaŋutɔe, azã eƒe dɔyɔŋusẽ wòasɔ ɖe nusi me tom nèle nu. (Psalmo 107:20; Lododowo 12:18; Hebritɔwo 4:12, 13) Woado gbe ɖa kpli wò eye woadoe ɖe tawò hã. (Filipitɔwo 1:9; Yakobo 5:13-18) Aɖaŋuɖola lɔlɔ̃tɔ siawo ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu awɔ geɖe aɖe nuxaxa ɖa ahana woavo le susu me.
Alesi Woatu Ƒomedodo si me Kakaɖedzi Le Ðo
Menye gbɔdzɔgbɔdzɔ alo dadaƒu ƒe dzesie wònye ne èbia be woakpe ɖe ye ŋu, woaɖo aɖaŋu na ye, alo be woase nya na ye dzro ko o. Ðeko wòfia be míekpɔe nyateƒetɔe be míede blibo o eye ame aɖeke mate ŋu akpɔ nya ɖesiaɖe gbɔ o. Eme kɔ be aɖaŋuɖola kple ŋuɖoɖeŋutɔ gãtɔ kekeake si le mía sie nye mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu. Míewɔ ɖeka kple hakpala si ŋlɔ be: “Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam.” (Psalmo 28:7) Míate ŋu ‘atrɔ míaƒe dzimenyawo aƒo’ ɖe eŋkume faa ɣeawokatãɣi le gbedodoɖa me, kple kakaɖedzi be esea míaƒe nya eye wòléa be na mí.—Psalmo 62:8, 9; Petro I, 5:7.
Gake aleke nàwɔ ate ŋu aka ɖe hamemegãwo kple amesiwo le hamea me dzi? Dzro ɖokuiwò me gbã. Nanewo koŋ tae nèvɔ̃na ɖoa? Ðe mèxɔa amewo dzi sena oa? (Korintotɔwo I, 13:4, 7) Ðe mɔ aɖe li si dzi nàto be màgase veve boo oa? Ẽ. Alekee? Dze agbagba nàdze si ame bubuwo nyuie le gbɔgbɔmenuwo wɔɣi. Ƒo nu kpli wo le hame ƒe kpekpewo me. Miwɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔa ɖe du. Ele be kaka ɖe ame dzi nava le eɖokui si abe bubu dede ame ŋu ene. Eyata gbɔ dzi ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ne èva le si dzem gbɔgbɔ me alẽkplɔla aɖe la, àva nɔ kakam ɖe edzi. Gblɔ wò dzimaɖitsitsiwo nɛ vivivi. Ne ewɔ nu ɖe ŋuwò wòsɔ, ese veve ɖe nuwò, eye wòwɔ nu aɖaŋutɔe la, ekema àte ŋu adze agbagba agblɔ nya bubuwo kpee.
Hati Yehowa subɔlawo, vevietɔ Kristotɔ hamemegãwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme dzeameŋuwo le woƒe ƒomedodo kple wo nɔewo me. (Mateo 5:48) Ewɔnɛ be kaka ɖe ame nɔewo dzi nɔa hamea me. Ame aɖe si nye hamemegã eteƒe didi la gblɔ be: “Ele be nɔviawo nadze si nu ɖeka: Nuka kee amea ɖawɔ o, hamemegã la medzudzɔa Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefiae o. Ðewohĩ nusi amea wɔ madze eŋu o, gake egalɔ̃ enɔvia kokoko eye edi be yeakpe ɖe eŋu.”
Eyata mehiã be kuxi nanɔ ŋuwò nàsusu be yetsi akogo o. Ƒo nu kple amesi nye ‘gbɔgbɔmeme’ si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ wò agba la. (Galatiatɔwo 6:1) Ðo ŋku edzi be “nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi,” gake “nya dzeto la anyĩtsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.”—Lododowo 12:25; 16:24.
[Aɖaka si le axa 26]
Woate ŋu abia tso Kristotɔ ɖesiaɖe si be wòakpe ɖe ƒometɔ, xɔlɔ̃, alo gbɔgbɔ me nɔvi aɖe ŋu le eƒe kuxi aɖe me. Ènya alesi nàna kpekpeɖeŋua?
Aɖaŋuɖola Nyui La
wote ŋu tena ɖe eŋu: Mateo 11:28, 29; Petro I, 1:22; 5:2, 3
edia ɣeyiɣi nyuitɔ: Marko 9:33-37
edina be yease kuxia gɔme: Luka 8:18; Yakobo 1:19
mewɔa nya sue nya gãe o: Kolosetɔwo 3:12-14
ekpena ɖe ame ŋu wònɔa dzigbãnyawo nu: Tesalonikatɔwo I, 5:14; Petro I, 3:8
enya eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo: Galatiatɔwo 6:3; Petro I, 5:5
eɖoa aɖaŋu tẽ: Psalmo 19:8-10; Lododowo 24:26
meʋua go nya ɣaɣla o: Lododowo 10:19; 25:9.