Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo ka Nya Ta
Kuxiwo Dzi Ðuɖu le “Anyigba si dzi Nuɖiɖeamewo Le”
APOSTOLO Paulo bia ƒe alafa gbãtɔ me Korinto Kristotɔwo be: “Ne kpẽ ƒe ɖiɖime mekɔ o la, ameka ladzra eɖokui ɖo na aʋa la mahã? Nenema ke miawo hã, ne mietsɔ aɖe gblɔ nya, si me mekɔ o la, aleke woadze si nusi miegblɔ la?”—Korintotɔwo I, 14:8, 9.
Le Papua New Guinea, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Anyigba si dzi Nuɖiɖeamewo Le la, Yehowa Ðasefowo doa go kuxi sesẽwo le gbeƒãɖeɖe Biblia ƒe gbedasi si me kɔ la me. Woɖea gbeƒã na gbe vovovo siwo wu 700 sɔŋ dolawo eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ ŋutɔ. Ðasefoawo doa go kuxi siwo nye tolialia, lɔrimɔ ƒe anyimanɔmanɔ, kple nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi hã. Le kuxi siawo katã megbe la, subɔsubɔha aɖewo, kple ɣeaɖewoɣi sukumegãwo, tsia tre ɖe wo ŋu.
Ke hã gbɔgbɔmenufiafia nyui kple degbe me Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe dzidziɖedzi le kpekpem ɖe Ðasefowo ŋu be woagblɔ nyanyuia eme nakɔ abe kpẽ si ƒe ɖiɖime kɔ nyuie ene. Zi geɖe la, amewo xɔa wo, abe alesi nyatakaka siwo gbɔna ɖee fia ene:
• Le sukuƒe yeye aɖe ƒe gɔmedzedze la, nufiala aɖe di be yeanya nusita Yehowa Ðasefowo ƒe viwo medoa gbe na aflaga alo dzia duha o. Ebia nya si le esi Maiola, ƒe 13 vi si nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ. Maiola ɖe nu me nɛ tso Ŋɔŋlɔawo me eme kɔ nyuie. Nufiala la xɔ eƒe numeɖeɖea le esi wònye Biblia mee wòtso ta. Wogblɔ eƒe numeɖeɖea na nufiala mamlɛawo hã.
Emegbe esi wobia tso sukuviwo si be woaŋlɔ nu tso nanewo ŋu la, Maiola tia Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nyati. Nyɔnuvi sia ƒe nuŋɔŋlɔe xɔ dzeside gbogbotɔ le woƒe klass, eye nufialaa biae be afikae wòkpɔ numeɖeɖea tsoe hã. Efia agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe Eŋlisigbe me tɔe. Nufialaa tsɔ agbalẽa fia klass la katã, eye ame geɖe di be yewoaxɔe. Eƒe ŋufɔke Maiola na agbalẽ 14 kple magazine 7 eƒe sukuhatiwo eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame etɔ̃ le wo dome. Maiola ƒe taɖodzinue nye be yeava azu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla.
• Wotsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si sa ɖe aga le ƒutakɔƒe aɖe si gogo Port Moresby la ŋu tso ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze ke. Gake nyitsɔ sia la, woxɔ kpekpeɖeŋu aɖe si ɖi ɖe wo ŋutɔ. Sɔlemeha si nye United Church si le afima ƒe bisiɔp, amesi nye Papua New Guinea tɔ si xɔ hehe le ƒugodo, gblɔ na hameviwo le sɔleme gbeɖeka be ne nya aɖe le ame aɖe si la, nebia. Ŋutsu aɖe bia be: “Ha evee le mía de—United Church la kple Yehowa Ðasefowo. Nukae míawɔ ne Ðasefowo va míaƒe aƒeme?” Bisiɔp la tɔ ʋuu hafi ɖo eŋu be: “Ènyaa, nyemenya nusi tututu magblɔ na wò o. Ðevi eve siwo nye Ðasefowo va aƒenyeme nyitsɔ aɖe. Wobia nya aɖem, eye yunivɛsiti gbogbo si mede hã nyemenya ŋuɖoɖoa o. Gake ɖeko woɖo eŋu nam bɔbɔe tso Biblia me. Eyata nyemagblɔ nusi miawɔ na mi o—magblẽe ɖe mia si me. Ne miedi be yewoaɖo to wo o la, menye dzizizie o, gake migado adã ɖe wo ŋu o.”
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa teƒenɔla aɖe si va srã Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sia kpɔ emegbe ka nya ta be: “Dua me tɔ ɖesiaɖe kloe ɖo to Ðasefowo esime woyi gbeƒãɖeƒe. Ðewo kpe wo va woƒe aƒewo me gɔ̃ hã. Ezu paradiso si me woaɖe gbeƒã le azɔ.”