INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/1 axa 3
  • Ðe Wogadaa Gbe Nukutɔe Fifiaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wogadaa Gbe Nukutɔe Fifiaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedada na Ameƒomea Nukutɔe Gogo Vɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Egbegbe ‘Nukugbedadawo’—Mawu Gbɔe Wotsoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Nukudɔdadawo Tso Mawu Gbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Daa Dɔ Na Amewo Nukutɔea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/1 axa 3

Ðe Wogadaa Gbe Nukutɔe Fifiaa?

“XƆ YESU dzi se ne nàhaya!” Nya siawo tɔgbe wɔe be Alexandre si nye Nyanyui hame aɖe me tɔ xɔe se be ne yeno atike esi yedze dɔ la, ke efia be xɔse mele ye si o. Eka ɖe edzi be yeƒe xɔse ɖeɖe awɔe yeahaya nukutɔe. Esi Benedita si nye Katolikotɔ veviedola aɖe se be wodaa gbe nukutɔe le Aparecida do Norte gbedoxɔ me le São Paulo nutome le Brazil la, ewɔ dɔ ɖe edzi vevie ŋutɔ. Benedita gblɔ akunyawɔnya aɖewo siwo tasia fiae tsɔ do gbe ɖa na Aƒenɔ Aparecidatɔ, Anthonio, kple “ame kɔkɔe” bubuwo be yeakpɔ ŋusẽ atsɔ ada gbe le dɔnɔwo ŋui.

Edze abe le ƒe alafa 20 lia sia me gɔ̃ hã la, ame geɖe gaxɔ nukugbedadawo dzi se kokoko ene—nukatae? Anye be ame aɖewo tɔtɔ le esi ɖɔktawo mete ŋu le nu boo aɖeke wɔm tsɔ le woƒe lɔlɔ̃tɔwo, vevietɔ wo viwo ƒe dɔléle, vevesese, kple fukpekpewo nu tsim o tae. Le amesiwo ŋu dɔ tsi ɖo gome la, woase le wo ɖokui me be esi egbegbedɔdamɔnuwo xɔ asi ta la, megblẽ naneke ne yewotrɔ ɖe xɔsegbedada ŋu o. Wo dometɔ aɖewo kpɔa sɔlemeha hamehamewo kple amewo le television dzi wofiaa AIDS, blanuiléle, cancer, tsukuku, ʋusɔgbɔdɔ, kple bubu geɖewo dada mɔnuwo. Woxɔ nya mawo dzi se loo alo womexɔe se o, woate ŋu atrɔ ɖe wo ŋu be wonye mɔkpɔkpɔ mamlɛtɔ. Azɔ hã, amesiwo xɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe yewoƒe dɔlélea tso la ase le wo ɖokui me be yevutikewo mate ŋu akpe ɖe yewo ŋu o.

Le go bubu me la, amewo li siwo tsi tre ɖe susu si nye be “ame kɔkɔe” siwo ku la te ŋu daa gbe nukutɔe alo be egbegbedɔdalawo li ŋu eye wodanɛ ɖe anyi gɔ̃ hã. Le Jornal da Tarde ƒe nya nu la, dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete ŋuti nunyala Dráusio Varella susu be dzixɔse ma ana “amesiwo tsi dzodzodzoe kple amesiwo mele ŋudzɔ o ƒe mɔkpɔkpɔ mava eme o.” Egblɔ kpee be: “Ŋuɖoɖo ɖe nukunuwo ŋu ate ŋu awɔe ame geɖe nagbe gbedada le wo ɖokuiwo ŋu le ameblela siawo ta.” Eye The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Wosusu tsã be kɔkɔeƒewo kple subɔsubɔkɔnuwɔwɔwo mee wozãa dɔdamɔnu siwo womezãa yevutikewo tsɔ daa gbee o le, eye atikeŋutinunyalawo tsɔe be gbedada mawo te ŋu wɔa dɔ to ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dɔnɔawo ƒe susu dzi kple le nɔnɔme deamedzi si nu wòdo go ɖo la me.” Azɔ hã, amewo li siwo xɔe se kokoko be ɖe woda gbe le yewo ŋu nukutɔe nyateƒe. Le amesiawo gome la, gbedada wɔ dɔ na wo!

Amesiwo nya Biblia nyuie la nya be Yesu Kristo to “Mawu ƒe ŋusẽ” dzi da gbe le dɔnɔ geɖe ŋu zi geɖe. (Luka 9:42, 43) Eyata woabia be, ‘Ðe Mawu ƒe ŋusẽ gale dɔ wɔm hele gbe dam le amewo ŋu nukutɔe egbea?’ Ne nenemae la, ke nukatae agbagba siwo amewo dzena be yewoada gbe le amewo ŋu la medzea edzi o? Ðe wòanye be dɔnɔa nye xɔseʋeetɔ alo be eƒe nudzɔdzɔwo mesɔ gbɔ o ta yea? Ðe wònyo be Kristotɔ aɖe nadi be woada gbe le ye ŋu nukutɔe ne ele dɔ sesẽ aɖe alo dɔ si womete ŋu dana o léma? Eye ɖe woagate ŋu ada gbe le amewo ŋu nukutɔe wòadze edzi abe Yesu tɔ ene gbaɖegbea? Àte ŋu akpɔ biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe