‘Ame Gbogbo Siwo ƒe Agbenɔnɔ Nètrɔ Dometɔ Ðeka Koe Menye’
NANE te Carol ƒe ahɔhɔ̃ le January 1996 me. Enɔ eƒe ƒe 60-awo me eye vaseɖe ɣemaɣi la, enye nyɔnu zazɛ̃ kpɔdzidzɔ si gblɔa dzideƒonya na amesiame. Gake fifia la, ɖɔktawo le agbagba dzem be yewoaɖe nutete wuame la ɖa. Le Carol ƒe fukpekpea me la, exɔ lɛta si gbɔna:
“Carol Lɔlɔ̃tɔ:
“Wò lãmegbegblẽa te ɖe dzinye ŋutɔ. Dzidzɔtɔe la, mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ si Biblia kpena ɖe mía ŋu be míanya ahalɔ̃ la le mía si. Mɔkpɔkpɔ siae nye be Yehowa ƒe Fiaɖuƒe nava ɖu anyigba dzi ale be míanɔ paradiso me, si nye ɣeyiɣi si mí katã míele mɔ kpɔm na.
“Medi be nànya be wò gbeƒãɖeɖedɔ ɖe ame geɖe tso ku mavɔ me. Menye amesiawo dometɔ ɖeka. Nyemenya nenye be èɖo ŋku zi gbãtɔ si míedo go dzi o. Ƒe 20 ye mexɔ ɣemaɣi. Ða legbee nɔ ta nam, menɔ atike vɔ̃ɖiwo dzram, eye mía kple gbevũvi aɖewoe nɔ ha me. Tu nɔ mí katã ŋu eye míelɔ̃ ame aɖeke wu mía ɖokui o.
“Mia kple Ðasefo bubu aɖe mieva ƒo ʋɔ nam eye mienam Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Medze agbagba be mana dɔlar ɖeka wò eye megblɔ be magazineawo mehiãm o. Èna menya be menye nudzɔdzɔwo tae yele tsatsam o. Ègblɔ nam be dɔ si akpe ɖe amewo ŋu be woaxlẽ Biblia la wɔm yele. Nyemeɖo ŋku edzi be mexɔ magazineawo alo xlẽ wo o. Gake èƒã nyateƒea ƒe ku ɖe nye agbe me.
“Ƒe aɖewo megbe la, Ðasefo bubu si woyɔna be Gary va danye ƒeme esime nye hã menɔ afima. Megblɔ alesi nèva gbɔnye ƒe aɖewo va yi la nɛ. Gary srɔ̃ Biblia kplim ɣeyiɣi didi aɖe vaseɖe esime mexɔ nyɔnyrɔ mlɔeba le ƒe 1984 me. Fifia la, mele Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea fiam vinyewo.
“Meka ɖe edzi be ame gbogbo siwo ƒe agbenɔnɔ nètrɔ le ƒe siwo nèsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe me la dometɔ ɖeka koe menye. Gake èto dɔmenyowɔwɔ sia me kpe ɖe mía kple nye ƒomea ŋu be míenya Mawu Gã, Yehowa, kple Via, Kristo Yesu. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me makpɔ wò le nuɖoanyi yeyea me esime Yehowa atutu aɖatsiwo katã ɖa le míaƒe ŋkuwo me, eye ku maganɔ anyi akpɔ gbeɖe o.—Nyaɖeɖefia 21:4.
“Mía kple nye ƒomea ya la, enye dzidzɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si míenya wò eye be míele ɖaseɖiɖidɔ si nèwɔ la wɔm. Akpe na wò.
“Kple nɔvilɔlɔ̃,
Peter”
Le dɔléle ɣleti ade megbe la, Carol ku le March 1996 me, eye eƒã nyateƒea ƒe ku geɖe le ƒe 35 siwo me wònye nyanyuigblɔla veviedonula me. Ekpɔe be ame aɖeke menya ɣekaɣi nuku aɖe atse ku o, ne ƒe geɖe megbee hã.—Mateo 13:23.