INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 5/15 axa 22-25
  • Alesi Dzi Aɖo Ƒowò ne Mɔkpɔkpɔ Bu Ðe Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Dzi Aɖo Ƒowò ne Mɔkpɔkpɔ Bu Ðe Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔkpɔkpɔ Togbɔ be Míanɔ Dodokpɔ Vovovo me Tom Hã
  • Ðe Nu Nyui aɖe Ate Ŋu Ado Tso Dodokpɔwo Mea?
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • “Kpɔ Mɔ Na Yehowa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Togbɔ Be Tetekpɔwo Li Hã, Lé Wò Xɔse Me Ðe Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dzidola Kple Nuteƒewɔlae Hiob Nye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Aleke Wòle Be Míabu Dodokpɔwoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 5/15 axa 22-25

Alesi Dzi Aɖo Ƒowò ne Mɔkpɔkpɔ Bu Ðe Wò

TSƆE be dziwòe nusiwo gbɔna la dzɔ ɖo: Wò ŋutilãmenunɔamesiwo katã dome gblẽ ale be nèzu hiãtɔ kolikoli. Viwòwo—amesiwo doa dzidzɔ na wò le agbe me—megali o. Srɔ̃wò megadea dzi ƒo na wò o. Wò lãme va gblẽ vevie. Èsea veve helĩhelĩ gbesiagbe.

Ne nɔnɔme ma mee nèle ɖe, ɖe nane anɔ anyi si ta nàdi be yeaganɔ agbea? Alo mɔkpɔkpɔ abu ɖe wòa?

Nɔnɔme wɔnublanui si míegblɔ fifi laa nye nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ ɖe Hiob, amesi nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la dzi. (Hiob, ta 1, 2) Esime Hiob lé blanui vevie la, efa konyi be: “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ.” Adi be yeaku akpɔ gbɔdzɔe hafi. (Hiob 10:1; 14:13) Gake le fukpekpe gbogbo siawo katã me hã la, Hiob yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu. Eyata Yehowa “yra Hiob fifia wu tsã.” Ewɔe be “[etsi], eye agbenɔnɔ tii, hafi wòku.”—Hiob 42:12, 17.

Hiob ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu si wokafuna vaseɖe egbe la ɖi. Eƒe dodokpɔwo gbugbɔ dzra eƒe amenyenye ɖo eye eʋã ame bubuwo be woawɔ nu nyuiwo. (Yakobo 5:10, 11) Vevitɔ wu la, Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui la do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eyata eva dzɔ be Hiob ƒe mawuvɔvɔ̃, xɔse, kple nuteƒewɔwɔ va ɖu fu gbogbo siwo wòkpe la dzi mlɔeba, eye wòhe yayrawo vɛ na eya ŋutɔ kple amesiwo katã dzi eƒe kpɔɖeŋua wɔ dɔ ɖo la.

Mɔkpɔkpɔ Togbɔ be Míanɔ Dodokpɔ Vovovo me Tom Hã

Dodokpɔ siwo me Hiob to la tɔgbe ate ŋu ava wò hã dziwò. Ðewohĩ wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku na wò dzi gbã gudugudu. Dɔléle sesẽ aɖe ate ŋu awɔe be agbenɔnɔ nazu vevesese na wò. Ðewohĩ ewɔ abe ɖe srɔ̃gbegbe gbãdziname aɖe gblẽ wò agbe dome ene. Ðewohĩ gavɔleamesi wɔe be nèzu hiãtɔ kolikoli. Ate ŋu anye be amesiwo tsɔ fuléle vɔ̃ɖi tsi tre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la le yowòme tim tagbɔsesẽtɔe. Ðewohĩ alesi nèle ʋiʋlim be yeanɔ te ɖe yeƒe dodokpɔwo nu wɔe be nèsena le ɖokuiwò me be etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ye o.—Petro I, 1:6.

Le esi teƒe be nàna dzi naɖe le ƒowò la, bia ɖokuiwò be, ‘Nukata mele fu kpem?’ Esi nèle xexeme si ‘le vɔ̃ɖitɔ,’ Satana Abosam, si me tae nèle fu kpem ɖo. (Yohanes I, 5:19) Ewɔe be amesiame kpea fu. Le mɔ aɖe nu la, fuléle si Abosam de amewo me ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu, gbɔ̃ɖiamenya siwo amewo gblɔna, alo mawumavɔmavɔ̃ ƒe agbe dziŋɔ siwo amewo nɔna siwo bɔ le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me la ɖea fu na mí katã.—Timoteo II, 3:1-5.

Ne nublanuinya aɖe dzɔ ɖe dziwò kpɔ le agbe me la, ke ɖewohĩ anye “azãgbe kple nuɖiɖeame” ye tu wò. (Nyagblɔla 9:11) Gake mía ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃menyenye si dome míenyi hã wɔnɛ be nuwo metsɔa afɔ nyuie o. (Romatɔwo 5:12) Ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe gɔ̃ hã gake ètrɔ dzime eye èlɔ̃ wokpe ɖe ŋuwò le gbɔgbɔ me la, mègasusu be Mawu gblẽ ye ɖi o. (Psalmo 103:10-14; Yakobo 5:13-15) Etsɔa ɖe le eme na mí wu amesiame. (Petro I, 5:6, 7) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Aleke kee wò dodokpɔa wɔ nublanui alo sesẽe o, Yehowa ate ŋu ana nunya wò be nàtsɔ akpɔ wo gbɔe. (Yakobo 1:5-8) Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa ate ŋu aɖe vevesesewo katã ɖa. Ne ekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò la, naneke maxe mɔ be agbe ƒe fetu la natsi ŋuwò o.—Romatɔwo 8:38, 39.

Ðe Nu Nyui aɖe Ate Ŋu Ado Tso Dodokpɔwo Mea?

Wodoa lo aɖe be, “Ne alilikpo do blukɔ tsiɖitsiɖi hã la, ɣitɔ ƒoa to nɛ kokoko.” Enye egbɔgblɔ kpuie ko be aleke kee nuwo gblẽe hã la, mɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ asiwò. Nusi ta woŋlɔ nusiwo katã le Mawu ƒe Nya la me ɖi enye be wòana ‘míakpɔ mɔkpɔkpɔ.’ (Romatɔwo 15:4) Ne wò nɔnɔmea nu sẽ ale gbegbe hã la, ŋugbedodo kple gɔmeɖose siwo le Biblia me ate ŋu ade dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ yeye mewò.

Ŋɔŋlɔawo fia be ‘xaxawo nye aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe nu si nu mesẽna o’ ne wotsɔ wo sɔ kple yayra mavɔ siwo amesiwo lɔ̃a Mawu la ava xɔ. (Korintotɔwo II, 4:16-18) Biblia fia hã be mawumenɔnɔme siwo sua ame si le fukpekpewo me la xɔ asi sãa wu ŋkɔxɔxɔ alo ŋutilãmekesinɔnu. (Yohanes I, 2:15-17) Eyata viɖe nyui ate ŋu ado tso fukpekpe gɔ̃ hã me. (Hebritɔwo 5:8) Le nyateƒe me la, ne ètsɔ nusiwo nèsrɔ̃ le fu siwo nèkpe me wɔ dɔe la, àkpɔ yayra siwo mèle mɔ kpɔm na o.

Dodokpɔ sesẽ aɖe ate ŋu ana nàgafa tu wu. Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme aɖe nɔ ye si tsã si ɖea fu na amewo eye exe mɔ na yeƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me gɔ̃ hã. Ðewohĩ èkana ɖe ɖokuiwò dzi akpa. Esi dzɔgbevɔ̃e aɖe tu wò vɔ megbe la, ɖewohĩ èkpɔ alesi nènye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ kple alesi nèhiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋui la dze sii enumake. Ne nu mae wò fukpekpea fia wò eye nèwɔ tɔtrɔwo la, ekema eɖe vi na wò.

Ke ne tsã la, amewo mete ŋu dea ha kpli wò o le esi mète ŋu ɖua wò gbɔgbɔ dzi o ta ya ɖe? Ðewohĩ nusia ɖe fu na wò lãmesẽ le mɔ aɖewo nu gɔ̃ hã. (Lododowo 14:29, 30) Gake fifia la, ɖewohĩ nɔnɔmea ka ɖe eme wu elabena èle Mawu ƒe gbɔgbɔ si nu kpɔm be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu ye ɖokui dzi.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Anɔ eme be nènɔ abe ame bubuwo ene ale be wò dɔme metrɔna be nàkpɔ nublanui na amesiwo da vo o. Gake ne nya aɖe dzɔ ɖe dziwò eye nèdi vevie be woakpɔ nublanui na ye la, ɖewohĩ eva wɔe be nèkpɔa nublanui na amewo fifia wu tsã. Veveseseɖeamenu lédziname, ɖetsɔleme, kple nublanuikpɔkpɔ si woɖe fia wò la wɔe be nèdze sii be ele be yeaɖe nɔnɔme mawo afia agɔdzela siwo trɔ dzime hã. Ne veve si nèse la ʋã wò be nèɖɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo ɖo le wò agbenɔnɔ me la, ke enye viɖe ɖeka si nèkpɔ tso nusi dzɔ ɖe dziwò la me. Èva srɔ̃e be “nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.”—Yakobo 2:13; Mateo 5:7.

Ke ne to si wohe na wò le Kristo-hamea me wɔe be mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu nèdea asixɔxɔe la ge le asiwò eye amewo megadea bubu ŋuwò o ya ɖe? Dzi megaɖe le ƒowò o. Tohehe na ame naa hamea ŋu kɔna, gake taɖodzinuawo dometɔ ɖekae nye be wòagbugbɔ aɖo nuvɔ̃wɔla la te le gbɔgbɔ me. Ele eme baa be, “le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Togbɔ be tohehe vena vevie hã la, menaa mɔkpɔkpɔ buna ɖe amesi trɔ dzime ɖokuibɔbɔtɔe la o. Wohe to na blema Israel Fia Dawid vevie ɖe eƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta, gake etrɔ dzime eye mlɔeba la, wokafui etɔxɛe be enye ŋutsu xɔsetɔ ɖedzesi aɖe.—Samuel II, 12:7-12; Psalmo 32:5; Hebritɔwo 11:32-34.

Fukpekpe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nukpɔsusu dzi vevie. Ðewohĩ tsã la, nusiwo dzi wò susu nɔe nye ŋutilãme taɖodzinuwo kple nudzedziname siwo na wodea bubu ŋuwò eye ɖoƒe su asiwò le amewo dome le xexeame. Ðewohĩ gavɔleamesi alo ŋutilãmenu siwo dome gblẽ nye dodokpɔ aɖe si wɔe be nètrɔ susu ɖe nusiwo le vevie wu la ŋu. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:10.) Èva kpɔe azɔ be gbɔgbɔ me nu xɔasiwo kple taɖodzinu siwo le subɔsubɔ kɔkɔea me koe nye nusiwo hea dzidzɔ vavã kple dzidzeme si nɔa anyi ɖaa vɛ.

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa ate ŋu awɔe be amesiwo tsi tre ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse siwo le asiwò ŋu la nati yowòme ahana nàkpe fu. Fukpekpe sia ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be wote ye ɖe anyi, gake nu nyui ate ŋu ado tso eme. Dodokpɔ sia ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse. Gakpe ɖe eŋu la, ne ame bubu siwo yome tim wole la kpɔ alesi nèle dzi domee la, ade dzi ƒo na wo ahado ŋusẽ wo. Aʋã amesiwo kpɔ wò agbenyuinɔnɔ teƒe be woakafu Mawu. Ŋu akpe amesiwo tsi tre ɖe ŋuwò la gɔ̃ hã eye woakafu wò nuwɔna nyuiwo!—Petro I, 2:12; 3:16.

Ne woti yowòme la, ehiã be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, bene dzi nagaɖe le ƒowò o. Eƒe Nya la fia be àkpɔ gbɔdzɔe tso fukpekpea me godoo, gake ɖewohĩ ɖeko mava kaba abe alesi nèdii ene o. Vaseɖe ɣemaɣi la, ‘mègana ɖeɖi nate ŋuwò le dɔ nyui wɔwɔ me o.’ (Tesalonikatɔwo II, 3:13) Yi edzi nàdi mɔ siwo dzi nàto akpe akɔ kple fukpekpewo kple alesi nàdo dzi. Ne ewɔ abe ɖe mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò keŋkeŋ gɔ̃ hã la, “tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Le esi teƒe be wò nu nanɔ nublanui wɔm na ɖokuiwò la, bu tame le yayra si wònye be nènya Yehowa, be nèle eƒe amewo dome, kple be agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le asiwò la ŋu boŋ.—Yohanes 3:16, 36.

Na wò susu nenɔ nusiwo le vevie ŋu. Te ɖe Yehowa ŋu gbesiagbe le gbedodoɖa me, nàbiae be nedo ŋusẽ ye ne yeado dzi. (Filipitɔwo 4:6, 7, 13) Ðe wɔɖenui wɔwɔ na amesiwo na nèle fu kpem la le susu me. Gblẽ nyawo ɖe Yehowa si me. (Romatɔwo 12:19) Nɔ edzi nànɔ mɔ siwo dzi nàto aɖɔ wò amenyenye ɖo la dim, eye nàtu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo. (Petro II, 1:5-8) Kpɔ ŋudzedze ɖe nusianu si amewo wɔ na wò la ŋu, hekpe ɖe hamemegã siwo tsɔa ɖe le wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo me ŋu. (Hebritɔwo 13:7, 17) Wɔ nuteƒe na Mawu, eye wò ŋku nenɔ agbefetu la dzi kple kakaɖedzi be ku gɔ̃ hã mate ŋu axɔe le ye si o.—Yohanes 5:28, 29; 17:3.

Ne èlé blanui vevie alo èle dodokpɔ sesẽwo me tom la, “ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me,” eye dzidzɔ gbago ava xɔ ɖe wò nuxaxa kple fukpekpea teƒe mlɔeba. (Lododowo 3:5, 6; Yohanes 16:20) Dzidzɔ axɔ ɖe nɔnɔme wɔnublanuia teƒe ne Mawu yra wò abe alesi wòyra Hiob ene. Egbeŋkekea me fukpekpewo mexa ɖa kura o ne wotsɔ wo sɔ kple teƒeɖoɖo si nàxɔ. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 8:18) Wò dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo eye akpe ɖe ŋuwò be nàtu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo nɔa ame si ne wodo ‘amenyenye yeye’ la ɖo. (Efesotɔwo 4:23, 24; Kolosetɔwo 3:10, 12-14) Eyata, na apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la nade dzi ƒo na wò, be: “Amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wɔla nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.”—Petro I, 4:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nɔ abe Hiob ene. Mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò o

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe