Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
Nusi míesrɔ̃ le Yesu ƒe lododo le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu la do dzidzɔ na mí. Le gɔmesese yeye si dze le October 15, 1995, ƒe “Gbetakpɔxɔ” me nu la, ɖe míate ŋu agagblɔ kokoko be Yehowa Ðasefowo le memamãdɔ aɖe wɔm egbea?
Ẽ. Eme kɔ be ame geɖe bia nya sia elabena Mateo 25:31, 32 gblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene.” October 15, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ la ɖe nusi ta kpukpui ma me nyawo ava eme le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze megbe la me. Yesu ava kple eƒe dɔlawo le eƒe ŋutikɔkɔe me eye wòabɔbɔ nɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi. Eye wòamã amewo me. Le gɔmesese ka nu? Anɔ te ɖe nusi amewo wɔ kple nusi wogbe wɔwɔ le ɣeyiɣi si va yi me dzi atso nya me.
Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple afɔ siwo woɖena le ʋɔnudrɔ̃nya me do ŋgɔ na ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsowɔwɔ ŋu. Exɔa ɣeyiɣi geɖe hafi kpeɖodzinyawo nu ƒoa ƒu hafi ʋɔnudrɔ̃ƒea tsoa nya me. Amesiwo li egbea siwo ava zu alẽwo alo gbɔ̃wo ŋuti kpeɖodzinyawo le ƒu ƒom ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Eye wogale vavam kokoko. Gake ne Yesu va nɔ eƒe fiazikpui dzi la, woawu nya la nu. Asɔ gbe na nyametsotsowɔwɔ. Woamã amewo me hena tsɔtsrɔ̃ mavɔ loo alo agbe mavɔ kpɔkpɔ.
Togbɔ be enye nyateƒe be amewo me mamã hena agbekpɔkpɔ loo alo ku si ŋu nya Mateo 25:32 gblɔ la ava eme le etsɔme hã la, mefia be womawɔ memamã aɖeke do ŋgɔ na ɣemaɣi o. Biblia la gblɔ le Mateo ta 13 be woawɔ memamãdɔ aɖe ado ŋgɔ. Dzidzɔtɔe la, agbalẽ si nye Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me dzro nya sia me le axa siwo nye 179-80 me le ta si nye “Amewo me Mamã” te.a Agbalẽa gblɔ be: “Nudzɔdzɔ vevi bubuwo gali siwo adze gaglã, esiwo Yesu gblɔ be woadzɔ le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu. Nusiawo dometɔ ɖekae nye ‘fiaɖuƒe la ƒe viwo’ mamã ɖa tso ‘vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo’ gbɔ. Yesu gblɔ esia le eƒe lododo le lugble aɖe si me futɔ aɖe va wu gbe wuwluiwo ɖo ŋuti me.”
Nya si nɔ Yesu ƒe lododo si le Mateo 13:24-30 kple emeɖeɖe si le kpukpui 36-43 me nya gblɔm agbalẽa nɔ. De dzesii le kpukpui 38 me be nuku nyui la le tsitre ɖi na Fiaɖuƒea ƒe viwo gake gbe wuwluiawo tsi tre ɖi na vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo. Kpukpui 39 kple 40 fia be le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’ la—ɣeyiɣi siwo me míele fifia la—woaƒo gbe wuwluiawo nu ƒu. Woamã wo me eye woatɔ dzo wo ahatsrɔ̃ wo mlɔeba.
Lododoa ku ɖe Kristotɔ amesiaminawo (amesiwo woyɔ le alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa me be Yesu nɔviwo) ŋu. Ke hã la eme kɔ ƒã be le míaƒe ɣeyiɣiawo me la, wole memamãdɔ vevi aɖe wɔm hele amesiaminawo ɖem ɖe vovo tso amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gake hewɔ wo ɖokui “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” la gbɔ.
Yesu gana kpɔɖeŋu bubu siwo me wole amewo mãm alo wole wo ɖem ɖe vovo tso bubuwo gbɔ. Ðo ŋku edzi be egblɔ le mɔ gbadzaa si yina tsɔtsrɔ̃ me la ŋu be: “Ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme.” (Mateo 7:13) Nya ma mefia nane ƒe nuwuwu o. Eku ɖe nane si nɔ dzɔdzɔm ŋu abe alesi wòle le ame ʋee siwo le mɔ xaxɛ si kplɔ amewo yina agbe me dzi la gome ene. Ðo ŋku edzi hã be esime Yesu nɔ eƒe apostoloawo dɔm la, egblɔ be woake ɖe ame aɖewo siwo dze la ŋu. Ame aɖewo madze o eye apostoloawo aʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti “hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.” (Luka 9:5) Ðe menye nyateƒe be nane alea tɔgbe dzɔna le Kristotɔwo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me egbea oa? Ame aɖewo ɖoa to mí nyuie ke wo dometɔ aɖewo ya gbea gbedasi si míexɔ tso Mawu gbɔ la.
Nyati siwo le Gbetakpɔxɔ si ƒo nu tso alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu la de dzesii be: “Togbɔ be etsɔme si gbɔna kpuie ye ʋɔnudɔdrɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le lododoa me ava eme le hã la, nu vevi aɖe le edzi yim fifia gɔ̃ hã. Mí Kristotɔwo míele gbeƒã ɖem gbedasi si mãa amewo me ƒe agbeɖeɖedɔ aɖe wɔm. (Mateo 10:32-39).” Míexlẽ le nya ma si le Mateo ta 10 me be Yesu gblɔ be ye yome dzedze ahe mamã va—viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa dome.
Mlɔeba, Kristo nɔvi amesiaminawo xɔ ŋgɔ le dɔ si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia me. Esi wole egblɔm na amewo eye wole esem alo wole egbem la, wole amesi ƒomevi wonye la ɖem fia. Mí amegbetɔwo míate ŋu agblɔ le gɔmesese si le Mateo ta 25 me nyawo ŋu nu be amesia nye alẽ; eye ame kemɛ nye gbɔ̃ o eye mele be míagblɔe hã o. Gake míaƒe nyanyuia gbɔgblɔ na amewo ʋua mɔ na wo be woaɖe akpa si wole fifia la afia—amesi ƒomevi wonye kple alesi wowɔa nu ɖe Yesu nɔviwo ŋui. Eyata memamã sia va le dzedzem ƒã, abe ʋɔnunya ƒe kpeɖodzinya siwo le ƒu ƒom ene. (Maleaxi 3:18) Abe alesi Gbetakpɔxɔa ɖee fia ene la, esusɔ vie ko Yesu nabɔbɔ nɔ eƒe fiazikpuia dzi atso afia, ato ʋɔnudɔdrɔ̃ me amã amewo me zi mamlɛtɔ hena agbekpɔkpɔ alo tsɔtsrɔ̃.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae le ƒe 1989 me.