Ŋutifafa Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?
“[Yehowa] tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—PSALMO 46:10.
1. Ŋutifafa ŋugbedodo nyui kae le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me?
“DZƆDZƆENYENYE ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee. Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” (Yesaya 32:17, 18) Ŋugbedodo nyui ka gbegbee nye si! Enye ŋutifafa vavãtɔ si atso Mawu gbɔ ƒe ŋugbedodo.
2, 3. Gblɔ nusi ŋutifafa vavãtɔ nye.
2 Gake nukae nye ŋutifafa vavãtɔ? Aʋawɔwɔ ƒe anyimanɔmanɔ ko yea? Alo ɣeyiɣi si me dukɔwo aganɔ dzadzram ɖo ɖe aʋa bubu wɔwɔ ŋu ko yea? Drɔ̃e aɖe koe ŋutifafa vavãtɔ nyea? Nyabiabia mawo nye esiwo hiã be míakpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le na. Gbã la, ŋutifafa vavãtɔ menye drɔ̃e o. Ŋutifafa si ƒe ŋugbe Mawu do yi ŋgɔ boo wu nusianu si ava tame na xexe sia. (Yesaya 64:3) Menye ƒe ʋee aɖewo alo ƒe bla nanewo ko ƒe ŋutifafae wònye o. Anɔ anyi ɖaa tegbee! Eye menye ame ʋee aɖewo siwo nu dze edzi na ko ƒe ŋutifafae o—akpe dziƒo kple anyigba ɖo, mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa. Akeke ta aɖo dukɔ sia dukɔ, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, kple ameƒomeviwo katã gbɔ. Liƒo, dewo, alo naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o.—Psalmo 72:7, 8; Yesaya 48:18.
3 Ŋutifafa vavãtɔ fia be woanɔ ŋutifafa me gbesiagbe. Efia be àfɔ ŋdi sia ŋdi eye aʋawɔwɔ mava susu me na wò o, màgatsi dzi ɖe wò etsɔme, viwòwo ƒe etsɔme, alo tɔgbui alo mama yɔviwòwo ƒe etsɔme ŋu o. Efia susu ƒe akɔdzeanyi blibo. (Kolosetɔwo 3:15) Efia be nuvlowɔwɔ maganɔ anyi o, ŋutasesẽ maganɔ anyi o, ƒome aɖeke me magamã o, aƒemanɔsitɔwo maganɔ anyi o, amewo magatsi dɔ alo xexeme ƒe fafa miamiamia nana vuvɔ nalé wo o, eye mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dziɖeleameƒo nu ayi. Esi ganyo wu kura enye be Mawu ƒe ŋutifafa fia be woanɔ agbe le xexe si me dɔléle, fukpekpe, nuxaxa, alo ku maganɔ o me. (Nyaɖeɖefia 21:4) Mɔkpɔkpɔ nyui kae nye si le mía si be míanɔ ŋutifafa vavãtɔ me tegbee! Ðe menye ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ sia tɔgbee dzroa mí katã vevie oa? Ðe menye ŋutifafa sia tɔgbee wòle be míado gbe ɖa abia ahadze eƒe agbagba oa?
Ameƒomea ƒe Kpododonuwo
4. Agbagba kawoe dukɔwo dze le ŋutifafa ŋu, eye nukawoe do tso eme?
4 Ƒe alafa geɖe enye sia si amewo kple dukɔwo ƒo nu tso ŋutifafa ŋu, wohe nya le ŋutifafa ŋu, eye wode asi ŋutifafanubabla alafa geɖe te. Nukae do tso eme? Le ƒe 80 siwo va yi me la, míagblɔ be ɣeyiɣi aɖeke kura menɔ anyi kpɔ si me dukɔ alo ame aɖewo menɔ aʋa wɔm o. Edze kɔte be ŋutifafa bu ɖe ameƒomea. Eyata míabia be, Nukatae amegbetɔ do kpo nu le agbagba gbogbo siwo katã dzem wòle be ŋutifafa nanɔ dukɔwo dome me, eye nukatae amegbetɔ mete ŋu he ŋutifafa vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa vɛ?
5. Nukatae agbagba siwo ameƒomea dze le ŋutifafa ŋu do kpo nu zi geɖe?
5 Ŋuɖoɖoa koe nye be menye teƒe nyuitɔe ameƒomea le ŋutifafa vavãtɔ dim le o. Le Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖedzi te la, amewo ɖo habɔbɔ siwo ŋu woawo ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nugbegblẽwɔwɔwo—siwo nye woƒe ŋukeklẽ kple nugãdidi, woƒe ŋusẽ kple gãnyenye didi gblẽa nu le la. Wode suku kɔkɔwo eye woɖo nusrɔ̃ƒe kple numekuƒe gãwo, eye ameteɖeanyi kple ametsɔtsrɔ̃ ƒe mɔnu bubuwo koe wosrɔ̃na le teƒe mawo. Afikae wohe amewo ƒe susu yii? Afikae wotrɔ ɖo?
6, 7. (a) Ŋkɔ kae Dukɔwo ƒe Nubabla wɔ na eɖokui? (b) Kae Dukɔ Ƒoƒuawo hã wɔ?
6 Le ƒe 1919 me ke la, dukɔwo ɖo ŋu ɖe Dukɔwo ƒe Nubabla ŋu be eyae ahe ŋutifafa mavɔ vɛ. Wogblẽ mɔkpɔkpɔ ma me le ƒe 1935 me esime Mussolini ƒe aʋakɔwo dze Ethiopia dzi eye dukɔmeviʋa dzɔ le ƒe 1936 me le Spania. Le ƒe 1939 me la, Nubabla la bu vĩ esime Xexemeʋa II dzɔ. Yeaɖi ŋutifafa la menɔ anyi de ƒe 20 pɛ hã o.
7 Ke Dukɔ Ƒoƒuawo ya ɖe? Ðe ŋutifafa mavɔ si anɔ anyigba katã dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe le esia? Kura o. Wowɔ aʋa kple dzre siwo wu 150 sɔŋ tso esime woɖoe le ƒe 1945 me! Eyata mewɔ nuku o be Gwynne Dyer si nye Canada sukuvi aɖe si srɔ̃a nu tso aʋawɔwɔ kple eƒe dzɔtsoƒewo ŋu la yɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa be enye “lãwo tsrɔ̃la si wɔ eɖokui lãwo takpɔlae, ke menye ame kɔkɔewo ƒe ƒuƒoƒoe o” eye be enye “wɔnamanɔŋutɔwo ƒe nukpoloeƒoƒe.”—Tsɔe sɔ kple Yeremya 6:14; 8:15.
8. Togbɔ be dukɔwo ƒoa nu tso ŋutifafa ŋu hã la, nuka wɔm wole? (Yesaya 59:8)
8 Dukɔwo ƒoa nu tso ŋutifafa ŋu gake aʋawɔnuwo toto vɛ kple wo wɔwɔ dzi ko wogale. Zi geɖe la, dukɔ siwo wɔa ɖoɖo ɖe ŋutifafa takpekpewo ŋu kee xɔa ŋgɔ le aʋawɔnuwo wɔwɔ me. Viɖe gbogbo siwo wokpɔna le dukɔ siawo me na wonɔa megbe na aʋawɔnu siwo tsrɔ̃a ame gbogbo aɖewo wɔwɔ, siwo ƒe ɖewoe nye tomebɔmb vɔ̃ɖivɔ̃ɖi siwo wua dumevi tsitsi kple ɖevi siwo ade 26,000 alo wɔa nuvevi wo ƒe sia ƒe. Ŋukeklẽ kple nufitifitiwɔwɔe nye ŋusẽ siwo nɔa wo tutum de nusiawo wɔwɔ me. Zãnuxɔxɔ kple adzamenuxɔxɔwo nye dukɔwo dome aʋawɔnusitsatsa ƒe akpa vevi aɖewo. Dunyahela aɖewo toa mɔ sia dzi zua kesinɔtɔwo.
9, 10. Nukae xexemenunyalagãwo kpɔ le aʋawɔwɔ kple amegbetɔ ƒe dɔwɔnawo ŋu?
9 Le December 1995 me la, Polandtɔ dzɔdzɔmeŋusẽnunyala kple Nobel Ŋutifafa Nunanaxɔla Joseph Rotblat ƒo koko na dukɔwo be woadzudzɔ aʋawɔnuwo wɔwɔ ƒe hoʋiʋli. Egblɔ be: “Mɔ si ko dzi míate ŋu ato axe mɔ na [aʋawɔnuhoʋiʋli bubu] ye nye be míadzudzɔ aʋawɔwɔ kura.” Èsusu be ate ŋu ava eme alea? Tso ƒe 1928 dzi vaseɖe fifia la, dukɔ 62 de asi Kellogg-Briand Nubabla si me wogblɔ le be yewogbe be yewomagatsɔ aʋawɔwɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔe azɔ o la te. Xexemeʋa II ɖee fia kɔte be nubabla ma nye nu dzodzro ko.
10 Le nyateƒe me la, aʋawɔwɔ nye mɔxenu ɣesiaɣi le ameƒomea ƒe ŋutinya me. Gwynne Dyer ŋlɔ be, “aʋawɔwɔ nye nuɖoanyi vevi aɖe le amegbetɔ ƒe ŋkuʋuʋu me, eye wo kple ŋkuʋuʋue dzɔ zi ɖeka.” Nyateƒee, aʋakalẽtɔ siwo ŋu wodea bubu gãe, asrafoha siwo nɔa anyi ɣesiaɣi, aʋa xɔŋkɔwo, asrafosuku siwo wobuna nu kɔkɔewoe, kple aʋawɔnu siwo woli kɔ ɖi nɔ dukɔ kple fiaɖuƒe ɖesiaɖe kloe si. Gake aʋawɔwɔ va do agbogbo le míaƒe ƒe alafa sia me wu ƒe alafa ɖesiaɖe, le aʋawɔnuawo ƒe nutsrɔ̃ŋusẽ kple amesiwo sinu tsia wo me siaa gome.
11. Nu vevi ka dzie xexeamedukplɔlawo ŋe aɖaba ƒu le woƒe ŋutifafa didi me?
11 Edze kɔte be xexeamedukplɔlawo gbe lɔlɔ̃ ɖe nunya vevi si dze le Yeremya 10:23 me nyawo me dzi, be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Mawu manɔmee la, ŋutifafa vavãtɔ aɖeke mate ŋu anɔ anyi o. Ðe esiawo katã le fiafiam be womate ŋu axe mɔ ɖe aʋawɔwɔ nu le amesiwo ƒe ŋku ʋu dome oa? Ðe wòfia be ŋutifafa—ŋutifafa vavãtɔ—nye nudzroame si womate ŋu akpɔ oa?
Dzɔtsoƒea Kpɔkpɔ
12, 13. (a) Nukae Biblia gblɔ be eyae nye nu makpɔmakpɔ si koŋ hea aʋawɔwɔ vɛ? (b) Aleke Satana he ameƒomea ƒe susu ɖa tso nusi tututu akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ ŋui?
12 Bene míaɖo nya mawo ŋu la, ehiã be míanya nusiwo hea aʋawɔwɔ vɛ. Biblia gblɔe kɔte be mawudɔla dzeaglã Satana ye nye “amewula” kple “aʋatsokala” gbãtɔ, eye be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes 8:44; Yohanes I, 5:19) Nukae wòwɔ be wòatsɔ ado eƒe aɖaŋuvɔ̃wo ɖe ŋgɔe? Míexlẽ le Korintotɔwo II, 4:3, 4 be: “Ne wotsyɔ nu míaƒe nyanyuia dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.” Satana wɔa nusianu si wòate ŋui be yeatrɔ ameƒomea ƒe susu ɖa tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si koe ate ŋu akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ la gbɔ. Etsɔa hadome, dunyahehe, kple mawusubɔsubɔ nya siwo hea mamã vɛ la xɔa susu me na amewo eye wòkplɔa wo tranae, ale be nusiawo nadze nusiwo le vevie wu Mawu ƒe dziɖuɖu. Eƒe kpɔɖeŋu yeye aɖee nye dukɔmevinyenye ƒe nyahehe si xɔ aƒe ɖe xexeame katã.
13 Satana Abosam doa dukɔmevinyahehe kple teƒeɖekatsotso ƒe gbɔgbɔ, si nye dukɔ, ameƒomevinyenye, alo nuto si me ame tso bubu gãe wu ame bubuwo tɔ ɖe ŋgɔ. Wole dzrenya xoxo siwo wolé ɖe dzime ƒe alafa geɖe la hem ɖe go eye esia le aʋa kple dzre bubuwo hem vɛ. Federico Mayor si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnunyawo Gbɔkpɔha ƒe ŋgɔnɔlagã xlɔ̃ nu le nɔnɔme sia ŋu be: “Le afisiwo woɖea mɔ ɖe nuwo ŋu le tsã gɔ̃ hã la, fifia àse be vɔvɔ̃ na amedzrowo, kple amedetɔdzidede alo ameƒomevi ƒe vovototodeameme si wɔ abe ɖe wozu blemanya ene la ŋu nyawo va le bɔbɔm wu.” Nukae do tso eme? Ame gbogbo siwo wowu ŋɔdzitɔe le afisi nye Yugoslavia tsã kple gbevovovodolawo ƒe ʋukɔkɔɖi si yi edzi le Rwanda nye nudzɔdzɔ mawo tɔgbe dometɔ eve ko siwo wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me.
14. Aleke Nyaɖeɖefia 6:4 gblɔ be aʋawɔwɔ kple eƒe nugbegblẽ anɔ le míaƒe ɣeyiɣia me?
14 Biblia gblɔe ɖi be le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la, sɔ dzĩ aɖe si nye kpɔɖeŋu na aʋawɔwɔ azɔ to anyigba katã dzi. Míexlẽ le Nyaɖeɖefia 6:4 be: “Sɔ bubu aɖe, si le dzĩe la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã [de] asi nɛ.” Tso ƒe 1914 me ke la, míekpɔ kpɔɖeŋusɔdola sia ‘wòɖe ŋutifafa ɖa’ eye dukɔwo kpɔtɔ le dzre kple aʋa wɔm.
15, 16. (a) Akpa kae subɔsubɔhawo wɔna le aʋawɔwɔ kple amewuwu me? (b) Aleke Yehowa bua nusi subɔsubɔhawo wɔ lae?
15 Mele be míaŋlɔ akpa si subɔsubɔhawo wɔna le aʋawɔwɔ kple amewuwu siawo me be o. Míate ŋu agblɔ be alakpasubɔsubɔhawo ƒe ame kpɔkplɔ tra gbɔe ameƒomea ƒe ŋutinya si ƒo ʋu la ƒe akpa gã aɖe tso. Katolikotɔwo ƒe mawunyafiala Hans Küng ŋlɔ be: “Womate ŋu ake ɖii kura o be [subɔsubɔhawo] kpɔ ŋusẽ manyomanyo gblẽnu gã aɖe ɖe amewo dzi eye wogale ekpɔm ɖe wo dzi ko. Le nyateƒe me la, woawo gbɔe ‘subɔsubɔʋawo,’ dzrehehe, kple ʋukɔkɔɖiʋa gbogbo aɖewo tso; . . . eye woawo gbɔ ke xexemeʋa eveawo hã tso.”
16 Aleke Yehowa Mawu bua alakpasubɔsubɔhawo ƒe amewuwu kple aʋawɔwɔe? Fɔ si Mawu bu alakpasubɔsubɔhawo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 18:5 la gblɔ be: “Eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.” Alakpasubɔsubɔhawo ƒe nubabla kple xexeame dunyahedziɖulawo gbɔe ʋukɔkɔɖi sia gbegbe, nuvɔ̃ sia gbegbe si kɔ yi ɖatɔ dziƒo ale be Mawu mate ŋu azi kpi o la tso. Aɖe afɔklinu sia ɖa le ŋutifafa vavãtɔ ƒe mɔ dzi kpuie.—Nyaɖeɖefia 18:21.
Mɔ si Ðo Ta Ŋutifafa Me
17, 18. (a) Nukatae menye drɔ̃e dzodzro be míaxɔ ase be ŋutifafa mavɔ gbɔna o? (b) Nukae Yehowa wɔ xoxo si wòatsɔ ana ŋutifafa vavãtɔ nava godoo?
17 Ne amewo mate ŋu ato habɔbɔwo abe Dukɔ Ƒoƒuawo ene dzi, ahe ŋutifafa vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa vɛ o la, ke afikae ŋutifafa vavãtɔ atso ava, eye aleke wòawɔ ava? Drɔ̃e si mate ŋu ava eme o ko wònye be míaxɔe ase be ŋutifafa mavɔ aɖe gbɔnaa? Mele nenema ne míetrɔ ɖe ŋutifafa ƒe dzɔtsoƒe nyuitɔ gbɔ o. Ke eyae nye ameka? Psalmo 46:10 ɖo eŋu na mí be Yehowa “tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo.” Eye Yehowa dze alesi wòawɔ atsi aʋawɔwɔ nu ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ la gɔme xoxo. Aleke? Eyae nye esi wòɖo Kristo Yesu zi dzi le eƒe Fiaɖuƒe si dze nɛ me le ƒe 1914 me, kple alesi wòna wole ŋutifafa ƒe hehenadɔ gãtɔ kekeake le ameƒomea ƒe ŋutinya me wɔm. Nyagblɔɖinya siwo le Yesaya 54:13 ka ɖe edzi na mí be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.”
18 Nyagblɔɖi sia nye gɔmeɖose si fia be nusianu kple emetsonue zɔna—egɔmee nye, nane gbɔe nane tsona. Le go sia me la, Yehowa ƒe nufiafia—nua tsoƒe—trɔa amesiwo me aʋawɔgbɔgbɔ le la wole ŋutifafalɔ̃la siwo le ŋutifafa me kple Mawu zum. Esia trɔa amewo ƒe dzi wozua ŋutifafalɔ̃lawo. Nufiafia sia si trɔa amewo ƒe dzi kple susu la le ta kekem ɖe xexeame katã fifia kura wu esi ame miliɔn geɖe le Yesu Kristo, “Ŋutifafafia” la ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m.—Yesaya 9:5.
19. Nukae Yesu fia le ŋutifafa vavãtɔ ŋu?
19 Eye nukae Yesu fia le ŋutifafa vavãtɔ ŋu? Menye ŋutifafa si anɔ dukɔwo dome ko ŋue wòƒo nu le o, ke eƒo nu le ŋutifafa si anɔ amewo dome kple ŋutifafa ememetɔ si tsoa dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ gbɔ hã ŋu. Míexlẽ nya siwo Yesu gblɔ na eyomedzelawo le Yohanes 14:27 be: “Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o.” Aleke Yesu ƒe ŋutifafa to vovo na xexeame tɔe?
20. Nukae Yesu azã atsɔ ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ?
20 Gbã la, Yesu ƒe ŋutifafa la do ƒome kplikplikpli kple eƒe Fiaɖuƒe gbedasia. Enya be dziƒodziɖuɖu dzɔdzɔe, si me Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 le la, aɖe aʋawɔwɔ kple amesiwo henɛ vɛ la ɖa. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Enya be ahe Paradiso ƒe nɔnɔme siwo me ŋutifafa blibo anɔ si ƒe ŋugbe wòva do na vɔ̃wɔla si ku ɖe exa la vɛ. Yesu megblɔ nɛ be ava nɔ Dziƒofiaɖuƒea me o, ke egblɔ boŋ be: “ ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea bena: Ànɔ Paradiso la me kplim.’ ”—Luka 23:43, NW.
21, 22. (a) Mɔkpɔkpɔ nyui si léa ame ɖe te ka hãe le ŋutifafa vavãtɔ me? (b) Nukae wòle be míawɔ axɔ yayra ma?
21 Yesu nya hã be yeƒe Fiaɖuƒea ahe akɔfafa vɛ na nuxala siwo katã xɔa ye dzi sena. Eƒe ŋutifafa la ƒe akpa aɖee nye tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ nyui si léa ame ɖe te la. Ðo ŋku eƒe nya dedziƒoname siwo le Yohanes 5:28, 29 (NW) dzi be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase eƒe gbe, eye woado go; amesiwo wɔ nu nyuiwo la hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”
22 Ðe nèle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma? Ðe ku kplɔ wò lɔlɔ̃tɔ aɖewo dzoe le gbɔwòa? Èdi vevie be yeagakpɔ woa? Ke xɔ ŋutifafa si Yesu nana la. Na xɔse nanɔ asiwò abe Lazaro nɔvinyɔnu Marta tɔ ene, amesi gblɔ na Yesu be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” Gake se dzidzɔnya si Yesu tsɔ ɖo eŋu na Marta ɖa: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Èle esia xɔm le sesema?”—Yohanes 11:25-26.
23. Nukatae Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavãtɔ le vevie hena ŋutifafa vavãtɔ kpɔkpɔ?
23 Wò hã àte ŋu axɔ ŋugbedodo ma dzi ase eye wòaɖe vi na wò. Aleke? Eyae nye be nàxɔ Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ. Se alesi apostolo Paulo te gbe ɖe sidzedze vavãtɔ ƒe vevienyenye dzii ɖa: “Míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze [vavãtɔ, NW] nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze [Yehowa, NW] hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.” (Kolosetɔwo 1:9, 10) Sidzedze vavãtɔ sia ana nàka ɖe edzi be Yehowa Mawue nye ŋutifafa vavãtɔ tsoƒe. Agblɔ nusi nàwɔ fifia hã na wò bene nàwɔ ɖeka kple hakpala la agblɔ be: “Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake; elabena wò Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie.”—Psalmo 4:9.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukatae agbagba siwo amegbetɔ dze le ŋutifafa ŋu do kpo nu zi geɖe?
◻ Nuka koŋue hea aʋawɔwɔ vɛ?
◻ Nukata ŋutifafa mavɔ menye drɔ̃e dzro aɖe ko o?
◻ Amekae nye ŋutifafa vavãtɔ tsoƒe?
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ŋutifafa vavãtɔ menye drɔ̃e o. Mawu ƒe ŋugbedodoe
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Tso keke ƒe 1914 ke la, kpɔɖeŋusɔdola si nɔ sɔ dzĩa dom la ɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Ðe subɔsubɔhawo kple Dukɔ Ƒuƒoawo ate ŋu ahe ŋutifafa vɛa?
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
UN photo