INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/1 axa 7-12
  • Yehowa—Mawu si Ðea Nya Ɣaɣlawo Ðe Go

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa—Mawu si Ðea Nya Ɣaɣlawo Ðe Go
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋusẽkatãtɔ Wònye Gake Elɔ̃a Ame
  • Bubudede Amesiwo Zãm Yehowa Le Ŋu Vevie
  • Woaɣla Nya alo Womaɣlae O?
  • Woagblɔe alo Womagblɔe O?
  • Nya Ɣaɣla aɖe si Mele Be Kristotɔwo Nagbe Gbɔgblɔ O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Sidzedze Mawu Aleke Wòanya Wɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • “Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ðoɖo Hena Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Vava
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/1 axa 7-12

Yehowa—Mawu si Ðea Nya Ɣaɣlawo Ðe Go

“Mawu aɖe le dzi me, Amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.”—DANIEL 2:28.

1, 2. (a) Aleke Yehowa to vovo tso eƒe Futɔ gãtɔ gbɔe? (b) Aleke vovototo sia dzena le amegbetɔwo mee?

YEHOWA, xexeame katã ƒe Mawu ŋusẽkatãtɔ lɔlɔ̃tɔ, Wɔla ɖeka kolia, nye Mawu nunyala kple dzɔdzɔetɔ. Mehiã kura be wòaɣla amesi wònye, eƒe dɔwɔwɔwo, alo eƒe tameɖoɖowo o. Eɖea eɖokui fiana le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple ɖoɖo dzi. Ale wòto vovo tso eƒe Futɔ Satana Abosam, amesi dzea agbagba ɣlaa amesi ŋutɔŋutɔ wònye kple eƒe ɖoɖowo la gbɔe.

2 Abe alesi Yehowa kple Satana womesɔ o ene la, nenemae wo subɔlawo hã mesɔ o. Amesiwo dzea Satana yome la nye alakpanuwɔlawo kple ameblelawo. Wodzea agbagba wɔa wo ɖokui ame nyuiwoe evɔ wonɔa vivitimenu wɔm. Wogblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto be esia magawɔ nuku na wo o. “Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui wɔa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:13, 14) Gake Kristotɔwo ya xɔ Kristo wònye wo Kplɔla. Esime wònɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa Yehowa Mawu ƒe amenyenye fia bliboe. (Hebritɔwo 1:1-3) Eyata ne Kristotɔwo dze Kristo yome la, ke wole Yehowa, nyateƒetɔ, nyamaɣlala, kple kekeli ƒe Mawu la srɔ̃m. Mehiã kura be woawo hã naɣla amesi wonye, woƒe dɔwɔwɔwo, alo woƒe taɖodzinuwo o.—Efesotɔwo 4:17-19; 5:1, 2.

3. Aleke míate ŋu ado aʋatso nutsotso si amewo gblɔna be amesiwo va zua Yehowa Ðasefowo la “vivimeha” mee wozi wo dzi woge ɖo?

3 Le ɣeyiɣi siwo Yehowa kpɔ be wonye nyuitɔ dzi la, eʋua go eƒe tameɖoɖowo kple etsɔme si menɔ nyanya na amegbetɔwo tsã o la tsitotsito. Le susu sia ta enye Mawu si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go. Eyata wole amesiwo di be yewoasubɔe la kpem—ẽ, wole eƒom ɖe wo nu—be woasrɔ̃ nya siwo wòɖe ɖe go la. Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1994 me le Ðasefo 145,000 kple edzivɔ ŋu le Europa-dukɔ aɖe me ɖee fia be le mamã dedie nu la, wo dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ ku nu me le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋu ƒe etɔ̃ hafi tiae be yeazu Ðasefo. Woawo ŋutɔwoe lɔ̃ faa wɔ tiatia sia, ame aɖeke mezi wo dzi o. Eye ablɔɖe gakpɔtɔ nɔ wo si le nusi wodi kple nusi woawɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esi wo dometɔ ʋee aɖewo megava lɔ̃ ɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi o ta la, wova tso nya me be yewomaganye Ðasefowo o. Gake enye dzidzɔ be le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, amesiawo siwo nye Ðasefowo tsã la dometɔ gbogbo aɖe wɔ afɔɖeɖewo gadze hadede kple Ðasefowo kple dɔwɔwɔ kpli wo gɔme.

4. Nukae mele be wòaɖe fu na Kristotɔ wɔnuteƒewo o, eye nukatae?

4 Gake menye amesiwo nye Ðasefowo tsã la katãe trɔna gbɔna o, eye wo dometɔ aɖewo nɔ agbanɔamedzinɔƒewo le Kristo-hamea me tsã. Mele be esia nawɔ nuku na mí o elabena Yesu yomedzela kplikplikpliwo dometɔ ɖeka si nye apostolo Yuda gɔ̃ hã de megbe. (Mateo 26:14-16, 20-25) Gake ɖe esia nye susu si ta ame natɔtɔ le Kristotɔnyenye ŋutɔ ŋua? Ðe esia na hehenadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le dzidzedzetɔe zu dzodzroa? Gbeɖe, Yuda Iskariot ƒe yomemɔfiafia mena Mawu ƒe tameɖoɖowo tsi akpo dzi o, nenema kee esia hã magblẽ eme o.

Ŋusẽkatãtɔ Wònye Gake Elɔ̃a Ame

5. Aleke míewɔ nya be Yehowa kple Yesu wolɔ̃ amegbetɔwo, eye aleke woɖe lɔlɔ̃ sia fiae?

5 Lɔlɔ̃ Mawu enye Yehowa. Etsɔa ɖe le eme na amewo. (Yohanes I, 4:7-11) Togbɔ be ele ɖoƒe kɔkɔ ŋutɔ hã la, edzea xɔlɔ̃ amegbetɔwo. Míexlẽ le esubɔla blematɔ aɖe ŋu be: “ ‘Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye,’ . . . eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃.” (Yakobo 2:23; Kronika II, 20:7; Yesaya 41:8) Abe alesi amegbetɔ xɔlɔ̃wo gblɔa dzimenyawo alo nya ɣaɣlawo na wo nɔewo ene la, nenema ke Yehowa hã gblɔnɛ na exɔlɔ̃woe. Yesu srɔ̃ Fofoa le go sia me elabena etsɔ eƒe nusrɔ̃lawo wɔ xɔlɔ̃woe eye wògblɔ nya ɣaɣlawo na wo. Egblɔ na wo be: “Nyemagayɔ mi be dɔlawo o; elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yohanes 15:15) Dzimenya alo “nya ɣaɣla” siwo le nyanya me na Yehowa, Via, kple wo xɔlɔ̃wo la na lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ si nu metsina gbeɖe o la bla wo ɖekae.—Kolosetɔwo 3:14.

6. Nukatae mehiã be Yehowa naɣla eƒe tameɖoɖowo o?

6 Ŋkɔ Yehowa si gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme” ɖe ŋutete si le eŋu be wòatrɔ ɖe mɔ sia mɔ si wòdi nu bene eƒe tameɖoɖo nava eme la fia. Yehowa mele abe amegbetɔwo ene be wòaɣla eƒe ɖoɖowo le vɔvɔ̃ be ame bubuwo ava gblẽ eme na ye ta o. Mado kpo nu gbeɖe o, eyata eɖe nusiwo ƒe tame wòɖo be yeawɔ ƒe akpa gãtɔ gblɔ ɖe eƒe Nya, Biblia me. Edo ŋugbe be: “Nye nya . . . magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:11.

7. (a) Nya kae Yehowa gblɔ ɖi le Eden, eye aleke Satana ɖee fiae be Mawu nye nyateƒetɔ? (b) Aleke gɔmeɖose si le Korintotɔwo II, 13:8 wɔa dɔ ɣesiaɣii?

7 Le aglãdzedze le Eden megbe kpuie la, Yehowa gblɔ nusi tututu ado tso nyaʋiʋli si le eya kple eƒe Futɔ Satana dome mlɔeba la. Woade abi Mawu ƒe Ŋugbedodovia ŋu vevie gake menye tegbee o, ke Satana ya la, kubie woade eŋu. (Mose I, 3:15) Le ƒe 33 M.Ŋ. la, Abosam de abi Kristo Yesu si nye Dzidzimevi la ŋu nyateƒe esi wòna wowui. To mɔ sia dzi la, Satana na Ŋɔŋlɔawo va eme eye wòɖee fia hã be Yehowa nye Mawu nyateƒetɔ, togbɔ be menye aleae Satana di be woabui kura o hafi. Alesi wòlé fu nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye, kpakple eƒe dada dzimematrɔmatrɔe na wòwɔ nusi tututu Mawu gblɔ ɖi be awɔ. Gɔmeɖose sia le dɔ wɔm le amesiwo katã tsi tre ɖe nyateƒea ŋu kple Satana ŋutɔ gɔ̃ hã gome, be: “Míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na.”—Korintotɔwo II, 13:8.

8, 9. (a) Nukae le nyanya na Satana, gake ɖe nusia si wònya la gblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo mea? (b) Nuxlɔ̃ame si me kɔ ka dzie amesiwo tsi tre ɖe Yehowa ŋu ŋea aɖaba ƒui, eye nukatae?

8 Nyaɖeɖefia 12:12 va eme tso esime woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi makpɔmakpɔe le ƒe 1914 me ke, be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Gake ɖe Satana ƒe nyanya be ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na ye na wòtrɔ agbenɔnɔa? Ema afia be Satana lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa nye Mawu nyateƒetɔ eye be esi wònye eyae nye Dziɖula Gãtɔ Kekeake ta la, eya ɖeɖekoe dze woasubɔ. Gake Abosam medi be yealɔ̃ be woɖu ye dzi o, togbɔ be enyae nyuie nenema gake.

9 Yehowa ɖe nusi adzɔ ne Kristo va be yeadrɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexemenuɖoanyia fia. (Mateo 24:29-31; 25:31-46) Eƒe Nya gblɔ le xexemedziɖulawo ŋu le go sia me be: “Ne wole gbɔgblɔm, be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene.” (Tesalonikatɔwo I, 5:3) Amesiwo dze Satana yome la ŋea aɖaba ƒua nuxlɔ̃ame sia si me kɔ dzi. Dzi vɔ̃ɖi si le wo si gbã ŋku na wo, eye esia na wometrɔna tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi o eye wometrɔa ɖoɖo kple ayemɔ siwo wotsɔna tena kpɔ be yewoagblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo me o.

10. (a) Afikae Tesalonikatɔwo I, 5:3 anya va eme se ɖo, gake aleke wòle be Yehowa ƒe amewo nawɔ nui? (b) Nukatae ɖewohĩ xɔsemanɔsitɔwo agabiã ŋku vevie wu atsi tre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le etsɔme?

10 Vevietɔ tso ƒe 1986 me esime Dukɔ Ƒoƒuawo ɖe gbeƒã Dukɔwo Dome Ŋutifafaƒe la, ŋutifafa kple dedienɔnɔ nyawo sɔŋ ko wonɔ gbɔgblɔm le xexeame. Wodze agbagba wɔ afɔɖeɖe veviwo bene ŋutifafa nava xexeame, eye edze ƒã be wokpɔ dzidzedze vie. Nyagblɔɖi sia ƒe emevava katãe nye esia, alo ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be woawɔ gbeƒãɖeɖe dovoɖiname aɖe le etsɔmea? Yehowa akɔ nya ma me le eƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi. Ke fifia la, mina míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ‘míalala, eye míadi Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.’ (Petro II, 3:12) Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim eye wogale ŋutifafa kple dedienɔnɔ nyawo gblɔm bobobo la, ame aɖewo siwo nya nuxlɔ̃ame sia evɔ woɖoe ŋe aɖaba ƒu edzi la ate ŋu agasẽ dzime ɖe edzi atsɔe be Yehowa mawɔ eƒe nya dzi o alo mate ŋui o. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 8:11-13; Petro II, 3:3, 4.) Gake Kristotɔ vavãwo nya be Yehowa awɔ eƒe tameɖoɖo dzi!

Bubudede Amesiwo Zãm Yehowa Le Ŋu Vevie

11. Nukae Daniel kple Yosef wosrɔ̃ le Yehowa ŋu?

11 Esi Fia Nebukadnezar si nye Babilon Fiaɖuƒe Yeyea ƒe dziɖula ku drɔ̃e dziŋɔ aɖe si dzi mete ŋu ɖo ŋkui o la, ebia be woakpe ɖe ye ŋu. Eƒe nunɔlawo, dzotɔwo, kple bokɔnɔwo hã mete ŋu lĩ drɔ̃ea alo ɖe egɔme nɛ o. Gake Mawu subɔla Daniel ya te ŋui, ke hã egblɔ enumake be menye yeƒe nunyae yetsɔ lĩ drɔ̃e la alo ɖe egɔme o. Daniel gblɔ be: “Mawu aɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nebukadnezar.” (Daniel 2:1-30) Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Yosef si nye Mawu ƒe nyagblɔɖila bubu hã kpɔ nu ma ke teƒe be Yehowa nye Amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.—Mose I, 40:8-22; Amos 3:7, 8.

12, 13. (a) Amekae nye Mawu ƒe nyagblɔɖila gãtɔ kekeake, eye nukatae nèɖo eŋu nenema? (b) Amekawoe nye “Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo” egbea, eye aleke wòle be míabu woe?

12 Yehowa ƒe nyagblɔɖila gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔe nye Yesu. (Dɔwɔwɔwo 3:19-24) Paulo gblɔ be: “Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple míawo hã le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me le Via me, amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame.”—Hebritɔwo 1:1, 2.

13 Yehowa ƒo nu na Kristotɔ gbãtɔwo to Via Yesu, amesi gblɔ Mawu ƒe nya ɣaɣlawo na wo dzi. Yesu gblɔ na wo be: “Miawo la, wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo.” (Luka 8:10) Emegbe Paulo ƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ŋu be wonye “Kristo ƒe dɔlawo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo.” (Korintotɔwo I, 4:1) Egbea Kristotɔ amesiaminawo kpɔtɔ le dɔ ma wɔm, wonye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha si toa eƒe Dziɖuha dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mateo 24:45-47) Ne míedea bubu deto blema nyagblɔɖila siwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ ʋãe, vevietɔ Mawu ƒe Vi la ŋu la, ɖe mele be míade bubu amesiwo zãm Yehowa le egbea tsɔ le Biblia me nya siwo le vevie ale gbegbe na eƒe amewo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me ɖem ɖe go hã ŋu nenema ke oa?—Timoteo II, 3:1-5, 13.

Woaɣla Nya alo Womaɣlae O?

14. Ɣekaɣiwoe Kristotɔwo wɔa dɔ le adzame, eye ameka ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m wole le nya sia me?

14 Ðe alesi Yehowa gblɔa eƒe nyawo faa meɣlanɛ o fia be ele be Kristotɔwo naʋu go nusianu si wonya ɣesiaɣi le nɔnɔme ɖesiaɖe mea? Kristotɔwo wɔa aɖaŋu si Yesu ɖo na eƒe apostolowo be “midze aɖaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene” la dzi. (Mateo 10:16) Ne wogblɔ na Kristotɔwo be womate ŋu asubɔ Mawu abe alesi woƒe dzitsinya dii ene o la, woyia edzi ‘ɖoa to Mawu,’ elabena wode dzesii be amegbetɔ aɖeke mekpɔ mɔ axe mɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ nu o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Yesu ŋutɔ ɖe alesi esia sɔe fia. Míexlẽ be: “Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo di be, yewoawui ta. Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui, si nye agbadɔŋkekenyui la ɖo. Yesu gblɔ na wo [nɔvia ŋutilã me tɔ dzimaxɔsetɔwo] bena: . . . Miawo la, miheyi ŋkekenyuia ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyui sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vɔ haɖe o. Esi wògblɔ esiawo na wo la, etsi Galilea. Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuia ɖuƒe la, eya hã yi, menye le gaglãgbe o, ke boŋ le adza me.”—Yohanes 7:1, 2, 6, 8-10.

Woagblɔe alo Womagblɔe O?

15. Aleke Yosef ɖee fiae be nya ɣaɣla magblɔmagblɔ nyea lɔlɔ̃ ɖeɖefia ɣeaɖewoɣi?

15 Ɣeaɖewoɣi la, menye ɖeko nunya le eme be woaɣla nya aɖe ko evɔ o, ke enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia hã. Le kpɔɖeŋu me, aleke Yosef, fofo si xɔ Yesu nyi la wɔ nui esime wòkpɔ be yeƒe ŋugbetɔ Maria si ŋugbe wodo na ye la ‘fɔ fu tso gbɔgbɔ kɔkɔe la me’? Míexlẽ be: “Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, ɖo tame bena, yeagblẽe ɖi le [adzame, NW].” (Mateo 1:18, 19) Aleke gbegbe wòanye amenumavemave enye si be wòana du bliboa nakpɔe!

16. Agba kae le hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo katã dzi le nya ɣaɣlawo gome?

16 Mele be woagblɔ nya ɣaɣla siwo ado ŋukpe ame alo ana woase veve na amesiwo medze asee o. Esia nɔa susu me na Kristotɔ hamemegãwo ne wobe yewoaɖo aɖaŋu alo afa akɔ na hati Kristotɔwo alo ne woahe to gɔ̃ hã na wo le esi wowɔ nuvɔ̃ gã aɖe ɖe Yehowa ŋu ta. Nya siawo gbɔ kpɔkpɔ le Ŋɔŋlɔawo nu le vevie; goʋuʋu nya ɣaɣlawo na amesiwo nya la meka o mehiã kura o eye wònye amemalɔ̃malɔ̃ hã. Eyata Kristo-hamea me tɔwo mate kpɔ be yewoana hamemegãwo naʋu go nya ɣaɣlawo o, ke boŋ woade bubu agbanɔamedzi si le hamemegãwo dzi be woamia nu ɖe nya ɣaɣlawo dzi la ŋu. Lododowo 25:9 gblɔ be: “Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke megaʋu go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla [o].”

17. Nukatae zi geɖe la, Kristotɔwo mekɔa nu le nya ɣaɣlawo dzi o, gake nukatae womate ŋu aɣlae ɣesiaɣi o?

17 Gɔmeɖose sia ku ɖe ƒomewo alo xɔlɔ̃ veviwo hã ŋu. Nya aɖewo ɣaɣla le vevie bene woaƒo asa na masɔmasɔwo kple ame dome gbegblẽ. “Anyieheya hea tsidzadza vɛ, nenemae ame ŋu lĩɖe nana mo vena heliheli.” (Lododowo 25:23) Ele eme be nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo, kpakple lɔlɔ̃ na amesiwo wɔ nuvɔ̃ ate ŋu awɔe be woagblɔ nya ɣaɣlawo na dzilawo, Kristotɔ hamemegãwo, alo ame bubu siwo dze la ɣeaɖewoɣi ya.a Gake le go geɖe me la, Kristotɔwo meʋua go ame bubuwo ƒe nya ɣaɣlawo o abe alesi womeʋua go woawo ŋutɔ tɔ o ene.

18. Kristotɔwo ƒe nɔnɔme etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nya si wòle be míagblɔ kple esi mele be míagblɔ o?

18 Kpuie la, Kristotɔ srɔ̃a Yehowa ale be wòtsɔa nya aɖewo ɣlana ne ehiã eye wòʋua goe ne esɔ ko hafi. Ne ele nya me tsom le nya si wòagblɔ kple esi magblɔ o ŋu la, ɖokuibɔbɔ, xɔse, kple lɔlɔ̃e fiaa mɔe. Ðokuibɔbɔ wɔnɛ be mebua eɖokui gãe akpa o, eye medzea agbagba hã be yeagblɔ nusianu si yenya alo atɔ ati nya ɣaɣla aɖe si mate ŋu agblɔ o na amewo ale be esese nadzro wo o. Yehowa ƒe Nya kple Kristo-hamea dzixɔxɔse ʋãnɛ wòɖea gbeƒã Biblia me nya si tso Mawu gbɔ eye wòkpɔa eɖokui dzi nyuie be yemagblɔ nya aɖeke si ɖewohĩ ave ame bubuwo le gɔmedzedzea me o. Ẽ, lɔlɔ̃ ʋãnɛ wògblɔa nya siwo kafua Mawu siwo hiã be amewo nase bene woakpɔ agbe la le gaglãgbe. Ke meʋua go amewo ƒe dzimenya ɣaɣlawo o elabena ekpɔe dze sii be zi geɖe goʋuʋu nya ɣaɣlawo nyea amemalɔ̃malɔ̃.

19. Nuwɔna kae na míedea dzesi Kristotɔ vavãwo, eye nukae dona tsoa eme?

19 Nuwɔwɔ wòada sɔ alea na míekpɔa Kristotɔ vavãwo dzea sii. Womegbea Mawu ƒe ŋkɔ zazã alo fiaa Triniti nufiafia ɣaɣla si gɔme womate ŋu aɖe o la tsɔ ɣlaa amesi wònye o. Alakpasubɔsuhawo mee mawu siwo womenya o la nɔna, ke menye subɔsubɔha vavãtɔ me o. (Kpɔ Dɔwɔwɔwo 17:22, 23.) Yehowa ƒe Ðasefo amesiaminawo kpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye na wo be woanye “Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo” la ŋu ŋutɔ. Wotoa nya ɣaɣla siawo gbɔgblɔ na ame bubuwo me hea amesiwo si dzi anukware le la be woava dze xɔlɔ̃ Yehowa.—Korintotɔwo I, 4:1; 14:22-25; Zaxarya 8:23; Maleaxi 3:18.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ “Megakpɔ Gome le Ame Bubuwo ƒe Nuvɔ̃wo Me O” le Gbetakpɔxɔ, June 1, 1986, me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukatae mehiã be Yehowa naɣla eƒe tameɖoɖowo o?

◻ Amekawoe Yehowa ɖea eƒe nya ɣaɣlawo fiana?

◻ Agba kae le Kristotɔwo dzi le dzimenya ɣaɣlawo gome?

◻ Nɔnɔme etɔ̃ kawoe akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woanya nya si woagblɔ kple esi mele be woagblɔ o?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Yehowa ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go toa eƒe Nya la me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe