INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/15 axa 10-15
  • Àwɔ Nuteƒe Abe Eliya Enea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àwɔ Nuteƒe Abe Eliya Enea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawunyenye Dodokpɔ Wɔnuku Aɖe
  • “Nyagblɔɖila Eliya” Ava le Etsɔmea?
  • Eliya ƒe Gbɔgbɔ Le Wo Me
  • Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me
  • Wɔ Nuteƒe abe Eliya Ene
  • Ekpɔ Akɔfafa Tso Eƒe Mawu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?
    Fia Nu Viwòwo
  • Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/15 axa 10-15

Àwɔ Nuteƒe Abe Eliya Enea?

“Madɔ nyagblɔɖila Eliya aɖo ɖe mi, hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.” —MALEAXI 3:23.

1. Afɔku kae do mo ɖa esi Israel-viwo nɔ Ŋugbedodonyigba la dzi ƒe 500 aɖewo megbe?

“ANYIGBA, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (Mose II, 3:7, 8) Nu mae Yehowa Mawu tsɔ na Israel-viwo esi wòna ablɔɖe wo tso aboyomenɔnɔ me le Egipte le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. megbe. Gake kpɔ ɖa! Ƒe alafa atɔ̃ va yi, eye fifia dɔ to le Israel-to ewo fiaɖuƒea me vevie. Gbe mumu megale teƒe aɖeke nàkpɔ o. Lãwo le kukum, eye tsi megadza kpɔ o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. (Fiawo I, 18:5; Luka 4:25) Nukae he afɔku sia vɛ?

2. Nuka gbɔe Israel-dukɔa ƒe nɔnɔme sesẽa tso?

2 Xɔsegbegbe ye he afɔku sia vɛ. Fia Axab da le Mawu ƒe Se dzi heɖe Kanaanitɔ fiavinyɔnu Izebel wònye srɔ̃a eye wòɖe mɔ nɛ wòtsɔ Baal-subɔsubɔ va Israel. Nusi gavloe wue nye be etu gbedoxɔ na alakpamawu sia ɖe Samaria, si nye fiadu la me. Woble Israel-viwo woxɔe se be Baal-subɔsubɔ ana yewoaŋe nuku geɖe! Gake fifia esusɔ be ‘woatsrɔ̃ avɔ le woƒe anyigba nyui la dzi’ abe alesi Yehowa xlɔ̃ nu woe ene.—Mose V, 7:3, 4; 11:16, 17; Fiawo I, 16:30-33.

Mawunyenye Dodokpɔ Wɔnuku Aɖe

3. Aleke nyagblɔɖila Eliya he susu yi kuxi vevi si nɔ Israel-viwo ŋu dzii?

3 Esime dɔwuamea dze egɔme la, Mawu ƒe nyagblɔɖila nuteƒewɔla Eliya gblɔ na Fia Axab be: “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe: Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!” (Fiawo I, 17:1) Esi fia la kpɔ nya sia me vava dziŋɔ teƒe la, egblɔ na Eliya be eyae he gbegblẽ va Israel-dukɔa dzi. Gake Eliya ɖo eŋu be Axab kple eƒe aƒea gbɔe wòtso le esi wogbe xɔse hezu Baal-subɔlawo ta. Be woakpɔ kuxia gbɔ la, Yehowa ƒe nyagblɔɖila la ƒoe ɖe Fia Axab nu be wòaƒo Israel-viwo katã nu ƒu ɖe Karmel-to la gbɔ hekpe ɖe Baal ƒe nyagblɔɖila 450 kpakple Asera ƒe nyagblɔɖila 400 la ŋu. Axab kple eteviwo kpe ta ɖe afima, eye ɖewohĩ wonɔ mɔ kpɔm be kuɖiɖia awu enu le wɔna ma me. Gake Eliya he woƒe susu yi nya si le vevie wu dzi. Ebia be: “Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!” Israel-viwo menya nya ka woagblɔ o.—Fiawo I, 18:18-21.

4. Susu kae Eliya do ɖa be woatsɔ akpɔ Mawunyenye ƒe nya la gbɔe?

4 Israel-viwo tsɔ ƒe geɖe te kpɔ be yewoatsɔ Baal-subɔsubɔ atsaka Yehowa ƒe tadedeagui. Fifia Eliya doe ɖa be woawɔ dodokpɔ aɖe atsɔ akpɔ Mawunyenye ƒe nya la gbɔ. Adzra nyitsuvi ɖeka ɖo be wòatsɔ asa vɔe, eye Baal ƒe nyagblɔɖilawo hã adzra ɖeka ɖo. Azɔ Eliya gblɔ be: “[Miyɔ] miaƒe mawu ŋkɔ, eye nye hã mayɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòava me be, mawu, si atsɔ dzo atɔe la, eyae nye Mawu [vavã la, NW].” (Fiawo I, 18:23, 24) Kpɔe le susu me ɖa be woado gbe ɖa ko dzo nage tso dziƒo!

5. Aleke wona Baal-subɔsubɔ ƒe toflokonyenye dzee?

5 Eliya na Baal ƒe nyagblɔɖilawo wɔe gbã. Wodzra nyitsu ɖo be woatsɔe asa vɔe eye wodae ɖe vɔsamlekpuia dzi. Azɔ wonɔ kpo tim nɔ xlã ƒom vɔsamlekpui la hele gbe dom ɖa be: “Baal, tɔ na mí!” Esia yi edzi “tso ŋdi vaseɖe ɣeɖoto.” (NW) Eliya ɖe alɔme le wo ŋu be: “Mido ɣli sesĩe ko.” Ðewohĩ Baal ƒe ŋku biã ɖe nya kpata aɖe gbɔ kpɔkpɔ ŋu, alo “ele alɔ̃ dɔm, ne wòanyɔ.” Eteƒe medidi o Baal ƒe nyagblɔɖilawo va nɔ nugbenugbe wɔm. Kpɔ ɖa! Wotsɔ yi de abi wo ɖokui ŋu, eye ʋu nɔ dodom tso woƒe abiawo me. Eye ɣli ka gbegbee nye si wònye esi wo ame 450 la katã nɔ ɣli dom sesĩe! Gake womeɖo eŋu na wo o.—Fiawo I, 18:26-29.

6. Dzadzraɖo kae Eliya wɔ ɖe Mawunyenye ƒe dodokpɔa ŋu?

6 Fifia eɖo Eliya dzi. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpuia wɔ, eɖe ʋe ƒo xlãe, eye wòdzra vɔsalã la ɖo. Emegbe ena wodu tsi kɔ ɖe nakea kple vɔsalã la dzi. Wokɔ tsi tɔmedeze gã wuieve ɖe vɔsamlekpuia dzi vaseɖe esime ʋea yɔ. Kpɔ alesi amewo atsi dzodzodzoe le susu me esi Eliya do gbe ɖa be: “Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewɔ nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo!”—Fiawo I, 18:30-37.

7, 8. (a) Aleke Yehowa ɖo Eliya ƒe gbedodoɖa ŋui? (b) Nuka gbɔe wokpɔ le nusiwo dzɔ le Karmel-toa dzi me?

7 Woɖo Eliya ƒe gbedodoɖaa ŋu eye “dzo tso Yehowa gbɔ va fiã [eƒe] vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.” Dukɔ la tsyɔ mo anyi gblɔ be: “Yehowae nye Mawu vavã la, Yehowae nye Mawu vavã la!” (Fiawo I, 18:38, 39, NW) Fifia Eliya ɖe afɔ vevi aɖe. Eɖe gbe be: “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo, wo dometɔ aɖeke megasi o!” Esi wowu wo le Kison-balia me vɔ la, tsi ɖo. Mlɔeba la, tsi dza eye kuɖiɖi la wu enu!—Fiawo I, 18:40-45; tsɔe sɔ kple Mose V, 13:1-5.

8 Ŋkeke gã kae nye si! Yehowa ɖu dzi le Mawunyenye ƒe dodokpɔ ɖedzesi sia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nudzɔdzɔ siawo na Israel-vi geɖe ƒe dzi gatrɔ ɖe Mawu ŋu. Eliya to mɔ sia kple bubuwo dzi ɖee fia be nyagblɔɖila nuteƒewɔlae yenye, eye eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ nye nyagblɔɖikpɔɖeŋu.

“Nyagblɔɖila Eliya” Ava le Etsɔmea?

9. Nya kae wogblɔ ɖi le Maleaxi 3:23, 24?

9 Emegbe Mawu gblɔe ɖi to Maleaxi dzi be: “Kpɔ ɖa, madɔ nyagblɔɖila Eliya aɖo ɖe mi, hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo; ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.” (Maleaxi 3:23, 24) Eliya nɔ agbe anɔ ƒe 500 do ŋgɔ hafi wogblɔ nya mawo. Esi nya sia nye nyagblɔɖi ta la, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na Eliya ƒe vava be nya la nava eme.—Mateo 17:10.

10. Amekae nye Eliya si ƒe nya wogblɔ ɖi la, eye aleke míewɔ nya?

10 Ekema amekae nye Eliya sia si gbɔna la? Yesu Kristo na míenya amesi wònye esime wògblɔ be: “Tso Yohanes [Amenyrɔɖetsimela, NW] ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham. Elabena nyagblɔɖilawo katã kple se la wogblɔ nya ɖi vaseɖe Yohanes dzi. Eye ne mielɔ̃ be, yewoaxɔe la, esia nye Eliya, si ke le vava ge la.” Ẽ, Yohanes Amenyrɔɖetsimela lae nye Eliya evelia si wogblɔ ɖi la. (Mateo 11:12-14; Marko 9:11-13) Mawudɔla aɖe gblɔ na Yohanes fofo Zaxarya be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ” anɔ Yohanes me eye “wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na Aƒetɔ la.” (Luka 1:17) Nyɔnyrɔ si Yohanes na la nye ame ƒe dzimetɔtrɔ ƒe dzesi le dutoƒo le nuvɔ̃ siwo wòwɔ le Se, si woɖo be wòakplɔ Yudatɔwo ayi Kristo gbɔe la, dzidada me. (Luka 3:3-6; Galatiatɔwo 3:24) Eyata dɔ si Yohanes wɔ la ‘dzra amewo ɖo be woasu te na Yehowa.’

11. Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, nya kae Petro gblɔ le “Yehowa ƒe ŋkeke” la ŋu, eye ɣekaɣie ŋkekea va?

11 Dɔ si Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ abe “Eliya” ene la ɖee fia be “Yehowa ƒe ŋkeke” aɖe gogo. Apostolo Petro hã ɖee fia be ŋkeke si dzi Mawu atso ɖe eƒe futɔwo ŋu eye wòakpɔ eƒe amewo ta la gogo. Eɖee fia be nukunu siwo dzɔ le Pentekoste-ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me la nye Yoel ƒe nyagblɔɖi le Mawu ƒe gbɔgbɔ si wòakɔ ɖi ŋu la me vava. Petro ɖee fia be esia adzɔ do ŋgɔ na “Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la.” (Dɔwɔwɔwo 2:16-21; Yoel 3:1-5) Ƒe 70 M.Ŋ. mee Yehowa na eƒe Nya la va eme eye wòna Roma-ʋakɔwo he Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va dukɔ si gbe Via la dzi.—Daniel 9:24-27; Yohanes 19:15.

12. (a) Nya kawoe Paulo kple Petro gblɔ le “Yehowa ƒe ŋkeke” si gogo ŋu? (b) Nukata nudzɔdzɔ aɖe ganɔ ŋgɔ godoo si anye dɔ si Eliya wɔ ƒe kpɔɖeŋu?

12 Gake nu bubu aɖe agadzɔ le ƒe 70 M.Ŋ. megbe. Apostolo Paulo tsɔ ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ ƒe vava ku ɖe Yesu Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, apostolo Petro ƒo nu tso ŋkeke ma ŋu wòdo ƒome kple “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ava le etsɔme. (Tesalonikatɔwo II, 2:1, 2; Petro II, 3:10-13) Ðo ŋku edzi hã be Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ dɔ aɖe si ɖi Eliya tɔ hafi ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ la va le ƒe 70 M.Ŋ. me. Esiawo katã ɖee fia be nu bubu aɖe hã agadzɔ wòanye dɔ si Eliya wɔ la ƒe kpɔɖeŋu. Nukae wònye?

Eliya ƒe Gbɔgbɔ Le Wo Me

13, 14. (a) Nukawoe ɖi wo nɔewo le dɔ siwo Eliya wɔ kple esiwo egbeŋkekea me Kristotɔ amesiaminawo wɔ me? (b) Nukae Kristodukɔa ƒe xɔsegbelawo wɔ?

13 Menye Yohanes Amenyrɔɖetsimela la ƒe dɔwo koe ɖi dɔ si Eliya wɔ o ke Kristotɔ amesiamina siwo le ɣeyiɣi sesẽ sia si do ŋgɔ na “Yehowa ƒe ŋkeke” la me la hã tɔ ɖii. (Timoteo II, 3:1-5) Esi Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ le wo me ta la, wonye tadedeagu vavãtɔ dzidela nuteƒewɔlawo. Eye aleke gbegbe esia va le vevie enye si! Le Kristo ƒe apostolowo ƒe ku megbe la, xɔsegbegbe tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ do mo ɖa, abe alesi Baal-subɔsubɔ kpɔ ŋusẽ le Israel le Eliya ƒe ŋkekea me ene. (Petro II, 2:1) Amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la dze egɔme tsɔ alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafia kple nuwɔnawo va tsaka Kristotɔnyenyee. Le kpɔɖeŋu me, wova lɔ̃ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia si metso Ŋɔŋlɔawo me o la dzi be luʋɔ makumaku le amegbetɔ si. (Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4) Kristodukɔa ƒe xɔsegbelawo dzudzɔ Mawu vavãtɔ ɖeka la ƒe ŋkɔ, Yehowa, zazã. Mawuɖekaetɔ̃ aɖee wosubɔna ɖe eteƒe. Wova srɔ̃ Baal-subɔlawo ƒe nuwɔna eye wobɔbɔna dea ta agu na Yesu kple dadaa, Maria, ƒe nɔnɔmewɔwɔwo. (Romatɔwo 1:23; Yohanes I, 5:21) Gake metɔ ɖe afima o.

14 Tso ƒe alafa 19 lia me yina la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kplɔlawo va nɔ ɖi kem Biblia ƒe akpa geɖe. Le kpɔɖeŋu me, wogbe xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me eye woda asi ɖe nɔnɔmetɔtrɔnufiafia dzi, hegblɔ be “esɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu.” Esia tsi tre ɖe Yesu Kristo kple eƒe apostolowo ƒe nufiafiawo ŋu tẽ. (Mateo 19:4, 5; Korintotɔwo I, 15:47) Gake Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lé Biblia ƒe xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖia me ɖe asi egbea, abe alesi Yesu kple eyomedzela gbãtɔwo wɔe ene.—Mose I, 1:27.

15, 16. Amekawoe wona gbɔgbɔmenuɖuɖui ɣesiaɣi wòto vovo na Kristodukɔa tɔ, eye to mɔ ka nu?

15 Esi xexeame ge ɖe ‘nuwuɣia’ me la, gbɔgbɔmedɔ aɖe to le Kristodukɔa me. (Daniel 12:4; Amos 8:11, 12) Gake abe alesi Yehowa kpɔ egbɔ be Eliya kpɔ nu ɖu esime dɔ to le eƒe ŋkekea me ene la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe kpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo tso Mawu gbɔ ɖe “ɣeyiɣi nyui dzi” ɣesiaɣi. (Mateo 24:45; Fiawo I, 17:6, 13-16) Mawusubɔla nuteƒewɔla siawo siwo woyɔ be Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo tsã la xɔ ŋkɔ si tso Ŋɔŋlɔawo me be Yehowa Ðasefowo.—Yesaya 43:10.

16 Eliya nɔ agbe wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔ si gɔmee nye “Yehowa Enye Nye Mawu” la nu. Gbetakpɔxɔ si nye Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi ƒe magazine vevi la zãa Mawu ƒe ŋkɔ ɣesiaɣi. Le nyateƒe me la, eƒe tata evelia (August 1879) gblɔe kple kakaɖedzi be Yehowae le megbe na magazine la. Magazine sia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo klo nu le Kristodukɔa kple Babilon Gã, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la, ƒe akpa susɔea ƒe nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o ŋu, eye wodoa Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe nyateƒenyenye ɖe dzi.—Timoteo II, 3:16, 17; Nyaɖeɖefia 18:1-5.

Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me

17, 18. Aleke Izebel wɔ nui esi wowu Baal ƒe nyagblɔɖilawo, gake aleke wokpe ɖe Eliya ŋui?

17 Nusi osɔfowo wɔ esi woklo nu le wo ŋu la sɔ kple nusi Izebel wɔ esime wòse be Eliya wu Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Eɖo du ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖila nuteƒewɔla la heka atam be yeana woawui. Menye ŋɔdzidoname gbɔlo ko esia nye o, elabena Izebel wu Mawu ƒe nyagblɔɖila geɖe xoxo. Vɔvɔ̃ ɖo Eliya wòsi yi anyieheɣetoɖoƒe gome le Beer-Seba. Egblẽ esubɔvia ɖe afima eye wògayi ŋgɔ, va ɖo gbedzi hedo gbe ɖa be yeaku. Gake Yehowa megblẽ eƒe nyagblɔɖila la ɖi o. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Eliya eye wòdzrae ɖo ɖe mɔ legbe aɖe zɔzɔ ayi Xoreb-toa gbɔ ŋu. Eyata wona nuɖuɖui ɖe ŋkeke 40 ƒe mɔzɔzɔ si didi kilometa 300 kple edzivɔ la ŋu. Mawu ƒo nu nɛ le Xoreb-toa gbɔ esi wòɖe eƒe ŋusẽ fiae ŋɔdzitɔe le ahom gã aɖe, anyigbaʋuʋu, kple dzo aɖe me vɔ megbe. Yehowa menɔ ɖeɖefia siawo me o. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, ƒe dɔwɔnawoe wonye. Emegbe Yehowa ƒo nu kple eƒe nyagblɔɖila la. Kpɔ alesi gbegbe nudzɔdzɔ sia de dzi ƒoe na Eliya ɖa le susu me. (Fiawo I, 19:1-12) Ke nukae míawɔ ne tadedeagu vavãtɔ ƒe futɔwo ƒe ŋɔdzidoname do vɔvɔ̃ na mí abe alesi wòdzɔ ɖe Eliya dzi ene? Ele be nusi teƒe wòkpɔ la nakpe ɖe mía ŋu míade dzesii be Yehowa megblẽa eƒe amewo ɖi o.—Samuel I, 12:22.

18 Mawu na eme kɔ ƒã be dɔ gali Eliya si nye nyagblɔɖila la nawɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be Eliya bu be ye koe susɔ ganye Mawu vavã la subɔla le Israel hã la, Yehowa ɖee fiae be ame 7,000 li siwo mede ta agu na Baal o. Mawu na Eliya trɔ yi eƒe dɔ gbɔ. (Fiawo I, 19:13-18) Tadedeagu vavãtɔ ƒe futɔwo ate ŋu atɔ ŋku mí abe alesi wowɔ na Eliya ene. Ðewohĩ woati mía yome vevie abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene. (Yohanes 15:17-20) Ðewohĩ vɔvɔ̃ aɖo mí ɣeaɖewoɣi. Gake míate ŋu awɔ nu abe Eliya, amesi Mawu gblɔ kakaɖedzinyawo na eye wòyi edzi wɔ Yehowa ƒe dɔ le nuteƒewɔwɔ me la ene.

19. Nuka teƒee Kristotɔ amesiaminawo kpɔ le Xexemeʋa I wɔɣi?

19 Yometiti sesẽ si va Kristotɔ amesiaminawo dzi le Xexemeʋa I me na vɔvɔ̃ ɖu wo dometɔ aɖewo dzi eye wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Wobui vodadatɔe be yewoƒe anyigbadzidɔa wu enu. Gake Mawu megbe wo o. Ke boŋ elé wo ɖe te, abe alesi wòna nuɖuɖu Eliya ene. Amesiamina nuteƒewɔlawo lɔ̃ Mawu ɖɔ wo ɖo eye wogava dze dɔ gɔme ake, abe alesi wònɔ le Eliya gome ene. Woʋu woƒe ŋkuwo wova kpɔ mɔnukpɔkpɔ gã si gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia nye dze sii.

20. Mɔnukpɔkpɔ kae wona amesiwo wɔa nuteƒe abe Eliya ene egbea?

20 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu me la, eƒo nu tso dɔ si woawɔ le xexeame katã si awu enu hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nawu enu la ŋu. (Mateo 24:14) Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le paradisonyigba dzi la le dɔ sia wɔm egbea. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ vaseɖe eƒe nuwuwu nye mɔnukpɔkpɔ si wotsɔ na amesiwo wɔa nuteƒe abe Eliya ene ɖeɖeko.

Wɔ Nuteƒe abe Eliya Ene

21, 22. (a) Dɔ kae Kristotɔ amesiaminawo xɔ ŋgɔ wole wɔwɔm egbea? (b) Kpekpeɖeŋu kae na wote ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm, eye nukata wòhiã?

21 Abe Eliya ene la, nyateƒe Kristotɔ siwo wosi ami na ƒe ame susɔe ʋeeawo tsɔ veviedodo wɔ woƒe dɔ si nye be woakpɔ Fia, Yesu Kristo, si woɖo zi dzi la ƒe nu siwo le anyigba dzi la dzi. (Mateo 24:47) Eye anɔ ƒe 60 kple edzivɔe nye sia si Mawu le amesiamina siawo zãm be woanɔ ŋgɔ awɔ amesiwo wòna agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukui la nusrɔ̃lawoe. (Mateo 28:19, 20) Aleke gbegbe ame miliɔn geɖe siawo ate ŋu ada akpee nye si be amesiamina susɔe siwo mesɔ gbɔ de wo nu o tsɔ veviedodo le woƒe dɔwo wɔm le nuteƒewɔwɔ me!

22 Amegbetɔ madeblibowoe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm eye ŋusẽ si Yehowa naa amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu le gbedodoɖa me koe ana woate ŋu awɔe. Esime Yakobo nɔ nu ƒom tso kpɔɖeŋu si nyagblɔɖila la ɖo ŋu be yeatsɔ afia ŋusẽ si le ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa ŋu la, egblɔ be: “Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene.” (Yakobo 5:16-18) Eliya menɔ nyagbɔgblɔɖi alo nukunuwo wɔwɔ dzi ɖaa o. Amegbetɔ ƒe seselelãme kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le mía ŋu la nɔ eya hã ŋu, gake esubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe. Esi Mawu kpena ɖe míawo hã mía ŋu hedoa ŋusẽ mí la, míate ŋu awɔ nuteƒe abe Eliya ene.

23. Nukata mía tɔ dzɔ be míawɔ nuteƒe eye míakpɔ mɔ na nu nyuiwo?

23 Mía tɔ dzɔ be míawɔ nuteƒe eye míakpɔ mɔ na nu nyuiwo. Ðo ŋku edzi be Yohanes Amenyrɔɖetsimela la wɔ dɔ si ɖi Eliya tɔ hafi ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ va le ƒe 70 M.Ŋ. me. Kristotɔ amesiaminawo tsɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ wɔ dɔ ma tɔgbe si Mawu de asi na wo le anyigba dzi katã. Esia ɖo kpe edzi kɔte be “Yehowa ƒe ŋkeke” la gogo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke woɖe Yehowa ƒe Mawunyenye fiae le Karmel-toa dzi?

◻ Amekae nye ‘Eliya si ava’ la, eye nukae wòwɔ?

◻ Aleke egbeŋkekea me Kristotɔ amesiaminawo ɖee fiae be Eliya ƒe gbɔgbɔ le yewo me?

◻ Nukata wòanya wɔ be míawɔ nuteƒe abe Eliya ene?

[Aɖaka si le axa 15]

DZIƑO KAE ELIYA YI?

“Esime [Eliya kple Elisa] wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo.”—Fiawo II, 2:11.

Nukae nya “dziƒo” fia le nya sia me? Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya la na Mawu kple via mawudɔlawo ƒe gbɔgbɔmenɔƒe. (Mateo 6:9; 18:10) “Dziƒo” ate ŋu afia xexeame godoo si miìekpɔna. (Mose V, 4:19) Eye Biblia zãa nya sia tsɔ fiaa anyigba ƒe yame nutome, afisi xewo dzona eye ya ƒona le.—Psalmo 78:26; Mateo 6:26.

Dziƒo siawo dometɔ kae nyagblɔɖila Eliya yi? Edze ƒã be wotsɔe to anyigba ƒe yame nutome yi ɖada ɖe anyigba ƒe akpa bubu. Eliya ganɔ anyigba dzi le ƒe aɖewo megbe, elabena eŋlɔ lɛta na Yuda Fia Yoram. (Kronika II, 21:1, 12-15) Emegbe Yesu Kristo ɖo kpe edzi be Eliya melia yi Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔmenɔƒe o, esime wògblɔ be: “Ame aɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi,” si nye Yesu ŋutɔ. (Yohanes 3:13) Yesu Kristo ƒe ku, eƒe tsitretsitsi, kple dziƒoyiyi megbee woʋu dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔ na amegbetɔ madeblibowo zi gbãtɔ.—Yohanes 14:2, 3; Hebritɔwo 9:24; 10:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe