Dzidzɔkpɔkpɔ Vavãtɔ—Nuka Gbɔe Wòtsona?
ÐE WOÐOE be amegbetɔwo nakpɔ dzidzɔ. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi nenema? Enyo, bu amegbetɔ ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ.
Yehowa Mawu wɔ amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔ kple ŋutete be woakpɔ dzidzɔ. Woda Adam kple Xawa ɖe paradiso, vivisesebɔ aɖe, si woyɔna be Eden me. Wɔla la na agbemenu siwo katã hiã wo la wo. “Ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu” nɔ abɔa me. (Mose I, 2:9) Adam kple Xawa nɔ lãmesẽ me, ŋusẽ nɔ wo ŋu, eye wodze ɖeka kple tugbe—wode blibo eye wonɔ dzidzɔ kpɔm nyateƒe.
Gake nuka gbɔe woƒe dzidzɔkpɔkpɔa tso? Woƒe paradisoƒea yea, alo ɖewohĩ anye woƒe ŋutilã me blibodedee? Nusiawo siwo Mawu na wo la dzi woƒe vivisese na agbe ɖe edzi baa. Gake menye ŋutilãmenu siawo dzie woƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo o. Menye teƒe dzeani koe Eden-bɔa nye o. Enye kɔkɔeƒe aɖe, afisi woade ta agu na Mawu le. Nusi gbɔ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ atsoe nye alesi woana ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le la nanɔ wo kple wo Wɔla dome eye woana wòanɔ alea ɖaa. Be woakpɔ dzidzɔ la, ele be gbã woanye gbɔgbɔmemewo.—Tsɔe sɔ kple Mateo 5:3.
Gbɔgbɔmemenyenye Na Wokpɔa Dzidzɔ
Gbã la, gbɔgbɔmeƒomedodo nɔ Adam kple Mawu dome. Enye ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le, si me tufafa le abe vi kple fofo dome ƒomedodo ene. (Luka 3:38) Nɔnɔme siwo de blibo le go sia go me siwo ana Adam kple Xawa ƒe asi nasu woƒe didi si nye be yewoade ta agu dzi la nɔ Eden-bɔa me. Ne wotsɔ lɔlɔ̃nu faa ɖo to Yehowa le esi wolɔ̃e ta la, woade bubu Mawu ŋu eye woahe ŋutikɔkɔe vɛ nɛ le mɔ si de ŋgɔ sã wu esi nuwɔwɔ siwo nye lãwo ate ŋui nu. Woate ŋu atsɔ nunya si le wo si akafu Mawu ɖe eƒe nɔnɔme wɔnukuwo ta eye woanɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. Woate ŋu ayi edzi anɔ Yehowa ƒe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ kple tufafa le hã xɔm.
Kadodo sia me nɔnɔ kple Wɔla la kpakple wɔwɔ ɖe eƒe sewo dzi na mía dzila gbãtɔwo kpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Luka 11:28) Mehiã be Adam kple Xawa nato ƒe geɖe ƒe nuwɔwɔkpɔ me hafi ake ɖe nusi gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ tsona ŋu o. Wonɔ dzidzɔ me tso wo wɔɣi ke. Ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu kple wo ɖokui bɔbɔ ɖe ete na wokpɔ dzidzɔ.
Gake esi wonya gbe toɖoɖo Mawu ko la, dzidzɔkpɔkpɔ ma bu ɖe wo. Esi Adam kple Xawa dze aglã la, wotso woƒe gbɔgbɔmeƒomedodo si le wo kple Yehowa dome la me. Womeganye Mawu xɔlɔ̃wo o. (Mose I, 3:17-19) Ewɔ abe tso gbesigbe wonyã wo le abɔa me ko la, Yehowa megaƒoa nu kple wo o ene. Wobu woƒe blibodede, agbe mavɔ nɔnɔ mɔkpɔkpɔ, kple woƒe aƒe si nye abɔ la. (Mose I, 3:23) Gake vevietɔ la, esi wo kple Mawu dome ƒomedodoa me gblẽ la, wobu nusi gbɔ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona.
Tiatiawɔwɔ Ŋutete si Le Mía Si
Hafi Adam kple Xawa naku la, wotsɔ amegbetɔ ƒe nɔnɔme siwo le wo si, dzitsinya si wode wo me, kple gbɔgbɔmemenyenye ƒe ŋutete na woƒe dzidzimeviwo. Amegbetɔƒomea mebɔbɔ ɖe anyi zu abe lãwo ene o. Woate ŋu alé avu le mía kple Wɔla la dome. (Korintotɔwo II, 5:18) Ŋutete gakpɔtɔ le amegbetɔwo, amesiwo nye nuwɔwɔ siwo si nunya le, si be woatia be yewoaɖo to Mawu loo alo yewomaɖo toe o. Esia ƒe kpɔɖeŋu dze le ƒe alafa geɖe megbe esi Yehowa tsɔe ɖo ŋkume na Israel-dukɔ si woɖo anyi yeyee be woatia agbe alo ku. Mawu gblɔ to eƒe nyanuɖela Mose dzi be: “Metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e ɖo ŋkuwò me egbe.”—Mose V, 30:15-18.
Fifia gɔ̃ hã, ƒe akpe geɖe le Paradiso gbãtɔ ƒe bubu megbe la, mí amegbetɔwo míagate ŋu awɔ tiatia nyuitɔ. Dzitsinya si wɔa dɔ le mía si tsɔ kpe ɖe ŋutete si nye be míawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi ŋu. Biblia ƒo nu tso ‘amesi míenye le ememe’ kple amesi míenye ‘le mía ɖokui me’ ŋu. (Korintotɔwo II, 4:16; Romatɔwo 7:22) Nyagbɔgblɔ siawo ku ɖe ŋutete si wotsɔ dzi míi si le mí katã mía si be míaɖe Mawu ƒe amenyenye afia, be míabu tame abe eyama ene, be míanye gbɔgbɔmemewo ŋu.
Apostolo Paulo ŋlɔ le agbenyuinɔnɔ ƒe ŋutete kple dzitsinya si le mía si ŋu be: “Ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã.”—Romatɔwo 2:14, 15.
Mawumenunya Kple Toɖoɖo —Dɔwɔnu Veviawo
Gake ame aɖe abia be, ‘Ne le dzɔdzɔme nu mí katã míedina be míade ta agu na Mawu, eye esia wɔwɔ hea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ ɖe, ke nukatae dzidzɔmakpɔmakpɔ bɔ alea gbegbe?’ Nusitae nye be ele be mía dometɔ ɖesiaɖe natsi le gbɔgbɔ me hafi akpɔ dzidzɔ. Togbɔ be Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ amegbetɔ ɖo gbã hã la, eva ɖe eɖokui ɖa tso Ewɔla gbɔ. (Efesotɔwo 4:17, 18) Eyata ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ afɔɖeɖe veviwo be yeana gbɔgbɔmeƒomedodo naɖo ye kple Mawu dome eye ƒomedodo ma nanɔ anyi. Ƒomedodo sia mevana le eɖokui si o.
Yesu gblɔ gɔmeɖose vevi eve siwo akpe ɖe ame ŋu le tsitsi le gbɔgbɔ me gome. Ðekae nye be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ame si, eye eveliae nye be woatsɔ toɖoɖo abɔbɔ ame ɖokui ɖe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ te. (Yohanes 17:3) Yesu yɔ nya tso Mawu ƒe Nya me be: “Woŋlɔ ɖi bena, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’ ” (Mateo 4:4) Yesu gagblɔ ɣebubuɣi be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe [lɔlɔ̃nu], eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Mehiã be míatsɔ ƒe gbogbo aɖe anɔ nuwo wɔm kpɔ le dzidzɔkpɔkpɔ didi me o. Menye nuwo dodo kpɔe ana míakpɔ dzidzɔ o. Ke boŋ mawumenunya kple toɖoɖo mía Wɔla la koe ate ŋu akplɔ mí ayi dzidzɔ vavãtɔ kpɔkpɔ le agbe me gbɔe.—Psalmo 19:8, 9; Nyagblɔla 12:13.
Eme kɔ ƒã be dzidzɔkpɔkpɔ si tsoa mawumenunya ŋudɔwɔwɔ kple tenɔnɔ nyui ƒe amesinɔnɔ le Mawu ŋkume gbɔ menye nusi gbɔ míate ŋu aɖo o. (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze li amesiame ate ŋu akpɔ. Biblia, agbalẽ si wota ɖekaɖeka biliɔn geɖe ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖe me, gakpɔtɔ nye agbalẽ si bɔ ɖe xexeame wu bubu ɖesiaɖe. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàzu Mawu xɔlɔ̃ eye nàkpɔ dzidzɔ akuakua, elabena Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be “[dzidzɔtɔwoe nye, NW] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!”—Psalmo 144:15.
[Aɖaka si le axa 6]
Afɔɖeɖe Siwo Kplɔa Ame Yia Dzidzɔkpɔkpɔ Mee
1. Bu gbɔgbɔmemenyenye nu vevii eye nàtui ɖo. Yesu gblɔ be, ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm!’—Luka 11:28.
2. De dzesii be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ xɔ asi wu kesinɔnuwo alo agbeɖunuwo. Paulo ŋlɔ be: “Mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. . . . Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:6-8.
3. Dze agbagba nàtsɔ Biblia amlã wò dzitsinyae eye nàwɔ nu wòasɔ ɖe eƒe mɔfiafia nu.—Romatɔwo 2:14, 15.
4. Ðoe kplikpaa be nàɖo to Yehowa Mawu, esi ana nàdze azu eƒe amewo dome ɖeka. Dawid si nɔ anyi le blema ŋlɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!’—Psalmo 144:15.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
“Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.”—Mateo 5:3, “NW”