INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/1 axa 29-31
  • Nyatoƒoetoto ɖesiaɖee menyo oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyatoƒoetoto ɖesiaɖee menyo oa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Wògblẽna le Ame Ŋutɔ Kple Ame Bubuwo Ŋu
  • Nyatoƒoetoto Ðesiaɖee Gblẽa?
  • Kristo-Hamea
  • Gblɔe Na Amesiwo Dze Akpɔ Egbɔ
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Asa Na Liʋiliʋĩlilĩ?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • ‘Miganɔ Liʋiliʋi Lim O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/1 axa 29-31

Nyatoƒoetoto ɖesiaɖee menyo oa?

Dzikudonamenu kawoe gavena wu esiwo ŋu màte ŋu ato nyatoƒoe le o?—Marquis De Custine, ƒe 1790-1857.

DƆWƆHATI aɖe tsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu nɛ ƒe eve sɔŋ. Esi wògbe la, wova nɔ edzum eye womegadoa nu eŋu o. Alesi nyaa tsi eƒe dzi dzi vevie la nɔ nu gblẽm le eƒe lãmesẽ ŋu, gake nukae wòate ŋu awɔ? Nenema ke wonyã sukuvi aɖe si xɔa gbã le eƒe klass le esi eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòakpɔ gome le avuwɔwɔsɔsrɔ̃ si wowɔna le sukua me o ta. Wo ame evea siaa kpɔe be womewɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie o, gake ɖe wòle be woana nutsotsoa? Ne wona nutsotsoa la, ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be yewoavoa alo ɖe wòagblẽ nyaa ɖe edzi boŋ?

Nutsotso siawo tɔgbe kple bubuwo bɔ egbea, le esi míele ame madeblibowo dome le xexe manyomanyo me ta. Wotoa nyatoƒoe vovovowo tsɔ ɖea dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe nane ŋu, nuxaxa, vevesese, alo dzikudodo le nɔnɔme aɖe me fiana eye ete ŋu nyea nya tsɔtsɔ ɖe ame ŋu hã. Ame akpa gãtɔ melɔ̃a nyatoƒoetoto kple nya tsɔtsɔ tu ame o; ke hã ɖe wòle be woazi kpi ɣesiaɣia? Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu?

Nusi Wògblẽna le Ame Ŋutɔ Kple Ame Bubuwo Ŋu

Ðikeke aɖeke mele eme o be nyatoƒoetoto ɣesiaɣi gblẽa nu le ame ŋu, eye Biblia meda asi ɖe edzi o. Nyatoƒoetola agblẽ nu le eɖokui ŋu le ŋutilã me kple le gbɔgbɔ me eye wòaɖe fu na amesiwo ŋu wòto nyatoƒoe le. Biblia me lododo aɖe he susu yi srɔ̃nyɔnu nyatoƒoetola dzi hegblɔ be: “Betrɔ, si nɔa ɖuɖu dzi ɖaa, ne tsi gã le dzadzam la, kple nyɔnu nyawɔla wosɔ.” (Lododowo 27:15) Vevietɔ nyatoƒoetoto ɖe Yehowa alo eƒe mɔnuɖoɖo aɖe ŋu dze na fɔbubu. Esime Israel-dukɔa to nyatoƒoe le mana si wona wo nukutɔe le woƒe ƒe 40 ƒe mɔzɔzɔ le gbedzi me, heyɔe be enye “nuɖuɖu vlo” la, Yehowa dɔ da siwo nu aɖi le ɖo ɖe wo tsɔ he to na nyatoƒoetola mabuame mawo, eye ame geɖe ku.—Mose IV, 21:5, 6.

Tsɔ kpe ɖe ŋu la, Yesu ɖo aɖaŋu na eyomedzelawo be womegato nyatoƒoe le “ati fefee” si nye vodada sue siwo míekpɔna le mía nɔvi amegbetɔ ŋu la ŋu o ke boŋ be míalé ŋku ɖe “atikpo” si lolo wu si nye mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo boŋ ŋu. (Mateo 7:1-5) Nenema ke Paulo ƒo nu tsi tre ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubu (si nye nyatoƒoetoto ƒomevi aɖe) ŋu be ‘taflatsedodo aɖeke mele eŋu o zi alesi wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.’ Ele be nyatoƒoetoto ŋuti nuxlɔ̃ame siawo naʋã mí míatsri ɖeklemiɖeɖe madzemadzee kple nyatoƒoetoto ƒe nɔnɔme.—Romatɔwo 2:1.

Nyatoƒoetoto Ðesiaɖee Gblẽa?

Ekema ɖe wòle be míaƒo nya ta be nyatoƒoetoto ɖesiaɖe menyo oa? Ao, mele be míaƒo nya ta nenema o. Biblia ɖee fia be numadzɔmadzɔwɔwɔ geɖe le xexe manyomanyo si me míele la me siwo wòle be woaɖɔ ɖo. Yesu ƒo nu tso ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ aɖe si drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ahosi aɖe si wote ɖe anyi ale be nyɔnua ‘nagava de fe ŋku me na ye o’ ŋu le kpɔɖeŋu aɖe me. (Luka 18:1-8) Le go aɖewo me la, ɖewohĩ ahiã be míawo hã míayi edzi anɔ míaƒe nutsotsoawo nam vaseɖe esime woaɖɔ nu gbegblẽawo ɖo.

Esi Yesu de dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava la, ɖe menye eƒomee wòle ɖe mía nu be míakpɔe be gbegblẽƒewo le fifi xexeame ŋu eye be ‘míagblɔe’ na Mawu wòakpɔ egbɔ oa? (Mateo 6:10) Esime Yehowa se ‘nutsotso si wona’ le blemadu siwo nye Sodom kple Gomora ŋu la, edɔ eƒe dɔlawo be ‘woava kpɔ bena, nya siwo katã sem yele le wo ŋuti la le eme loo alo mele eme o,’ ne yeakpɔ egbɔ. (Mose I, 18:20, 21) Emegbe Yehowa ɖɔ nɔnɔmea ɖo esi wòtsrɔ̃ du eveawo kple wo me nɔla agbegbegblẽnɔlaawo eye wòhe gbɔdzɔe vɛ na amesiwo to nyaa wòse.

Kristo-Hamea

Ðe wòle be nɔnɔmea nato vovo le nɔviwo dome le Kristo-hamea mea? Togbɔ be ŋutsu kple nyɔnu madeblibowoe Kristotɔwo nye hã la, wodzea agbagba vevie be yewoasubɔ Mawu le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. Ke hã nɔnɔmewo ado mo ɖa le wo dome si ana woato nyatoƒoe vie eye wòahiã be woakpɔ wo gbɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nɔnɔme aɖe do mo ɖa le amesiaminawo ƒe hamea me le Pentekoste-ŋkekea megbe kpuie. Ame yeye siwo va zu Kristotɔwo la dometɔ geɖe tsi Yerusalem be yewoaxɔ mɔfiafia kple dzideƒo geɖe. Wonɔ nuɖuɖu si nɔ anyi la mãm na wo. Gake “liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome ɖe Hebritɔwo ŋu, elabena [wogblẽa] woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.” Le esi teƒe be apostoloawo nabu fɔ nyatoƒoetola siawo be wonye gedilawo la, wowɔ afɔɖeɖe tsɔ ɖɔ nɔnɔmea ɖoe. Ẽ, amesiwo nye dzikpɔlawo le hamea me atsɔ ɖokuibɔbɔ ase nutsotso siwo sɔ siwo woawɔ le bubu kple nɔnɔme nyuitɔ me ahawɔ dɔ tso wo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 6:1-6; Petro I, 5:3.

Gblɔe Na Amesiwo Dze Akpɔ Egbɔ

Ðe nède dzesii le kpɔɖeŋu siwo míegblɔ va yi me be ele be woawɔ nutsotsowo le nɔnɔme nyui me eye woagblɔe na amesiwo dze akpɔ wo gbɔa? Le kpɔɖeŋu me, maɖe vi aɖeke be woato nyatoƒoe na kpovitɔ le alesi adzɔ gã aɖe xexe le sesẽm na amee alo be ame aɖe nagblɔ eƒe dɔlényawo na ʋɔnudrɔ̃la o. Eyata masɔ hã be nàwɔ nutsotso le nɔnɔme aɖe ŋu, eɖanye le hamea me loo alo egodo, na amesi si ŋusẽ alo ŋutete aɖeke mele wòatsɔ akpɔ egbɔe o.

Egbea le dukɔ akpa gãtɔ me la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple nyagbɔkpɔƒe nyui bubu li si woate ŋu atsɔ nya ayi kple susu be woakpɔ gbɔdzɔe vie. Esi sukuvi si míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze tsɔ eƒe nya yi ʋɔnudrɔ̃ƒe la, ʋɔnudrɔ̃laawo tso nya me be etɔ dzɔ, eye wogaxɔe ɖe sukua me heɖe kuku nɛ. Nenema ke nyɔnu dɔwɔla si wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na hã kpɔ gbɔdzɔe to nyɔnu dɔwɔlawo ƒe ha aɖe dzi. Sukua ƒe tatɔwo do taflatse nɛ. Eƒe dɔtɔwo wɔ afɔɖeɖe tsɔ tsi gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na amee nu.

Gake mele be míakpɔ mɔ be nu ɖeka ma ke ado tso nyatoƒoetoto ɖesiaɖe me o. Nunyala Fia Salomo lé ŋku ɖe nya la ŋu gblɔe tututu be: “Womate ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o.” (Nyagblɔla 1:15) Anyo be míakpɔe adze sii be ele be míaɖe asi le nya aɖewo ŋu be Mawu nakpɔ wo gbɔ le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Hamemegãwo ɖoa to sea nutsotso siwo sɔ hetsona ɖe wo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe