Amekae Atsi Agbe le ‘Yehowa ƒe Ŋkeke la’ Dzi?
“Ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.”—PETRO II, 3:11, 12.
1. Amekawoe tsɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ wɔa dɔe?
YEHOWA MAWU tia amesiwo ava zu hadomenyilawo kple Via, Yesu Kristo, le Dziƒofiaɖuƒea me la tso ameƒomea dome. (Romatɔwo 8:16, 17) Esime Kristotɔ amesiaminawo kpɔtɔ le anyigba dzi la, wotsɔa Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ wɔa dɔe. (Luka 1:17) Le nyati si do ŋgɔ me la, míede dzesi nanewo siwo ɖi wo nɔewo le woƒe dɔwɔnawo kple nyagblɔɖila Eliya tɔwo me. Ke dɔ si nyagblɔɖila Elisa si va xɔ ɖe Eliya teƒe wɔ ya ɖe?—Fiawo I, 19:15, 16.
2. (a) Nukae nye Eliya ƒe nukunu mamlɛtɔ, kple Elisa tɔ gbãtɔ? (b) Kpeɖodzi kae li be Eliya meyi dziƒo o?
2 Nukunu mamlɛtɔ si Eliya wɔe nye Yordan Tɔsisia ƒe tsiwo mamã esi wòtsɔ eƒe awu ʋlaya ƒo edzi. Esia na Eliya kple Elisa te ŋu zɔ anyigba ƒuƒui dzi tso tɔa. Esi wonɔ zɔzɔm le tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi la, ahomya aɖe kɔ Eliya dzoe yi anyigba ƒe teƒe bubu. (Kpɔ aɖaka si le axa 15 si ƒe tanyae nye “Dziƒo Kae Eliya Yi?”) Eliya gblẽ eƒe awu ʋlaya la ɖi. Esime Elisa tsɔe ƒo Yordan-tɔsisia dzi la, eme tsiwo gamã ake, eye ete ŋu zɔ anyigba ƒuƒui dzi trɔ gbɔ. Nukunu sia na wòdze ƒã be Elisa va xɔ ɖe Eliya teƒe le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me le Israel.—Fiawo II, 2:6-15.
Mawumenɔnɔmewo Le Vevie
3. Nya kawoe Paulo kple Petro gblɔ le Yesu ƒe anyinɔnɔ kple ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ ŋu?
3 Ƒe alafa geɖe le Eliya kple Elisa ƒe ŋkekeawo megbe la, apostolo Paulo kple Petro tsɔ ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ la ƒe vava ku ɖe Yesu Kristo ƒe anyinɔnɔ kple “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si wonɔ mɔ kpɔm na ɣemaɣi be ava le etsɔme la ŋu. (Tesalonikatɔwo II, 2:1, 2; Petro II, 3:10-13) Hafi míate ŋu atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkeke gã la dzi—esime Mawu atsrɔ̃ eƒe futɔwo ahaɖe eƒe amewo—la, ele be míadi Yehowa eye míabɔbɔ mía ɖokui ahawɔ nu dzɔdzɔe. (Zefanya 2:1-3) Gake míakpɔe be nɔnɔme bubu aɖewo hã hiã ne míedzro nudzɔdzɔ siwo ku ɖe nyagblɔɖila Elisa ŋu me.
4. Akpa kae veviedodo wɔna le Yehowa subɔsubɔ me?
4 Veviedodo le Mawu subɔsubɔ me hiã vevie ne míatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi. Eliya kple Elisa do vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me. Kristotɔ amesiamina susɔeawo tsɔ veviedodo ma tɔgbe wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Yehowa egbea eye woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me.a Tso ƒe 1930 ƒeawo ƒe titina la, wode dzi ƒo na amesiwo katã le Fiaɖuƒegbedasia xɔm hele mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la be woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Marko 8:34; Petro I, 3:21) Ame miliɔn geɖe wɔ ɖe dzideƒonya sia dzi. Wonɔ gbɔgbɔmeviviti me heku ɖe woƒe nuvɔ̃ me tsã, gake fifia wosrɔ̃ Mawu ƒe nyateƒea, woxɔ agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa, eye wodoa vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me. (Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Woto woƒe veviedodo, nuwɔwɔ aduadu, amedzrowɔwɔ, kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ me naa Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo gale anyigba dzi ƒe dzi dzea eme.—Mateo 25:31-46.
5. Nukata wòle vevie nenema gbegbe be míawɔ nyui na Yesu ‘nɔviwo,’ eye kpɔɖeŋu kae woɖo na mí le Elisa ƒe ŋkekea me?
5 Mɔkpɔkpɔ le amesiwo wɔa nyui na Yesu ‘nɔviwo’ le esi amesiamina siawo nye eyomedzelawo ta la si be woatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi. Woyra atsu kple asi aɖewo siwo nɔ Sunem-kɔƒe me geɖe le esi wonyo dɔme hewɔ amedzro na Elisa kple esubɔvi ta. Vi menɔ srɔ̃tɔ siawo si o, eye ŋutsua ku amegã. Gake Elisa do ŋugbe na Sunem-nyɔnua be adzi viŋutsuvi, eye esia va eme hã. Esi viŋutsuvi ɖekɛ sia ku le ƒe aɖewo megbe la, Elisa yi Sunem ɖafɔe ɖe tsitre. (Fiawo II, 4:8-17, 32-37) Aleke gbegbe woɖo amedzro si wowɔ na Elisa la teƒe na woe nye si!
6, 7. Kpɔɖeŋu kae Naeman ɖo, eye aleke wòku ɖe agbetsitsi le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi ŋui?
6 Ehiã be míabɔbɔ mía ɖokui hafi ate ŋu awɔ ɖe Kristo ‘nɔviwo’ ƒe mɔfiafia si wotu ɖe Biblia dzi la dzi kple mɔkpɔkpɔ be míatsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi. Eva hiã be Aramtɔwo ƒe aʋafia Naeman si ŋu anyi nɔ la nabɔbɔ eɖokui awɔ ɖe Israel-nyɔnuvi aɖe si woɖe aboyoe ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi eye wòayi Israel aɖadi Elisa be wòada dɔ nɛ. Le esi teƒe be Elisa nado va kpe Naeman la, edɔ be woagblɔ nɛ be: “Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti akɔ.” (Fiawo II, 5:10) Naeman ƒe dada wɔe be nya la ve dɔme nɛ eye wòbi dzi, gake esi wòtsɔ ɖokuibɔbɔ yi ɖado ɖi ɖe Yordan-tɔsisia me zi adre la, “eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa ɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.” (Fiawo II, 5:14) Hafi Naeman natrɔ ayi aƒe la, ezɔ mɔ trɔ yi Samaria ɖada akpe na Yehowa ƒe nyagblɔɖila la. Esi Elisa ɖoe kplikpaa be yematsɔ ŋusẽ si Mawu na ye adi ŋutilãmenuwoe o ta la, edo yi ɖakpe Naeman gake mexɔ nunana aɖeke le esi o. Naeman gblɔ na Elisa ɖokuibɔbɔtɔe be: “Wò dɔla magasa numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubuwo azɔ o, negbe Yehowa ko.”—Fiawo II, 5:17.
7 Ame miliɔn geɖe kpɔa yayra gbogbowo egbea esi wowɔna ɖe amesiaminawo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me dzi ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse wɔe be wokɔ dzianukwaretɔ siawo ŋu le gbɔgbɔ me. Fifia mɔnukpɔkpɔ su wo si be wonye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo xɔlɔ̃wo. (Psalmo 15:1, 2; Luka 16:9) Eye woakpɔ wo ta tso tsɔtsrɔ̃ mavɔ si ava nuvɔ̃wɔla dadala matrɔdzimewo dzi le ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ si le du dzi gbɔna la dzi me atsɔ aɖo wo ɖokui tsɔtsɔ na Mawu kple eƒe subɔsubɔdɔ la teƒe na woe.—Luka 13:24; Yohanes I, 1:7.
“Ameka Le Dzinye, Amekae?”
8. (a) Nɔnɔme kae le amesiwo atsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi la si ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu? (b) Dɔ kae wode asi na Yehu? (d) Nukae wogblɔ be adzɔ ɖe Izebel dzi?
8 Ele be amesiwo le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi naɖoe kplikpaa be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hã. Eliya gblɔe ɖi dzideƒotɔe be Fia Axab ƒe aƒemetɔ siwo nye amewula Baal-subɔlawo atsrɔ̃. (Fiawo I, 21:17-26) Gake hafi tsɔtsrɔ̃ sia nava la, ele be Elisa si va xɔ ɖe Eliya teƒe nawu dɔ aɖe si nu womewu haɖe o la nu. (Fiawo I, 19:15-17) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Elisa gblɔ na subɔvi aɖe be wòayi aɖasi ami na aʋafia Yehu wòazu Israel-fia yeye. Esi dɔla la kɔ ami ɖe Yehu ƒe ta dzi vɔ la, egblɔ nɛ be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Yehowa ƒe aƒe Israel dzi. Eye tsrɔ̃ wò aƒetɔ Axab ƒe aƒe la, ne mabia hlɔ̃ Izebel ɖe nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe dɔlawo katã ƒe ʋu nu. Axab ƒe aƒe blibo la atsrɔ̃ gbidigbidi.” Woatsɔ Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel aƒu gbe ɖe avuwo eye womaɖii bubutɔe o.—Fiawo II, 9:1-10.
9, 10. Aleke Eliya ƒe nyawo va eme le Izebel gome?
9 Yehu ƒe amewo kpɔe be amisisi nɛ la sɔ eye woɖe gbeƒã eyama be ezu Israel-fia yeye. Yehu tso ɖe dɔ ŋu eye wòdo tasiaɖam ɖo ta Yezreel be yeadze yeƒe dɔ si nye be yeatsrɔ̃ xɔsegbela siwo nɔ Baal-subɔsubɔ nu la gɔme. Ame gbãtɔ si Yehu da aŋutrɔe wòkue nye Axab ƒe vi Fia Yoram. Edo tasiaɖam do le dua me yi ɖabia Yehu be ŋutifafagbee wòva hã. Yehu ɖo eŋu be: “Ŋutifafa ka? Esi dawò Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa . . . le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?” Esi Yehu gblɔ nya ma ko la, eda dati te Yoram ƒe dzi wòŋɔ ɖi go.—Fiawo II, 9:22-24.
10 Nyɔnu mawuvɔ̃lawo mewɔa nu abe Izebel alo etɔgbe aɖeke ene o. (Nyaɖeɖefia 2:18-23) Esime Yehu ɖo Yezreel la, nyɔnua dze agbagba wɔ leke na eɖokui. Enɔ fesre nu do gbe nɛ amefuflutɔe. Ebia nyɔnua ƒe subɔviwo be: “Ameka le dzinye, amekae?” Enumake aƒemenuwo dzikpɔla eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre nu. Ðe wonɔ Yehu ƒe akpa dzia? Eƒoe ɖe wo nu be: “Mitu asii ƒu anyi!” Wowɔ ɖe edzi enumake, hetutu Izebel vɔ̃ɖi la to fesre nu ƒu anyi. Anye be sɔawo tsɔ afɔ fanyae. Esime amewo va be yewoaɖii la, ‘eƒe takoli kple afɔbaya kpakple asibayawo ko wokpɔ.’ Aleke gbegbe Eliya ƒe nya va eme wòɖe dzesi enye si be: “Avũwo aɖu Izebel ƒe lã”!—Fiawo II, 9:30-37.
Megbenɔnɔ na Tadedeagu Vavãtɔ tso Dzime
11. Amekae nye Yonadab, eye aleke wòɖe eƒe megbenɔnɔ na tadedeagu vavãtɔ fiae?
11 Ele be amesiwo le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi eye yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la natso dzi blibo me anɔ megbe na tadedeagu vavãtɔ. Ele be woanɔ abe Yehonadab, alo Yonadab, si nye Yehowa subɔla si metso Israel o la ene. Esi Yehu yi edzi tsɔ veviedodo be yeawɔ dɔ si wode esi la, Yonadab di be yeaɖee afia be yelɔ̃ ɖe edzi hele megbe nɛ. Eyata edo go yi ɖakpe Israel-fia yeye la, amesi ɖo ta Samaria be yeaɖatsrɔ̃ Axab ƒe aƒemetɔ susɔeawo. Esi Yehu kpɔ Yonadab la, ebiae be: “Wò dzi me kɔ, abe alesi nye dzi le ɖe wò dzi ŋu enea?” Alesi Yonadab ɖo eŋu kple kakaɖedzi la ʋã Yehu wòna asii eye wòkpe Yonadab wòva nɔ eƒe aʋatasiaɖam la me, hegblɔ be: “Va míyi, ne nakpɔ, alesi mele ŋu ʋãm ɖe Yehowa nui.” Yonadab mehe ɖe megbe kura o, exɔ mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖe eƒe megbenɔnɔ na Yehowa ƒe ametsrɔ̃la si wosi ami na la fia.—Fiawo II, 10:15-17.
12. Nukata wòsɔ be Yehowa di be míasubɔ ye ɖeka ko?
12 Esɔ ŋutɔ be woatsɔ dzi blibo anɔ megbe na tadedeagu vavãtɔ, elabena Yehowae nye Wɔla la kple Xexeame Katã ƒe Fiagã, amesi dii wòsɔ be míasubɔ ye ɖeka ko eye edze nɛ hã. Ede se na Israel-viwo be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.” (Mose II, 20:4, 5) Ele be amesiwo le mɔ kpɔm be yeawoatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi nade ta agu na eya ɖeka ko, eye woawɔe “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:23, 24) Ele be woanɔ te sesĩe le tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi, abe Eliya, Elisa kple Yonadab ene.
13. Abe alesi Yonadab ƒe dzi nɔ Yehu ŋu ene la, amekawoe xɔ Mesia Fia la, eye aleke woɖea esia fianae?
13 Esi Fia Yehu tsrɔ̃ Axab ƒe aƒea vɔ la, egawɔ nu bubuwo tsɔ ɖe ha Baal-subɔlawo eye wòɖe alakpasubɔsubɔ sia ɖa le Israel. (Fiawo II, 10:18-28) Egbea woɖo Fia Yesu Kristo si le dziƒo be wòatsrɔ̃ Yehowa ƒe futɔwo eye wòaʋli Eƒe dziɖulanyenye ta. Abe alesi Yonadab ƒe dzi nɔ Yehu ŋu ene la, egbea Yesu ƒe “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” la tso dzi blibo me lɔ̃ ɖe edzi be Kristoe nye Mesia Fia la eye wowɔa nu aduadu kple eƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Yohanes 10:16) Nusi wotsɔ ɖoa kpe edzi enye be wonɔa agbe ɖe tadedeagu vavãtɔ nu eye wokpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me veviedodotɔe, hexlɔ̃a nu Mawu ƒe futɔwo le ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ si le du dzi gbɔna ŋu.—Mateo 10:32,33; Romatɔwo 10:9, 10.
Nudzɔdzɔ Gãwo Le Ŋgɔ Gbɔna Kpuie!
14. Nukae dze ŋgɔ alakpasubɔsubɔ?
14 Yehu ɖe afɔ tsɔ he Baal-subɔsubɔ va nuwuwui le Israel. Le míaƒe ŋkekea me la, Mawu ato Yehu Gãtɔ, Kristo Yesu dzi ahe tsɔtsrɔ̃ ava Babilon Gã, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea dzi. Eteƒe madidi o míakpɔ nya siwo mawudɔla la gblɔ na apostolo Yohanes la me vava be: “Dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo [Babilon Gã] la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.” (Nyaɖeɖefia 17:16, 17; 18:2-5) “Dzo ewo” la tsi tre ɖi na asrafowo ƒe dunyahedziɖuɖu siwo le anyigba la dzi ɖum. Togbɔ be fifia ahasiwɔwɔ ƒe ƒomedodo le wo kple Babilon Gã la dome hã, ɣeyiɣi kpui aɖe ko wòaganɔ anyi. Xexe sia me dunyahedziɖuɖuwo atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ, eye “lã la”—Dukɔ Ƒoƒuawo—awɔ “dzo ewo” la ŋudɔ vevie atsɔ atsrɔ̃e.b Yehowa kafukafu ƒe ɣeyiɣi kae nye si wòanye!—Nyaɖeɖefia 19:1-6.
15. Nukae adzɔ ne wote kpɔ be woatsrɔ̃ Mawu ƒe anyigbadzihabɔbɔ la?
15 Esi Fia Yehu tso ɖe Baal-subɔsubɔ ŋu vɔ la, eƒe dziɖuɖua trɔ susu ɖe dukɔ siwo nye Israel ƒe futɔwo la ŋu. Fia Yesu Kristo awɔ dɔ ma tɔgbe. Dunyahedziɖuɖuwo akpɔtɔ anɔ anyi le alakpasubɔsubɔ si sɔ kple Baal-subɔsubɔ la ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe. Satana Abosam ana Yehowa ƒe fiagãnyenye ƒe futɔ siawo naho ɖe Mawu ƒe anyigbadzihabɔbɔa ŋu adze agbagba be yewoatsrɔ̃e. (Xezekiel 38:14-16) Gake Yehowa ana Fia Yesu Kristo nasi wo to wo tsɔtsrɔ̃ le Harmagedon, “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la me, wòahe Yehowa ƒe fianyenye taʋiʋli ava nuwuwui.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11-21; Xezekiel 38:18-23.
Subɔsubɔ Veviedodotɔe abe Elisa Ene
16, 17. (a) Aleke míewɔ nya be Elisa do vevie nu vaseɖe eƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu? (b) Nukae wòle be míatsɔ nyateƒea ƒe aŋutrɔwo awɔe?
16 Vaseɖe esime ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ nahe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa katã ava nuwuwui la, mawusubɔlawo ayi edzi awɔ nu le dzideƒo kple veviedodo me abe Elisa ene. Elisa ɖeɖe tsɔ ƒe 50 wɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilanyenye ƒe dɔ tsɔ kpe ɖe Eliya ƒe subɔvinyenye ŋu. Eye Elisa do vevie nu vaseɖe eƒe agbe didia ƒe nuwuwu ke. Do ŋgɔ teti na eƒe ku la, Yehu tɔgbuiyɔvi, Fia Yoas, yi ɖasrãe kpɔ. Elisa gblɔ nɛ be wòada aŋutrɔ ato fesre me. Aŋutrɔ la dze teƒe si ŋu wodzidzee ɖo, eye Elisa do ɣli be: “Dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ tso Yehowa gbɔ kple Aramtɔwo dzi ɖuɖu ƒe aŋutrɔ! Àsi Aramtɔwo le Afek, vaseɖe esime woatsrɔ̃.” Azɔ Elisa bia tso Yoas si be wòatsɔ eƒe aŋutrɔawo aƒo anyigba. Gake metsɔ veviedodo wɔ esia o, eye wòƒoe zi etɔ̃ pɛ. Azɔ Elisa gblɔ nɛ be le esia ta zi etɔ̃ pɛ koe woana mɔ Yoas wòaɖu Aram dzi, eye nu ma tututue dzɔ. (Fiawo II, 13:14-19, 25) Fia Yoas mesi Aramtɔwo ‘wotsrɔ̃’ keŋkeŋ o.
17 Gake amesiamina susɔeawo tsɔ veviedodo si ɖi Elisa tɔ yia edzi wɔa avu kple alakpasubɔsubɔ. Woƒe zɔhɛ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã wɔa nenema ke. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be nya si veviedola Elisa gblɔ le anyigbaƒoƒoa ŋu la nanɔ susu me na amesiwo katã le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi. Mina míatsɔ nyateƒea ƒe aŋutrɔwo eye míatsɔ wo aƒo anyigba—atraɖii—ẽ, vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be wo ŋudɔwɔwɔ wu enu.
18. Aleke wòle be míawɔ ɖe nya siwo le Petro II, 3:11, 12 dzii?
18 Eteƒe madidi o ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ ahe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi la ava nuwuwui. Eyata mina apostolo Petro ƒe nya dedziƒonameawo naʋã mí ɖe dɔ ŋu. Petro gblɔ be: “Esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.” (Petro II, 3:11, 12) Ne Mawu ƒe dziku ƒe dzo si wòaɖe afia to Yesu Kristo dzi lólo nuɖoanyi sia ƒe akpa sia akpa la, amesiwo ƒe agbenɔnɔ dzɔ eye wosroa Mawu ɖa koe asi le enu. Ehiã vevie be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me siaa. Nenema ke enye lɔlɔ̃ na mía havi amegbetɔwo hã si míeɖena fiana to woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me, vevietɔ le gbɔgbɔmemɔnu to míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
19. Nukae wòle be míawɔ be míatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi?
19 Ðe wò nuƒoƒo kple nuwɔnawo ɖenɛ fiana be ènye mawusubɔla nuteƒewɔla si doa vevie nua? Ne nenemae la, ke àte ŋu akpɔ mɔ be yeatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi ayi ɖe Mawu ƒe xexeme yeye si ƒe ŋugbe wòdo la me. Ẽ, àtsi agbe ne èwɔ nyui na Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔviwo le esi wonye eyomedzelawo ta, abe alesi srɔ̃tɔ siwo nɔ Sunem wɔ amedzro na Elisa ene. Ne àtsi agbe la, ke ele be nànɔ abe Naeman ene, amesi wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi ɖokuibɔbɔtɔe eye wòva zu Yehowa subɔla. Ne èdi be yeanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la, ele be nàɖe wò megbenɔnɔ si tso dzi blibo me na tadedeagu vavãtɔ afia, abe alesi Yonadab wɔe ene. Ekema ànɔ Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo dome, amesiwo eteƒe madidi o woakpɔ Yesu ƒe nya siawo me vava be: “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!”—Mateo 25:34.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ si nye “Let Your Name Be Sanctified,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 18 kple 19.
b Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 254-6.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nɔnɔme siwo hiã hafi míatsi agbe le ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dzi dometɔ aɖewo ɖe?
◻ Kpɔɖeŋu kae atsu kple asi siwo nɔ Sunem ɖo le Elisa ƒe ŋkekea me?
◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Naeman gbɔ?
◻ Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yonadab ƒe kpɔɖeŋui?
◻ Dɔ kae wòle be Petro II, 3:11, 12 nawɔ ɖe mía dzi?