Dzitsinya—Agbae loo alo nudeamedzi ye?
‘NYE dzitsinya le fu ɖem nam!’ Dzitsinya wɔa fu mí katã kloe ɣeaɖewoɣi. Seselelãme siawo te ŋu nyea dzodzodzoetsitsi ko alo vevesese vevie. Dzitsinya si nu le fu ɖem na ate ŋu ahe nuteɖeamedzi vɛ alo wòana woase le ame ɖokui me be yedo kpo nu.
Ne ele alea la, ekema ɖe menye agbae dzitsinya nye oa? Ame aɖewo asusu be agbae wònye. Amesiwo de ŋugble le nya sia ŋu le blema la bui zi geɖe be ŋutete si dome wonyi eye wotsɔ dzi amee dzitsinya nye. Ame geɖe bui be enye agbenyuinɔnɔ mɔfianu si Mawu ŋutɔ tsɔ na ame tẽ. Esia na woyɔa dzitsinya be “Mawu ƒe anyinɔnɔ le amegbetɔ me,” “míaƒe dzɔdzɔmenu xoxoa,” kple “Mawu ƒe gbe” gɔ̃ hã.
Gake le ƒe siawo me la, ame geɖe gblɔna be ŋutete si wotu ɖo koŋ ye dzitsinya nye—nusi dzilawo kple amesiwo dome wole ƒã ɖe ame me. Le kpɔɖeŋu me, susuŋutinunyala aɖewo ʋli nya be vɔvɔ̃ na tohehe koŋ ye naa ɖevi srɔ̃a alesi wòatsri nɔnɔme gbegblẽ, eye woxɔe se be mía dzilawo ŋutɔ ƒe nudidiwo kple dzixɔsewo xɔxɔ de eme koe nusi míeyɔna be dzitsinya la nye. Ame bubuwo tɔ asi akpa si amesiwo dome míele wɔna le nudidiwo kple dzidzenuwo ƒaƒã ɖe ame me gome. Ame aɖewo bua dzitsinya ƒe fuɖename be enye ʋiʋli si nɔa mía me le nusi míadi be míawɔ kple nusi amedzizila siwo dome míele di be míawɔ ŋu dzro ko!
Togbɔ be wogblɔ nya siawo hã la, enuenu amewo tsia tre ɖe dzilawo, ƒomewo, kple amesiwo dome wole ŋu le esi woƒe dzitsinya gblɔ na wo be woawɔ nenema ta. Ame aɖewo lɔ̃ gɔ̃ hã tsɔ woƒe agbe sa vɔe ɖe dzitsinya ta! Eye togbɔ be vovototo gãwo le xexeame dekɔnuwo me hã la, amesiame kloe bua nuwɔna siwo nye amewuwu, fififi, ahasiwɔwɔ, aʋatsokaka, kple ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ be nu gbegblẽwoe wonye. Ðe esia meɖo kpe edzi be domenyinu si wotsɔ dzi amee dzitsinya nye oa?
Dzitsinya—Nusi Biblia Gblɔ tso Eŋu
Amesi koŋ ate ŋu ana nya sia me nakɔe nye Yehowa Mawu. Elabena “[Mawue] wɔ mí, menye mía ŋutɔwoe o.” (Psalmo 100:3, NW) Enya míaƒe wɔwɔme nyuie. Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖe eme be Mawu ƒe “nɔnɔme” nue wowɔ ame ɖo. (Mose I, 1:26) Wowɔ amegbetɔ hede nyui kple vɔ̃ ƒe susu eme; dzitsinya nye amegbetɔ ƒe wɔwɔme ƒe akpa vevi aɖe tso gɔmedzedzea me.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 2:16, 17.
Apostolo Paulo ɖo kpe esia dzi le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me, esi wògblɔ bena: “Ne trɔ̃subɔla, siwo si [Mawu ƒe] se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã.” (Romatɔwo 2:14, 15) De dzesii be amesiwo wometsɔ Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Yudatɔwo he o la wɔ Mawu ƒe sea ƒe gɔmeɖose aɖewo dzi, esi menye amewoe zi wo dzi o, ke boŋ “tso dzɔdzɔ me”!
Ekema menye agbae dzitsinya nye kura o, ke Mawu ƒe nunana si dea ame dzi boŋ wònye. Nyateƒe wònye be ate ŋu ana míase veve. Gake ne míeɖo toe nyuie la, ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme vevie eye míakpɔ ememeŋutifafa. Ate ŋu akplɔ mí, akpɔ mía ta, eye wòaʋã mí. The Interpreter’s Bible gblɔ be: “Ne ame dzea agbagba be yeana nusi yewɔna nawɔ ɖeka kple nusi wòkpɔ be ele be yeawɔ ko hafi wòate ŋu akpɔ susu kple seselelãme ƒe dedienɔnɔ ta.” Aleke woawɔ nu eve mawo nawɔ ɖeka? Ðe míate ŋu amlã míaƒe dzitsinya ahana heheea? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.