Dzidzɔkpɔkpɔ—Mebɔ Kura O
DZIKU, dzodzodzoetsitsi, kple blanuiléle nye nusiwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu me kum le ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Gake le ƒe siawo me la, dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔwo va le nu me kum le nu tuameɖo dzroame aɖe ŋu—dzidzɔkpɔkpɔ.
Nukae ate ŋu ana amewo nakpɔ dzidzɔ? Ne wonye ɖekakpui alo ɖetugbi, gatɔ, lãmesesẽtɔ, ne wokɔ, alo wole tsralɛ wu yea? Nuka gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona? Nya ma ŋuɖoɖo sesẽna na ame akpa gãtɔ, alo womekpɔa ŋuɖoɖo nɛ kura o. Ne wobu alesi dzidzɔmakpɔmakpɔ bɔe ɖe afisiafi ŋu la, ɖewohĩ nyabiabia si nye nukae mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o ŋu ɖoɖo anɔ bɔbɔe na ame aɖewo wu.
Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si susuŋutinunyala xɔŋkɔwo kafui be ame ŋutɔ ƒe nudidiwo kple nudzodzrowo ŋu bubue ana woakpɔ dzidzɔ. Wode dzi ƒo na amesiwo dzi medzɔna o be woatsi dzi ɖe woƒe nuhiahiãwo kpɔkpɔ dzaa ko ŋu. Nya dzetowo abe “ɖe wò amenyenye fia,” “de dzesi wò seselelãmewo,” kple “nya wò amenyenye ŋutɔŋutɔ” zu nya siwo bɔ ɖe tagbɔdɔdalawo nu. Gake nunyala siwo tututu do susu sia ɖa dometɔ aɖewo lɔ̃ ɖe edzi fifia be ɖokuiŋububu ƒe nɔnɔme sia menaa wokpɔa dzidzɔ si nɔa anyi didina o. Ðokuiŋububu ahe vevesese kple dzidzɔmakpɔmakpɔ vɛ godoo. Ðokuitɔdidi mena wokpɔa dzidzɔ o.
Nusi Gbɔ Dzidzɔmakpɔmakpɔ Tsona
Amesiwo dia dzidzɔkpɔkpɔ le vivisese yometiti me la le edim le afisi mele o. Bu nunyala Fia Salomo si nɔ blema Israel ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Eɖe nu me le Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyagblɔla me be: “Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔ aɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpɔ dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu.” (Nyagblɔla 2:10) Salomo tu xɔwo na eɖokui, ede weingblewo, etɔ abɔwo, ewɔ tsaɖiƒevewo, kple tsitawo na eɖokui. (Nyagblɔla 2:4-6) Ebia kpɔ be: ‘Amekae ɖua nu noa nu wum?’ (Nyagblɔla 2:25) Hadzila kple haƒola nyuitɔwo kekeake ɖe modzaka nɛ, eye dukɔa me nyɔnu dzetugbeawo kekeake nye eƒe zɔhɛwo.—Nyagblɔla 2:8.
Nya lae nye be, Salomo mete nusiwo nye vivisesenuwo eɖokui o. Nya ta kae wòƒo le agbe me vivisesenu gbogbo siawo katã ƒe esi nɔnɔ megbe? Egblɔ be: “Esi metrɔ kɔ ɖe dɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋuti la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖe aɖeke mele ɣe la te o.”—Nyagblɔla 2:11.
Nusiwo ŋu fia nyanu sia ke ɖo la gasɔ pɛpɛpɛ vaseɖe egbea. Le kpɔɖeŋu me, bu dukɔ aɖe si me kesinɔnuwo bɔ ɖo abe United States ene ŋu kpɔ. Le ƒe 30 siwo va yi me la, Amerikatɔwo ƒe ŋutilãmenunɔamesiwo, abe ʋu kple television ene, dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe. Gake tagbɔdɔdalawo gblɔ be Amerikatɔwo mele dzidzɔ kpɔm ɖe edzi wu o. Magazine aɖe gblɔ be, “le ɣeyiɣi ma ke me la, blanuiléle dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ƒewuiviwo ƒe wo ɖokui wuwu dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃. Srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi teƒe eve.” Esi numekulawo ku nu me le ƒomedodo si le ga kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu le dukɔ vovovo 50 me la, nya ta mawo tɔgbe ke koe wogaƒo. Kpuie ko la, màte ŋu atsɔ ga aƒle dzidzɔkpɔkpɔe o.
Nya si to vovo kura na emae nye be woate ŋu ayɔ kesinɔnudidi wòasɔ be enye nusi na womekpɔa dzidzɔ o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.
Kesinɔnu, lãmesẽ, ɖekakpui alo ɖetugbi me nɔnɔ, ɖeka alo tugbe dzedze, ŋusẽnɔƒenɔnɔ, alo nusiawo ƒe ƒuƒoƒo dometɔ aɖeke mate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa o. Nukatae? Elabena mele míaƒe ŋusẽ me be míaxe mɔ ɖe dzɔgbevɔ̃ewo nu o. Fia Salomo gblɔe wòsɔ nyuie be: “Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa ɖɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.”—Nyagblɔla 9:12.
Taɖodzinu si Gbɔ Menya Ðona O
Aleke gbegbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku nu mee o, womate ŋu akpɔ amegbetɔ ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo alo ɖoɖo aɖeke si ahe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o. Salomo gblɔ hã be: “Megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.
Ame geɖe siwo lɔ̃ ɖe nya siawo siwo le etame dzi la ƒo nya ta be mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe si me dzidzɔ le ŋutɔŋutɔ nye nusi gbɔ womate ŋu aɖo o. Nufiala xɔŋkɔ aɖe gblɔ be “susumenu koe dzidzɔkpɔkpɔ nye.” Ame bubuwo xɔe se be nya ɣaɣla aɖe si womeʋu goe o ye nusi ana woakpɔ dzidzɔ nye, be vivimenukpɔla deŋgɔ ʋee aɖe siwo ƒe tagbɔ kɔ koe ate ŋu ake ɖe nya ɣaɣla ma ŋu.
Gake le dzidzɔkpɔkpɔ didi me la, amewo gayia edzi nɔa agbenɔnɔ ƒomevi vovovowo tem kpɔ kokoko. Togbɔ be wo tɔgbuiwo do kpoe hã la, ame geɖe gadia kesinɔnu, ŋusẽnɔƒenɔnɔ, lãmesẽ, alo vivisese egbea be yewoatsɔ aɖe yewoƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖa. Wogale edidi dzi elabena le ememe la, ame akpa gãtɔ xɔe se be dzidzɔkpɔkpɔ si anɔ anyi adidi menye tamesusu ƒe nɔnɔme aɖe ko o. Woƒe mɔkpɔkpɔe nye be dzidzɔkpɔkpɔ menye nudzroame aɖe si dzi ame ƒe asi mate ŋu asu o. Ðewohĩ àbia be, ‘Aleke mawɔ wòasu asinye?’