Kristmas Xexeme Ŋkekenyui alo Mawusubɔlawo ƒe Ŋkeke Kɔkɔe Yea?
WOYƆNƐ be Kristmas Tɔgbui le China. Woyɔnɛ be Papa Kristmas le United Kingdom. Amesiwo le Russia yɔnɛ be Tɔgbui Tsikpewɔ eye wotsɔ ŋkɔ nɛ le United States be Santa Claus.
Ame geɖe bua ŋutsu xoxo kpɔdzidzɔ sia si si ƒodo gã kple ge ɣi wuya le la be eyae tsi tre ɖi na Kristmas. Gake ame geɖe nya hã be Santa Claus nye glimeme, eye eŋuti nyawo nye nyakpakpa siwo wotu ɖe xotutu aɖewo siwo ku ɖe ƒe alafa enelia me bisiɔp aɖe si tso Mira (si le egbegbe Turkey) ŋu la dzi.
Tso gbaɖegbe kee dekɔnuwo kple xotutuwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe azãɖuɖuwo dzi, eye Kristmas meto le eme o. Santa ŋuti glitotoa nye xotutuawo dometɔ ɖeka si do ƒome kple ŋkekenyui nyanyɛ aɖe. Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be nyadzɔdzɔ aɖewo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me dzie wotu Kristmas kɔnu aɖewo ɖo hã la, le nyateƒe me la, kɔnu siawo dometɔ akpa gãtɔ dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me.
Kpɔɖeŋu bubue nye Kristmas-ti la. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Le Europatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzimetɔtrɔ yi Kristotɔnyenye me vɔ la, atisubɔsubɔ si bɔ ɖe wo dome la tsi anyi esi wogawɔa Scandinaviatɔwo ƒe dekɔnu si me wotsɔa ati maluxewo ɖoa atsyɔ̃ na aƒe kple avawo le Ƒe Yeye dzi be woatsɔ anyã abosam eye wotua ati na xewo le Kristmas ŋɔli me.”
Ati si woyɔna be holly alo ati maluxe bubuwo tsɔtsɔ wɔ seƒoƒotsihee nye Kristmas kɔnu nyanyɛ aɖe. Trɔ̃subɔsubɔ me koŋue esia hã dzɔ tso. Blema Romatɔwo zãa holly ƒe alɔwo tsɔ ɖoa atsyɔ̃ na mawuxɔwo le Saturnalia, si nye ŋkeke adre ƒe azã si woɖuna le vuvɔŋɔli ƒe domedome na Saturn si nye agblededemawu la ɖuɣi. Wonya trɔ̃subɔlawo ƒe azã sia be aglotutu kple agbeblibanɔɣi koŋue wònyena.
Kristmas nuwɔna si nye nugbugbɔ na ame le logblati (si dze le afisia) ƒe alɔ te aho lɔlɔ̃ ɖe ame aɖewo me ya, gake Titinaɣeyiɣiwo me nuwɔna dzie wòhea susu yinae. Blema Britain ƒe Druidwo xɔ se be akunyawɔwɔ ŋusẽ le logblati me; eyata wozãnɛ tsɔ kpɔa ame ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo, gbesawo, kple fiƒode bubuwo mee. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, aʋatsodzixɔse va nɔ amewo me be nugbugbɔ na ame le logblati te ana woazu srɔ̃tɔwo. Nuwɔna sia gabɔ le ame aɖewo dome kokoko le Kristmas ŋɔli.
Egbegbe Kristmas kɔnu siawo nye wo dometɔ ʋee aɖewo siwo dzi trɔ̃subɔsubɔ nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖo alo wodzɔ tso wo me tẽ. Gake ɖewohĩ àbia be aleke wɔ hafi nusiawo katã va yi alea hã. Aleke wɔ hafi ŋkekenyui si wobe wotsɔ dea bubu Kristo ŋu la va tsaka kple kɔnu siwo menye Kristotɔwo tɔ o alea? Vevitɔe wu la, aleke Mawu bua nya lae?
[Picture Credit Lines on page 2]
Axa 3: Santa Claus: Thomas Nast/Dover Publications, Inc., 1978; logblati si le axa 3 kple nutata si le axa 4: Discovering Christmas Customs and Folklore si Margaret Baker ŋlɔ, eye Shire Publications ta, ƒe 1994