INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/1 axa 24-27
  • Yehowa ƒe Ŋusẽ Dzena le Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa ƒe Ŋusẽ Dzena le Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ ɖe Dodokpɔwo Nu
  • Tenɔnɔ ɖe Blibomademade Nu
  • Ŋusẽ na Gbeƒãɖeɖe
  • Tenɔnɔ Ðe ‘Ŋù Si Le Ŋutilã Me’ Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe ‘Ŋù Le Wò Ŋutilã Mea’?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • ‘Ŋù Si Le Paulo Ƒe Ŋutilã Me’
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Ŋusẽ Nɔa Mía Ŋu Togbɔ Be Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Le Mía Ŋu Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/1 axa 24-27

Yehowa ƒe Ŋusẽ Dzena le Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me

“Amesiame susu be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla kpɔdzidzɔ si doa vivi ɖe ame ŋue menye. Menɔa klalo ɣesiaɣi be makpe ɖe ame bubuwo ŋu ne kuxiwo le fu ɖem na wo. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, mekpɔ be agbe nɔ vɔvɔm le menye. Tamesusu ɖefunamewo kple susumadzekɔanyi va nɔ nu gblẽm le ŋunye. Mekpɔe be nyemeganɔ tetem ɖe amewo ŋu o. Ðeko medina be mamlɔ anyi ɖe aƒeme. Menɔa kuku ɖem na Yehowa ɣleti geɖe be wòana maku.”—Vanessa.

ABE alesi wòle le nya si míeyɔ ɖe etame me ene la, ate ŋu adzɔ be ɣeaɖewoɣi la, fukpekpe siwo le ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la nava Yehowa subɔlawo dzi. (Timoteo II, 3:1) Wo dometɔ aɖewo ate ŋu alé blanui gɔ̃ hã. (Filipitɔwo 2:25-27) Ne míelé blanui eteƒe didi la, ate ŋu ana ŋusẽ navɔ le mía ŋu, elabena Biblia gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo [manɔ] ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Ẽ, ne dzi ɖe le mía ƒo la, míehĩa ŋusẽ—ɖewohĩ nusi apostolo Paulo yɔ be ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ gɔ̃ hã.—Korintotɔwo II, 4:7.

Yehowa Mawu gbɔe ŋusẽ gbago tsona. Míanya esia ne míelé ŋku ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu. (Romatɔwo 1:20) Le kpɔɖeŋu me, bu ɣe ŋu kpɔ. Anyigba la xɔa horsepower-ŋusẽ triliɔn 240 si nu metsona o la tsoa ɣe la gbɔ. Gake xexlẽme sia ade ŋusẽ agbɔsɔsɔ si tsoa ɣe la gbɔ ƒe memamã ɖeka ƒe afã le biliɔn me ko. Gake nu sue aɖe koe ɣe la nye ne wotsɔe sɔ kple ɣletivi siwo woyɔna be supergiants. Wo dometɔ ɖekae nye Rigel, si nye ɣletivi aɖe le ɣletivihatsotso si woyɔna be Orion me, eye elolo wu míaƒe ɣe la zi gbɔ zi 50 sɔŋ eye ŋusẽ si tsoa egbɔ la nye ɣe la tɔ teƒe 150,000 sɔŋ!

“Ŋusẽ geɖe” anɔ ŋusẽtsoƒe siawo katã Wɔla si ale gbegbe. (Yesaya 40:26; Psalmo 8:4, 5) Le nyateƒe me la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be “nu metia kɔ [na Yehowa] o, ɖeɖi metea eŋu o.” Eye ne le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta ame aɖe se le eɖokui me be ɖeɖi le ye ŋu tem la, Mawu lɔ̃na faa be yeana yeƒe ŋusẽ ƒe ɖee. (Yesaya 40:28, 29) Alesi wòwɔa nusiae la dze le Kristotɔ apostolo Paulo gome.

Tenɔnɔ ɖe Dodokpɔwo Nu

Paulo gblɔ kuxi aɖe si me wòle be wòado dzi le la na Korintotɔwo. Eyɔe be enye ‘ŋù le yeƒe ŋutilã me.’ (Korintotɔwo II, 12:7) Ðewohĩ “ŋù” ma nye lãmegbegblẽ aɖe, anye ŋkudɔ ye. (Galatiatɔwo 4:15; 6:11) Alo anye aʋatso-apostolowo kple fuɖenamela bubu siwo tsi tre ɖe eƒe apostolonyenye kple eƒe dɔa ŋu ye. (Korintotɔwo II, 11:5, 6, 12-15; Galatiatɔwo 1:6-9; 5:12) Nuka ke wòɖanye o, ‘ŋù si le Paulo ƒe ŋutilã me’ la, na wòlé blanui, eye edo gbe ɖa enuenu be woaɖee ɖa na ye.—Korintotɔwo II, 12:8.

Gake Yehowa mewɔ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi o. Ke boŋ egblɔ na Paulo be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò.” (Korintotɔwo II, 12:9) Nya sia si Yehowa gblɔ gɔme ɖe? Ne míebu alesi Paulo nɔ Kristotɔwo yome tim tsã ŋu la, amenuveve koe ana ƒomedodo nanɔ woa kple Mawu dome kura gɔ̃ hã—kaka wòava zu be wòanye apostolo!a (Tsɔe sɔ kple Zaxarya 2:12; Nyaɖeɖefia 16:5, 6.) Ðewohĩ Yehowa ɖe wònɔ gbɔgblɔm na Paulo be apostolonyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ si su esi la “sɔ gbɔ.” Eya ŋutɔ ƒe agbemekuxiwo ɖeɖeɖa nukutɔe magakpe ɖe eŋu o. Le nyateƒe me la, anye be mɔnukpɔkpɔ bubu siwo gasu esi gbɔe fukpekpe aɖewo tso. (Korintotɔwo II, 11:24-27; Timoteo II, 3:12) Aleke ke nya la le o, ɖeko wòle be Paulo nado dzi atsɔ ‘ŋù si le eƒe lãme.’

Gake menye ɖe Yehowa tsɔ tagbɔsesẽ le gbegbem be yemade nu eme na Paulo o. Ke boŋ egblɔ nɛ be: “Nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” (Korintotɔwo II, 12:9) Ẽ, Yehowa ado ŋusẽ Paulo lɔlɔ̃tɔe bene wòate ŋu anɔ te ɖe eƒe nɔnɔmea nu. Eyata Paulo ƒe ‘ŋù si le eƒe ŋutilã me’ la va zu nufiame nyui aɖe. Efiae be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu tsɔ wu be wòaɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ tɔ ŋu. Edze ƒã be Paulo srɔ̃ nusia nyuie, elabena le ƒe aɖewo megbe la, eŋlɔ na Filipitɔwo be: “Mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:11, 13.

Ke wò ya ɖe? Ðe nèle akɔ kpem kple ‘ŋù aɖe si le lãme na wò’ si anye dɔléle aɖe alo agbemenya aɖe si na nèle dzi tsima? Ne nenemae la, ke wò akɔ nefa. Togbɔ be Yehowa maɖe kplamatsedonua ɖa nukutɔe o hã la, ana nunya kple ŋusẽ wò be nànɔ te ɖe enu esi nèle edzi le Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖom nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me.—Mateo 6:33.

Ne lãmegbegblẽ alo tsitsi xe mɔ na wò be mète ŋu le geɖe wɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwo me abe alesi nèdi ene o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Le esi teƒe be nàbu wò dodokpɔa be ele yeƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Yehowa dzi ɖem kpɔtɔ la, bui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeagaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe awu. Ðo ŋku edzi hã be, menye Kristotɔ ƒe dɔ agbɔsɔsɔ si wòwɔna ye wotsɔ kpɔa eƒe asixɔxɔ o, ke boŋ eƒe xɔse kple alesi eƒe lɔlɔ̃ de toe ye. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44.) Wò luʋɔ blibo tsɔtsɔ lɔ̃ Yehowa fia be nàtsɔ wò ŋutete katã asubɔe—menye ame bubu tɔ o.—Mateo 22:37; Galatiatɔwo 6:4, 5.

Ne agbemenya aɖe si doa nuxaxa na ame, abe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ene ye nye ‘ŋù le lãme na wò’ la, ke wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Nu mae nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Sylvia wɔ. Le ƒe ʋee aɖewo ko dome la, srɔ̃a ku le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 50 megbe eye eƒe ƒometɔ asieke bubuwo hã ku—mamayɔvi eve siwo nye ɖeviwo hã le eme. Sylvia gblɔ be: “Ðe menye Yehowa ye o la, anye ne maxa nu agbɔ eme. Gake mekpɔa akɔfafa le gbedodoɖa me. Meƒoa nu madzudzɔmadzudzɔe kple Yehowa. Menya be edoa ŋusẽm be mado dzi.”

Aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe nye si be míanya be “akɔfafawo katã ƒe Mawu la” ate ŋu ado ŋusẽ amesiwo le nu xam be woado dzi! (Korintotɔwo II, 1:3; Tesalonikatɔwo I, 4:13) Ne nya sia me kɔ na mí la, ekema míate ŋu ase Paulo ƒe nyataƒonya le nya sia ŋu gɔme. Eŋlɔe be: “Mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.”—Korintotɔwo II, 12:10.

Tenɔnɔ ɖe Blibomademade Nu

Mí katã míenyi blibomademade ƒe dome tso mía dzila amegbetɔ gbãtɔwo gbɔ. (Romatɔwo 5:12) Ewɔe be míewɔa avu kple míaƒe ŋutilã si gbɔdzɔ ƒe nudzodzrowo. Aleke wògbãa dzi na amee nye si ne míekpɔe be ‘amenyenye xoxoa’ ƒe nɔnɔmewo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi vevie wu alesi míesusui! (Efesotɔwo 4:22-24) Le ɣeyiɣi mawo me la, ɖewohĩ míase le mía ɖokui me abe alesi apostolo Paulo se le eɖokui me ene, amesi ŋlɔe be: “Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.”—Romatɔwo 7:22, 23.

Míate ŋu axɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ le go sia hã me. Ne èle avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe la, megagbe dodo ɖe eŋku me le gbedodoɖa me abia eƒe tsɔtsɔke, zi ka kee wòle be nàdo ɖe eŋku me ɖe kuxi ma ke ta o. Esi amenuveve bɔ ɖe Yehowa, amesi “daa dziwo kpɔna” la si, eye wòate ŋu akpɔ wò anukwareɖiɖi ƒe todede adze sii ta la, ana dzitsinya nyui wò. (Lododowo 21:2) Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ wò nàgatsɔ awɔ avu kple ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo.—Luka 11:13.

Míehiã ŋusẽ tso Yehowa gbɔ hã ne míele akɔ kpem kple amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe ate ŋu agblɔ nya na mí “[eŋumabumabui] abe yitɔame ene.” (Lododowo 12:18) Nya sia ate ŋu ave mí kaɖikaɖi, vevietɔ ne míenya be ele be amesi le nua wɔm nanya be nusi wɔm yele la menyo o. Nusia ate ŋu aɖe fu na mí vevie. Ame aɖewo nɔ te ɖe agɔdzedze mawo dzi te ɖa le Yehowa ŋu—enye vodada gãtɔ kekeake!

Gake ne míewɔa nu wòdana sɔna la, awɔe be míatsɔ susu nyui abu amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe. Mele be míakpɔ mɔ be ame madeblibo nawɔ nu deblibo o. Nunyala Salomo ɖo ŋku edzi na mí be “amegbetɔ aɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o.” (Fiawo I, 8:46) Arthur si nye Kristotɔ amesiamina aɖe si subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe anye ƒe blaadre enye sia la gblɔ be: “Hati subɔlawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ nuteƒe, eye edoa mí Kristotɔwo ƒe dzidodo kpɔna. Ne míeɖe mɔ amewo ƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna gblẽ míaƒe Yehowa subɔsubɔ me la, ke amegbetɔwo subɔm míele. Evɔ la, mía nɔviwo hã lɔ̃ Yehowa. Ne míebua woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, madidi hafi míakpɔe be menye ɖe wogblẽ nenema gbegbe hafi o.”

Ŋusẽ na Gbeƒãɖeɖe

Hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Yesu ƒe nyawo va eme ale be Yehowa Ðasefowo le dɔ sia dzi le dukɔ 233 me le anyigba dzi godoo. Ne míetsɔe ƒo ƒu la, wo katã zãa gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ ƒe sia ƒe tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woadze si Yehowa. Dɔ sia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu gbidii le dukɔ aɖewo me alo wode se ɖe enu. Azɔ bu amesiwo le dɔa wɔm ŋu kpɔ—wonye amegbetɔ beli, madeblibo siwo dometɔ ɖesiaɖe ŋu kuxiwo kple dzimaɖitsitsiwo le. Gake dɔa le edzi yim, eye ewɔe be le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la, ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wotsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. (Mateo 28:18-20) Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽe na wote ŋu le dɔ sia wɔm. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Zaxarya dzi be: “Mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi.”—Zaxarya 4:6.

Ne nyanyuigbeƒãɖelae nènye la, ke wò hã èle gome kpɔm le dɔ gã ma wɔwɔ me—aleke kee wòadze nu sue hã. ‘Ŋù’ ka ke ƒe dzi dom nèle o, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maŋlɔ ‘wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta . . . be o.’ (Hebritɔwo 6:10) Eyata yi edzi nàɖo ŋu ɖe ŋusẽ geɖe Tsoƒe la ŋu hena kpekpeɖeŋu. Ðo ŋku edzi be, Yehowa ƒe ŋusẽ koe ana míate ŋu ado dzi; eƒe ŋusẽ wɔa dɔ bliboe le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nyateƒee, esi “[amewo] katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim” ta la, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖeɖefia wònye be ƒomedodo nanɔ wo kple amegbetɔ aɖewo dome kura gɔ̃ hã.—Romatɔwo 3:23.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yehowa ƒe ŋusẽ koe na wote ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe