INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/15 axa 4-7
  • Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amegbetɔ—Wowɔe Nuvɔ̃manɔŋui
  • Nuvɔ̃ Dzɔtsoƒe
  • Dzitsinya ‘Tsoa Ame Nu’ alo ‘Doa Taflatse’
  • Ablɔɖekpɔkpɔ tso Nuvɔ̃ me—Alekee?
  • Nusi Kristo ƒe Tafea Ate Ŋu Awɔ na Mí
  • Kristo Ƒe Tafe Mawu Ƒe Agbexɔxɔmɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ta’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • “Ʋu Xɔasi” Wotsɔ Ðe Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/15 axa 4-7

Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O

“ÐE WODZI mí ɖe nuvɔ̃ mea?” Biabia ma tɔtɔ susu na yunivɛsitivi aɖe le United States esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme teti. Esi wònye Hindutɔ ta la, nuvɔ̃ domenyinyi nye nusi ŋu menya naneke le o. Ke hã esusu be ne wonyia nuvɔ̃ dome nyateƒe la, ke edzimalɔ̃malɔ̃ alo aɖabaŋeŋe ƒu edzi maɖe vi aɖeke kura o. Aleke ame awɔ akpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia?

Ne wonyia nuvɔ̃ dome la, ke nuvɔ̃ gɔmedzeɣi li. Ðe wowɔ ame gbãtɔ wònye ame vɔ̃ɖi si wɔe be viawo katã nyi eƒe nɔnɔme vɔ̃ɖiwo ƒe domea? Alo ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔa va emegbe? Ɣekaɣi tututue nuvɔ̃ dze egɔme? Ke hã la, ne nuvɔ̃ nye gota gome nane, nu gbegblẽ aɖe loo alo gɔmeɖose aɖe ko hã la, ɖe míakpɔ mɔ be míate ŋu avo tso esime gbaɖegbea?

Le Hindutɔwo ƒe dzixɔse nu la, fukpekpe kple nuvɔ̃ nye nusiwo kpe ɖe nuwɔwɔ ŋu. Hindutɔ agbalẽnyala aɖe gblɔ be “fukpekpe [alo nuvɔ̃] le abe ŋuɖui si tsi ɖe ame ŋu si tsana le lãme na ame si womate ŋu ada keŋkeŋ o ene.” Le nyateƒe me la, nuvɔ̃ nye ameƒomexexea ƒe akpa aɖe le eƒe ŋutinya siwo katã woŋlɔ ɖi me. Ne edzɔ hafi wodze ameƒomea ƒe ŋutinya ŋɔŋlɔ ɖi gɔme la, ke ele be ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe afisi wòdzɔ tso ŋu la natso ame si kɔkɔ wu amegbetɔwo gbɔ godoo. Ele be ŋuɖoɖoawo natso Mawu gbɔ.—Psalmo 36:10.

Amegbetɔ—Wowɔe Nuvɔ̃manɔŋui

Hindutɔ xexemenunyala Nikhilananda lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwɔwɔ si woɖɔ le Vedawo me la nye kpɔɖeŋu ko. Nenema ke Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe subɔsubɔha akpa gãtɔ hã toa gli le nuwo wɔwɔ ŋui. Ke hã la, ame gbãtɔ wɔwɔ ŋutinya si le Biblia me dzixɔxɔse sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya nu eye nunya le eme hã.a Ta gbãtɔa gblɔ be: “Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.”—Mose I, 1:27.

Nukae ame wɔwɔ ɖe ‘Mawu ƒe nɔnɔme nu’ fia? Efia kpuie be: Wowɔ ame wòɖi Mawu eye Mawu ƒe nɔnɔmewo—abe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃ ene—siwo na wòto vovo tso lãwo gbɔ la le esi. (Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 3:9, 10.) Nɔnɔme siawo na ŋutete le amegbetɔ ŋu be wòate ŋu atiae be yeawɔ nu nyui loo alo nuvɔ̃ si na tiatiawɔblɔɖe le esi. Nuvɔ̃ aɖeke menɔ ame gbãtɔa ŋu o, vɔ̃ɖinyenye alo fukpekpe menɔ eƒe agbe me esime wowɔe o.

Yehowa Mawu de se sia na Adam bena: “Ðu abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Ne Adam kple srɔ̃a Xawa wotiae be yewoaɖo to la, anye kafukafu kple bubu na Wɔla la eye woakpɔtɔ anye amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o. Ke hã tosesẽnuwɔna afia be womete ŋu ɖo Mawu ƒe dzidzenu siwo de blibo la gbɔ o, eye woazu ame madeblibowo—nuvɔ̃mewo.

Womewɔ Adam kple Xawa wonye mawuwo o. Ke hã Mawu ƒe nɔnɔme geɖe nɔ wo si eye ŋutete nɔ wo ŋu woawɔ nyametsotso le agbenyuinɔnɔ ŋu. Esi wònye Mawu ƒe nuwɔwɔwoe wonye ta la, nuvɔ̃ menɔ wo ŋu o, wode blibo. (Mose I, 1:31; Mose V, 32:4) Wo wɔwɔ megblẽ ɖekawɔwɔ si nɔ Mawu kple xexeame tso tititi ke la me o. Eyata aleke nuvɔ̃ dze egɔmee?

Nuvɔ̃ Dzɔtsoƒe

Gbɔgbɔmenuto mee nuvɔ̃ dzɔ le gbã. Mawu do ŋgɔ wɔ gbɔgbɔmeme siwo si nunya le hafi va wɔ anyigba kple amegbetɔ—woawoe nye mawudɔlawo. (Hiob 1:6; 2:1; 38:4-7; Kolosetɔwo 1:15-17) Mawudɔlawo dometɔ ɖeka bu eƒe nyonyo kple nunya ŋu akpa. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 23:13-15.) Le se si Mawu de na Adam kple Xawa be woadzi vi ta la, mawudɔla sia nya be madidi o anyigba la katã ayɔ kple ame dzɔdzɔe siwo anɔ Mawu subɔm. (Mose I, 1:27, 28) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia di be amewo natsɔ subɔsubɔ na ye. (Mateo 4:9, 10) Didi sia ŋu bubue na wòɖe afɔ gbegblẽ.—Yakobo 1:14, 15.

Mawudɔla dzeaglã sia ƒo nu to da aɖe dzi hegblɔ na Xawa be Mawu le sidzedze si wòhiã la tem eyama, eyatae wòbe megaɖu ati si na wodzea si nyui kple vɔ̃ ƒe tsetse aɖeke o ɖo. (Mose I, 3:1-5) Nya ma gbɔgblɔ nye alakpadada vɔ̃ɖi aɖe—nuvɔ̃wɔwɔ. Esi mawudɔla la da alakpa alea ta ena wòzu nuvɔ̃wɔla. Esiatae wòtɔ ŋkɔ Abosam, si fia amegɔmezɔla, kple Satana, si fia amesi tsi tre ɖe Mawu ŋu ɖo.—Nyaɖeɖefia 12:9.

Satana ƒe amenublenyawo gblẽ nu le Xawa ŋu. Esi wòxɔ Ametekpɔla ƒe nyawo dzi se ta la, ena wòblee eye wòɖu ati si nu wode se ɖo la ƒe tsetse. Srɔ̃a Adam hã va kpe ɖe eŋu woɖui, eye wo ame evea siaa va zu nuvɔ̃wɔlawo. (Mose I, 3:6; Timoteo I, 2:14) Eme kɔ ƒã be esi wònye ɖe mía dzila gbãtɔawo ɖoe da le Mawu ƒe se dzi ta la, woƒe blibodede bu eye wozu nuvɔ̃wɔlawo.

Ke Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ya ɖe? Biblia la ɖe eme be: “Alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku va la, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wowɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Se si ku ɖe domenyiŋusẽ ŋu nɔ dɔ wɔm xoxo. Adam ƒe viwo mate ŋu anyi nusi mele esi ƒe dome o. (Hiob 14:4) Esi atsu kple asi gbãtɔawo bu woƒe blibodede ta, wozu nuvɔ̃wɔlawo hafi va fɔ wo viwo ƒe fu. Eyata mí katã—ame aɖeke meto le eme o—míenyi nuvɔ̃ ƒe dome. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 3:23) Nusi do tso nuvɔ̃ me koe nye vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe. Hekpe ɖe eŋu la, eyatae mí katã míetsina kua amegã hekuna ɖo, elabena “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.”—Romatɔwo 6:23.

Dzitsinya ‘Tsoa Ame Nu’ alo ‘Doa Taflatse’

Bu alesi nuvɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe ame eve gbãtɔawo ƒe agbenɔnɔ dzi hã ŋu kpɔ. Wotsyɔ nu woƒe ametia ƒe akpa aɖewo hete kpɔ be yewoabe na Mawu. (Mose I, 3:7, 8) Eyata nuvɔ̃ wɔe be wose fɔbubu le wo ɖokuiwo me, wotsi dzodzodzoe, eye ŋu kpe wo. Seselelãme siawo bɔ ɖe ameƒomea me ŋutɔ egbea.

Amekae metsi dzodzodzoe kpɔ le esi wòte dɔmenyowɔwɔ ame aɖe si wòhiã be wòawɔe na alo be wògblɔ nya aɖewo siwo mele be wòagblɔ hafi o ta kpɔ o. (Yakobo 4:17) Nukatae seselelãme mawo tɔgbe ɖea fu na mí? Apostolo Paulo ɖe eme be, ‘woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe míaƒe dziwo me.’ Ne míaƒe dzitsinya meku atri o la, dada le se mawo dzi ana míatsi mavomavo dzi. Mɔ sia nue míaƒe dzitsinya ‘tsoa mía nu’ loo alo ‘doa taflatse ɖe mía nu.’ (Romatɔwo 2:15; Timoteo I, 4:2; Tito 1:15) Ele nyanya na mí loo alo mele nyanya na mí o, nusi bua fɔ mí ɖe nu gbegblẽ si nye nuvɔ̃ ŋu la le mía me!

Paul nya eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔa se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” Eyata Paulo bia be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?”—Romatɔwo 7:21-24.

Ablɔɖekpɔkpɔ tso Nuvɔ̃ me—Alekee?

Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Le Hindutɔwo ƒe dekɔnu nu la, ablɔɖe fia ablɔɖekpɔkpɔ tso gbugbɔgadzɔ enuenu me.” Buddhatɔwo hã fiaa asi Nirvana—si nye vovo tso kodzogbe ƒe nɔnɔmewo me, tsɔ ɖea nya mee. Esi Hindu-subɔsubɔha mese nuvɔ̃ domenyinyi ƒe nukpɔsusua gɔme o ta la, sisi le agbe me ŋu koe wòfiaa nu le.

Ke hã la, Biblia ɖee fia be nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo ɖeɖeɖa ŋutɔŋutɔ dzie ablɔɖekpɔkpɔ ato ava. Esi apostolo Paulo bia alesi wòawɔ ado tso nuvɔ̃ me vɔ megbe la, eyi edzi ɖo eŋu be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:25) Ẽ, ɖeɖekpɔkpɔ atso Mawu gbɔ ava to Yesu Kristo dzi.

Le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa nu la, Yesu Kristo, “Amegbetɔvi la,” va ‘eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) Le Timoteo I, 2:6 la, Paulo ŋlɔ be Yesu tsɔ “eɖokui na abe [tafe si sɔ, NW] ɖe amewo katã ta ene” Nya “tafe” fia nusi wotsɔ xea fee be amesiwo woɖe aboyoe la nakpɔ ɖeɖe. Nyateƒe si wònye be enye tafe si sɔ la ɖo kpe edzi be eƒe asixɔxɔ da sɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe nudanuwo dzi. Ke hã la, aleke woabu ame ɖeka ƒe ku be enye “tafe si sɔ ɖe amewo katã ta”?

Adam dzra ameƒomea katã ɖe nuvɔ̃ kple ku me, míawo hã míele eme. Fetu alo tohehe si wòkpɔ tso eme nye eƒe agbe deblibo si bu. Agbe deblibo bubu aɖe—tafe si sɔ—ye woaxe hafi agakpɔe. (Mose II, 21:23; Mose V, 19:21; Romatɔwo 5:18, 19) Esi ame madeblibo aɖeke mate ŋu axe tafea o ta, Mawu zã eƒe nunya si ŋu seɖoƒe meli na o heʋu mɔ na mí le nɔnɔme sesẽ ma me. (Psalmo 49:7, 8) Eɖe eƒe Tenuvia ƒe agbe tso dziƒo va de ɖetugbui nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me le anyigba dzi, eye wòna wodzii wònye ame deblibo.—Luka 1:30-38; Yohanes 3:16-18.

Be Yesu nawu eƒe dɔ si nye ameƒomea ɖeɖe nu la, ele be wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le eƒe anyigba dzi nɔɣia katã me. Nusiae wòwɔ. Eye eku vɔsaku. Yesu to mɔ sia nu ɖo kpe edzi be woakpɔ agbe deblibo—eya ŋutɔ tɔ—axe tafee atsɔ aɖe ameƒomeae.—Korintotɔwo II, 5:14; Petro I, 1:18, 19.

Nusi Kristo ƒe Tafea Ate Ŋu Awɔ na Mí

Yesu ƒe tafevɔsa ate ŋu aɖe vi na mí fifia gɔ̃ hã. Ne míexɔ edzi se la, míate ŋu akpɔ tenɔnɔ nyui le Mawu gbɔ eye Yehowa alɔ̃ mí ahalé be na mí. (Dɔwɔwɔwo 10:43; Romatɔwo 3:21-24) Le esi teƒe be míana nuvɔ̃ siwo míawɔ ƒe fɔbubu nakpe mía dzi la, míate ŋu abia tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ bɔbɔe to tafea dzi.—Yesaya 1:18; Efesotɔwo 1:7; Yohanes I, 2:1, 2.

Le etsɔme la, tafea awɔe woadzra nuvɔ̃ ƒe nugblẽƒewo katã ɖo keŋkeŋ ahayɔ dɔ ameƒomea. Biblia-gbalẽ mamlɛa ɖɔ “agbetsitɔsisi aɖe” si do tso Mawu ƒe fiazikpui me. Ati gbogbo aɖewo siwo tsena le tɔsisia ƒe goawo dzi siwo ƒe aŋgbawo nye “dɔyɔgbe na dukɔwo.” (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Wɔla la ƒe mɔnuɖoɖo wɔnuku si wòatsɔ aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si me tegbee to Yesu ƒe tafevɔsa dzi la ŋue Biblia nɔ nu ƒom tsoe le afisia le kpɔɖeŋumɔnu.

Nyagblɔɖi ƒe ŋutega siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ava eme kpuie. (Nyaɖeɖefia 22:6, 7) Ɣemaɣi la, dzinyuitɔwo katã ade blibo elabena ‘woaɖe wo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me.’ (Romatɔwo 8:20, 21) Ðe mele be esia naʋã mí míasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo nuteƒewɔla si va xe tafea ŋu oa?—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Adam he nuvɔ̃ kple ku va ameƒomea dzii

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu ƒe tafevɔsa la ɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku si me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe