Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu
Vifofo si Lɔ̃a Tsɔtsɔke
WOGBLƆ be eyae nye ŋutinya kpui nyuitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ—si wogblɔ ɖe susu nyui aɖe ta. Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vifofo aɖe ƒe lɔlɔ̃ na viaŋutsu si bu ŋu la le abe fesre si nu míakpɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã na nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo la toe ene.
Ebu eye Wogakpɔe
Viŋutsuvi eve nɔ ŋutsu aɖe si. Suetɔa gblɔ nɛ be: ‘Tsɔ nye domenyinuwo nam fifia, tsɔ wu be malala nàku hafi.’ Fofoa lɔ̃ ɖe edzi, eye anɔ eme be etsɔ nusiwo katã le esi ƒe akpa etɔ̃lia nɛ—si nye viŋutsuvi eveawo dometɔ suetɔa ƒe gome le se nu. (Mose V, 21:17) Ðekakpuia tsɔ dzitsitsi ƒo eƒe nunɔamesiwo nu ƒu eye wòzɔ mɔ yi anyigba didi aɖe dzi afisi wòzã eƒe ga katã ɖe agbe vlo nɔnɔ ŋu le.—Luka 15:11-13.
Azɔ dɔ sesẽ aɖe va to. Mɔkpɔkpɔbuɖeame na ɖekakpuia xɔ hawo dzikpɔkpɔdɔ wɔ—dɔ si Yudatɔwo buna dɔ ɖigbɔe. (Mose III, 11:7, 8) Nuɖuɖukpɔkpɔ sesẽ ale gbegbe be akanyi si hawo ɖuna la va nɔ edzrom! Mlɔeba la, ɖekakpuia nyɔ le eɖokui me. Egblɔ na eɖokui be: ‘Fofonye ƒe subɔlawo kpɔa nu ɖuna wum! Matrɔ ayi aƒe, maʋu nye nuvɔ̃wo me, eye maɖe kuku be mazu abe fofonye ƒe agbatedɔwɔlawo dometɔ ɖeka ene.’a—Luka 15:14-19.
Ðekakpuia dze mɔ yi aƒe. Ðikeke mele eme o be eƒe dzedzeme trɔ ŋutɔ. Ke hã fofoa kpɔe dze sii “esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna.” Via ƒe nu wɔ nublanui nɛ wòƒu du yi ɖakpee, eye “wòɖuɖɔ nu nɛ” lɔlɔ̃tɔe.—Luka 15:20.
Alesi wòxɔ ɖekakpuia nyuie alea la na wòte ŋu ɖe dzi ɖi. Egblɔ be: “Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o. [Wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene, NW].” Fofoa yɔ eƒe kluviwo. Eɖe gbe na wo be: “Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be míado nɛ, eye mide asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la vɛ, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.”—Luka 15:21-24.
Woɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye hadzidzi kple ɣeɖuɖu nɔ edzi. Viaŋutsu xoxoetɔ se ɣlia esi wòtso agblẽ gbɔna. Esi wòse be nɔvia gbɔ va aƒe eye be esia tae wole aglo tum la, ebi dzi. Eto nyatoƒoe na fofoa be: ‘Mesubɔ wò ƒe geɖe, eye nyemegbe toɖoɖo wò kpɔ o, ke hã mèna gbɔ̃vi teti hãm be mía kple nye xɔlɔ̃wo míakpɔ dzidzɔ o. Gake esi viwòŋutsu si gblẽ wò kesinɔnuwo dome nya trɔ gbɔ ko la, èɖo kplɔ̃ nɛ.’ Vifofoa ɖo eŋu nɛ le tufafa me be: ‘Vinye, wò ya èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe. Gake ɖeko wòle be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwò ku eye wògagbɔ agbe. Ebu eye wogakpɔe.’—Luka 15:25-32.
Nusiwo Míasrɔ̃ tso Eme
Vifofo si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la tsi tre ɖi na mía Mawu nublanuikpɔla, Yehowa. Abe viŋutsuvi si bu ene la, ame aɖewo dona le Mawu ƒe aƒe si me dedienɔnɔ le la me eye wogatrɔna gbɔna emegbe. Aleke Yehowa bua amesiawoe? Amesiwo trɔa dzime nyateƒe eye wotrɔna vaa Yehowa gbɔ la ate ŋu aka ɖe edzi be “menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o.” (Psalmo 103:9) Le kpɔɖeŋua me la, vifofoa ƒu du yi ɖakpe via. Nenema ke menye ɖe Yehowa lɔ̃ faa be yeatsɔ ake nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime ko o, ke edii vevie hã. ‘Elɔ̃a tsɔtsɔke,’ eye etsɔ kena “geɖe.”—Psalmo 86:5; Yesaya 55:7; Zaxarya 1:3.
Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, vifofoa ƒe lɔlɔ̃ vavãe na wònɔ bɔbɔe na via be wolé dzi ɖe ƒo trɔ gbɔ. Gake bu eŋu kpɔ: Nukae adzɔ ne ɖe vifofoa gbe ŋutsuvia alo tsɔ dziku heliheli gblɔ nɛ be megaɖo afɔ ye gbɔ gbeɖe o? Anɔ eme godoo be nɔnɔme sia aklã wo kple ɖevia dome tegbee.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 2:6, 7.
Eyata le gɔmesese aɖe nu la, nɔnɔme si vifofoa ɖe fia le via ƒe dzodzoɣi lae wɔe be via te ŋu trɔ gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ele be Kristotɔ hamemegã siwo li egbea naɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:11, 13) Le ema wɔwɔ me la, woate ŋu adze egɔme awɔ nusi ana wòanɔ bɔbɔe na nuvɔ̃wɔla la be wòatrɔ agbɔ ne wofia afɔɖeɖe siwo wòle be wòawɔ siwo ana woagaxɔe le etsɔme la eyama. Ŋkuɖoɖo dzideƒoname si tso dzime alea dzi ʋã ame geɖe siwo bu le gbɔgbɔ me be wotrɔ dzime eye ena wotrɔ va Mawu ƒe aƒea me emegbe.—Timoteo II, 4:2.
Vifofoa ɖe nublanuikpɔkpɔ hã fia esi via trɔ gbɔ. Ekpɔ ŋutsuvia ƒe dzimetɔtrɔ anukwaretɔe dze sii enumake. Azɔ le esi teƒe be wòate tɔ ɖe edzi be via nagblɔ nuvɔ̃ ɖesiaɖe si wòwɔ la, etsi dzi ɖe exɔxɔ boŋ ŋu, eye etsɔ dzidzɔ geɖe wɔe nenema. Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu sia. Ele be woakpɔ dzidzɔ be wogakpɔ amesi bu la.—Luka 15:10.
Vifofoa ƒe nuwɔna ɖee fia ɖikekemanɔmee be enɔ mɔ kpɔm na viaŋutsu dzego la xoxoxo. Le nyateƒe me la, ema nye alesi amesiwo katã do le Yehowa ƒe aƒea me la ƒe nu dzronɛ ƒe kpɔɖeŋu. “Melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9, míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata amesiwo trɔa dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me ate ŋu aka ɖe edzi be woatsɔ “gbɔɖemeɣi” siwo ‘tso Yehowa gbɔ’ ayra yewoe.—Dɔwɔwɔwo 3:19, 20.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wobua kluvi be ezu ƒomea ƒe akpa aɖe, gake agbatedɔwɔla ya nye amesi wɔa dɔ wotua fe na gbesiagbe eye woate ŋu anyãe ɣesiaɣi. Ðekakpuia bui be yealɔ̃ axɔ nɔƒe si bɔbɔ wu le fofoa ƒe aƒeme.