INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/15 axa 20-23
  • Xɔ Viwò Ðe Agbe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔ Viwò Ðe Agbe!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Xɔlɔ̃ Vevi
  • Lɔlɔ̃ na Mawu
  • Mawuvɔvɔ̃
  • Teƒeɖoɖo Siwo me Dzidzɔ Le
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/15 axa 20-23

Xɔ Viwò Ðe Agbe!

MICHAEL kple Alphina wole KwaZulu-Natal ƒe kɔƒenuto aɖe me le togbɛ damawo ƒe bali aɖe me le South Africa. Wodo go kuxi geɖe le wo vi adreawo hehe me. Esi Michael srɔ̃ kpea asi ɖe eŋu ta ete ŋu wɔ ɖe Biblia ƒe sedede na vifofowo dzi be: “Minyi [mia viwo] le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Gake kuxiwo do mo ɖa ɣeaɖewoɣi.

Le kpɔɖeŋu me, Afrika-nyikplɔviwo lɔ̃a ƒuƒoƒo wo dzilawo ƒe nyiwo ale be woakpɔ ɣeyiɣi sɔgbɔ afe. Ɣeaɖewoɣi woɖoa afɔku me to nuƒoƒo tso nusiwo ŋu mele be woaƒo nu le o ŋu. Ne Michael ƒe viwo kplɔ ƒomea ƒe nyiwo yi gbeɖuƒee la, edea se na wo be woagade ha kple ɖevi aɖewo o. (Yakobo 4:4) Gake egbɔna tsoa dɔ me ɣeaɖewoɣi va kpɔna ɖeviawo wonɔa ha dem kple ɖevi siawo. Eyata ele be wòahe to na wo.—Lododowo 23:13, 14.

Ðe nèsusu be Michael ƒe nya me sẽ akpa ɖe viawo dzia? Ame aɖewo asusu nenema, gake Yesu Kristo gblɔ be “nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.” (Mateo 11:19) Michael kple Alphina na lɔlɔ̃ nɔa woƒe aƒea me to vovokpɔkpɔ ɖe ɖeviawo ŋu kple Biblia me ŋutinyawo kple nyateƒeawo fiafia wo me.

Vinyɔnu ene ye le Michael kple Alphina si—Thembekile, Siphiwe, Tholakele, kple Thembekani. Wo katã wonye Mawu ƒe Ƒiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo. Wo vi ŋutsu eve nye dzikpɔla zimenɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Wo vi ŋutsu etɔ̃lia si srɔ̃ nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla hã nye subɔsubɔdɔdzikpɔla.

Woyra dzila Kristotɔ geɖe siwo si ƒome gãwo le wokpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me. Gake ɖevi aɖewo siwo wo dzilawo he nyuie la gbe nyateƒea. Ðikeke mele eme o be Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi bubu la ŋu nɔa susu me na wo dzilawo, eye wonɔ mɔ kpɔm be wo vi ŋutsua alo nyɔnua atrɔ dzime mlɔeba ahakpɔ agbe.—Luka 15:21-24.

Gake ewɔ nublanui be dzila Kristotɔ aɖewo ƒe viwo katã yia xexeame. Enye nusi ŋu wòle be woalé ŋku ɖo vevietɔ le Afrika ƒe akpa geɖe, afisi ɖeviwo dzea agbagba nyuie vaseɖe esime woɖo woƒe ƒewuiwo me. Ke le woƒe ƒewuiwo me ko la, Satana ƒe xexeame ƒe agbegbegblẽnɔnɔ mɔwo dzroa wo. (Yohanes I, 5:19) Esia wɔnɛ be vifofo geɖe medze anye hamemegãwo le hamea me o. (Timoteo I, 3:1, 4, 5) Edze ƒã be ele be vifofo Kristotɔ nabu eƒemetɔwo xɔxɔ ɖe agbe nu vevii ŋutɔ. Ekema nukae dzilawo ate ŋu awɔ axɔ wo viwo ɖe agbe?

Nye Xɔlɔ̃ Vevi

Menye ame deblibo ko Yesu nye o ke eƒe sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ hã de ŋgɔ wu amegbetɔ bubu ɖesiaɖe tɔ. Ke hã la, ewɔ eƒe nusrɔ̃lawo exɔlɔ̃ veviwoe. (Yohanes 15:15) Eyatae wolɔ̃a egbɔnɔnɔ eye wokpɔa dzidzedze ne wole egbɔ. (Yohanes 1:14, 16, 39-42; 21:7, 15-17) Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu tso nusia me. Esi ɖeviwo le abe ati fẽ siwo ƒe aŋgbawo ke le ŋdɔkutsu sesẽ gbe ene ta la, ele be aƒeme nanye teƒe si lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ le hafi woate ŋu akpɔ dzidzedze.

Dzilawo, ɖe mia viwo te ŋu gblɔa woƒe nuhiahiãwo na mi faa? Ðe mieɖoa to woa? Ðe mieblea wo nu wogblɔa woƒe susuwo kple seselelãmewo be mianya nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie hafi atso nya mea? Ðe miewɔa numekuku kple wo le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me dzigbɔɖitɔe tsɔ dia ŋuɖoɖo na woƒe biabiawoa?

Vidada aɖe si tso South Africa gblɔe be: “Miedea dzi ƒo na mia vinyɔnua ɣesiaɣi be wòagblɔ ŋkekea ƒe nudzɔdzɔwo na mi tso gbesigbe wòdze suku gɔme. Le kpɔɖeŋu me, mèbianɛ be: ‘Ameka gbɔe nenɔ le ŋdɔmenuɖuɣia? Gblɔ wò nufiala yeyea ŋutinya nam. Aleke eƒe dzedzeme le? Nukawoe miawɔ kwasiɖa sia me?’ Gbeɖeka mía vinyɔnua gbɔ va aƒeme eye wògblɔ be yewoƒe Eŋlisigbefiala akplɔ klass bliboa woava kpɔ sinima si ŋu yewoaŋlɔ nu tsoe emegbe. Sinima la ƒe tanya menyo o. Míebia eŋu nya hekpɔe be manyo na Kristotɔ o. Mí ƒomea me tɔwo katã míedzro eme. Le ŋufɔke la, mía via yi nufiala la gbɔ va gblɔ nɛ be yemedi be yeakpɔ sinima la o elabena agbenɔnɔ siwo dze le eme la mesɔ ɖe Kristotɔ si yenye la ƒe dzixɔsewo nu o. Nufiala la gbugbɔ bu nyaa ŋu, eye wòda akpe na mía via hegblɔ nɛ be yemedi be yeakplɔ klass la ava kpɔ nusi ava ve ye emegbe o.” Alesi dzila siawo tsɔ ɖe le wo via xɔxɔ ɖe agbe me lɔlɔ̃tɔe zi geɖe la tse ku nyui aɖe. Enye dzidzɔme eye ele lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔm fifia le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa.

Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí le alesi wòwɔ nu ɖe ame bubuwo ƒe viwo ŋu me. Wogbɔ nɔnɔ vivi enu. (Marko 10:13-16) Dzidzɔ kae nye si dzilawo akpɔ ɖe woa kple wo viwo ƒe nuwɔwɔ ɖe du ŋu! Le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, ekpea ŋu na vifofo be wòaƒo bɔl alo anɔ fefem kple viaŋutsuviwo. Gake negadzɔ kpɔ be vifofo Kristotɔ nase le eɖokui me be yele vevie akpa be woakpɔ ye kple ye viwo yewoanɔ nu wɔm ɖekae o. Ðeviwo hiã dzila siwo sea vivi le wo gbɔ nɔnɔ me. Esia nana wònɔa bɔbɔe na ɖeviwo be wote ŋu gblɔa woƒe nuhiahiãwo. Ne woŋe aɖaba ƒu woƒe seselelãme nuhiahiã siawo dzi la, ɖeviwo kpɔa dziku hegbea tete ɖe ame ŋu, vevietɔ ne woɖɔa wo ɖo ɣesiaɣi.

Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Kolosetɔwo tso ƒomedodowo ŋu la, egblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bena dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Esia afia be ɣeaɖewoɣi la, womada asɔ le tohehe me o, alo wohenɛ wògbɔa eme eye xɔlɔ̃wɔwɔ gobii aɖeke manɔ anyi o. Anɔ eme be ɖeviwo kple ƒewuivi siwo wolɔ̃na eye wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu la xɔna hehe si hiã.

Lɔlɔ̃ na Mawu

Lɔlɔ̃ ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu si dzilawo ŋutɔ aɖoe nye nu xɔasitɔ kekeake si ƒe dome wo viwo ate ŋu anyi. Ele vevie be dzilawo naƒo nu le lɔlɔ̃ vavã si le wo me na Mawu ŋu eye woaɖee afia ɖeviwo nakpɔ ahase. Ðekakpui aɖe si le dɔ wɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa la gblɔ be: “Esi menye ɖevi la, mekpena ɖe fofonye ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Melɔ̃a kpekpe ɖe Papa ŋu elabena ekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sue si mete ŋu wɔna ŋu. Ezãa ɣeyiɣia tsɔ gblɔa nya geɖe nam le Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, meɖo ŋku Memleɖa aɖe gbe dzi esime míenɔ sɔgbeawo dzi ƒom kple ŋkubiã. Xexeame xɔ dzo ŋutɔ. Fifia te Papa, eyata mesi du vae ku tsi ɖe tsinokplu eve me eye mede tsikpe wo me vɛ. Papa gblɔ be: ‘Vinye èkpɔ alesi gbegbe Yehowa nya nuia? Tsikpe hona ɖe tsi dzi. Ne ɖe wònɔa ete la anye nugbagbe aɖeke manɔ agbe le tawo kple tsixaxawo me o. Ke boŋ tsikpe zua kutru xea tsia ŋgɔ! Ðe nusia mekpena ɖe mía ŋu míedzea si Yehowa nyuie wu oa?’a Emegbe esi wodem gaxɔ me ɖe nye akpaɖekedzimademade ta la, mekpɔ ɣeyiɣi bu tame. Esi melé blanui zã aɖe me le nye gaxɔa me gbeɖeka la, meɖo ŋku Papa ƒe nya mawo dzi. Wo me kɔ ŋutɔ! Masubɔ Yehowa tegbee ne anya wɔ.”

Ẽ, ele be Mawu lɔlɔ̃ nadze le nusianu si dzilawo wɔna me ɖeviwo nakpɔ. Vevietɔ ele be Mawu lɔlɔ̃ kple toɖoɖo eyama nanye nusita wodea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, wɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa kple ƒome Biblia xexlẽ kpakple esɔsrɔ̃ me. (Korintotɔwo I, 13:3) Vevietɔ wu la, ele be Mawu lɔlɔ̃ nadze le ƒomea ƒe gbedodoɖa siwo tso dzi me la me. Alesi miana domenyinu nyui mia viwo la le vevie ŋutɔ. Eyatae wode se na Israel-viwo be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:5-7; tsɔe sɔ kple Mateo 22:37-40.

Lɔlɔ̃ na Mawu kple toɖoɖo eyama ƒe mɔxenu gã aɖee nye nuvɔ̃me siwo míenye tso dzɔdzɔme. (Romatɔwo 5:12) Eyata Biblia de se na mí hã be: “Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milé fu vɔ̃.” (Psalmo 97:10) Susu gbegblẽwoe hea nugbegblẽwɔwɔ vɛ zi geɖe. Ne ɖevi aƒo asa na nusia la, ele be wòatu nɔnɔme vevi bubu aɖe hã ɖo.

Mawuvɔvɔ̃

Lɔlɔ̃ kple vɔvɔ̃ si me bubu le be woawɔ nane si madze Yehowa ŋu o hã aɖe vi ŋutɔ. Yesu Kristo ŋutɔ ɖo ame si kpɔa dzidzɔ le ‘Yehowa vɔvɔ̃’ me ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí. (Yesaya 11:1-3) Vɔvɔ̃ sia le vevie ŋutɔ ne ɖevia le tsitsim ɖo eƒe ɖekakpui alo ɖetugbi me eye eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu le sesẽm. Mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛa ŋu wòatsri xexeame ƒe nyaƒoɖeamenu siwo ate ŋu ana wòanɔ agbe gbegblẽ. (Lododowo 8:13) Le teƒe aɖewo la, dzilawo mefiaa wo viwo nusi woawɔ le gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo me o. Le nyateƒe me la, ame geɖe sena le wo ɖokui me be menyo be woaƒo nu le nya siawo ŋu o. Gake nukae do tso dzilawo ƒe wo viwo gbegblẽɖi alea me?

Atikewɔla bibi etɔ̃ siwo nye Buga, Amoko, kple Ncayiyana bia gbe nyɔnuvi 1,702 kple ŋutsuvi 903 siwo tso Transkei-kɔƒenutowo me le South Africa. South African Medical Journal gblɔ be “nyɔnuviawo dometɔ 76 le alafa me kple ŋutsuviawo dometɔ 90.1 le alafa me kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kpɔ.” Nyɔnuviawo xɔ ƒe 15 le mamã dedie nu, eye ɖe wozi wo dometɔ geɖe dzi dɔ wo gbɔ. Wo dometɔ siwo wu 250 fɔ fu zi ɖeka alo esi wu nenema kpɔ. Nulɔdɔ si wo dometɔ geɖe xɔ hã nye nu bubu si do tso eme.

Edzena be dzila geɖe mekpɔnɛ dzea sii be ehiã be yewoafia yewo viwo alesi woatsri gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Ke boŋ agbalẽ si ŋu nya míegblɔ va yi la ɖe eme be: “Wobua nyɔnu siwo te ŋu dzia vi kple vidadawo wu le Transkei-kɔƒe nutowo me, eye nyɔnuvi siwo le woƒe ƒewuiwo me ɖom kpɔa esia dzea sii kaba.” Kuxi sia ke ƒe kpeɖodziwo le xexeame ƒe akpa bubuwo hã.

Sɔhɛ geɖe siwo le Afrika le vodada ɖem na wo dzilawo be womekpe ɖe yewo ŋu yewose yewoƒe ŋutsunyenye alo nyɔnunyenye gɔme o. Agbalẽ si nye Your Youth—Getting the Best Out Of It zazã kpea ŋu na dzila Kristotɔ aɖewo ale gbegbe.b Le agbalẽa ƒe axa 20-3 la, egblɔ alesi wozãa vidzinuwo le bubumɔnu eye wòfia tɔtrɔ siwo vana le ƒewuiwo me.

Míekafu dzila Kristotɔ siwo dzea agbagba fia wo viwo Mawu ƒe nukpɔsusu le gbɔdɔdɔ ŋu. Anyo wu ne wofia esia ɖevia vivivi le eƒe nugɔmesese ŋutete nu. Dzilawo ate ŋu anɔ te ɖe ƒe si ɖevia xɔ dzi afia ametia ƒe akpa vovovoawo ŋkɔwoe kple dɔ siwo wowɔnae. Ne menye nenema o la, sɔhɛ si si nuteƒekpɔkpɔ mele o mase nusi wogblɔ la gɔme o.—Korintotɔwo I, 14:8, 9.

Vifofo aɖe si tso South Africa si si vinyɔnu eve kple viŋutsu ɖeka le la ɖe eme be: “Mekpɔa mɔnu dzroa gbɔdɔdɔ ƒe nya veviwo me edziedzi kple vinyenyɔnuawo gɔ̃ hã. Gake srɔ̃nye koŋ ye zãa agbalẽ si nye Your Youth—Getting the Best Out Of It tsɔ kpena ɖe wo ŋu. [Kpɔ axa 26-31.] Esime vinyeŋutsuvia xɔ ƒe 12 la, meɖoe be míawɔ tsaɖiɖi legbee aɖe ayi towo dzi. Ɣemaɣie míedzro alesi ŋutsuvi zua ŋutsue kple tameɖoɖo tɔxɛ si le esia ŋu le srɔ̃ɖeɖe me le etsɔme la me memie. Medzro alesi wòawɔ atsri nɔnɔme nyɔŋu si nye ameɖokuigbɔdɔdɔ hã me kplii, eye be wòade asixɔxɔ nyɔnuviwo ŋu ahabu wo—abe alesi wòbua dadaa kple nɔvianyɔnuwoe ene.”

Teƒeɖoɖo Siwo me Dzidzɔ Le

Vifofo kple vidada si ŋu nya míegblɔ fifi laa la ku kutri eye wokpɔ dzidzɔ be nu nyuiwo do tso wo vi etɔ̃awo hehe me. Wo vi etɔ̃awo katã tsi heɖe Kristotɔ nuteƒewɔlawo fifia. Wo viŋutsua kple wo toawo siaa wonye hamemegãwo le subɔsubɔm le Kristo-hamea me, eye atsu kple asiawo dometɔ eve wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe geɖe.

Ẽ, dzila siwo kua kutri le wo ƒemetɔwo xɔxɔ ɖe agbe ŋu la ate ŋu akpɔ mɔ na teƒeɖoɖo dodzidzɔnamewo tso wo vi siwo tiae be yewoatsɔ Biblia me nufiafia mawo awɔ dɔe gbɔ, elabena Lododowo 23:24, 25 gblɔ be: “Ne ame aɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ.” Bu ƒome gã si ŋu nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ. Alphina gblɔ be: “Ne mebu gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi si vinyewo wɔ ŋu la nye dzi gbaa go kple dzidzɔ.” Dzila Kristotɔwo katã nadze agbagba be woakpɔ teƒeɖoɖo dodzidzɔname.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne esusɔ vie tsi nazu tsikpe la, megakpena o eye wòhona ɖe dzi. Kpɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 137-8.

b Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Vifofo ate ŋu awɔ ɖoɖo adi ɣeyiɣi si sɔ adzro agbe me nu veviwo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe