INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/1 axa 29
  • Mawu ƒe Nya La ƒe Ameŋukɔŋusẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu ƒe Nya La ƒe Ameŋukɔŋusẽ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2003
  • Atike Muamewo—Nukata Amewo Zãa Wo Madzemadzee?
    Nyɔ!—2001
  • Sɔhɛwo Kple Atikevɔ̃ɖiwo
    Nyɔ!—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/1 axa 29

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Mawu ƒe Nya La ƒe Ameŋukɔŋusẽ

WOKA nya ta be ne woɖe asi le amesiwo atike vɔ̃ɖiwo zazã mã ŋu tso dɔdaƒewo la, wo dometɔ akpa gãtɔ gadzea woƒe numãme mawo zazã gɔme. Gake Mawu ƒe Nya la ate ŋu awɔ nusi dɔyɔƒewo doa kpo wɔwɔ. (Hebritɔwo 4:12) Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kpe ɖe ame geɖe ŋu be woɖu atike vɔ̃ɖiwo zazã si zu numãme na wo la dzi eye wotsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.”—Korintotɔwo II, 7:1.

Esia ƒe kpɔɖeŋu dze le nuteƒekpɔkpɔ aɖe si tso Myanmar me. Ŋutsu aɖe si dze agbagba ƒe geɖe be yeaɖe asi le atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu la gblɔ be: “Tso nye ƒewuiwo me kee atikevɔ̃ɖizazã zu numãme nam. Medze agbagba zi geɖe be madzudzɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. Meva nɔ fi fim be mate ŋu akpɔ ga aƒle atike vɔ̃ɖiawo. Ewɔe be wodem mɔ̃ ƒe ɖeka le ƒe 1988 me.

“Esi woɖe asi le ŋunye tso gaxɔ me vɔ megbe la, megava dze hadede gɔme kple xɔ̃nye xoxoawo. Eteƒe medidi o megadze atike vɔ̃ɖiawo zazã gɔme. Ameɖokuidomegblẽnu sia wɔwɔ va wɔe be ƒonyemetɔwo tso kadodo ɖesiaɖe me kplim. Gakpe ɖe eŋu la nye aglãdzegbenɔnɔ wɔe be ame geɖe vɔ̃na nam le nutoa me, eye woawo hã megalɔ̃na be magogo yewo o.

“Gbeɖeka nusi magbe dzɔdzɔ o la va dzɔ—atike vɔ̃ɖia ƒom. Wogadem gaxɔ me, fifia ya enye ƒe etɔ̃. Togbɔ be agbenɔnɔ sesẽ le gaxɔa me hã la, meto eme do.

“Esi metso gaxɔ me gbɔ va aƒeme la, meɖe kuku na ƒonyemetɔwo be woatsɔ nuvɔ̃ siwo mewɔ va yi la akem. Wogaxɔm ake dɔmenyotɔe, gake xɔ̃nyewo gablem megadze tsã gbenɔnɔa gɔme.

“Mlɔeba la, mamanye gblɔ na osɔfo aɖe le nutoa me be wòana made Biblia suku aɖe. Osɔfoa lɔ̃. Gake hafi madze sukua gɔme la, tasinye si nye Yehowa Ðasefo gblɔ be ne medi be masrɔ̃ Biblia vavã la, ke ele be Ðasefowo nasrɔ̃e kplim.

“Meyi Fiaɖuƒe Akpata me eye woɖem fia ŋutsu aɖe si lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia kplim. Vavalawo dometɔ geɖe do gbe nam xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye wona mekpɔe be wolɔ̃m.

“Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme la, didi be mate ɖe Mawu ŋu va xɔ ɖe didi be mazã atike vɔ̃ɖiwo teƒe. Le ƒe ɖeka megbe la, mewɔ ŋgɔyiyi ale be metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu, eye metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe edzii.

“Esi menɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme nyitsɔ laa la, medo go ame aɖe si mía kplii míezãa atike vɔ̃ɖiwo tsã. Mete ŋu se tɔtrɔ wɔnuku siwo mewɔ la me o. Esia na mɔnukpɔkpɔm be meɖi ɖase nɛ, eye meƒo nu tso Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nɛ.

“Meva kpɔ taɖodzinu kple gɔmesese si le agbe ŋu mlɔeba. Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo si tso eƒe Nya la me wɔe be mete ŋu kpe ɖe ame bubuwo ŋu woɖe asi le atikevɔ̃ɖizazã si gblẽa ame dome la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe