Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa la ɖe vi na wò ŋutɔŋutɔa? Ke nukata màtsɔ biabia siwo gbɔna la ado wò susu kpɔ o?
◻ Aleke Harmagedon anɔ? (Nyaɖeɖefia 16:14, 16)
Manye nuklia ƒe nutsɔtsrɔ̃ alo afɔku si atso amegbetɔwo gbɔ o. Ao, Mawu ƒe aʋa si wòawɔ atsɔ atsi amegbetɔ ƒe aʋawɔwɔwo katã nu, eye wòaɖe amesiwo katã hea aʋawɔwɔawo vɛ ɖa lae wòanye, eye wòahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ na ŋutifafalɔ̃lawo. Matsi megbe o. (Xabakuk 2:3)—4/15, axa 17.
◻ Srɔ̃kpekpe ka tɔgbee dea bubu Yehowa ŋu?
Srɔ̃kpekpe si me gbɔgbɔmenuwo xɔ ɖe xexemenuwɔnawo teƒe la ade bubu Yehowa ŋu nyateƒe. Wɔna la ado dzidzɔ na Kristotɔwo godoo ne wokpɔ egbɔ tsri xexemekɔnu ɖigbɔwo, aʋatsodzixɔsewo, kple nugbɔmewɔwɔwo; ne womena wòdo kplamatse woƒe teokrasidɔwo o; eye woɖe ɖokuibɔbɔ fia ke menye adegbeƒoƒo o.—4/15, axa 26.
◻ Nukawoe ɖea dzesi le nuteƒewɔla ŋu?
Menye ame nɔvi amegbetɔ koe ate ŋu aka ɖe nuteƒewɔla dzi o, ke vevietɔ wu la, Mawu hã aka ɖe edzi. Ame ma ƒe dzimekɔkɔe dzena le eƒe nuwɔnawo me. Mewɔa alakpanu o. Menye ayemenuwɔla alo nufitifitiwɔla o. (Korintotɔwo II, 4:2)—5/1, axa 6.
◻ Nukatae Yeremya gblɔ be: “Enyo na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime”? (Konyifahawo 3:27)
Tenɔnɔ ɖe dodokpɔwo nu sɔsrɔ̃ le sɔhɛmenɔɣi kpena ɖe ame ŋu wokpea akɔ kple kuxiwo le tsitsime. (Timoteo II, 3:12) Viɖe siwo dona tsoa nuteƒewɔwɔ me la lolo sasasã wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gbɔdzɔe si woakpɔ ne wona ta.—5/1, axa 32.
◻ Amekawoe Mose kple Eliya nye vɔvɔli na le nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la me?
Le nɔnɔmetɔtrɔa nu la, esɔ be Mose kple Eliya wonye kpɔɖeŋu na Yesu nɔvi amesiaminawo. Alesi woawo kple Yesu “[woɖe] wo ɖokui fia le ŋutikɔkɔe me” nye kpɔɖeŋu si fia be ‘woakɔ’ Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔlawo ‘ŋu akpe ɖe Yesu ŋuti’ le dziƒo Fiaɖuƒe ƒe ɖoɖoa me. (Luka 9:30, 31; Romatɔwo 8:17; Tesalonikatɔwo II, 1:10)—5/15, axa 12, 14.
◻ Nukae nye Mawu ƒe “nya ɣaɣla kɔkɔe la”? (Korintotɔwo I, 2:7, NW)
Yesu Kristo ŋue Mawu ƒe “nya ɣaɣla kɔkɔe la” ku ɖo. (Efesotɔwo 1:9, 10) Gake mefia be woadze si Yesu be eyae nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo ko evɔ o. Eku ɖe dziƒodziɖuɖu aɖe si nye Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ŋu, eye akpa si wode Yesu si be wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me hã le eme.—6/1, axa 13.
◻ Aleke wòle be Kristotɔ nabu amegãkuku alo dɔlélee?
Le esi teƒe be wòabu eƒe fukpekpewo be wole yeƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Yehowa dzi ɖem kpɔtɔ la, nebu wo be wonye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeagaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe awu. Neɖo ŋku edzi hã be, menye Kristotɔ ƒe dɔ agbɔsɔsɔme si wòwɔna koe wotsɔ kpɔa eƒe asixɔxɔ o, ke boŋ eƒe xɔse kple alesi eƒe lɔlɔ̃ de toe hãe. (Marko 12:41-44)—6/1, axa 26.
◻ Aleke alesi Yehowa zã amegbetɔwo be woŋlɔ Biblia ke menye mawudɔlawo o la ɖe eƒe nunya gã fiae?
Ne ɖe womeŋlɔ Biblia ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu o la, anye ne eme nyawo gɔmesese asesẽ na mí. Azɔ hã, amegbetɔ ƒe dzonɔameme, nuwɔwɔ wo tɔ wo tɔwoe, kple vividodoɖenuŋu dze le Biblia la me.—6/15, axa 8.
◻ Nuka gbɔe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona?
Nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona la le Mawu ƒe Nya, Biblia, kple gɔmeɖose siwo le eme abe ɖokuidziɖuɖu, lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi, dzeɖoɖo nyui, kple lɔlɔ̃ tsɔtsɔ wɔ dɔe me.—6/15, axa 23, 24.
◻ Aleke alesi Yesu da dɔe la to vovo kura tso alesi amesiwo be dɔdaŋusẽ le yewo si egbea daa dɔe la gbɔe?
Amehawo meɖe seselelãme sesẽ aɖeke fia o eye Yesu mewɔ nu gbodogbodo be wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu medo kpo gbedada le lãmegbegblẽtɔwo ŋu kpɔ heto ayemɔ dzi gblɔ be ɖe woƒe dɔmenyonunanawo mesɔ gbɔ o alo be ɖe wonye xɔseʋeetɔwo tae o.—7/1, axa 5.
◻ Aleke Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu be wole akpa aɖe na eƒe tameɖoɖo si ku ɖe eƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒea ŋui?
Gbã la, Yehowa tsɔ eƒe nyateƒea de eƒe amewo si. Evelia, enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wo. Eye etɔ̃lia, míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa kple tadedeaguɖoɖo si Yehowa wɔ la le mía si.—7/1, axa 19, 20.
◻ Nukae nye nyuiwɔwɔ?
Nyuiwɔwɔe nye agbenyuinɔnɔ si ŋu kpɔtsotso mele o, nusi nyo wɔwɔ, nudzeamewɔwɔ kple tamesusu si sɔ. Menye nɔnɔme si be ɖe ame mee o ke boŋ nɔnɔme si dzena le ame ŋu, si ɖea vi na amee wònye. Nyuiwɔwɔ bia nu geɖe wu nuvɔ̃ tsitsri ko; efia nusi nyo yomenɔnɔ. (Timoteo I, 6:11)—7/15, axa 14.
◻ Nukae nye domenyinu xɔasitɔ kekeake si dzilawo ate ŋu ana wo viwo?
Domenyinu xɔasitɔ kekeakee nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia amewo ƒe kpɔɖeŋu si woa ŋutɔwo woaɖo. Vevietɔ wu la, ele vevie be dzilawo naƒo nu le lɔlɔ̃ vavã si le wo me na Mawu ŋu eye woaɖee afia ɖeviwo nakpɔ ahase.—7/15, axa 21.
◻ Nukawoe nye nu vevi siwo ana ƒomenusɔsrɔ̃ nakpɔ dzidzedze dometɔ aɖewo?
Ele be woawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ enuenu. Ele be ‘nàƒle ɣeyiɣi’ na nusɔsrɔ̃a wɔwɔ. (Efesotɔwo 5:15-17) Na ɖeviawo nakpɔ Biblia me nudzɔdzɔwo le susu me bene nusrɔ̃ɣiwo navivi wo nu. Be ɖeviwo nakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu la, ele be woakpɔe be yewo hã yewole akpa aɖe wɔm le eme.—8/1, axa 26, 28.