INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 5/1 axa 30-31
  • Woɖo Dzilawo ƒe Xɔse Teƒe na Wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Dzilawo ƒe Xɔse Teƒe na Wo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwɔwɔ le Xɔse Me
  • Woke Ðe Vidzĩa Ŋu
  • Nufiame si Le Eme na Mí
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Mose—Ame Ŋutɔŋutɔe loo alo Glimemee?
    Nyɔ!—2004
  • Ale Si Woɖe Mose Vidzĩ Lae
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 5/1 axa 30-31

Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu

Woɖo Dzilawo ƒe Xɔse Teƒe na Wo

VIŊUTSUVI dzidzi nye nusi na Israelviwo tsoa aseye ale gbegbe. Efia be ƒomea ƒe dzɔdzɔme akpɔtɔ anɔ anyi eye be anyigba si nye woƒe domenyinu akpɔtɔ anɔ wo si me. Gake edze abe le ƒe 1593 D.M.Ŋ. me la, viŋutsuvi dzidzi nye fiƒode na Hebritɔwo wu yayra ene. Nukatae? Elabena Egipte-fia Farao nɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo nɔ dzidzim ɖe edzi kpaŋkpaŋ le nuto si dzi ɖum wònɔ la me, ale be ede se be woawu ŋutsuvi fẽ ɖesiaɖe si woadzi.—Mose II, 1:12, 15-22.

Amewo tsɔtsrɔ̃ ɖa dziŋɔ sia ŋɔlie Amram kple Yoxebet, siwo nye Hebritɔ srɔ̃tɔwo la dzi viŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe. Ele bɔbɔe be nàkpɔ alesi vɔvɔ̃ aɖu woƒe dzidzɔa dzii ɖa le susu me esi woɖo ŋku Farao ƒe sededea dzi. Gake, esi Amram kple Yoxebet lé ŋku ɖe wo viŋutsua ŋu la, woɖoe kplikpaa be nuka kee ɖadzɔ o, yewomatsɔe ana o.—Mose II, 2:1, 2; 6:20.

Nuwɔwɔ le Xɔse Me

Amram kple Yoxebet ɣla wo via ɣleti etɔ̃ sɔŋ. (Mose II, 2:2) Gake afɔku nɔ nusia me, le esi Hebritɔwo kple Egiptetɔwo ƒe nɔƒewo te ɖe wo nɔewo ŋu tututu ta. Woate ŋu atsɔ ku ahe to na amesiame si te kpɔ be yeada Farao ƒe sea dzi—eye woawu vidzĩa hã. Ke nukae dzila nuteƒewɔla siawo awɔ bene wo kple wo viŋutsua natsi agbe?

Yoxebet ƒo aƒla fẽ aɖewo nu ƒu. Aƒla nye keti sesẽ aɖe si le abe pampro ene, dzogoe etɔ̃e le gbea si eye etri abe asibidɛ ene. Ete ŋu kɔkɔna dea afɔ 20. Egiptetɔwo tsɔ gbe sia wɔa agbalẽ, aba, abala, afɔkpa, kple akro siwo mekpena o.

Yoxebet tsɔ gbea wɔ kusi si me eƒe vi la ate ŋu anɔ. Emegbe etsɔ aŋɔ tre kusia wòƒo ƒu bene tsi nagage ɖe eme o. Azɔ Yoxebet tsɔ vidzĩa mlɔ kusia me eye wòtsɔe ɖo aƒlawo dome le Nil Tɔsisia to.—Mose II, 2:3.

Woke Ðe Vidzĩa Ŋu

Yoxebet vinyɔnu, Miriam, nɔ adzɔge bene yeakpɔ nusi ava dzɔ ɖa. Emegbe Farao vinyɔnu va tsi le ge le Nil me.a Ðewohĩ Yoxebet nya be fiavinyɔnua vaa Nil ƒe akpa sia enuenu eyata eɖoe koŋ tsɔ kusia da ɖe afisi wòate ŋu akpɔe le bɔbɔe. Aleke kee nya la le o, Farao vinyɔnua kpɔ kusia le aƒlawo dome, eye wòdɔ esubɔviwo dometɔ ɖeka be wòatsɔe vɛ. Esi wòkpɔ ɖevi si nɔ avi fam le eme la, eƒe nublanui wɔe. Ekpɔe be vidzĩa nye Hebri-vi. Gake aleke wòana woawu ɖevi dzeɖekɛ ma? Le dɔmenyo si le amegbetɔ me megbe la, ɖewohĩ Egiptetɔwo ƒe dzixɔse be dɔmenyonu siwo ame awɔ le eƒe agbe me dzie woanɔ te ɖo axɔe ɖe dziƒo lae ʋã Farao vinyɔnua.b—Mose II, 2:5, 6.

Miriam si nɔ adzɔge nɔ nu kpɔm la te ɖe Farao vinyɔnua ŋu. Ebia be: “Nyemayi aɖayɔ Hebri-nyɔnu aɖe vɛ, bena wòana no ɖevi la na wò oa?” Fiavinyɔnua ɖo eŋu be: “Heyi!” Miriam ƒu du yi dadaa gbɔ. Eteƒe medidi kura o, Yoxebet va do ɖe Farao vinyɔnua ŋkume. Fiavinyɔnua gblɔ nɛ be: “Xɔ ɖevi sia, eye nana noe nam, ekema mana adzɔ wò!” Anɔ eme be Farao vinyɔnua nya azɔ be Yoxebet ye nye vidzĩa dada.—Mose II, 2:7-9.

Yoxebet kpɔ eya ŋutɔ via dzi vaseɖe esime wòtso no.c Ewɔe be mɔnukpɔkpɔ xɔasi geɖewo su esi wòfia nui tso Mawu vavã, Yehowa ŋu. Emegbe Yoxebet kplɔ ɖevia vɛ na Farao vinyɔnua, amesi tsɔ ŋkɔ na ŋutsuvia be Mose, si gɔmee nye “tɔ mee meɖee tsoe.”—Mose II, 2:10.

Nufiame si Le Eme na Mí

Amram kple Yoxebet zã mɔnukpɔkpɔ kpui si su wo si la tsɔ fia tadedeagu vavãtɔ ŋuti gɔmeɖosewo wo viŋutsua. Ele be dzilawo nawɔ nenema ke egbea. Vavãe, ehiã be woawɔe nenema. Satana Abosam “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Sɔhɛ—ŋutsuvi kple nyɔnuvi—nyui siwo si mɔnukpɔkpɔ le be woazu Yehowa subɔla nyuiwo dzie wòadi be yeadze. Woƒe matsimatsi mewɔa nublanui nɛ kura o! Le esia ta la, dzila siwo dze nunya la hea wo vi suewo be woavɔ̃ Mawu vavã, Yehowa.—Lododowo 22:6; Timoteo II, 3:14, 15.

Woŋlɔ agbagba si Amram kple Yoxebet dze be yewoaɣla yewo via le eƒe agbenɔnɔ ƒe ɣleti etɔ̃ gbãtɔwo me ŋutinya ɖe Hebritɔwo 11:23 be enye xɔse nuwɔna. Dzila Mawu-vɔ̃la evea siaa ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ ŋu esi wogbe be yewomatsɔ yewo vi la ana o, eye woyra wo ɖe esia ta. Ele be míawo hã míalé ɖe Yehowa ƒe se kple gɔmeɖosewo ŋu goŋgoŋ, eye míaka ɖe edzi be nuka kee Yehowa ɖe mɔ be wòdzɔ ɖe mía dzi o, nusi ado tso eme la anyo na mí ahana míakpɔ dzidzɔ tegbee mlɔeba.—Romatɔwo 8:28.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Egiptetɔwo subɔa Nil be enye vidzidzi ƒe mawu. Woxɔ se be eƒe tsiwo ate ŋu ana vidzidzi ŋutete ame eye wòate ŋu ana woanɔ agbe didi gɔ̃ hã.

b Egiptetɔwo xɔe se be ne ame ku la, eƒe gbɔgbɔ va tɔna ɖe Osiris ŋkume hegblɔa ɖokuimeʋunya siawo be “Nyemewɔ fu ame aɖeke o,” “Nyemete notsi vidzĩ siwo le nonom la o,” kple “Mena abolo dɔwuitɔwo eye mena tsi tsikɔwuiawo.”

c Le blema la, wonaa no ɖeviwo eteƒe didina wu alesi wowɔnɛ egbea. Anɔ eme be Samuel xɔ ƒe etɔ̃ teti hafi wotso no nɛ, eye Isak xɔ ƒe atɔ̃ hafi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe