INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/15 axa 27
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akwila Kple Priskila—Srɔ̃tɔ Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Akpa si Hadzidzi Wɔna le Tadedeagu me Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/15 axa 27

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ède ŋugble le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa ŋu nyuiea? Ne èwɔe la, adzɔ dzi na wò be nàɖo ŋku nya siwo gbɔna dzi:

◻ Aleke srɔ̃tɔ geɖe srɔ̃a kpɔɖeŋu nyui si Akwila kple Priskila ɖo lae egbea? Akwila kple Priskila subɔ le hame vovovo geɖe me. Abe woawo ene la, egbe Kristotɔ geɖe lɔ̃ faa ʋu yi afisiwo hiahiã la lolo le wu. Woawo hã kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme si wònyena be woakpɔe Fiaɖuƒea ƒe nuwo nanɔ dzidzim ɖe edzi eye be woadze xɔlɔ̃ vevi Kristotɔwo hã.—12/15, axa 24.

◻ Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le aha muamewo ŋu? Biblia ƒe nukpɔsusu le aha muamewo ŋu da sɔ. Le go aɖe me la, Biblia gblɔ be wein nye nunana tso Mawu gbɔ. (Psalmo 104:1, 15) Gake le go bubu me la, etsi tre ɖe enono fũ ŋu. (Luka 21:34; Timoteo I, 3:8; Tito 2:3; Petro I, 4:3)—12/15, axa 26.

◻ Nukae ɖe dzesi le Biblia-gbalẽ si nye Xagai ŋu? Togbɔ be kpukpui 38 pɛ koe le Xagai ƒe agbalẽa me hã la, zi 35 sɔŋ ye wòzã Mawu ŋkɔ. Agbe aɖeke manɔ nyagblɔɖi ma ŋu ne dzesideŋkɔ “Aƒetɔ” ye wozã ɖe ŋkɔ Yehowa teƒe o.—1/1, axa 6.

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Dawid kple Manase ƒe nuvɔ̃wo me? Togbɔ be Yehowa tsɔ ke Dawid kple Manase hã la, ŋutsu eve siawo—kpakple Israel hã—kpɔ woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me tsonuwo. (Samuel II, 12:11, 12; Yeremya 15:3-5) Nenema ke togbɔ be Yehowa tsɔ kea nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo hã la, nanewo ate ŋu ado tso nusiwo wowɔ me siwo nu womate ŋu asi le o.—1/1, axa 27.

◻ Mɔ ka nue Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti ‘nyanyuia gblɔlawo ƒe afɔwo nyo le?’ (Yesaya 52:7) Afɔ ŋutɔ dzie ame zɔna ɖaɖea gbeƒã na ame bubuwo. Afɔ sia tsi tre ɖi na amea ŋutɔ. Eyata nyagblɔla mawo ƒe afɔwo nya kpɔna na ame geɖe siwo sea Fiaɖuƒe nyanyuia eye woxɔnɛ la nyateƒe.—1/15, axa 13.

◻ Dɔ eve ƒokpli kawoe ku ɖe ‘nyanyuia gbɔgblɔ’ ŋu? (Korintotɔwo I, 9:16) Gbã la, ele be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nyanyuia. Dɔ sia ƒe akpa eveliae nye nufiafia amesiwo xɔa Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖea nyuie la.—1/15, axa 23.

◻ Viɖe kawoe mía ŋutɔwo míakpɔ le Fiaɖuƒehawo dzidzi me le hame kpekpewo me? Hadzidzi nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míagblɔ míaƒe seselelãmewo na mía Wɔla la. (Psalmo 149:1, 3) Míaƒe dzi katã tsɔtsɔ dzi hae le hamea me ate ŋu adzra míaƒe tamesusu kple dzi ɖo na kpekpe si kplɔe ɖo. Ate ŋu aʋã mí be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me ɖe edzi.—2/1, axa 28.

◻ Mɔ ka nue woate ŋu agblɔ le be kugbe nyo wu dzigbe? (Nyagblɔla 7:1) Kugbe ate ŋu anyo wu dzigbe, ne ɣemaɣi ame dze agbagba ŋkɔ nyui le eŋu le Yehowa, amesi ate ŋu afɔ nuteƒewɔla siwo ku ɖe tsitre la gbɔ. (Yohanes 11:25)—2/15, axa 12.

◻ Nukata wòle be Nyagblɔla ƒe agbalẽa nakpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu? Ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be míatrɔ asi le míaƒe nukpɔsusu le agbe kple nusi dzi míetui ɖo la ŋu. (Nyagblɔla 7:2; Timoteo II, 3:16, 17)—2/15, axa 16.

◻ Ðe Yehowa Ðasefowo nye blemakɔnuléɖeasilawoa? Gbeɖe. Togbɔ be subɔsubɔdzixɔse sesẽwo le wo si hã la, menye blemakɔnuléɖeasilawo wonye abe alesi wole nya la zãm fifia ene o. Womelɔa gbɔ alo sẽa ŋuta le amesiwo mewɔ ɖeka kpli wo ŋu o. Wosrɔ̃a woƒe Kplɔla Yesu Kristo.—3/1, axa 6.

◻ Esi Kristotɔwo menya ɣeyiɣi si dzi tututu Yesu ava he Mawu ƒe hlɔ̃biabia vɛ o ta la, dɔ kae wòwɔna ɖe wo dzi? Ena Kristotɔwo nɔa ŋudzɔ eye wònaa mɔnukpɔkpɔ wo gbesiagbe be woaɖee afia be ɖokuitɔmadimadie yewotsɔ le Yehowa subɔmee.—3/1, axa 13.

◻ Nuka ŋue wòle be míabu hafi atsɔ nya ɖe nɔvi si ɖewohĩ eda adzo mí la ŋu le ʋɔnu? Ele be míabu dɔ siwo wòate ŋu awɔ ɖe mía ŋutɔwo, ame bubuwo, hamea, kple egodotɔwo dzi la ŋu. (Korintotɔwo I, 6:7)—3/15, axa 20.

◻ Aleke woawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ? Dzi ƒe nɔnɔmee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nye, eye xɔse vavãtɔ kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa Mawu gbɔe wòtsona. (Mateo 5:3)—3/15, axa 23.

◻ Nukae wòle be Kristotɔ nawɔ ne wobia tso esi be wòakpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro ŋu? Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe si si wobia tso be wòanɔ ʋɔnunyamedzodzro me la nanɔ te ɖe eƒe Biblia gɔmesese alo eya ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi aɖo nusi wòawɔ. (Galatiatɔwo 6:5)—4/1, axa 29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe