INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/15 axa 12-17
  • Ànɔ Agbe na Egbe Ko loo alo na Etsɔme Mavɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ànɔ Agbe na Egbe Ko loo alo na Etsɔme Mavɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Ŋudzɔ”
  • Nusiwo Dzi Míatu Etsɔme Mavɔ Dzixɔse Ðo
  • Egale Adzɔge Ʋĩa?
  • Gbetakpɔla si Le Ŋudzɔ
  • Agbenɔnɔ na Etsɔme Mavɔ
  • Subɔsubɔ Kple Dzɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Kristotɔwo Ƒe Mɔkpɔkpɔe Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Minɔ Ŋudzɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/15 axa 12-17

Ànɔ Agbe na Egbe Ko loo alo na Etsɔme Mavɔ?

“Woxɔ mí ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu.”—ROMATƆWO 8:24.

1. Nukae nye Epikurotɔwo ƒe nufiafia, eye aleke nufiafia ma tɔgbe gblẽ nu le Kristotɔ aɖewo ŋui?

APOSTOLO Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto be: “Aleke wɔ mia dome ame aɖewo gblɔ bena, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o?” (Korintotɔwo I, 15:12) Edze abe anye Helatɔwo ƒe nunyalagã Epikuro ƒe nufiafia si nye aɖi la ge ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo me ene. Eyata Paulo he susu yi Epikurotɔwo ƒe nufiafia dzii, be: “Minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Korintotɔwo I, 15:32) Esi xexemenunyala la yomedzelawo ɖua fewu le agbenɔnɔ le ku megbe ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋu ta la, woxɔ edzi se be ŋutilãmevivisese koe nye nusi ŋu viɖe le le agbe me. (Dɔwɔwɔwo 17:18, 32) Epikurotɔwo ƒe xexemenunya la nye ɖokuitɔdidi kple makamakaɖeamedzi nufiafia, nusi ɖia gbɔ ame mlɔeba.

2. (a) Nukatae afɔku gã aɖe le eme be woagbe tsitretsitsi la dzixɔxɔse? (b) Aleke Paulo do ŋusẽ Korinto Kristotɔwo ƒe xɔsee?

2 Tsitretsitsia dzimaxɔse sia gblẽ nu geɖe. Paulo gblɔ be: “Ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la, ekema Kristo hã metsi tre o. Ke ne Kristo metsi tre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe enye dzodzro, eye miaƒe xɔse hã enye dzodzro. . . . Ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔwo wu amewo katã.” (Korintotɔwo I, 15:13-19) Nyateƒee, ne agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o la, ke Kristotɔnyenye anye “dzodzro.” Taɖodzinu aɖeke manɔ eŋu o. Ena be mewɔ nuku be trɔ̃subɔlawo ƒe tamesusu sia na kuxiwo do agbogbo ɖe Korinto-hamea me o. (Korintotɔwo I, 1:11; 5:1; 6:1; 11:20-22) Eyata Paulo ɖoe be yeado ŋusẽ woƒe tsitretsitsia dzixɔse. Ezã nya siwo me nuŋububu deŋgɔ le, nyayɔyɔ siwo tso Ŋɔŋlɔawo me, kple kpɔɖeŋuwo tsɔ ɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be menye nyakpakpae tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye o ke boŋ nu ŋutɔŋutɔ si gbɔna dzɔdzɔ ge godoo ye. Esia na wòte ŋu de dzi ƒo na nɔvia xɔsetɔwo be: “Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedzewo menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.”—Korintotɔwo I, 15:20-58.

“Minɔ Ŋudzɔ”

3, 4. (a) Nɔnɔme si me afɔku le kae Petro gblɔ be axɔ aƒe ɖe ame aɖewo me le ŋkeke mamlɛawo me? (b) Nuka dzie wòhiã be míanɔ ŋku ɖomee na mía ɖokui?

3 Egbea mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe nɔnɔme si nye ɖu agbe fifia la le ame geɖe si. (Efesotɔwo 2:2) Ðeko wòle tututu abe alesi apostolo Petro gblɔe ɖi ene. Egblɔ be “fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, . . . eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.” (Petro II, 3:3, 4) Ne susu ma ge ɖe mawusubɔla vavãwo me la, woate ŋu azu “kuviatɔwo kple ame matsekuwo.” (Petro II, 1:8) Enye dzidzɔ be egbea Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ mele nenema o.

4 Megblẽ be míadi be míanya nu le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si gbɔna ŋu o. Ðo ŋku alesi Yesu ŋutɔ ƒe apostoloawo di be yewoanyae dzi: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Yesu ɖo eŋu be: “Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.” (Dɔwɔwɔwo 1:6, 7) Nya siwo wògblɔ na wo le Amitoa dzi la me nya veviwo ke koe gadze le nya mawo me, be: “Mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. . . . Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.” (Mateo 24:42, 44) Ele be míanɔ ŋku ɖom nuxlɔ̃ame ma dzi na mía ɖokui! Ate ŋu awɔ na ame aɖewo be, ‘Ðewohĩ ele be mawɔ alɔgblɔdɔ vie eye magatsi dzi ɖe nuwo ŋu fũ o.’ Vodada gã kae nye si wòanye! Bu Yakobo kple Yohanes, amesiwo woyɔ be “dziɖegbeviwo” la ŋu kpɔ.—Marko 3:17.

5, 6. Nufiame kawoe míate ŋu akpɔ tso Yakobo kple Yohanes ƒe kpɔɖeŋuwo me?

5 Míenya be apostolo si me dzo nɔ vevie ye Yakobo nye. (Luka 9:51-55) Esi woɖo Kristo-hamea anyi la, anɔ eme be edo vevie nu ŋutɔ le eme. Gake le ɣeyiɣi si me Yakobo metsi boo o la, Fia Agripa I na wowui. (Dɔwɔwɔwo 12:1-3) Ðe míasusui be esi Yakobo kpɔ be yeƒe agbe yina ɖe eƒe nuwuƒe kpata la, ete ɖe edzi be dzo nɔ ye me nenema eye yeʋli sesĩe le yeƒe subɔsubɔdɔa mea? Kura o! Kakaɖedzitɔe la, edzɔ dzi nɛ be yezã yeƒe agbenɔƒe kpui ma ƒe vevitɔwo tsɔ subɔ Yehowae. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu anya ne míaƒe agbe nu atso kpata o. (Nyagblɔla 9:11; tsɔe sɔ kple Luka 12:20, 21.) Eyata eme kɔ kɔte be nunya le eme be dzo nanɔ mía me vevie eye míado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me. Ema wɔwɔ ana ŋkɔ nyui akpɔtɔ anɔ mía ŋu le egbɔ eye míayi edzi anɔ agbe míaƒe etsɔme mavɔ nanɔ susu me na mí.—Nyagblɔla 7:1.

6 Nufiame aɖe si do ƒome kplii si ku ɖe apostolo Yohanes, amesi nɔ anyi esime Yesu xlɔ̃ nu wo vevie be, “Minɔ ŋudzɔ” ŋu la li. (Mateo 25:13; Marko 13:37; Luka 21:34-36) Yohanes dzra nya ma ɖo ɖe dzime, eye wòtsɔ ƒe gbogbo aɖewo subɔ dzonɔamemetɔe. Le nyateƒe me, ewɔ abe eyae nye apostolo si nɔ anyi didi wu apostolo bubuawo katã ene. Esime Yohanes zu ame tsitsi eye wòte ŋu trɔ kpɔ megbe kpɔ ƒe gbogbo siwo wòsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe la, ɖe wòbui be yewɔ vodada, be yetsɔ yeƒe ɣeyiɣiwo wɔ nusi mehiã boo o alo be yemeda sɔ oa? Kpao! Eganɔ mɔ kpɔm na etsɔme vevie. Esime Yesu si wofɔ ɖe tsitre gblɔ be: “Ẽ, megbɔna kpuie!” la, Yohanes ɖo eŋu enumake be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!” (Nyaɖeɖefia 22:20) Ðikekemanɔmee la, Yohanes menɔ agbe nɔm na eƒe ɣeyiɣia ko eye wònye eƒe didi be yeagbɔ dzi ɖi ‘aɖu agbe’ bɔkɔɔ o. Eɖoe kplikpaa be yeatsɔ yeƒe agbe kple ŋusẽ katã anɔ subɔsubɔmee, eɖanye ɣekaɣie Aƒetɔ la ava o. Ke míawo hã ɖe?

Nusiwo Dzi Míatu Etsɔme Mavɔ Dzixɔse Ðo

7. (a) Aleke ‘wodo’ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la ‘ƒe ŋugbe hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze egɔmee’? (b) Aleke Yesu kɔ nu me le agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la ŋui?

7 Ka ɖe edzi be menye amegbetɔ ƒe drɔ̃e alo nususukpɔe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la nye o. Abe alesi Tito 1:2 gblɔe ene la, “agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ . . . si Mawu, amesi [mekaa] aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme” dzie míetu míaƒe mawusosroɖa la ɖo. Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye tso gɔmedzedzea me be amegbetɔ siwo katã aɖo to la nanɔ agbe tegbee. (Mose I, 1:28) Naneke mate ŋu agblẽ tameɖoɖo sia me o, Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea gɔ̃ hã mate ŋui o. Abe alesi woŋlɔe ɖe Mose I, 3:15 ene la, Mawu do “dzidzimevi” aɖe si ava aɖe nusiwo katã wogblẽ le ameƒomea ŋu ɖa la ƒe ŋugbe enumake. Esime Yesu, “dzidzimevi” alo Mesia la, va la, etsɔ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ wɔ eƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖekae. (Yohanes 3:16; 6:47, 51; 10:28; 17:3) Esi Kristo tsɔ eƒe agbe deblibo la xe tafee la, gome su esi le se nu be wòana agbe mavɔ ameƒomea. (Mateo 20:28) Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo siwo katã ƒe xexlẽme anye ame 144,000 la anɔ agbe mavɔ le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 14:1-4) Ale amegbetɔ siwo te ŋu kuna tsã la ‘ado makumakunyenye’!—Korintotɔwo I, 15:53.

8. (a) Nukae nye “makumakunyenye,” eye nukatae Yehowa atsɔe ana ame 144,000 la? (b) Mɔkpɔkpɔ kae Yesu gblɔ be eli na ‘alẽ bubuawo’?

8 “Makumakunyenye” fia nu geɖe wu alesi womaku akpɔ gbeɖe o. Efia ‘agbe si womate ŋu atsrɔ̃ o ƒe ŋusẽ’ ƒe amesisusu hã. (Hebritɔwo 7:16; tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 20:6.) Gake nukae Mawu wɔ ne ena nunana ɖedzesi sia? Ðo ŋku alesi Satana ke ɖi be womate ŋu aka ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo dometɔ aɖeke dzi o la dzi. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Ne Mawu na makumakunyenye ame 144,000 la, atsɔ esia afia be yeka ɖe ƒuƒoƒo sia si ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu le mɔ ɖedzesi ŋutɔ aɖe nu la dzi bliboe. Gake ameƒomea me tɔ susɔeawo ya ɖe? Yesu gblɔ na Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo ƒe ‘alẽha sue’ sia me tɔ gbãtɔwo be ‘woanɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel-to wuieveawo.’ (Luka 12:32; 22:30) Esia fia be ame bubuwo akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi anye eƒe Fiaɖuƒea teviwo. Togbɔ be womena makumakunyenye ‘alẽ bubu’ siawo o hã la, wona “agbe mavɔ” wo. (Yohanes 10:16; Mateo 25:46) Eyata Kristotɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔe agbe mavɔ nɔnɔ nye. Menye drɔ̃e o ke boŋ ŋugbe si ‘Mawu, amesi mate ŋu aka aʋatso o’ do kple kakaɖedzi, eye wòtsɔ Yesu ƒe ʋu xɔasi la xe etafee wònye.—Tito 1:2.

Egale Adzɔge Ʋĩa?

9, 10. Kpeɖodzi siwo dze ƒã kawoe li si fia be míegogo nuwuwua?

9 Apostolo Paulo gblɔe ɖi be ‘ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ asesẽ’ ƒe vava afia ɖikekemanɔmee be míeɖo “ŋkeke mamlɛawo” me. Esi amemalɔ̃malɔ̃, ŋukeklẽ, agbeɖuɖu, kple mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo le ameƒomea me mãm kakɛkakɛe la, ɖe míekpɔe dze sii be Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi le aƒe tum kple du oa? Esi ŋutasesẽ kple fuléle le agbogbo dom la, ɖe míele Paulo ƒe nya siwo wògagblɔ kpee be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu” la ƒe emevava kpɔm le afisiafi oa? (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ame aɖewo atsɔ kakaɖedzi blibo ado ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ’ ɣliwo, gake ŋutifafa mɔkpɔkpɔwo katã nu ayi, elabena “gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.” Womegblẽ mí ɖe viviti me le nusi míaƒe ɣeyiɣiawo fia ŋu o. Eyata “mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.”—Tesalonikatɔwo I, 5:1-6.

10 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia fia be ŋkeke mamlɛawo nye ‘ɣeyiɣi kpui aɖe.’ (Nyaɖeɖefia 12:12; tsɔe sɔ kple 17:10.) Edze ƒã be ‘ɣeyiɣi kpui’ ma ƒe akpa gãtɔ va yi. Le kpɔɖeŋu me, Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ nyaʋiʋli si anɔ “dziehefia” kple “anyiehefia” dome si yi edzi va ɖo ƒe alafa sia me la ɖi wòsɔ pɛpɛpɛ. (Daniel 11:5, 6) Nusi gasusɔ si ava eme koe nye “dziehefia” la ƒe amedzidzedze si ŋu woƒo nu le le Daniel 11:44, 45.—Kpɔ October 1, 1987, kple November 1, 1993, Gbetakpɔxɔwo na nyagblɔɖi sia me dzodzro.

11. (a) Afikae Mateo 24:14 va eme ɖoe? (b) Nukae Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:23 fia?

11 Nya si Yesu gblɔ ɖi be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo” la hã li. (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo le woƒe dɔ la wɔm le dukɔ, ƒukpowo, kple anyigbamamã 233 dzi egbea. Nyateƒee, anyigbamamã aɖewo gali kokoko siwo me nyanyuia meɖo haɖe o, eye ɖewohĩ le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi la, mɔnukpɔkpɔʋɔtru aʋu ɖi na wo. (Korintotɔwo I, 16:9) Gake Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:23 bia nusi ŋu wòle be míabu nyuie, be: “Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.” Togbɔ be woaɖe gbeƒã nyanyuia le anyigba bliboa katã dzi hã la, míate ŋu ana Fiaɖuƒe gbedasia naɖo amesiame gbɔ le anyigba la ƒe afisiafi hafi Yesu nanye Ametsrɔ̃la ‘ava’ o.

12. (a) ‘Amewo nutetre’ ka ŋue woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:3? (b) Nukae amesiamina siwo le anyigba dzi la ƒe vɔvɔ fia?

12 De ŋugble le mawunyakpukpui si le Nyaɖeɖefia 7:1, 3, si gblɔ be wolé tsɔtsrɔ̃ ƒe “yaƒoƒo eneawo” me ɖe asi “vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu” la ŋu kpɔ. Menye wo nutetre gbãtɔ si vaa eme ne ame 144,000 la me tɔwo xɔ woƒe dziƒoyɔyɔ la ŋu nya gblɔm wole le afisia o. (Efesotɔwo 1:13) Wo nutetre mamlɛa, esime woaɖee afia matrɔmatrɔe be wonye ‘mía Mawu ƒe dɔtsɔla’ siwo wodo kpɔ eye wokpɔ be wonye nuteƒewɔlawo ŋu nya gblɔm wole. Mawu vi siwo wosi ami na siwo gasusɔ ɖe anyigba dzi la ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Hekpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔe kɔte be “ame tiatiawo ta” ye ‘woaɖe’ xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ ‘dzi akpɔtɔ’ ɖo. (Mateo 24:21, 22) Amesiwo gblɔna be yewonye amesiaminawo la dometɔ akpa gãtɔ tsi ŋutɔ. Ðe esia hã mefia be nuwuwua tu aƒe ŋutɔŋutɔ oa?

Gbetakpɔla si Le Ŋudzɔ

13, 14. Agba kae le gbetakpɔla ƒe ha la dzi?

13 Hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, enyo be míaxɔ ‘dɔla nuteƒewɔla’ la ƒe mɔfiamewo. (Mateo 24:45) Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia si egbegbe “dɔla” la wɔ “dzɔla” dɔa nuteƒewɔwɔtɔe. (Xezekiel 3:17-21) June 1, 1984, Gbetakpɔxɔ ɖe nu me be: “Dzɔla sia léa ŋku ɖe alesi nuwo le dzɔdzɔmee le anyigba la dzi si nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava la ŋu, eye wònana kaklã le ‘xaxa gã . . . esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze . . . o’ si gbɔna la ŋu eye wòɖea gbeƒã ‘nu nyui aɖe ƒe nyanyui.’ ”—Mateo 24:21; Yesaya 52:7.

14 Ðo ŋku edzi be: Gbetakpɔla ƒe dɔe nye be wòato ‘nusi tututu wòkpɔ.’ (Yesaya 21:6-8) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, gbetakpɔla la naa wonyana ne nusi wosusu be ate ŋu anye afɔku la le adzɔge ʋĩ akpa be mate ŋu akpɔe adze sii tututu o hã. (Fiawo II, 9:17, 18) Godoo wogblɔa nyanyanana siwo mevaa eme o ɣemaɣi. Gake gbetakpɔla nyui magbe nyanyanana le vɔvɔ̃ be ava do ŋukpe ye ta o. Ne dzo dze wò aƒe dzi la, aleke wòawɔ na wò ne dzotsilawo gbe vava le esi wosusu be ɖewohĩ manye nyateƒee o ta? Míekpɔa mɔ boŋ be amesiawo aʋã ɖe afɔkudzesi ɖesiaɖe si woakpɔ ŋu! Nenema ke gbetakpɔla ƒe ha la hã ƒoa nu ɣesiaɣi si wòdze abe nɔnɔmeawo fia be esɔ nenema.

15, 16. (a) Nukatae wowɔa ɖɔɖɔɖowo le alesi míese nyagblɔɖiwo gɔmee ŋu? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu subɔla nuteƒewɔla siwo mese nyagblɔɖi aɖewo gɔme nyuie o gbɔ?

15 Gake ne nuawo ŋutɔŋutɔ va dzɔ la, míaƒe nyagblɔɖi gɔmesese me kɔna ɖe edzi. Ŋutinya fia be ne edzɔ kpɔ hã la, ke ƒã hafi wosea Mawu ƒe nyagblɔɖiwo gɔme bliboe hafi wova vaa eme. Mawu gblɔ ɣeyiɣi si tututu Abram ƒe dzidzimeviwo anye “amedzrowo le anyigba aɖe, si menye wo tɔ o la dzi” ase ɖo nɛ be anye ƒe 400. (Mose I, 15:13) Gake Mose tsɔ eɖokui na be yeaɖe wo hafi ɣeyiɣi ma va de.—Dɔwɔwɔwo 7:23-30.

16 Bu Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo hã ŋu kpɔ. Ne míetrɔ kpɔ megbe la, edze abe eme kɔ ƒã be wogblɔ Mesia la ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu nyawo ɖi ene. (Yesaya 53:8-10) Gake Yesu ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya sia gɔme o. (Mateo 16:21-23) Womenya be Kristo ƒe pa·rou·siʹa, alo “anyinɔnɔ,” si ava va le etsɔmee Daniel 7:13, 14 me nyawo ava eme le o. (Mateo 24:3) Eyata wodo ŋgɔ ƒe 2,000 sɔŋ kloe le woƒe akɔntabubu me esime wobia Yesu be: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” (Dɔwɔwɔwo 1:6) Esi woɖo Kristo-hamea anyi wòli ke nyuie vɔ megbe gɔ̃ hã la, nukpɔsusu dada kple aʋatso mɔkpɔkpɔ aɖewo ganɔ anyi. (Tesalonikatɔwo II, 2:1, 2) Togbɔ be nukpɔsusu masɔmasɔwo nɔ ame aɖewo si ɣeaɖewoɣi hã la, edze ƒã be Yehowa yra ɖe ƒe alafa gbãtɔ me xɔsetɔ mawo ƒe dɔa dzi!

17. Nukae wòle be wòanye míaƒe nukpɔsusu le ɖɔɖɔɖo siwo woawɔ le míaƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmesese ŋu la ŋuti?

17 Ehiã be gbetakpɔla ƒe ha si li egbea hã nakɔ eƒe nukpɔsusuwo me ɣeaɖewoɣi. Gake ɖe ame aɖe ate ŋu ake ɖi le alesi Yehowa yra ‘dɔla nuteƒewɔla’ la ŋua? Gawu la, ne míebu nya siwo ŋu woku ɖo la, ɖe ɖɔɖɔɖo siwo wowɔ le wo me la ƒe akpa gãtɔ mele sue ŋutɔ oa? Míaƒe Biblia me nya veviwo gɔmesese metrɔ o. Kakaɖedzi si le mía si be míele ŋkeke mamlɛawo me la me gasẽ ɖe edzi fifia wu tsã!

Agbenɔnɔ na Etsɔme Mavɔ

18. Nukatae mele be míanɔ agbe na egbea ɖeɖeko o?

18 Xexeame ate ŋu agblɔ be, ‘Mina míaɖu nu ano nu, elabena etsɔ míele kuku ge,’ gake mele be susu ma nanɔ mía me o. Nukatae nànɔ agbagba dzodzro dzem ɖe vivi siwo nàte ŋu ase le agbe me fifia ŋu esime nàte ŋu awɔ dɔ na etsɔme mavɔ kpɔkpɔ? Eɖanye makumakugbenɔnɔ le dziƒo alo agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzie o, menye drɔ̃e mɔkpɔkpɔ ma nye o, menye nususukpɔe o. Nu ŋutɔŋutɔ si ƒe ŋugbe Mawu ‘si mate ŋu aka aʋatso o’ doe. (Tito 1:2) Kpeɖodziwo li kpaŋkpaŋ be míaƒe mɔkpɔkpɔa ƒe emevava la ɖo vɔ! ‘Ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie.’—Korintotɔwo I, 7:29.

19, 20. (a) Aleke Yehowa bua nusiwo míetsɔ sa vɔe ɖe Fiaɖuƒea ta lae? (b) Nukatae wòle be míanɔ agbe le mɔ si nu agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ nanɔ susu me na mí nu?

19 Nyateƒee, nuɖoanyi sia nɔ anyi wòdidi wu alesi ame geɖe susui la xoxo. Awɔ na ame ʋee aɖewo fifia be ɖe yewonyae alea do ŋgɔ la, anye ne yewometsɔ nanewo sa vɔe o. Gake mele be ame aɖeke naxa nu ɖe esia ta o. Ne èbu eŋu kpɔ la, Kristotɔnyenye ƒe akpa aɖee nuwo tsɔtsɔ sa vɔe nye. Kristotɔwo ‘gbea nu le wo ɖokui gbɔ.’ (Mateo 16:24) Mele be wòawɔ na mí gbeɖe be míexa agbagba dze be míadze Mawu ŋu o. Yesu do ŋugbe be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo . . . kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.” (Marko 10:29, 30) Ƒe akpe ɖeka tso fifia la, asixɔxɔ kae anɔ wò dɔwɔɖui, xɔ, alo wò ga si le gadzraɖoƒe ŋu? Ke hã asixɔxɔ anɔ nusiwo nètsɔ sa vɔe na Yehowa ŋu le ƒe miliɔn ɖeka megbe—ƒe biliɔn ɖeka megbe gɔ̃ hã! “Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ . . . be o.”—Hebritɔwo 6:10.

20 Eyata mina míanɔ agbe etsɔme mavɔ nanɔ susu me na mí, eye míaƒe ŋku meganɔ “nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔna o la boŋ ŋuti . . . Elabena nusiwo wokpɔna la, mesẽna yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.” (Korintotɔwo II, 4:18) Nyagblɔɖila Xabakuk ŋlɔ be: “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.” (Xabakuk 2:3) Aleke nuwuwua ‘sinu kpɔkpɔ’ kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míetsɔa mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe agbanɔamedziwo dzii? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo aƒo nu le nya siawo ŋu.

Numetotonyatiwo

◻ Aleke alesi wòwɔ abe ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu he ɖe megbe ene la kpɔ ŋusẽ ɖe ame ʋee aɖewo dzii egbea?

◻ Nuka dzie míetu míaƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la ɖo?

◻ Aleke wòle be míabu nusiwo míetsɔ sa vɔe ɖe Fiaɖuƒenuwo tae?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ele be woawu xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu hafi nuwuwua nava

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe